Ta Ewolia
Wodo Ŋutifafafia aɖe ƒe Ŋugbe
1. Nɔnɔme ka mee ameƒomea to tso keke Kain ƒe ɣeyiɣia me ke?
ANƆ ƒe akpe ade enye si va yi la, wodzi amegbetɔ vidzĩ gbãtɔ. Eŋkɔe nye Kain, eye eƒe dzidzi nɔ etɔxɛ ŋutɔ. Edzilawo loo alo mawudɔlawo alo Wɔla la gɔ̃ hã mekpɔ amegbetɔ vidzĩ kpɔ o. Vi sia si wodzi yeyee la ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ nasu amegbetɔƒome si wobu fɔe la si hafi. Aleke gbegbe wòɖe dzi le ame ƒoe enye si esi wòzu amewula le eƒe tsitsime! (Yohanes I, 3:12) Tso ɣemaɣi la, amegbetɔ kpɔ amewuwu gbogbo aɖewo teƒe. Esi nuvɔ̃ɖiwɔwɔ dzroa amegbetɔwo ta la, ŋutifafa mele woa ŋutɔwo loo alo wo kple Mawu dome o.—Mose I, 6:5; Yesaya 48:22.
2, 3. Mɔkpɔkpɔ kawoe Yesu Kristo ʋu ɖi, eye nukae wòle be míawɔ be míaxɔ yayra siawo?
2 Wodzi vi bubu aɖe le ƒe siwo ade akpe ene le Kain dzidzi megbe. Eŋkɔe nye Yesu, eye eya hã ƒe dzidzi nɔ etɔxɛ ŋutɔ. Ðetugbi nɔaƒee dzii to gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me—eya koe wodzi nenema kpɔ le ŋutinya katã me. Le edziɣi la, mawudɔla kpɔdzidzɔwo ƒe ha gã aɖe dzi kafukafuha na Mawu be: “Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.” (Luka 2:13, 14) Yesu ya meva zu amewula o, ke boŋ eʋu mɔ ɖi na amegbetɔwo be woawɔ ŋutifafa kple Mawu eye woakpɔ agbe mavɔ.—Yohanes 3:16; Korintotɔwo I, 15:55.
3 Yesaya gblɔe ɖi be woayɔ Yesu be “ŋutifafafia.” (Yesaya 9:5) Atsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe ana ɖe ameƒomea ta eye wòato esia dzi ana be woate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake. (Yesaya 53:11) Egbea woate ŋu awɔ ŋutifafa kple Mawu ahakpɔ nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke to Yesu Kristo dzixɔxɔse me. Gake yayra sia mevana le eɖokui si o. (Kolosetɔwo 1:21-23) Ele be amesiwo di be yewoakpɔe la nasrɔ̃ toɖoɖo Yehowa Mawu. (Petro I, 3:11; tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 5:8, 9.) Nusi to vovo na esia sã ye Israel kple Yuda wɔ le Yesaya ƒe ŋkekea me.
Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Yomenɔnɔ
4, 5. Aleke nɔnɔmea nɔ le Yesaya ƒe ŋkekea me, eye ameka ŋue ame aɖewo trɔ ɖo?
4 Le tomaɖomaɖo ta la, Yesaya ŋɔlimetɔwo le agbenɔnɔ ƒe nɔnɔme wɔnublanui aɖe me, si nye gbɔgbɔmedo doviviti aɖe si sɔ na wo me. Ŋutifafa menɔ Yuda anyiehefiaɖuƒe si me Mawu ƒe gbedoxɔa nɔ gɔ̃ hã o. Le Yudatɔwo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ta la, Asiriatɔwo ava dze wo dzi ŋɔdzitɔe, eye ɣeyiɣi sesẽwo nɔ wo ŋgɔ. Ameka ŋue woatrɔ ɖo be woakpɔ kpekpeɖeŋu? Nublanuitɔe la, ame geɖe trɔ ɖe Satana ŋu, ke menye Yehowa ŋu o. Ao, menye ɖe wonɔ Satana ŋkɔ yɔm ŋutɔŋutɔ nɔ eƒe ŋusẽ biam o. Ke boŋ abe blema Fia Saul ene la, woƒo wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me hedi woƒe kuxiwo gbɔ kpɔnuwo to nuƒoƒo kple ame kukuwo me.—Samuel I, 28:1-20.
