Ta Wuiatɔ̃lia
Fia Siwo Dome Adikã Le La Ðo Ƒe Alafa 20 Lia Me
1. Amekawoe ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be wonɔ ŋgɔ le Europa le ƒe alafa 19 lia me?
ŊUTINYAŊLƆLA Norman Davies ŋlɔ bena: “Ŋusẽ ɖo Europa ŋu le ƒe alafa wuiasiekelia me wògbɔ nusianu si wonya ŋu sasasã.” Egagblɔ be: “Ŋusẽ nɔ Europa ŋu wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe: le mɔ̃ɖaŋuŋusẽ, ganyaŋusẽ, hehenanaŋusẽ, kple ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe anyigbagãwo dzi me.” Davies gblɔ be dukɔ siwo si ŋusẽ nɔ wu le “ ‘ƒe alafa’ si Europa kpɔ ‘ŋusẽ gã’ mee nye, gbã, Great Britain . . . eye Germany kplɔe ɖo le ƒe bla nanewo megbe.”
‘WOÐO TAME ÐE GBEGBLẼ ŊU’
2. Esi ƒe alafa 19 lia nɔ enu wum la, fiaɖuƒe kawoe zu “dziehefia” kple “anyiehefia”?
2 Esi ƒe alafa 19 lia gogo eƒe nuwuwu la, Germany Fiaɖuƒeae nye “dziehefia” eye Britain va zu “anyiehefia.” (Daniel 11:14, 15) Yehowa ƒe dɔla la gblɔ be: “Fia eveawo aɖo ta me ɖe gbegblẽ ŋu, eye woagblɔ alakpanya le kplɔ̃ ɖeka ŋu.” Eyi edzi be: “Ke madze edzi na wo o, elabena ɣeyiɣi woɖo na nuwuwu la.”—Daniel 11:27.
3, 4. (a) Amekae va zu Germany Fiaɖuƒea ƒe fiagã gbãtɔ, eye nubabla kae wòwɔ? (b) Ðoɖo ka dzie Fiagã Wilhelm wɔ ɖo?
3 Le January 18, 1871, dzi la, Wilhelm va zu Germany Fiaɖuƒea ƒe fiagã gbãtɔ. Eɖo Otto von Bismarck wòzu dɔdzikpɔlagã. Esi Bismarck ƒe susu nɔ fiaɖuƒe yeyea ƒe ŋgɔyiyi kpɔkpɔ ŋu ta la, eƒo asa na aʋawɔwɔ kple dukɔ bubuwo eye ewɔ ɖekawɔwɔ ƒe nubabla kple Austria-Hungary kpakple Italy si woyɔ be Nubabla Etɔ̃ Ƒokpli. Gake eteƒe medidi o dziehefia yeye sia ƒe didiwo va tsi tre ɖe anyiehefia tɔ ŋu.
4 Esi Wilhelm I kple edomenyila Frederick III ku le ƒe 1888 me la, Wilhelm II si xɔ ƒe 29 la va nɔ fiazikpuia dzi. Wilhelm II, alo Kaiser Wilhelm, zi Bismarck dzi wòɖe asi le dɔ ŋu eye wòlé fɔ ɖe ɖoɖo aɖe wɔwɔ ŋu be wòatsɔ akeke Germany ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖe enu wòaɖo xexeame katã. Ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be: “Le Wilhelm II ƒe dziɖuɖu te la, [Germany] va zu dadala si ɖoa tɔ ɖe nu dzi.”
