Ta Adelia
Yehowa Mawu Kpɔ Nublanui na Ame Susɔe Aɖewo
1, 2. Nya kae nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖi le Yuda kple Yerusalem ŋu?
AHOM gã aɖe le tutum ɖo ta nuto aɖe si me amewo sɔ gbɔ ɖo fũ. Ya sesẽ, tsidzadza gã, kple tɔ siwo ɖɔ gbagba kplɔ anyigba la dzi hegbã aƒewo, egblẽ agblemenuwo, eye ame aɖewo tsi eme. Gake eteƒe medidi o ahom la nu tso, eye ɖoɖoe zi le afisiafi. Ɣeyiɣia de na amesiwo tsi agbe be woaɖɔ nuwo ɖo ahagbugbɔ xɔwo atu.
2 Yesaya gblɔ nusia tɔgbe ɖi le Yuda kple Yerusalem ŋu. Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ahom le aƒe tum ŋɔdzitɔe—eye esɔ nenema hã! Dukɔa ɖi fɔ gã aɖe. Fiawo kple ameawo siaa ƒe numadzɔmadzɔwɔwɔ kple ʋukɔkɔɖi xɔ anyigba la dzi. Yehowa to Yesaya dzi klo nu le Yuda ƒe fɔɖiɖi ŋu eye wòxlɔ̃ nu wo be Yeahe Ʋɔnudɔdrɔ̃ ava dukɔ dzeaglã ma dzi. (Yesaya 3:25) Yuda-nyigba azu aƒedo keŋkeŋ le ahom la megbe. Nusia si gbɔna dzɔdzɔ ge anya do nuxaxa na Yesaya.
3. Nyanyui kae le gbedasi si tso gbɔgbɔ me si le Yesaya 4:2-6 la me?
3 Gake nyanyui aɖe li! Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ƒe ahom la nu ava yi, eye ame susɔe aɖewo atsi agbe. Ẽ, Yehowa aɖe nublanuikpɔkpɔ afia le ʋɔnudɔdrɔ̃ Yuda me! Yesaya ƒe gbedasi si tso gbɔgbɔ me si woŋlɔ ɖe Yesaya 4:2-6 ƒo nu tso yayra ƒe ɣeyiɣi sia si ava ŋu. Ele abe alesi ɣe dona le alilikpo dodo megbe ene; meganye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nukpɔkpɔ kple gbeɖiɖi—siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 2:6–4:1—ŋu nya gblɔm wole o; anyigba aɖe si dzi wodzra ɖo wòdze ani nyuie kple edzinɔlawo ŋu nyae.
4. Nukata wòle be míadzro Yesaya ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ame susɔe aɖewo gbugbɔɖoanyi ŋu me?
4 Yesaya ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ame susɔe aɖewo gbugbɔɖoanyi kple dedienɔnɔ si me woava nɔ ŋu la va eme le míaƒe ɣeyiɣia—si nye “ŋkeke mlɔeawo” me hã. (Yesaya 2:2-4) Mina míadzro gbedasi sia si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu la me, elabena menye ɖeko wònye nyagblɔɖi ko o ke efia nu mí hã le Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ kple alesi mía dometɔ ɖesiaɖe míawɔ wòakpɔ nublanui na mí ŋu.
“Yehowa ƒe Atidzedze”
5, 6. (a) Aleke Yesaya ƒo nu tso ŋutifafaɣi si akplɔ tɔtɔɣia ɖo ŋui? (b) Nya “atidzedze” gɔme ɖe, eye nukae wòfia le Yuda-nyigba ŋu?
5 Dzidzɔ dze le Yesaya ƒe nuƒoƒo me esi wòkpɔ ŋutifafaɣi si akplɔ tɔtɔɣi si nɔ ŋgɔ la ɖo. Eŋlɔ bena: “Gbemagbe la Yehowa ƒe atidzedze [Yehowa ƒe ati si dze, “NW” ƒe etenuŋɔŋlɔ] anye atsyɔ̃ kple bubu, eye anyigba ƒe kutsetse anye adegbeƒoƒo, ɖekadzenu na Israel ƒe ame susɔeawo.”—Yesaya 4:2.