5 Ame aɖewo do nuwɔna sia ɖe ŋgɔ gɔ̃ hã. Yesaya he susu yi xɔsegbegbe sia dzi esime wògblɔ be: “Ne wogblɔ na mi be, mibia nu ŋɔliyɔlawo kple afakalawo se, amesiwo nɔa ŋɔti me gbee dom, eye wonɔa gbe tem la, ɖe dukɔ mabia nu eƒe Mawu ase oa? Ðe woabia nu kukuawo na agbagbeawoa?” (Yesaya 8:19) Ŋɔliyɔlawo te ŋu flua ame, eye ‘wonɔa ŋɔtimegbee dom henɔa gbe tem.’ Ŋɔliyɔla si nye ame gbagbe ate ŋu atrɔ eƒe gbe me wòaɖi gbeɖiɖi siawo siwo wogblɔna be wotso ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ gbɔ la tututu. Gake ɣeaɖewoɣi la, gbɔgbɔ vɔ̃wo te ŋu dea asi eme tẽ eye wodzena abe amesi ku la ene, abe alesi wòdzɔe esime Saul va bia nu ŋɔliyɔla aɖe le En-Dor ene.—Samuel I, 28:8-19.
6. Nukata wòdze be woabu fɔ Israel-vi siwo trɔ ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu la vevie?
6 Nusiawo katã le edzi yim le Yuda togbɔ be Yehowa de se ɖe gbɔgbɔyɔyɔ nu hã. Nuvɔ̃ si dze na kue wònye le Mose ƒe Sea te. (Mose III, 19:31; 20:6, 27; Mose V, 18:9-12) Nukata amesiwo nye Yehowa ƒe dukɔ tɔxɛ awɔ nuvɔ̃ gã sia? Elabena wogbe Yehowa ƒe Se kple aɖaŋuɖoɖo eye ‘nuvɔ̃ ƒe beble na woƒe dzime sẽ.’ (Hebritɔwo 3:13) “Woƒe dzi ku atri abe ami ene,” eye wote ɖa tso Mawu gbɔ.—Psalmo 119:70.a
7. Aleke ame geɖe srɔ̃a Israel-vi siwo nɔ anyi le Yesaya ƒe ŋkekea me la egbeae, eye etsɔme kae li na amesiawo ne wometrɔ dzime o?
7 Ðewohĩ wobui be, ‘Viɖe kae le Yehowa ƒe Sea ŋu esi wòsusɔ vie ko ne Asiriatɔwo nava dze mía dzi?’ Wodi mɔ bɔbɔe aɖe si dzi woato akpɔ woƒe kuxia gbɔ enumake eye womedi be yewoakpɔ Yehowa sinu be wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu o. Le míaƒe ŋkekea me hã la, ame geɖe gbe Yehowa ƒe sea eye wodia ŋɔliyɔlawo yomemɔ, woyia ɣletivimefakalawo gbɔ, eye wozãa gbɔgbɔyɔyɔ ƒe mɔnu bubuwo be woatsɔ akpɔ woƒe kuxiwo gbɔe. Gake be ame gbagbewo nadi kuxiwo gbɔ kpɔnuwo tso ame kukuwo gbɔ nye bometsitsi egbea abe alesi wònɔ ɣemaɣi ene. Nusi adzɔ ɖe amesiame si wɔa ale nusiawo dzimematrɔmatrɔe dzie nye be woabui de “hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple . . . trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã” dome. Agbenɔnɔ le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na wo o.—Nyaɖeɖefia 21:8.
Mawu ƒe ‘Se Kple Ðaseɖiɖi’
8. Nukae nye “nufiame” kple “ɖaseɖiɖi” si ŋu wòle be mí amesiwo li egbea míatrɔ ɖo hena mɔfiafia?
8 Yehowa ƒe se si tsi tre ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu kple sedede bubuawo menɔ ɣaɣla ɖe Yuda hafi o. Woŋlɔe ɖi. Egbea eƒe Nya bliboa katã si woŋlɔ ɖi la li. Eyae nye Biblia, eye menye Mawu ƒe se kple ɖoɖowo koe le eme o ke eƒe nuwɔwɔ kple eƒe amewo ŋuti nuŋlɔɖi hã le eme. Biblia ƒe nuŋlɔɖi sia si ku ɖe alesi Yehowa wɔ nu kple amewo ŋu la nye ɖaseɖiɖi, alo kpeɖodzi, si fiaa nu mí le Yehowa ƒe amenyenye kple nɔnɔmewo ŋu. Afika boŋue wòle be Israel-viwo nayi be woaxɔ mɔfiafia le esi teƒe be woava bia nu ame kukuwo? Yesaya ɖo ŋu be: “Mitrɔ ɖe [se, “NW”] kple ɖaseɖiɖi la ŋu!” (Yesaya 8:20a) Ẽ, ele be amesiwo le numekɔkɔ vavãtɔ dim nakpɔ Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la me.