5. Aleke fia eveawo nɔ “kplɔ̃ ɖeka” ŋui, eye nya kae wogblɔ le afima?
5 Esime Russia Fiagã Nicholas II wɔ ɖoɖo ɖe ŋutifafatakpekpe aɖe wɔwɔ ŋu le Hague, Netherlands, le August 24, 1898, dzi la, masɔmasɔ nɔ dukɔwo dome. Woɖo Nyametsotso ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe si Li Ðaa anyi le Hague le takpekpe sia kple esi kplɔe ɖo le ƒe 1907 me la me. Esi Germany Fiaɖuƒea kple Great Britain va zu ʋɔnudrɔ̃ƒe sia me nɔlawo la, ena wòdze abe ŋutifafa dimee wole ene. Wonɔ “kplɔ̃ ɖeka ŋu” hewɔ nu abe ɖe wonye xɔlɔ̃wo ene, gake ‘woɖo tame ɖe gbegblẽ ŋu.’ Nyagbɔkpɔmɔnu si nye ‘alakpanyawo gbɔgblɔ le kplɔ̃ ɖeka ŋu’ mete ŋu he ŋutifafa ŋutɔŋutɔ vɛ o. Fia eve siawo ƒe didi be yewoaxɔ ŋkɔ le dunyahehe, asitsatsa, kple asrafonyawo me ‘madze edzi o’ elabena Yehowa Mawu ‘ɖo ɣeyiɣi’ na woƒe nuwuwu.
‘ETRƆ TAME ÐE NUBABLA KƆKƆE LA ŊU’
6, 7. (a) Mɔ ka nue dziehefia ‘atrɔ ayi eƒe anyigba dzi’ le? (b) Aleke anyiehefia wɔ nu ɖe dziehefia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si nɔ ta kekem la ŋui?
6 Mawudɔla la gblɔ yi edzi be: “[Dziehefia] atsɔ kesinɔnu geɖe atrɔ yi eƒe anyigba dzi; atsɔ eƒe tame aɖo nubabla kɔkɔe la ŋu, eye ne ewɔe [wòdze dzi nɛ, NW ] vɔ la, atrɔ yi eƒe anyigba dzi.”—Daniel 11:28.
7 Kaiser Wilhelm trɔ yi blema dziehefia ƒe “anyigba” dzi, alo anyigba dzi ƒe nɔnɔme me. Le mɔ ka nu? To fiagãdziɖuɖu si wòɖo be wòatsɔ akeke Germany Fiaɖuƒea ɖe enu be eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nade teƒe geɖe la dzi. Wilhelm II ƒe taɖodzinue nye be yeaɖo dutadziɖuƒewo ɖe Afrika kple teƒe bubuwo. Esi wòdi be yeaʋli ŋusẽ kple Britain le ƒu dzi ta la, edze ƒudzisrafowo kple aʋawɔnu sesẽwo ɖoɖo anyi gɔme. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Germany ƒe ƒudzisrafoŋusẽ si meɖi naneke tsã o la va kpɔ ŋusẽ de Britain tɔ nu kloe le ƒe ewo kple edzivɔ ko me.” Esi Britain di be ŋusẽ nakpɔtɔ anɔ ye si wu ta la, eva keke eƒe ƒudziʋawɔɖoɖowo ɖe enu. Britain wɔ dɔwɔɖoɖo (xɔlɔ̃wo ƒe nugɔmesese ƒe ɖoɖo) kple France hã eye wògawɔ ɖoɖo ma tɔgbe kple Russia, wòva zu Ðoɖo Etɔ̃ Ƒokpli. Azɔ Europa va mã ɖe asrafoŋusẽ eve dzi—Nubabla Etɔ̃ Ƒokplia le akpa ɖeka eye Ðoɖo Etɔ̃ Ƒokplia hã le akpa bubu.
8. Aleke “kesinɔnu geɖe” va nɔ Germany Fiaɖuƒea sii?
8 Tɔɖoɖoɖenudzi ƒe ɖoɖo aɖe nɔ Germany Fiaɖuƒea si, eye esia na Germany kpɔ “kesinɔnu geɖe” elabena eyae kpɔ ŋusẽ wu le Nubabla Etɔ̃ Ƒokplia me. Roma Katolikoha xɔ aƒe ɖe Austria-Hungary kple Italy. Eyata papa hã de Nubabla Etɔ̃ Ƒokplia dzi, gake mede anyiehefia kple eƒe Ðoɖo Etɔ̃ Ƒokpli si me tɔ akpa gãtɔ menye Katolikotɔwo o la dzi o.
