Ta Wuienyilia
Nuteƒemawɔmawɔ Ŋuti Nusɔsrɔ̃wo
1. Aleke wòanɔ ne èle blemadu si ŋu woɖe to ɖo me?
BU ALESI wòanɔ ne èle blemadu si ŋu woɖe to ɖo me ŋu kpɔ. Futɔwo le glia godo—wonye aʋakɔ sesẽ makpɔnublanuiwo. Ènya be woxɔ du bubuwo xoxo. Fifia woɖoe be yeawoaxɔ miaƒe dua, aha eme nuwo, woadɔ nyɔnuwo gbɔ sesẽe, ahawu dua me tɔwo. Futɔwo ƒe asrafoawo sesẽ wu mi sã ale be manya wɔ be miakpe kple wo tẽ o; nusi ŋu miate ŋu aɖo ŋu ɖo koe nye dua ƒe gli si axe mɔ na wo. Esi nèle glia tame kpɔm la, èkpɔ agba kɔkɔ siwo wozãna le toɖeɖe ɖe du ŋu me siwo futɔwo tsɔ vɛ. Mɔ̃ siwo ate ŋu ada kpe gãwo wòagbã miaƒe takpɔnuwo hã le wo si. Èkpɔ woƒe gligbãnuwo kple aŋutsrɔe kɔkɔwo, woƒe datidalawo kple tasiaɖamwo, kpakple woƒe asrafo gbogboawo. Aleke gbegbe wòado ŋɔdzi na amee nye si!
2. Ɣekaɣie toɖeɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya ƒe ta 22 lia me la dzɔ?
2 Míexlẽ nu tso toɖeɖe sia tɔgbe ŋu le Yesaya ƒe ta 22 lia me—eyae nye toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋu. Ɣekaɣie nusia dzɔ? Esesẽ be woatɔ asi toɖeɖe ɖeka aɖe dzi be eya mee nusiwo katã ŋu míeƒo nu tsoe le afisia la dzɔ le. Kpeɖodziawo fia be anyo wu be míase nyagblɔɖia gɔme be enye nusiwo adzɔ ɖe Yerusalem dzi le toɖeɖe vovovowo me, si nye nuxlɔ̃ame le nusi nɔ ŋgɔ ŋu.
3. Aleke Yerusalemtɔwo wɔ nui ɖe toɖeɖe si ŋu Yesaya ƒo nu tsoe la ŋu?
3 Nukae Yerusalemtɔwo wɔ le toɖeɖe si ŋu Yesaya ƒo nu tsoe la me? Ðe Mawu ƒe dukɔ si wòbla nu kpli la me tɔwo nɔ ɣli dom nɔ Yehowa yɔm be wòaxɔ na yewoa? Ao, nɔnɔme aɖe si me nunya mele kura o ye woɖe fia, si ɖi esi míekpɔna egbea le ame geɖe siwo gblɔna be yewosubɔa Mawu la dome.
Du si Ŋu Woɖe To Ðo
4. (a) Nukae nye “ŋutegabalime” la, eye nukatae woyɔe nenema? (b) Nɔnɔme ka mee Yerusalemtɔwo nɔ le gbɔgbɔ me?
4 Le Yesaya ta 21 lia me la, wotsɔ “nya” dze ʋɔnudrɔ̃gbedasi etɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe gɔmee. (Yesaya 21:1, 11, 13) Nenema ke wodze ta 22 lia hã gɔmee be: “Nya ɖe ŋutegabalime la ŋu: Nya ka dzɔ, be mi katã miede xɔta?” (Yesaya 22:1) Yerusalem ye nye “ŋutegabalime” la. Woyɔ du la be bali me elabena togbɔ be teƒe kɔkɔ wòle hã la, to siwo kɔkɔ wu ƒo xlãe. Woyɔ ‘ŋutega’ ɖe eŋu, elabena afimae wokpɔ ŋutega hexɔ nyaɖeɖefia geɖe siwo tso Mawu gbɔ le. Le esia ta ɖe wòle be dua me nɔlawo naɖo to Yehowa ƒe nyawo hafi. Gake nusi wowɔ boŋue nye be wogbe eyama eye wotra ge ɖe alakpasubɔsubɔ me. Futɔ si va ɖe to ɖe dua nye nusi Mawu tsɔ le ʋɔnu drɔ̃m eƒe dukɔ dzego la.—Mose V, 28:45, 49, 50, 52.