9. Ðe nyayɔyɔ tso Biblia me ɣeaɖewoɣi ɖea vi na nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewoa?
9 Ðewohĩ Israel-vi aɖewo siwo nyrɔ wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me la gblɔ be yewodea bubu Mawu ƒe Nya ŋu. Gake nya gbɔlo kple alakpanuwɔwɔ koe woƒe nyaawo nye. Yesaya gblɔ be: “Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.” (Yesaya 8:20b) Nyagbɔgblɔ kae Yesaya wɔnɛ le afisia? Ðewohĩ eyae nye: “Se kple ɖaseɖiɖi la.” Ate ŋu anye be Israel-vi xɔsegbela aɖewo he susu yi Mawu ƒe Nya la dzi, abe alesi xɔsegbelawo kple ame bubuwo ate ŋu ayɔ Ŋɔŋlɔawo me nyawo agblɔ egbeae ene. Gake nya ko wònye wogblɔ. Ŋɔŋlɔawo yɔyɔ mana ‘agu aɖeke nadze’ na wo, alo akpɔ numekɔkɔ tso Yehowa gbɔ, ne wometsɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ kpe ɖe eŋu hetsri nuwɔna makɔmakɔwo o.b
‘Dɔwuame si Menye Abolodɔ O’
10. Aleke Yudatɔwo kpe fui le esi wògbe Yehowa ta?
10 Tomaɖomaɖo Yehowa naa susua doa viviti. (Efesotɔwo 4:17, 18) Yuda-dukɔa ƒe ŋku gbã le gbɔgbɔ me eye gɔmesese aɖeke mele wo si o. (Korintotɔwo I, 2:14) Yesaya ƒo nu tso woƒe nɔnɔmea ŋu be: “Woanɔ tsaglãla tsam, woate wo ɖe anyi, eye dɔ awu wo.” (Yesaya 8:21a) Le dukɔa ƒe nuteƒemawɔmawɔ—vevietɔ le Fia Axaz ƒe fiaɖuɣi—ta la, alesi Yuda ayi edzi anye fiaɖuƒe nɔɖokuisi la ɖo afɔku me. Futɔwo ɖe to ɖe dukɔa. Asiria-ʋakɔwo le Yuda-duwo dzi dzem ɖekaɖeka. Futɔawo gblẽ anyigba nyui la, eye ena be nuɖuɖu le vevem. Nɔnɔmea ‘te ɖe ame geɖe dzi eye dɔ le wo wum.’ Gake dɔ bubu aɖe hã to le dukɔa me. Amos gblɔe ɖi ƒe bla nanewo do ŋgɔ be: “Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, ke menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.” (Amos 8:11) Gbɔgbɔmedɔ siae to le Yuda fifia!
11. Ðe Yuda asrɔ̃ nu tso to si wohe nɛ mea?
11 Ðe wòanye nusɔsrɔ̃ na Yuda ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋua? Ðe dukɔa aɖe asi le gbɔgbɔyɔyɔ kple trɔ̃subɔsubɔ ŋu atrɔ ɖe “se kple ɖaseɖiɖi” la ŋua? Yehowa kpɔ nusi woawɔ la do ŋgɔ: “Ne dɔ le wo wum la, woado dziku ahaƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu.” (Yesaya 8:21b) Ẽ, ame geɖe aɖe vodada na woƒe fia si nye amegbetɔ la be eyae kplɔ yewo de nɔnɔme sia me. Ame aɖewo abu fɔ Yehowa bometsitsitɔe gɔ̃ hã be eyae na yewole fua kpem! (Tsɔe sɔ kple Yeremya 44:15-18.) Nenemae ame geɖe wɔna egbea, eye wobua fɔ Mawu ɖe afɔku siwo amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi he vɛ la ta.
12. (a) Nukae Yuda ƒe Mawu gbegbe he vɛ? (b) Biabia vevi kawoe fɔ ɖe te?
12 Ðe fiƒoƒo de Mawu ana Yudatɔwo nakpɔ ŋutifafaa? Ao. Yesaya gblɔe ɖi be: “[Ne] wode kɔ to la, kpɔ ɖa, xaxa kple viviti li; xaxa ƒe tsizi kple blukɔ me woatutu wo ade.” (Yesaya 8:22) Esi wofɔ mo dzi bu fɔ Mawu vɔ la, wogabɔbɔ ta ɖe anyi ɖe nu ɖedzileameƒo siwo dze ŋgɔ wo ŋu. Woƒe Mawu gbegbe ye he afɔku va wo dzi. (Lododowo 19:3) Ke ŋugbe siwo Mawu do na Abraham, Isak, kple Yakob la ya ɖe? (Mose I, 22:15-18; 28:14, 15) Ðe Yehowa agbe wo dzi wɔwɔa? Ðe Asiriatɔwo alo dukɔ bubu aɖe ƒe asrafowo ahe fiaƒome si ƒe ŋugbe wodo na Yuda kple Dawid la ava nuwuwuia? (Mose I, 49:8-10; Samuel II, 7:11-16) Ðe woana Israel-viwo nanɔ viviti me ɖaa?