6 Gbugbɔɖoanyi ŋue Yesaya le nu ƒom tsoe le afisia. Hebrigbe me ŋkɔnya si gɔme woɖe be “atidzedze” la fia ‘nusi dze, ati si to, kple atilɔ.’ Wozãnɛ ɖe nudzedziname, dzidziɖedzi, kple yayra siwo tso Yehowa gbɔ ŋu. Yesaya zã nya sia tsɔ fia be mɔkpɔkpɔ aɖe li—eyae nye be aƒedo si gbɔna la manɔ anyi ɖaa o. Yehowa ƒe yayra awɔe be Yuda-nyigba si dzi dzidzedzekpɔkpɔ nɔ tsã la nagawɔ nu geɖe.a—Mose III, 26:3-5.
7. Mɔ ka nue Yehowa ƒe atidzedze la “anye atsyɔ̃ kple bubu” le?
7 Yesaya zã nya siwo me kɔ nyuie tsɔ ɖɔ atsyɔ̃ si anɔ tɔtrɔ si le ŋgɔ ŋui. Yehowa ƒe atidzedze anye “atsyɔ̃ kple bubu.” Nya “atsyɔ̃” na míeɖo ŋku alesi Ŋugbedodonyigba la dze anii esime Yehowa tsɔe na Israel-viwo ƒe alafa geɖe do ŋgɔ dzi. Edze ani ale gbegbe be wogblɔ be “anyigba nyuitɔ [“si dze ani wu,” New American Bible] wònye le anyigbawo katã dome.” (Xezekiel 20:6) Yesaya ƒe nyawo na kakaɖedzi ameawo be woagana bubu kple atsyɔ̃ nanɔ Yuda-nyigba ŋu ake abe tsã ene. Le nyateƒe me la, anɔ abe teƒe si ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ƒo bubuawo katã ta le anyigba dzi ene.
8. Amekawoe anɔ anyi ase vivi le anyigba si wogaɖo atsyɔ̃ na abe tsã ene la dzi, eye aleke Yesaya gblɔ alesi woase le wo ɖokui mee?
8 Gake amekawoe anɔ anyi ase vivi le anyigba si wogaɖo atsyɔ̃ na la dzi? Yesaya ŋlɔe bena ‘Israel ƒe ame susɔeawoe.’ Ẽ, ame aɖewo atsi agbe le tsɔtsrɔ̃ ɖigbɔame si wogblɔ ɖi va yi la me. (Yesaya 3:25, 26) Agbetsilawo ƒe ame susɔeawo atrɔ va Yuda eye woakpɔ gome le egbugbɔɖoanyi me. Le amesiawo siwo trɔ gbɔ—“ame susɔeawo”—gome la, alesi woƒe anyigba si wogaɖo te awɔ nui ana woazu “adegbeƒoƒo kple ɖekadzenu.” (Yesaya 4:2, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Nusi ŋu woaƒo adegbe le anɔ amewo si azɔ le aƒedozuzu si wotsɔ bɔbɔ wo ɖe anyi la megbe.
9. (a) Nukae dzɔ le ƒe 537 D.M.Ŋ. me si na Yesaya ƒe nyawo va eme? (b) Nukata míate ŋu agblɔ be ame aɖewo siwo wodzi le aboyo me hã le “ame susɔeawo” dome? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)
9 Abe alesi Yesaya gblɔe ene la, ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ahom la tu le ƒe 607 D.M.Ŋ. me esime Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem eye wowu Israel-vi geɖe. Wo dometɔ aɖewo tsi agbe eye wokplɔ wo yi aboyo me le Babilon, gake ne menye Mawue kpɔ nublanui na wo o la, anye ne ame aɖeke matsi agbe o. (Nexemya 9:31) Mlɔeba la, wogblẽ Yuda ɖi aƒedoe. (Kronika II, 36:17-21) Emegbe le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, Mawu nublanuikpɔla la ɖe mɔ “ame susɔeawo” trɔ yi Yuda be woagava ɖo tadedeagu vavãtɔ anyi.b (Ezra 1:1-4; 2:1) Woƒo nu tso aboyome siawo siwo trɔ gbɔ la ƒe dzimetɔtrɔ vavãtɔ ŋu wònya se le Psalmo 137 lia me, si anɔ eme be aboyomenɔɣia loo alo emegbe kpuie ye woŋlɔe. Esi wova ɖo Yuda la, wodzobo anyigba la hedo nukuwo. Bu alesi woanya se le wo ɖokui me ŋu kpɔ esi wokpɔe be Mawu nɔ woƒe agbagbadzedzewo yram, si na anyigba la wɔ nu abe “Eden-bɔ” dama la ene!—Xezekiel 36:34-36.