5. Anye be nukatae dukɔa yi woƒe xɔwo ta?
5 De dzesii be Yerusalemtɔwo ‘katã de woƒe xɔwo ƒe xɔta.’ Le blemaɣeyiɣiwo me la, Israel-viwo ƒe aƒewo tame nɔa gbadzaa eye ƒomewo kpea ta le afima zi geɖe. Yesaya megblɔ nusita woyi afima le nya sia me ya o, gake eƒe nyawo fia be mekpɔ dzidzɔ ɖe woƒe afima yiyi ŋu o. Eyata anye be ɖe woyi xɔa ta be yewoadi kpekpeɖeŋu le yewoƒe alakpamawuwo gbɔ. Alea wonɔa wɔwɔm le ƒe siwo do ŋgɔ na Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la me.—Yeremya 19:13; Zefanya 1:5.
6. (a) Nɔnɔme kawoe yi edzi le Yerusalem-dua me? (b) Nukata ame aɖewo tso aseye, gake nukae nɔ ŋgɔ?
6 Yesaya yi edzi be: “Wò, howɔwɔ kple ʋunyaʋunya ƒe du; wò, mɔ̃ tso aseye! Wò ame kukuwo la, menye yi woda wo o, eye menye aʋa me wotsi o.” (Yesaya 22:2) Ame gbogbo aɖewo va dua me, eye zi tɔ le eme. Amewo le ɣli dom le ablɔwo dzi eye vɔvɔ̃ ɖo wo. Gake ame aɖewo ya le aseye tsom, ɖewohĩ le esi wobu be yewole dedie alo xɔe se be afɔkua nu ava yi ta.a Gake enye bometsitsi be woatso aseye le ɣeyiɣi sia me. Dua me tɔ geɖe aku ku si vɔ̃ɖi wu esi woatsi yi nu. Du si ŋu woɖe to ɖo megakpɔa nuɖuɖu tsoa egodo o. Nuɖuɖu si wodzra ɖo ɖe dua me la vɔna. Dɔwuitɔwo kple alesi amewo xaxa ɖe teƒe suewoe hea dɔvɔ̃wo vɛ. Eyata Yerusalemtɔ geɖe aku le dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me. Esia dzɔ le ƒe 607 D.M.Ŋ. kple le ƒe 70 M.Ŋ. me.—Fiawo II, 25:3; Konyifahawo 4:9, 10.b
7. Nukae Yerusalem ƒe tatɔwo wɔ le toɖeɖea me, eye nukae dzɔ ɖe wo dzi?
7 Aleke Yerusalem ƒe tatɔwo xɔ ŋgɔe le xaxa sia me? Yesaya ɖo eŋu be: “Wò tatɔwo katã si, wobla wo da matsɔmatsɔe, wode ga wò amewo katã, esi wosi yi didiƒe ke hã.” (Yesaya 22:3) Tatɔawo kple ame sesẽwo si gake wova lé wo! Togbɔ be womeda aŋutrɔ aɖeke wo o hã la, wolé wo hekplɔ wo dzoe wozu gamenɔlawo. Esia dzɔ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Esi wogbã Yerusalem-glia ƒe akpa aɖe la, Fia Zedekiya kple eƒe ame sesẽwo si to afima. Futɔwo see heti wo yome, eye woƒe asi tu wo le Yerixo-gbadzaƒe. Ame sesẽawo ka hlẽ. Wolé Zedekiya, wogbã ŋku nɛ, wode akɔbligae, eye wokplɔe yi Babilon. (Fiawo II, 25:2-7) Eƒe nuteƒemawɔmawɔ me tsonu wɔnublanui ka gbegbee nye si!
Dzɔgbevɔ̃ea Na Wòtɔtɔ
8. (a) Aleke Yesaya wɔ nu ɖe afɔku si ava Yerusalem dzi ŋuti nyagblɔɖia ŋui? (b) Aleke nɔnɔmea anɔ le Yerusalem?