Anyigba si ‘Woɖi Gbɔe’
13. Nukae nye “dukɔwo ƒe Galilea,” eye aleke wova ‘ɖi gbɔe’?
13 Azɔ Yesaya ƒo nu ku ɖe afɔku vɔ̃ɖitɔ kekeake si dzɔ ɖe Abraham ƒe dzidzimeviwo dzi kpɔ ŋu be: “Afisi xaxa le la, matsi viviti me o. Tsã la eɖi gbɔ Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba, emegbe la ade bubu ƒutamɔ, si le Yordan ƒe go kemɛ la ŋu, si nye dukɔwo ƒe [Galilea, “NW”].” (Yesaya 8:23) Galilea nye nuto si nɔ Israel dziehefiaɖuƒea me. Le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me la, eyae nye “Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba” kpakple “ƒutamɔ,” si nye blemamɔ aɖe si to Galilea Ƒuta heyi ɖe Mediteranea Ƒua gbɔ hã. Woyɔ nutoa be “dukɔwo ƒe Galilea” le Yesaya ƒe ŋkekea me, eye anye be amesiwo menye Israel-viwo o ye nɔ eƒe duwo dometɔ geɖe me tae.c Aleke ‘woɖi gbɔ’ anyigba siae? Asiriatɔ siwo nye trɔ̃subɔlawo la ɖu anyigba ma dzi, wokplɔ Israel-viwo yi aboyo me, eye wona trɔ̃subɔla siwo menye Abraham ƒe dzidzimeviwo o va nɔ nuto bliboa me. Alea wòdzɔe be dziehe to ewo fiaɖuƒea bu le ŋutinya me eye meganye dukɔ ɖedzesi nɔɖokuisi o!—Fiawo II, 17:5, 6, 18, 23, 24.
14. Gɔmesese ka nue Yuda ƒe “viviti me” nɔnɔ made to ewo fiaɖuƒea tɔ nu o le?
14 Asiriatɔwo ɖe kpe na Yuda hã. Ðe eya hã atsi “viviti me” tegbee abe alesi wòdzɔ ɖe to ewo fiaɖuƒe si Zebulon kple Naftali tsi tre ɖi na dzi enea? Ao. “Emegbe” Yehowa ayra ɖe Yuda anyiehefiaɖuƒea ƒe nutoa dzi eye wòayra ɖe anyigba si dzi dziehefiaɖuƒea ɖu gɔ̃ hã dzi. Aleke wòawɔe?
15, 16. (a) “Emegbe” ɣeyiɣi ka mee nɔnɔmea trɔ na “Zebulon kple Naftali-nyigba” le? (b) Aleke wova de bubu anyigba si woɖi gbɔe tsã la ŋui?
15 Apostolo Mateo ɖo biabia sia ŋu le eƒe nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me si ku ɖe Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔ ŋu me. Esi Mateo nɔ nu ƒom tso subɔsubɔdɔ ma ƒe gɔmedzedze ŋu la, egblɔ be: “Esi [Yesu ʋu] le Nazaret la, eva nɔ Kapernaum, si le ƒua nu le Zebulon kple Naftali-nutowo me, bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi la nu bena: ‘Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba, ƒutamɔ, Yordan godo, trɔ̃subɔlawo ƒe Galilea, dukɔ, si ke nɔ viviti me la, kpɔ kekeli gã aɖe, eye amesiwo nɔ ku ƒe anyigba dzi kple eƒe vɔvɔli me la, kekeli dze na wo.’”—Mateo 4:13-16.