9. Aleke dziehefia ƒe dzi ‘tsi tre ɖe nubabla kɔkɔe’ la ŋui?
9 Ke Yehowa ƒe amewo ya ɖe? Wonɔ gbeƒã ɖemee xoxoxo be ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi’ la awu enu le ƒe 1914 me.a (Luka 21:24) Le ƒe ma me la, woɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Fia Dawid Domenyila, Yesu Kristo, si me la anyi le dziƒo. (Samuel II, 7:12-16; Luka 22:28, 29) Le keke March 1880 me ke la, Gbetakpɔxɔ magazine ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu ŋu tsɔ ku ɖe ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi,’ alo “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi” la ŋu. Gake dziehefia si tso Germany la ƒe dzi ‘tsi tre ɖe Fiaɖuƒe nubabla kɔkɔe’ la ŋu. Le esi teƒe be Fiagã Wilhelm nalɔ̃ ɖe Fiaɖuƒedziɖuɖua dzi la, ewɔ nu ‘wòdze edzi nɛ’ le eƒe ɖoɖo siwo ana wòaɖu xexeame dzi dodo ɖe ŋgɔ me. Gake eto esia wɔwɔ me he nusi na wowɔ Xexemeʋa I vɛ.
‘DZI ÐE LE’ FIA LA ‘ƑO’ LE AƲA AÐE ME
10, 11. Aleke Xexemeʋa I dze egɔmee, eye aleke esia va eme le “ɣeyiɣi, si woɖo dzi”?
10 Mawudɔla la gblɔ ɖi be: “Le ɣeyiɣi, si woɖo dzi la, [dziehefia] agava ƒo ɖe [anyiehe-nyigba] dzi, ke zi evelia manɔ abe zi gbãtɔ ene o.” (Daniel 11:29) Mawu ƒe ‘ɣeyiɣi ɖoɖi’ si wòatsɔ ahe Trɔ̃subɔlawo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe anyigba dzi va nuwuwui la ɖo le ƒe 1914 me esime wòɖo Dziƒofiaɖuƒea anyi. Le June 28 dzi le ƒe ma me la, Serbtɔ ŋɔdzinuwɔla aɖe wu Austriatɔ Fiavi Francis Ferdinand kple srɔ̃a le Sarajevo, Bosnia. Nusiae na Xexemeʋa I dze egɔme.
11 Fiagã Wilhelm de dzi ƒo na Austria-Hungary be wòabia hlɔ̃ Serbia. Esi Germany na Austria-Hungary ka ɖe edzi be yele megbe nɛ ta la, woɖe gbeƒãe le July 28, 1914, dzi be yewoawɔ aʋa kple Serbia. Gake Russia va kpe ɖe Serbia ŋu. Esime Germany ɖe gbeƒãe be yeawɔ aʋa kple Russia la, France (si le Ðoɖo Etɔ̃ Ƒokplia me) va nɔ megbe na Russia. Germany ɖe gbeƒãe be yeawɔ aʋa kple France hã. Be wòanɔ bɔbɔe wu na Germany be wòage ɖe Paris ta la, edze Belgium dzi, togbɔ be Britain lɔ̃ ɖe edzi be mede nu aʋaa me o hã. Eyata Britain ɖe gbeƒãe be yeawɔ aʋa kple Germany. Dukɔ bubuwo hã va ge ɖe nyaa me, eye Italy de akpa ɖeka dzi gbã gake egava de akpa bubu dzi emegbe. Le aʋaa wɔɣi la, Britain na Egipte va nɔ eƒe takpɔkpɔ te be wòatsɔ axe mɔ na dziehefia be magava xe Suez Tsitoƒea eye wòava dze Egipte si nye anyiehefia ƒe anyigba le blema la dzi o.
12. Le xexemeʋa gbãtɔ me la, mɔ ka nue nuwo ‘menɔ abe tsã ene o’?
12 The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Togbɔ be Dukɔ Wɔɖekaawo ƒe aʋakɔwo lolo hesesẽ hã, edze abe Germany ye aɖu aʋaa dzi ene.” Roma Fiaɖuƒe, si nye dziehefia, lae ɖua aʋa siwo fia eveawo wɔna dzi ɣesiaɣi. Gake fifia ya ‘nuwo manɔ abe alesi wònɔ tsã ene o.’ Woɖu dziehefia dzi le aʋaa me. Mawudɔla la ɖe nusita wòdzɔ nenema me be: “Elabena Kititɔwo ƒe ʋuwo aho ɖe eŋu, [eye] dzi aɖe le eƒo.” (Daniel 11:30a) Nukae nye “Kititɔwo ƒe ʋuwo”?