10, 11. (a) Mɔ ka nue Biblia Nusrɔ̃viwo va nɔ “Babilon gã” la ƒe aboyo me le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze? (b) Aleke Yehowa yra gbɔgbɔ me Israel-viwo ƒe ame susɔeawoe?
10 Gbugbɔɖoanyi ma tɔgbe aɖe dzɔ le míaƒe ŋkekea me. Le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, Yehowa Ðasefo siwo woyɔna be Biblia Nusrɔ̃viwo ɣemaɣi la va nɔ “Babilon gã,” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la ƒe gbɔgbɔmeboyo me. (Nyaɖeɖefia 17:5) Togbɔ be Biblia Nusrɔ̃viawo gbe alakpasubɔsubɔ nufiafia geɖe hã la, Babilon nukpɔsusu kple nuwɔna aɖewo gaƒo ɖi wo kokoko. Tsitretsiɖeŋu si osɔfowo nɔ megbe na wɔe be wode wo dometɔ aɖewo gaxɔ me ŋutɔŋutɔ. Woƒe gbɔgbɔmenyigba—woƒe mawusubɔsubɔ, alo gbɔgbɔ me nɔƒe—la zu aƒedo.
11 Gake le ƒe 1919 ƒe adame la, Yehowa kpɔ nublanui na gbɔgbɔ me Israel-viwo ƒe ame susɔe siawo. (Galatiatɔwo 6:16) Ekpɔ woƒe dzimetɔtrɔ kple didi si le wo me be yewoade ta agu nɛ le nyateƒe me la dze sii, eyata ena woɖe wo tso gaxɔ kple, vevietɔ, tso gbɔgbɔmeboyomenɔnɔ me. Wogaɖo ‘ame susɔe’ siawo te ɖe woƒe gbɔgbɔmenyigba si Mawu na wo hena wòwɔ nu geɖe la dzi. Nɔnɔme dzroame si hea ame hã va le gbɔgbɔmenyigba sia ŋu si na mawuvɔ̃la miliɔn geɖe bubuwo va wɔ ɖeka kple ame susɔeawo le tadedeagu vavãtɔ me.
12. Aleke Yesaya ƒe nyawo ɖe alesi Yehowa kpɔ nublanui na eƒe amewo fiae?
12 Yesaya ƒe nya siawo ɖe alesi Mawu kpɔ nublanui na eƒe amewoe fia. Togbɔ be Israel-dukɔ bliboa trɔ megbe de Yehowa hã la, ekpɔ nublanui na woƒe ame susɔe siwo trɔ dzime. Efaa akɔ na mí be míanya be amesiwo wɔ nuvɔ̃ gã gɔ̃ hã ate ŋu atsɔ kakaɖedzi atrɔ ɖe Yehowa ŋu. Mele be amesiwo trɔ dzime nabu be Yehowa mate ŋu akpɔ nublanui na yewo o, elabena megbea amesi trɔ dzime o. (Psalmo 51:19) Biblia na kakaɖedzi mí be: “Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi. Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui.” (Psalmo 103:8, 13) Nyateƒee, Mawu nublanuikpɔla siae wòle be míaƒe kafukafu ɖesiaɖe nayi na!
Ame Susɔeawo Va Zu Yehowa ƒe Ame Kɔkɔewo
13. Abe alesi woŋlɔe ɖe Yesaya 4:3 ene la, aleke Yesaya ƒo nu tso ame susɔe siwo Yehowa akpɔ nublanui na ŋui?
13 Wona míenya amesiwo ame susɔe siwo Yehowa akpɔ nublanui na la nye xoxo, gake fifia Yesaya ƒo nu tso wo ŋu tsitotsito wu. Eŋlɔ bena: “Ava me be, woayɔ amesiwo kpɔtɔ ɖe Zion kple amesiwo tsi Yerusalem, amesiame, si ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem la be kɔkɔewo.”—Yesaya 4:3.