16 Ẽ, ɣeyiɣi si Yesaya gblɔ ɖi be ava “emegbe” lae nye Kristo ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi. Galilea ye Yesu nɔ wu le eƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi me. Galilea-nutoa mee wòdze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme le eye wòdze gbeƒãɖeɖe gɔme be: “Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!” (Mateo 4:17) Galilea ye wògblɔ eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa le, tia eƒe apostolowo, wɔ eƒe nukunu gbãtɔ, eye wòɖe eɖokui fia eyomedzela siwo ade ame 500 le eƒe tsitretsitsi megbe. (Mateo 5:1–7:27; 28:16-20; Marko 3:13, 14; Yohanes 2:8-11; Korintotɔwo I, 15:6) Yesu to esia wɔwɔ me na Yesaya ƒe nyagblɔɖia va eme esime wòde bubu “Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba” ŋu. Gake menye Galileatɔwo dome koe Yesu wɔ eƒe subɔsubɔdɔa le o. Esi Yesu ɖe gbeƒã nyanyuia le anyigba ma katã dzi ta la, ena ‘wode bubu’ Israel-dukɔ bliboa si me Yuda hã le ‘ŋu.’
“Kekeli Gã” La
17. Aleke “kekeli gã aɖe” klẽ le Galilea?
17 Ke “kekeli gã” si Mateo gblɔ be edo le Galilea la ya ɖe? Esia hã nye nya si wòyɔ tso Yesaya ƒe nyagblɔɖia me. Yesaya ŋlɔ bena: “Dukɔ, si le viviti me zɔm la, kpɔ kekeli gã aɖe, amesiwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ ɖe wo dzi.” (Yesaya 9:1) Kaka ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. naɖo la, trɔ̃subɔlawo ƒe alakpanufiafiawo na nyateƒea ƒe kekelia menɔ dzedzem o. Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo na kuxia gado gã ɖe edzi esi woku ɖe woƒe subɔsubɔkɔnu siwo na ‘womegabua Mawu ƒe se la o’ ŋu. (Mateo 15:6) Wote ame tsɛwo ɖe anyi hetɔtɔ wo, ale be wonɔ ‘mɔfiala ŋkuagbãtɔwo’ yome. (Mateo 23:2-4, 16) Esi Yesu si nye Mesia la do la, woʋu ŋku na ɖokuibɔbɔla geɖe le mɔ wɔnuku aɖe nu. (Yohanes 1:9, 12) Yesaya ƒo nu tso dɔ si Yesu wɔ esime wònɔ anyigba dzi kple yayra siwo do tso eƒe vɔsa me ŋu wòsɔ nyuie be enye “kekeli gã aɖe.”—Yohanes 8:12.
18, 19. Nukata wòsɔ be amesiwo xɔ kekelia natso aseye?
18 Esɔ ŋutɔ be amesiwo xɔ kekelia tso aseye. Yesaya yi edzi be: “Èdzi dukɔ la ɖe edzi, eye nèna dzidzɔ do gã; wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwò me, abe alesi wokpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi ene, abe alesi wotsoa aseye, ne womã aboyonu ene.” (Yesaya 9:2) Yesu kple eyomedzelawo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔe be dzianukwaretɔwo ɖe wo ɖokui fia, eye woɖee fia be yewodi be yewoade ta agu na Yehowa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me. (Yohanes 4:24) Mexɔ ƒe ene hafi ame gbogbo aɖewo va xɔ Kristotɔnyenye o. Wona nyɔnyrɔ ame 3,000 le Pentekoste ŋkekea dzi le ƒe 33 M.Ŋ. me. Le ema megbe kpuie la, ‘ŋutsuawo ƒe xexlẽme va nɔ abe akpe atɔ̃ ene.’ (Dɔwɔwɔwo 2:41; 4:4) Esi nusrɔ̃laawo tsɔ veviedodo ɖe kekeli ma fia la, ena “nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme [nɔ] agbɔ sɔm ŋutɔ le Yerusalem; eye nunɔlawo ƒe ha gã aɖe hã na ta xɔse la.”—Dɔwɔwɔwo 6:7.
19 Abe alesi amesiwo tsoa aseye ne woŋe nu geɖe alo kpɔa dzidzɔ ɖe aboyonu xɔasiwo mama le aʋadziɖuɖu gã aɖe megbe wɔna ene la, Yesu yomedzelawo tso aseye ɖe dzidziɖedzia ŋu. (Dɔwɔwɔwo 2:46, 47) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa na kekelia klẽ ɖe dukɔwo dome. (Dɔwɔwɔwo 14:27) Eyata ameƒomeviwo katã kpɔ dzidzɔ be woʋu mɔ si dzi yewoato ado ɖe Yehowa ŋkume la ɖi na yewo.—Dɔwɔwɔwo 13:48.
“Abe Midian Ŋɔli Ene”
20. (a) Mɔ kawo nue Midiantɔwo ɖee fia le be yewonye Israel ƒe futɔwo, eye aleke Yehowa he ŋɔdzi si nɔ wo ŋu la va nuwuwui? (b) Aleke Yesu ahe Mawu ƒe amewo ƒe futɔwo ƒe ŋɔdzidoname va nuwuwui le “Midian ŋɔli” si ava le etsɔme?