13, 14. (a) Nukawo koŋue ‘Kititɔwo ƒe ʋu’ siwo ho ɖe dziehefia ŋu la nye? (b) Aleke Kititɔwo ƒe ʋu geɖe vae esime xexemeʋa gbãtɔ nɔ edzi yim?
13 Le Daniel ƒe ɣeyiɣia me la, Kipro ye nye Kiti. Le xexemeʋa gbãtɔ ƒe gɔmedzedze la, Britain xɔ Kipro kpe ɖe eƒe dziɖuƒe ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, The Zondervan Pictorial Encyclopedia of the Bible gblɔ be ŋkɔ Kiti “va nye ŋkɔ si woyɔna na Ɣetoɖoƒe katã, gake vevietɔ Ɣetoɖoƒe ƒe ƒutanyigbawo.” New International Version ɖe nyagbɔgblɔ “Kititɔwo ƒe ʋuwo” gɔme be “ɣetoɖoƒe ƒutanyigbawo ƒe ʋuwo.” Le xexemeʋa gbãtɔ wɔɣi la, Britain si le Europa ƒe ɣetoɖoƒeƒuta ƒe ƒudziʋuwo koŋue va nye Kititɔwo ƒe ʋuwo.
14 Esi aʋaa nɔ edzi yim la, Kititɔwo ƒe ʋu geɖe do ŋusẽ Britain Ƒudzisrafowo. Le May 7, 1915, dzi la, Germanytɔwo ƒe ƒugɔmeʋu U-20 nyrɔ meli si menye asrafowo tɔ o si woyɔna be Lusitania le Ireland ƒe anyieheƒuta gbɔ. Amerikatɔ 128 nɔ amesiwo ku dome. Emegbe Germany keke eƒe ƒugɔmeʋawɔwɔ ɖe enu wòɖo Atlantik-ƒua dzi. Esia na United States Dukplɔla Woodrow Wilson ɖe gbeƒãe le April 6, 1917, dzi be yeawɔ aʋa kple Germany. Esi United States ƒe aʋawɔʋuwo kple asrafowo na ŋusẽ gaɖo anyiehefia—si va nye Anglo-Amerika Xexemefiaɖuƒe fifia—ŋu ɖe edzi ta la, ekpe aʋa kple fia si nye eƒe futɔ la bliboe.
15. Ɣekaɣie ‘dzi ɖe le’ dziehefia ‘ƒo’?
15 Esi Anglo-Amerika Xexemefiaɖuƒea va dze dziehefia dzi la, ‘dzi ɖe le eƒo’ wòna ta le November 1918 me. Wilhelm II si yi aboyo me le Netherlands, eye Germany va zu dukɔ si dzi dukplɔla ɖuna. Gake dziehefia ƒe dɔwo mevɔ haɖe o.
FIA LA WƆ NU ‘DE GOE’
16. Le nyagblɔɖia nu la, aleke dziehefia awɔ nu ɖe alesi woɖu edzii ŋu?
16 “[Dziehefia atrɔ] ahado dziku ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu, eye wòawɔe ade goe; eye ne etrɔ yi aƒe la, atsɔ ŋku aɖo amesiwo gblẽ nubabla kɔkɔea ɖi la ŋuti.” (Daniel 11:30b) Nenemae mawudɔla la gblɔ ɖi eye nenema wòdzɔe hã.
17. Nukae na Adolf Hitler va kpɔ ŋusẽ?
17 Esi xexemeʋa la wu enu le ƒe 1918 me megbe la, Dukɔ Wɔɖeka siwo ɖu aʋa dzi wɔ ŋutifafanubabla aɖe tsɔ he toe na Germany. Nubablaa na Germanytɔwo xaxa, eye ŋusẽ menɔ dunyahedukɔ yeyea ŋu gbã o. Germany dagba hekpe fu vevie hena ƒe aɖewo eye woto Ganyawo ƒe Sesẽ Gãtɔ si na ame miliɔn ade mekpɔ dɔ wɔ o la me. Kaka ƒe 1930 ƒe ƒeawo naɖo la, nɔnɔmeawo de Adolf Hitler dzi wòva kpɔ ŋusẽ. Eva zu dɔdzikpɔlagã le January 1933 me eye le ƒe si kplɔe ɖo me la, eva zu nusi Nazitɔwo yɔ be Fiaɖuƒe Etɔ̃lia ƒe dukplɔla.b