14. Amekawoe nye “amesiwo kpɔtɔ” kple “amesiwo tsi [anyi]” la, eye nukata Yehowa akpɔ nublanui na wo?
14 Amekawoe nye “amesiwo kpɔtɔ” kple “amesiwo tsi [anyi]” la? Woawoe nye ame susɔe siwo ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui si do ŋgɔ me—Yudatɔ aboyomenɔla siwo woaɖe mɔ na be woatrɔ ayi Yuda. Fifia Yesaya gblɔ nusita Yehowa akpɔ nublanui na wo—eyae nye be woazu ‘eƒe ame kɔkɔewo.’ Kɔkɔenyenye fia “dzadzɛnyenye alo ɖimaƒomaƒo le mawusubɔsubɔ me; mawusubɔsubɔ ƒe bubu.” Be woanɔ kɔkɔe bia be ame nanɔ dzadzɛ, alo ɖiƒoƒo manɔ eŋu o, le nuƒoƒo kple nuwɔna me, eye be wòaɖo Yehowa ƒe dzidzenu le nusi nyo hesɔ ŋu gbɔ. Ẽ, Yehowa akpɔ nublanui na amesiwo le ‘kɔkɔe nɛ,’ eye aɖe mɔ na wo be woatrɔ ayi “du kɔkɔe” Yerusalem me.—Nexemya 11:1.
15. (a) Nusi Yudatɔwo wɔna ka dzie nyagbɔgblɔ ‘woaŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem’ na míeɖo ŋkui? (b) Nuxlɔ̃amenya vevi kae dze le Yesaya ƒe nyaawo me?
15 Ðe ame susɔe wɔnuteƒe siawo atsi afimaa? Yesaya do ŋugbe be ‘woaŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem.’ Esia na míeɖo ŋku nusi Yudatɔwo wɔna si nye Israel ƒomewo kple towo me tɔwo ƒe ŋkɔ ŋɔŋlɔ ɖi dzi. (Nexemya 7:5) Ne woŋlɔ ame ƒe ŋkɔ ɖe agbalẽ me la, efia be ele agbe elabena ne amea ku la, woɖea eƒe ŋkɔ ɖa le agbalẽa me. Le Biblia ƒe akpa bubuwo la, míexlẽ nu tso kpɔɖeŋu ŋkɔŋɔŋlɔ, alo agbalẽ aɖe si me amesiwo Yehowa ana woakpɔ agbe ƒe ŋkɔwo le ŋu. Gake nanewoe wokpɔna hafi ŋlɔa ame ƒe ŋkɔ ɖe agbalẽ sia me, elabena Yehowa te ŋu ‘tutua’ ŋkɔwo. (Mose II, 32:32, 33; Psalmo 69:29) Eyata nuxlɔ̃amenya vevi aɖe dze le Yesaya ƒe nyaawo me—ne amesiwo trɔ gbɔ la yi edzi nɔ kɔkɔe le Mawu ƒe ŋkume ko hafi woayi edzi anɔ woƒe anyigba si wogbugbɔ ɖo anyi la dzi.
16. (a) Nukae Yehowa di tso amesiwo wòɖe mɔ na be woatrɔ ayi Yuda le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la si? (b) Nukata míate ŋu agblɔ be Yehowa mekpɔ nublanui na amesiamina susɔeawo kple ‘alẽ bubuawo’ dzodzro o?