20 Nusiwo do tso Mesia la ƒe dɔwɔwɔ me anɔ anyi ɖaa, abe alesi míekpɔe le nya siwo Yesaya gagblɔ me ene be: “Èŋe woƒe agba ƒe kɔkuti, ati, si le woƒe kɔʋu me, kple wo kplɔlawo ƒe ati, abe Midian ŋɔli ene.” (Yesaya 9:3) Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Yesaya ƒe ŋkekea la, Midiantɔwo wɔ ɖeka kple Moabtɔwo ble Israel de nuvɔ̃ me. (Mose IV, 25:1-9, 14-18; 31:15, 16) Emegbe Midiantɔwo do ŋɔdzi na Israel eye woda adzo woƒe kɔƒewo kple agblewo ha wo me nuwo ƒe adre sɔŋ. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:1-6) Gake Yehowa to eƒe dɔla Gideon dzi ɖu Midian-ʋakɔwo dzi. Kpeɖodzi aɖeke meli be le “Midian ŋɔli” ma megbe la, Yehowa ƒe amewo gakpe fu le Midiantɔwo ƒe asi me kpɔ o. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:7-16; 8:28) Eteƒe madidi o Yesu Kristo si nye Gideon gãtɔ atsrɔ̃ Yehowa ƒe amewo ƒe futɔ siwo li le egbeŋkekea me. (Nyaɖeɖefia 17:14; 19:11-21) “Abe Midian ŋɔli ene” la, woaɖu aʋa dzi keŋkeŋ ɣemaɣi wòanɔ anyi ɖaa to Yehowa ƒe ŋusẽ me, ke menye le amegbetɔ ƒe kalẽwɔwɔ me o. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:2-22) Magadzɔ be Mawu ƒe amewo nakpe fu le ameteteɖeanyi ƒe kɔkuti te gbeɖe o!
21. Nukae Yesaya ƒe nyagblɔɖi ɖe fia le nusi adzɔ ɖe aʋawɔwɔ dzi le etsɔme ŋu?
21 Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia menye aʋawɔwɔ kafukafu o. Yesu si wofɔ ɖe tsitre lae nye Ŋutifafafia la, eye atsrɔ̃ eƒe futɔwo ɖa atsɔ ahe ŋutifafa mavɔ vɛ. Azɔ Yesaya ƒo nu tso nusiwo wozãna le aʋawɔwɔ me ŋu be dzo atsrɔ̃ wo keŋkeŋ: “Wotɔ dzo amesiwo ƒo aʋazi la ƒe afɔkpawo katã kple awu, siwo wobliba ɖe ʋu me la, eye dzo afiã wo.” (Yesaya 9:4) Womagase asrafowo ƒe afɔkpa ƒe afɔzi akpɔ gbeɖe o. Womagakpɔ aʋakalẽtɔ tagbɔsesẽtɔwo ƒe awu siwo ƒo ʋu azɔ o. Aʋawɔwɔ maganɔ anyi o!—Psalmo 46:10.
‘Adaŋudela Wɔnuku’
22. Nyagblɔɖiŋkɔ ƒokpli kae wotsɔ na Yesu le Yesaya ƒe agbalẽa me?
22 Esime wodzi amesi ava zu Mesia nukutɔe la, wona ŋkɔe be Yesu, si gɔmee nye “Yehowa Enye Xɔname.” Gake ŋkɔ bubuwo gale esi, siwo nye nyagblɔɖiŋkɔ siwo gblɔ dɔ tɔxɛ siwo wòawɔ kple ɖoƒe kɔkɔ siwo anɔ esi. Ŋkɔ siawo dometɔ ɖekae nye Imanuel, si gɔmee nye “Mawu Li Kpli Mí.” (Yesaya 7:14) Azɔ Yesaya gaƒo nu tso nyagblɔɖiŋkɔ bubu ŋu be: “Wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be: Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mavɔ, ŋutifafafia.” (Yesaya 9:5) Bu gɔmesese ɖedzesi si le nyagblɔɖiŋkɔ ƒokpli sia ŋu la ŋuti kpɔ.
23, 24. (a) Mɔ ka nue Yesu nye ‘Adaŋudela Wɔnuku’ le? (b) Aleke Kristotɔ aɖaŋuɖola siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋui?