18. Aleke Hitler ‘wɔ nu de goe’?
18 Esi Hitler va xɔ ŋusẽ teti ko la, eho aʋa vɔ̃ɖi aɖe ɖe “nubabla kɔkɔe” si tsi tre ɖi na Yesu Kristo nɔvi amesiaminawo la ŋu. (Mateo 25:40) Ewɔ nu ɖe Kristotɔ nuteƒewɔla siawo ŋu ‘de goe’ le go sia me esi wòti wo dometɔ geɖe yome ŋutasesẽtɔe. Hitler kpɔ dzidzedze le ganya kple dukɔwo dome nyawo me, eye ewɔ nu ‘de goe’ le go mawo me hã. Le ƒe ʋee aɖewo ko me la, ewɔ Germany wòzu dukɔ si ŋu vɔvɔ̃ le le xexeame.
19. Esi Hitler nɔ kpekpeɖeŋu dim ta la, amekae wòbla nu kplii?
19 Hitler ‘tsɔ ŋku ɖo amesiwo gblẽ nubabla kɔkɔea ɖi la ŋu.’ Amekawoe amesiawo nye? Edze ƒã be woawoe nye Kristodukɔa ƒe kplɔlawo, amesiwo gblɔ be nubabla ƒe ƒomedodo le yewo kple Mawu dome gake womeganye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo o. Hitler te ŋu di kpekpeɖeŋu tso “amesiwo gblẽ nubabla kɔkɔea ɖi” gbɔ dzidzedzetɔe. Le kpɔɖeŋu me, ebla nu kple papa le Rome. Le ƒe 1935 me la, Hitler ɖo Dɔwɔƒe si Kpɔa Sɔlemenyawo Gbɔ anyi. Eƒe taɖodzinuwo dometɔ ɖekae nye be wòana Mawunyagblɔhawo nava nɔ dziɖuɖua ƒe ŋusẽ te.
FIA LA ÐO “AƲAKƆ” ÐA
20. “Aʋakɔ” kawoe dziehefia zã, eye ɖe ameka ŋu?
20 Eteƒe medidi o Hitler ho aʋa, abe alesi mawudɔla la gblɔe ɖi wòsɔ tututu ene be: “Aɖo aʋakɔ ɖa, wòava gblẽ kɔ ɖo na mɔ sesẽ kɔkɔe la, [eye] woatsi gbesiagbe vɔsa nu.” (Daniel 11:31a) “Aʋakɔ” mae nye asrafowo ƒe aʋakɔ siwo dziehefia zã be yeatsɔ awɔ aʋa kple anyiehefia le Xexemeʋa II me. Nazitɔwo ƒe ‘aʋakɔwo’ va dze Poland dzi le September 1, 1939, dzi. Ŋkeke eve megbe la, Britain kple France ɖe gbeƒãe be yewoawɔ aʋa kple Germany atsɔ akpe ɖe Poland ŋui. Aleae Xexemeʋa II dze egɔmee. Wogbã Poland gbã, eye le ema megbe kpuie la, Germany-srafowo xɔ Denmark, Norway, Netherlands, Belgium, Luxembourg, kple France. The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Le ƒe 1941 ƒe nuwuwu la, Nazitɔwo ƒe Germany kpɔ ŋusẽ ɖe anyigbagã ma dzi.”