16 Susu nyui aɖee nɔ ame susɔe siwo trɔ gbɔ va Yerusalem le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la si—eyae nye be woagbugbɔ tadedeagu vavãtɔ aɖo anyi. Amesiwo tsɔ trɔ̃subɔsubɔnuwɔnawo alo nuwɔna makɔmakɔ siwo ŋu Yesaya xlɔ̃ nu le vevie ƒo ɖi wo ɖokui la mekpɔ mɔ atrɔ yi o. (Yesaya 1:15-17) Amesiwo Yehowa buna ame kɔkɔewo koe te ŋu trɔ yi Yuda. (Yesaya 35:8) Nenema ke wòdzɔe be tso esime woɖe amesiamina susɔeawo, siwo ŋu ‘alẽ bubu’ miliɔn geɖe—amesiwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi—va kpe ɖo la tso gbɔgbɔmeboyo me le ƒe 1919 me la, wodze agbagba ɖesiaɖe be yewoanɔ kɔkɔe le Mawu ƒe ŋkume. (Yohanes 10:16) Woɖe asi le Babilontɔwo ƒe nufiafia kple nuwɔnawo ŋu. Wo dometɔ ɖesiaɖe dzea agbagba be yeanɔ agbe ɖe Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo nu. (Petro I, 1:14-16) Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ na wo mezu dzodzro o.
17. Amekawo ƒe ŋkɔwoe Yehowa ŋlɔna ɖe eƒe “agbegbalẽa” me, eye nukae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?
17 Ðo ŋku edzi be Yehowa de dzesi Israel-vi siwo nɔ kɔkɔe eye be ‘eŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe agbagbeawo dome.’ Egbea hã Yehowa kpɔa agbagba siwo míedzena be míanɔ kɔkɔe le susu me kple ŋutilã me esi ‘míetsɔa míaƒe ŋutilãwo wɔa vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dzea Mawu ŋu.’ (Romatɔwo 12:1) Eye Mawu dea dzesi amesiwo katã nɔa agbe alea la ɖe eƒe “agbegbalẽa” me—si nye kpɔɖeŋunuŋlɔɖi si me amesiwo dze na agbe mavɔ nɔnɔ le dziƒo loo alo le anyigba dzi ƒe ŋkɔwo le. (Filipitɔwo 4:3; Maleaxi 3:16) Eyata mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míanɔ kɔkɔe le Mawu ŋkume, elabena esia wɔwɔ dzi ko míate ŋu ato be míaƒe ŋkɔwo nakpɔtɔ anɔ ‘agbalẽ’ xɔasi ma me.—Nyaɖeɖefia 3:5.
Wodo Ŋugbe be Woalé Be na Wo Lɔlɔ̃tɔe
18, 19. Ameŋukɔdɔ kae Yesaya 4:4, 5 gblɔ be Yehowa awɔ, eye aleke wòawɔe?
18 Azɔ Yesaya gblɔ alesi anyigba si wogbugbɔ ɖo anyi la dzi nɔlawo awɔ anɔ kɔkɔe kple alesi woava yra woe. Egblɔ be: “Nenye be, Aƒetɔ la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ya kple dzo ƒe ya klɔ Zion-nyɔnuwo ƒe ɖiƒoƒo, eye wòkpala Yerusalem ƒe ʋu ɖa le wo dome. Eye Yehowa aɖo alilikpo kple dzudzɔ ɖe Zion-to ƒe nɔƒewo katã kple eƒe takpeƒewo le ŋkeke me kpakple dzo keklẽ le zã me; elabena woatsyɔ nu atsyɔɖoɖowo katã dzi.”—Yesaya 4:4, 5.
19 Yesaya do ŋgɔ bu fɔ “Zion-nyɔnuwo,” amesiwo tsɔ woƒe atsyɔ̃ɖonuwo dodo tsyɔ woƒe agbe baɖa nɔnɔ dzii. Eklo nu le dukɔ bliboa ƒe ʋukɔkɔɖi hã dzi hede dzi ƒo na wo be woale tsi. (Yesaya 1:15, 16; 3:16-23) Gake le afisia la, enɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu ŋutɔ ‘aklɔ woƒe ɖiƒoƒo,’ alo nusiwo gblẽa agbenyuinɔnɔ me, eye ‘wòakpala ʋu si ɖi ɖe wo ŋu ɖa.’ (Yesaya 4:4, New International Version) Aleke woawɔ akɔ wo ŋu alea? Woakɔ wo ŋu to “ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ya” kple “dzo ƒe ya” me. Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ si nɔ ŋgɔ kple aboyomenɔnɔ le Babilon anye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple eƒe dziku si fla ɖe dukɔ makɔmakɔ ma ŋu la ƒe ya. Abɔbɔ ame susɔe siwo atsi agbe le xaxa siawo me eye woatrɔ ayi wo de la ɖe anyi ahakɔ wo ŋu. Emae ana woava zu ame kɔkɔewo na Yehowa eye wòayra wo.—Tsɔe sɔ kple Maleaxi 3:2, 3.