8 Nyagblɔɖi sia ʋã Yesaya vevie. Egblɔ be: “Miɖe kɔ ɖa le ŋunye, ne mafa avi vevie, migaƒo du ɖe nunye, be yewoafa akɔ nam le nye dukɔ ƒe vinyɔnu tsɔtsrɔ̃ la ŋuti o.” (Yesaya 22:4) Yesaya xa nu ɖe nusi wogblɔ ɖi be adzɔ ɖe Moab kple Babilon dzi ta. (Yesaya 16:11; 21:3) Fifia eƒe tɔtɔ kple nuxaxa nu gasẽ ɖe edzi wu esi wòbu afɔku si gbɔna ye ŋutɔ ƒe dukɔa dzi ŋu. Wofa akɔ nɛ ʋuu do kpoe. Nukatae? “Elabena Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, he ʋunyaʋunya, tsɔtsrɔ̃ kple tɔtɔ ƒe ŋkeke va ŋutegabali la me; wowlu gliwo te, eye ɣlikpɛ ɖi ɖo ɖe to la gbɔ.” (Yesaya 22:5) Zitɔtɔ gã aɖe anɔ Yerusalem. Dzidzi aƒo amewo woanɔ tsaglãla tsam. Ne futɔwo te dua ƒe glia gbagbã la, ‘ɣlikpɛ aɖi wòaɖo to la gbɔ.’ Ðe esia fia be dua me tɔwo ado ɣli ayɔ Mawu le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe si le Moria Toa dzi mea? Ðewohĩ woawɔ nenema. Gake le woƒe nuteƒemawɔmawɔ ta la, ɖewohĩ nusi wòfia koe nye be woƒe ɣlidodo le ŋɔdzi si lé wo ta la aɖo to siwo ƒo xlã wo dzi.
9. Ƒo nu tso aʋakɔ si di be yewoaxɔ Yerusalem la ŋu.
9 Futɔ kawo tɔgbe ye le ŋɔdzi dom na Yerusalem? Yesaya gblɔ na mí be: “Elam kpla daku, eye tasiaɖam, siwo ame yɔ, kple sɔdolawo kpe ɖe eŋu; Kir klo nu le akpoxɔnu ŋu.” (Yesaya 22:6) Futɔawo bla aʋakpa nyuie. Datidala siwo ƒe daku me yɔ fũ kple dawo la le wo si. Aʋakalẽtɔwo le woƒe akpoxɔnuwo dzram ɖo ɖe aʋawɔwɔ ŋu. Tasiaɖamwo kple sɔ siwo wona hehee ɖe aʋawɔwɔ ŋu la le wo si. Asrafo siwo tso Elam, si le afisi nye Persia Ƒukɔme fifia la ƒe dziehe, kple esiwo tso Kir, si ɖewohĩ enɔ Elam gbɔ, la le aʋakɔ la dome. Dukɔ mawo siwo woyɔ la fia alesi gbegbe amedzidzelaawo tso didiƒe ke vae. Efia hã be Elamtɔ datidalawo anya nɔ aʋakɔ siwo le ŋɔdzi dom na Yerusalem le Xizkiya ƒe ŋkekea me la dome.
Agbagbadzedze be Woakpɔ Wo Ðokui Ta
10. Nudzɔdzɔ kae na dua me tɔwo kpɔe be yewodɔ̃?
10 Yesaya ƒo nu tso nɔnɔme si nɔ mo dom ɖa la ŋu be: “Ale tasiaɖamwo yɔ wò bali nyuitɔwo me, eye sɔdolawo dze aʋa ɖe wò agbowo ŋu. Èklo avɔ le Yuda dzi.” (Yesaya 22:7, 8a) Tasiaɖamwo kple sɔwo yɔ gbadzaƒe siwo le Yerusalem-glia godo la fũ eye wole klalo be yeawoagbã dua ƒe agbowo. Nukae nye ‘avɔ si woklo le Yuda dzi’? Anye dua ƒe agbo si dzi futɔwo va kpɔ ŋusẽ ɖo eye wòana dua me tɔwo siwo nɔ eta ʋlim la nakpɔe be yewodɔ̃.c Esi woɖe avɔ sia si nye takpɔnu ɖa la, mɔ ʋu ɖi na amedzidzelaawo be woage ɖe dua me faa.
11, 12. Ametakpɔnu kawoe Yerusalemtɔwo wɔ?