21. Aleke nɔnɔmea trɔ dze dziehefia dzii le Xexemeʋa II wɔɣi, eye nukae do tso eme?
21 Togbɔ be Germany kple Soviet Union de asi Xɔlɔ̃wɔwɔ, Nuwɔwɔ Aduadu, kple Liƒowo ƒe Nubabla aɖe te hã, Hitler va dze Soviet-nyigba dzi le June 22, 1941, dzi. Nusia na Soviet Union va de Britain dzi. Soviet-ʋakɔa nɔ te sesĩe togbɔ be Germany-srafowo te ŋu kpɔ dzidzedze wɔnukuwo le gɔmedzedzea me hã. Le December 6, 1941, dzi la, woɖu Germany-ʋakɔa dzi ŋutɔŋutɔ le Moscow. Le eƒe ŋufɔke la, Japan si wɔ ɖeka kple Germany la da bɔmb ɖe Pearl Harbor, Hawaii. Esi Hitler se nya sia la, egblɔ na eƒe kpeɖeŋutɔwo be: “Fifia maganya wɔ be woaɖu mía dzi le aʋaa me o.” Le December 11 dzi la, etsi klokloklo ɖe gbeƒãe be yeawɔ aʋa kple United States. Gake ebu Soviet Union kple United States ƒe ŋusẽ nu tsɛe akpa. Esi Soviet-ʋakɔ tso ɖe wo ŋu tso ɣedzeƒe gbɔna eye Britain kple Amerika srafowo hã tso ɣetoɖoƒe le wo gogom ta la, eteƒe medidi o nɔnɔmea trɔ dze Hitler dzi. Wova nɔ anyigbawo xɔm le Germany-srafowo si kabakaba. Esi Hitler wu eɖokui megbe la, Germany na ta Dukɔ Wɔɖekawo le May 7, 1945, dzi.
22. Aleke dziehefia ‘gblẽ kɔ ɖo na mɔ sesẽ kɔkɔe la hetsi gbesiagbe vɔsa nui’?
22 Mawudɔla la gblɔ be: “[Nazi-ʋakɔwo agblẽ] kɔ ɖo na mɔ sesẽ kɔkɔe la, woatsi gbesiagbe vɔsa nu.” Le blema Yuda la, kɔkɔeƒea nɔ Yerusalem-gbedoxɔa me. Gake esi Yudatɔwo gbe Yesu la, Yehowa gbe wo kple woƒe gbedoxɔa. (Mateo 23:37–24:2) Tso ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Yehowa ƒe gbedoxɔ nye gbɔgbɔ me tɔ, eye eƒe kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe le dziƒo eye eƒe gbɔgbɔmexɔxɔnu le anyigba dzi, afisi Yesu, Nunɔlagã la, nɔvi amesiaminawo subɔna le. Tso ƒe 1930 ƒe ƒeawo me la, “ameha gã” la de ta agu kple amesiamina susɔeawo eye le ema ta wogblɔ be wole subɔsubɔm ‘le Mawu ƒe gbedoxɔ me.’ (Nyaɖeɖefia 7:9, 15; 11:1, 2; Hebritɔwo 9:11, 12, 24) Dziehefia do gu gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi le dukɔ siwo dzi wòkpɔ ŋusẽ ɖo me esi wòti amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛwo yome atraɖii. Yometitia nu sẽ ale gbegbe be wotsi “gbesiagbe vɔsa”—Yehowa ƒe ŋkɔ kafukafu ƒe dutoƒovɔsa—nu. (Hebritɔwo 13:15) Gake togbɔ be Kristotɔ amesiamina nuteƒewɔlaawo kpakple ‘alẽ bubuawo’ kpe fu ŋɔdzitɔe hã la, woyi edzi ɖe gbeƒã le Xexemeʋa II wɔɣi.—Yohanes 10:16.
‘WOÐO ŊUNYƆNU LA ANYI’
23. Nukae nye “ŋunyɔnu” la le ƒe alafa gbãtɔ me?
23 Esime xexemeʋa evelia nɔ kekem la, nu bubu aɖe gadzɔ abe alesi tututu Mawu ƒe dɔla la gblɔe ɖi ene. “Woaɖo [aƒedo ƒe ŋunyɔnu la anyi, NW ].” (Daniel 11:31b) Yesu hã ƒo nu tso “ŋunyɔnu” la ŋu. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, eva nye Roma-ʋakɔ si va Yerusalem le ƒe 66 M.Ŋ. va tsi Yudatɔwo ƒe aglãdzedze nu.c—Mateo 24:15; Daniel 9:27.