20. (a) Nuka dzie nya siwo nye “alilikpo,” “dzudzɔ,” kple “dzo keklẽ” ɖo ŋkui na mí? (b) Nukata mele be aboyome siwo ŋu wokɔ la navɔ̃ o?
20 Yehowa to Yesaya dzi do ŋugbe be yeaxɔ ame susɔe siawo siwo ŋu wokɔ la alé be na wo lɔlɔ̃tɔe. Nya siwo nye “alilikpo,” “dzudzɔ,” kple “dzo keklẽ” ɖo ŋku alesi Yehowa lé be na Israel-viwo le woƒe dzodzo le Egipte megbe dzi na mí. “Dzobibi kple alilikpo dodo” kpɔ wo ta tso Egiptetɔ siwo kplɔ wo ɖo la si me; efia mɔ wo le gbeadzi hã. (Mose II, 13:21, 22; 14:19, 20, 24) Esime Yehowa ɖe eɖokui fia le Sinai-toa gbɔ la, “dzudzɔ bla” to bliboa. (Mose II, 19:18) Eyata mele be aboyome siwo ŋu wokɔ la navɔ̃ o. Yehowa anye wo Takpɔla. Anɔ kpli wo ne woƒo ƒu le woa ŋutɔwo ƒe aƒewo me loo alo wokpe ta le takpekpe kɔkɔewo me.
21, 22. (a) Nukata wotua agbadɔ, alo agblexɔ, zi geɖe? (b) Mɔkpɔkpɔ kae wotsɔ ɖo ame susɔe siwo ŋu wokɔ la ŋkume?
21 Yesaya he susu yi gbesiagbegbenɔnɔ me nudzɔdzɔwo dzi tsɔ ƒo eƒe nuƒoƒo tso Mawu ƒe ametakpɔkpɔ ŋu tae. Eŋlɔ bena: “Agbadɔ anɔ anyi anye vɔvɔli dodo le ŋkeke me le dzoxɔxɔ ta, eye wòanye sitsoƒe kple bebeƒe le dziya kple tsidzadza ta.” (Yesaya 4:6) Wotua agbadɔ, alo agblexɔ, ɖe weingble alo agblewo me be woanɔ eƒe vɔvɔli te le pepi me ŋdɔ sesẽ nu eye wònyea bebeƒe le tsidzaɣi ƒe fafa kple ahomwo nu.—Tsɔe sɔ kple Yona 4:5.
22 Ne ame susɔe siwo ŋu wokɔ la do go yometiti ƒe ŋdɔkutsu kple tsitretsiɖeŋu ƒe ahomwo la, woakpɔe be Yehowae nye Yewoƒe ametakpɔkpɔ, dedienɔnɔ, kple sitsoƒe. (Psalmo 91:1, 2; 121:5) Eyata wotsɔ mɔkpɔkpɔ nyui aɖe ɖo woƒe ŋkume: Ne woɖe asi le Babilontɔwo ƒe dzixɔse kple nuwɔnawo ŋu, wona Yehowa drɔ̃ ʋɔnu wo tsɔ kɔ wo ŋui, eye wodze agbagba be yewoakpɔtɔ anɔ kɔkɔe la, woanɔ dedie, abe ɖe wole Mawu ƒe ametakpɔkpɔ ƒe “agbadɔ” te ene.