23 Adaŋudela nye amesi xlɔ̃a nu alo ɖoa aɖaŋu na ame. Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, eɖo aɖaŋu na amewo wòwɔ nuku. Míexlẽ le Biblia me be “kuvia ɖo amehawo le eƒe nufiafia la ŋuti.” (Mateo 7:28) Enye Adaŋudela nyanu si sea veve ɖe ame ti, eye enya amegbetɔ ƒe wɔwɔme wòɖe dzesi. Eƒe aɖaŋudede menyea mokaka alo tohehe ko o. Zi geɖe la, enyea nufiame kple aɖaŋuɖoɖo si me lɔlɔ̃ dze le. Yesu ƒe adaŋudede wɔ nuku elabena nunya nɔa eme ɣesiaɣi, edea blibo, eye vodada menɔa eme o. Edziwɔwɔ kplɔa ame yia agbe mavɔ me.—Yohanes 6:68.
24 Yesu ƒe adaŋudede metso eƒe susu ɖaɖɛ me dzro ko o. Ke boŋ egblɔ be: “Nye nufiafia la menye [tɔnye] o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la tɔe.” (Yohanes 7:16) Abe alesi wònɔ le Salomo gome ene la, Yehowa Mawu gbɔe Yesu ƒe nunya tso. (Fiawo I, 3:7-14; Mateo 12:42) Ele be Yesu ƒe kpɔɖeŋua naʋã nufiala kple aɖaŋuɖola siwo le Kristo-hamea me be woatu woƒe nufiafia ɖe Mawu ƒe Nya la dzi ɣesiaɣi.—Lododowo 21:30.
“Mawu Kalẽtɔ” Kple “Fofo Mavɔ”
25. Nukae ŋkɔ si nye “Mawu Kalẽtɔ” fia mí le Yesu si le dziƒo ŋu?
25 Yesu nye “Mawu Kalẽtɔ” Kple “Fofo Mavɔ” hã. Esia mefia be exɔ Yehowa si nye “Mawu, mía Fofo” la ƒe ŋusẽ kple ɖoƒe le esi o. (Korintotɔwo II, 1:2) “Mebui nuhahae bena, [ye Yesu,] kple Mawu [yewosɔ] o.” (Filipitɔwo 2:6) Woyɔe be Mawu Kalẽtɔ alo ŋusẽtɔ, ke menye Mawu Ŋusẽkatãtɔ o. Yesu mebu eɖokui be yenye Mawu Ŋusẽkatãtɔ kpɔ gbeɖe o, elabena egblɔ le Fofoa ŋu be enye “Mawu vavã ɖeka la,” si fia be enye Mawu si ɖeka ko wòle be míasubɔ. (Yohanes 17:3; Nyaɖeɖefia 4:11) Le Ŋɔŋlɔawo me la, nya “mawu” ate ŋu afia “ŋusẽtɔ” alo “kalẽtɔ.” (Mose II, 12:12; Psalmo 8:6; Korintotɔwo II, 4:4) Hafi Yesu nava anyigba dzi la, ‘mawu’ wònye, eye “Mawu ƒe nɔnɔmee wònɔ.” Esi wofɔe ɖe tsitre la, eva nɔ ɖoƒe si gakɔkɔ wu le dziƒo. (Yohanes 1:1; Filipitɔwo 2:6-11) Azɔ hã, gɔmesese bubu aɖe le dzesideŋkɔ si nye ‘mawu’ ŋu. Woyɔ Israel-ʋɔnudrɔ̃lawo be “mawuwo”—Yesu ŋutɔ yɔ wo nenema kpɔ ɣeaɖeɣi. (Psalmo 82:6; Yohanes 10:35) Yesue nye Ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa tia, amesi le “ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo.” (Timoteo II, 4:1; Yohanes 5:30) Edze ƒã be esɔ nyuie be woyɔe be Mawu Kalẽtɔ.
26. Nukata woate ŋu ayɔ Yesu be enye “Fofo Mavɔ”?
26 Dzesideŋkɔ “Fofo Mavɔ” la ku ɖe ŋusẽ kple ŋutete si le Mesia Fia la si be wòana agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ amegbetɔwo la ŋu. (Yohanes 11:25, 26) Domenyinu si mía dzila gbãtɔ Adam gblẽ ɖi na míe nye ku. Yesu si nye Adam mamlɛtɔ la “zu gbɔgbɔ, si na agbe.” (Korintotɔwo I, 15:22, 45; Romatɔwo 5:12, 18) Abe alesi Yesu, si nye Fofo Mavɔ, anɔ agbe tegbee ene la, nenemae ameƒomea me tɔ toɖolawo ase vivi le eƒe vifofonyenye me ayi ɖe mavɔ mee.—Romatɔwo 6:9.