24, 25. (a) Nukae nye “ŋunyɔnu” la le egbeɣeyiɣiwo me? (b) Ɣekaɣie ‘woɖo ŋunyɔnu la anyi’ eye aleke woɖoe anyii?
24 “Ŋunyɔnu” kae ‘woɖo anyi’ le egbeɣeyiɣiawo me? Edze ƒã be eyae nye alakpa Mawu Fiaɖuƒe ‘nyɔŋu’ aɖe. Esiae nye Dukɔwo ƒe Nubabla, si nye lã wɔadã dzĩ si yi aʋli me, alo xexemeŋutifafa habɔbɔ si meganɔ anyi o esime Xexemeʋa II dze egɔme. (Nyaɖeɖefia 17:8) Gake wogblɔ be ‘lã la ado tso aʋli me.’ Nenemae wòva emee esime woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo si me dukɔ 50 siwo dome Soviet Union hã nɔ la anyi le October 24, 1945, dzi. Aleae woɖo “ŋunyɔnu” si ƒe nya mawudɔla la gblɔ ɖi—si nye Dukɔ Ƒoƒuawo—la anyii.
25 Germany nye anyiehefia ƒe futɔ gãtɔ le xexemeʋa eveawo siaa me eye eyae zu dziehefia. Amekae akplɔe ɖo ava nɔ ɖoƒe ma?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ agbalẽ sia ƒe Ta 6 lia.
b Roma Fiaɖuƒe Kɔkɔe lae nye Fiaɖuƒe gbãtɔ, eye Germany Fiaɖuƒea nye evelia.
c Kpɔ agbalẽ sia ƒe Ta 11 lia.
NUKAWO GƆMEE NÈVA SE?
• Le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu la, fiaɖuƒe kawoe va zu dziehefia kple anyiehefia?
• Aleke nusi do tso aʋa si fia eveawo wɔ me menɔ ‘abe tsã ene’ o na dziehefia?
• Le Xexemeʋa I megbe la, aleke Hitler wɔ Germany wòzu fiaɖuƒe si ɖe dzesi le xexeame?
• Nukae do tso adikã si le dziehefia kple anyiehefia dome la me le Xexemeʋa II me?
[Nyaɖoɖo/Nɔnɔmetata si le axa 268]
FIA SIWO ŊU DANIEL 11:27-31 ƑO NU TSOE
Dziehefia Anyiehefia
Daniel 11:27-30 a Germany Fiaɖuƒe Britain, Anglo-Ame-
(Xexemeʋa I) rika Xexemefiaɖuƒea kplɔe ɖo
Daniel 11:30b, 31 Hitler ƒe Fiaɖuƒe Anglo-Amerika
Etɔ̃lia (Xexemeʋa II) Xexemefiaɖuƒe
[Nɔnɔmetata]
Dukplɔla Woodrow Wilson kple Fia George V
[Nɔnɔmetata]
Woti Kristotɔ geɖe yome le fuwɔamesaɖawo me
[Nɔnɔmetata]
Kristodukɔa ƒe kplɔlawo nɔ megbe na Hitler
[Nɔnɔmetata]
Ʋu si me wowu Fiavi Ferdinand le
[Nɔnɔmetata]
Germany-srafowo, Xexemeʋa I
[Nɔnɔmetata si le axa 257]
Britain Dziɖuɖudɔnunɔlagã Winston Churchill, United States Dukplɔla Franklin D. Roosevelt, kple Soviet Dukɔwo ƒe Tatɔ Joseph Stalin lɔ̃ ɖe ɖoɖo aɖe dzi le Yalta le ƒe 1945 me be yewoatsɔ axɔ Germany, aɖo dziɖuɖu yeye ɖe Poland, ahawɔ takpekpe atsɔ aɖo Dukɔ Ƒoƒuawo anyi
[Nɔnɔmetata si le axa 258]
1. Fiavi Ferdinand 2. Germany-ƒudzisrafowo 3. Britain-ƒudzisrafowo 4. Lusitania 5. United States ɖe gbeƒãe be yeaho aʋa
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 263]
Adolf Hitler ka ɖe edzi be yeaɖu aʋa dzi esi Japan si de Germany dzi le aʋaŋɔli la da bɔmb ɖe Pearl Harbor megbe