23. Nukata Yehowa yra amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛwo?
23 De dzesii be ɖe wokɔ wo ŋu gbã hafi yra wo. Nenema wòdzɔe le míaƒe ŋkekea me hã. Le ƒe 1919 me ke la, amesiamina susɔeawo ɖe mɔ ɖokuibɔbɔtɔe wokɔ wo ŋu, eye Yehowa “klɔ” nu makɔmakɔwo ɖa le wo ŋu. Tso ɣemaɣi la, alẽ bubuawo ƒe “ameha gã” aɖe hã ɖe mɔ Yehowa klɔ wo ŋu. (Nyaɖeɖefia 7:9) Esi wokɔ ame susɔeawo kple woƒe zɔhɛwo ŋu alea ta la, woyra wo—Yehowa xɔ wo ɖe eƒe ametakpɔkpɔ te le be lém na wo. Menye ɖe wòxea mɔ ɖe yometiti ƒe dzoxɔxɔ alo tsitretsiɖeŋu ƒe ahomwo nu nukutɔe be megaɖo wo gbɔ o. Ke boŋ ekpɔa wo ta abe ɖe wòtu ‘agbadɔ ɖe wo dzi be wòanye vɔvɔli dodo kple bebeƒe le dziya nu’ ene. Le mɔ ka nu?
24. Aleke wòdzee be Yehowa yra eƒe amewo ƒe habɔbɔa?
24 Bu nya sia ŋu kpɔ: Dziɖuɖu siwo sesẽ wu le ŋutinya me dometɔ aɖewo ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi alo te kpɔ be yewoatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ. Ke hã Ðasefoawo nɔ te sesĩe eye woyi edzi ɖe gbeƒã madzudzɔmadzudzɔe! Nukata dukɔ sesẽwo mete ŋu tɔ te amewo ƒe ƒuƒoƒo sue sia si dze abe ɖe ametakpɔnu aɖeke mele wo si o ene la ƒe dɔwɔwɔ o? Esi Yehowa tsɔ esubɔla kɔkɔewo de ametakpɔkpɔ ƒe “agbadɔ” si amegbetɔ aɖeke mate ŋu akaka o me tae!
25. Nukae Ametakpɔla si Yehowa nye na mí la fia na mía dometɔ ɖesiaɖe?
25 Ke mí ame ɖekaɖekawo ya ɖe? Ametakpɔla si Yehowa nye na mí la mefia be míado go kuxi aɖeke le agbe me le nuɖoanyi sia me o. Kristotɔ nuteƒewɔla geɖe doa go nɔnɔme sesẽ siwo ƒe ɖewoe nye ahedada, dzɔdzɔmefɔkuwo, aʋawɔwɔ, dɔléle, kple ku. Ne míedo go xaxa siawo tɔgbe la, migana míaŋlɔe be gbeɖe be Mawu li kpli mí o. Ekpɔa mía ta le gbɔgbɔ me, henaa nusiwo hiã mí—kple ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu’ gɔ̃ hã—be míado dzi le dodokpɔwo me nuteƒewɔwɔtɔe. (Korintotɔwo II, 4:7) Esi míele dedie le egbɔ ta la, mele be míavɔ̃ o. Ne míebu eŋu kpɔ la, zi alesi míewɔa míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míanɔ kɔkɔe le eŋkume la, naneke “mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃ . . . la gbɔ o.”—Romatɔwo 8:38, 39.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be nyagbɔgblɔ “Yehowa ƒe atidzedze” la ku ɖe Mesia, amesi ado le Yerusalem gbugbɔɖoanyi megbe ŋu. Woɖe nya sia gɔme le mɔ bubu nu le Aramgbe me Nubabla Xoxowo me be: “Yehowa ƒe Mesia [Kristo].” Enyo be míade dzesii be Yeremya zã Hebrigbe me ŋkɔnya (tseʹmach) ma ke emegbe esime wònɔ nu ƒom tso Mesia la ŋu be enye “atidzedze dzɔdzɔe” si adze na Dawid.—Yeremya 23:5; 33:15.
b “Ame susɔeawo” dometɔ aɖewo nye amesiwo wodzi le aboyo me. Woate ŋu abu amesiawo be ‘wosusɔ,’ elabena ne ɖe wo tɔgbuiwo metsi agbe le tsɔtsrɔ̃a me o la, anye ne womadzi wo akpɔ o.—Ezra 9:13-15; tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 7:9, 10.
[Nɔnɔmetata si le axa 63]
Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ahom gbɔna Yuda dzi