“Ŋutifafafia”
27, 28. Viɖe wɔnuku kawoe “Ŋutifafafia” la teviwo akpɔ fifia kple le etsɔme?
27 Tsɔ kpe ɖe agbe mavɔ nɔnɔ ŋu la, amegbetɔ gahiã ŋutifafa si anɔ wo kple Mawu kpakple ehavi amegbetɔ dome. Egbea gɔ̃ hã amesiwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe “Ŋutifafafia” la ƒe dziɖuɖu te ‘tsɔ woƒe yiwo tu kodziwoe, eye wotsɔ woƒe akplɔwo tu hɛ gobɛwoe.’ (Yesaya 2:2-4) Fuléle menɔa wo me le dunyahehe, nuto si me tɔwo wonye, ameƒomevinyenye, alo ganya ƒe vovototo ta o. Wowɔ ɖeka le Mawu vavã ɖeka, Yehowa, ƒe tadedeagu me, eye wodzea agbagba be ŋutifafa nanɔ yewo kple yewo haviwo dome le hamea me kple le egodo.—Galatiatɔwo 6:10; Efesotɔwo 4:2, 3; Timoteo II, 2:24.
28 Le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, Kristo ana ŋutifafa naxɔ xexeame katã, anye ŋutifafa si ali ke, eye wòanɔ anyi ɖaa. (Dɔwɔwɔwo 1:7) “Eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me.” (Yesaya 9:6a) Yesu, Ŋutifafafia la, mawɔ eƒe ŋusẽ ŋudɔ atsɔ ate ame ɖe anyi o. Maxɔ eteviwo ƒe tiatiawɔblɔɖe le wo si o eye mazi wo dzi abɔbɔ wo ɖe anyi hã o. Ke boŋ awɔ nusianu ‘le ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye me.’ Tɔtrɔ fakɔname kae nye si wòanye!
29. Nukae wòle be míawɔ ne míedi be míakpɔ yayra si nye ŋutifafa mavɔ?
29 Gɔmesese nyoameŋu siwo le Yesu ƒe nyagblɔɖiŋkɔa ŋu na alesi Yesaya ƒo eƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia tae la do dzidzɔ na ame ŋutɔ. Eŋlɔ bena: “Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.” (Yesaya 9:6b) Ẽ, Yehowa wɔa nu dea goe. Mewɔa nu kple dzi afa o. Míate ŋu aka ɖe edzi be awɔ nusianu si ƒe ŋugbe wòdo la bliboe. Eyata ne edzro ame aɖe be yeakpɔ ŋutifafa mavɔ la, ke netsɔ dzi blibo subɔ Yehowae. Abe Yehowa Mawu kple Yesu, Ŋutifafafia la ene la, neva me be mawusubɔlawo katã ‘nado vevie nu le dɔ nyui wɔwɔ me.’—Tito 2:14.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ame geɖe xɔe se be Xizkiya ye ŋlɔ Psalmo 119 hafi wòva zu fia. Ne nenemae la, ke anye be eŋlɔe esime Yesaya nɔ nya gblɔm ɖi.
b Nyagbɔgblɔ “womegblɔ alea” si dze le Yesaya 8:20 la ate ŋu afia nya si ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ, si ŋu Yesaya 8:19 ƒo nu tsoe la ŋu. Ne nenemae la, ke Yesaya le gbɔgblɔm be amesiwo doa gbɔgbɔyɔyɔ ɖe ŋgɔ le Yuda la ayi edzi ade dzi ƒo na ame bubuwo be woayi gbɔgbɔyɔyɔ dzi eye esia awɔe be womakpɔ numekɔkɔ aɖeke tso Yehowa gbɔ o.
c Ame aɖewo gblɔ be ɖewohĩ amesiwo menye Israel-viwo o ye nɔ Galilea-du 20 siwo Fia Salomo tsɔ na Tiro-fia Xiram la me.—Fiawo I, 9:10-13.
[Anyigbata/Nɔnɔmetata si le axa 122]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Korazin
Kapernaum
Betsaida
Genezaret
Gbadzaƒe
Galilea
Ƒu
Magadan
Tiberia
Yordan
Tɔsisi
GADARA
Gadara
[Nɔnɔmetata siwo le axa 119]
Kain kple Yesu siaa ƒe dzidzi nɔ etɔxɛ. Gake Yesu tɔ koe he dzidzɔ vɛ
[Nɔnɔmetata si le axa 121]
Dɔwuame aɖe si nu asẽ wu abolodɔ kple tsikɔwuame ava
[Nɔnɔmetata si le axa 127]
Yesu zu kekeli le anyigba la dzi