11 Fifia Yesaya he susu yi agbagba siwo dukɔa dze be yewoaʋli yewo ɖokui ta la dzi. Nane va susu me na wo gbã—eyae nye aʋawɔnuwo! “Nètsa ŋu na avexɔ ƒe aʋawɔnuwo gbemagbe. Miekpɔ be, Dawid ƒe du la ƒe gbagbãƒewo sɔ gbɔ, eye mieƒo anyigbeta ƒe tsiwo nu ƒu.” (Yesaya 22:8b, 9) Wodzraa aʋawɔnuwo ɖo ɖe avexɔ la ƒe nudzraɖoƒe. Salomo ye tu aʋawɔnudzraɖoƒe sia. Esi wònye Libanon sedertiwoe wotsɔ tui ta la, wova yɔe be “Libanon-avexɔ.” (Fiawo I, 7:2-5) Wolé ŋku ɖe glia ƒe gbagbãƒewo ŋu. Wodi tsi—si nye ametakpɔnu vevi aɖe—da ɖi. Ameawo hiã na tsi hafi woate ŋu anɔ agbe. Dua mate ŋu anɔ te tsi manɔmee o. Gake de dzesii be womegblɔ nya aɖeke le woƒe Yehowa didi be wòaɖe yewo ya ŋu o. Woa ŋutɔwo ƒe nuzazãwo tsoƒe ŋu boŋue woɖo ŋu ɖo. Megadzɔ be míawɔ vodada ma tɔgbe gbeɖe o!—Psalmo 127:1.
12 Nukae woate ŋu awɔ le gbagbãƒe siwo le dua ƒe glia ŋu la ŋuti? “Miexlẽ Yerusalem-xɔwo, eye miegbã xɔawo, be miatsɔ ali ke gliawoe.” (Yesaya 22:10) Wolé ŋku ɖe xɔwo ŋu kpɔe ɖa be kawoe woate ŋu agbã be woakpɔ xɔtunuwo atsɔ adzra gbagbãƒeawo ɖoe hã. Wowɔ esia be wòana be futɔwo nagakpɔ ŋusẽ ɖe glia dzi keŋkeŋ o.
Xɔsemanɔsitɔwo
13. Agbagba kae dukɔa dze ɖe tsikpɔkpɔ ŋu, gake amekae woŋlɔ be?
13 “Mieɖe tsiʋe ɖe gli eveawo dome na ta xoxo la me tsiwo; ke mietrɔ kɔ ɖe amesi wɔe la ŋu o, eye mielé ŋku ɖe amesi wɔe tso gbaɖegbe ke la ŋu o.” (Yesaya 22:11) Agbagba si wodze be woadi tsi ada ɖi, si wogblɔ le afisia kple le kpukpui 9 lia la na míeɖo ŋku afɔ si Fia Xizkiya ɖe be yeakpɔ dua ta tso Asiriatɔ siwo va dze wo dzi si me la dzi. (Kronika II, 32:2-5) Gake xɔse aɖeke menɔ du si ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia me ya si o. Esi wonɔ agbagba dzem ɖe dua takpɔnuwo ŋu la, womebu Wɔla la ŋu, abe Xizkiya ene o.
14. Togbɔ be Yehowa xlɔ̃ nu dukɔ la hã la, nɔnɔme gbegblẽ kae nɔ wo si?
14 Yesaya yi edzi be: “Ɣemaɣi la Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, yɔ ame hena avifafa, konyifafa, talulũ kple akpanyatata; ke agbeɖuɖu kple dzidzɔkpɔkpɔ li: wole nyi wum, wole alẽ tsom, wole lã ɖum, eye wole wein nom! Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge!” (Yesaya 22:12, 13) Yerusalemtɔwo mewɔ naneke si fia be eve yewo be yewodze aglã ɖe Yehowa ŋu o. Womefa avi, lũ ta, alo ta akpanya tsɔ ɖe dzimetɔtrɔ fia o. Ne ɖe wowɔ nenema la, anye ne Yehowa ate ŋu ana ŋɔdzinu siwo nɔ ŋgɔ la nato wo ŋu hafi. Gake wova nyrɔ wo ɖokui ɖe ŋutilãmevivisese me vĩ boŋ. Ame geɖe siwo mexɔa Mawu dzi sena o ɖea nɔnɔme sia ke fiana egbea. Le esi mɔkpɔkpɔ aɖeke mele wo si—eɖanye ɖe ame kukuwo ƒe tsitretsitsi loo alo etsɔme Paradisonyigba ŋu o—ta la, wonɔa agbe bliba henɔa gbɔgblɔm be: “Minɛ míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge!” (Korintotɔwo I, 15:32) Aleke gbegbe wogbe nukpɔkpɔ yi ŋgɔe enye si! Ne ɖe woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, anye ne mɔkpɔkpɔ si anɔ anyi ɖaa asu wo si hafi!—Psalmo 4:7-9; Lododowo 1:33.
15. (a) Ʋɔnudrɔ̃nya kae Yehowa gblɔ ɖe Yerusalem ŋu, eye amekawo dzie wòto drɔ̃ ʋɔnu wo? (b) Nukata nusi dzɔ ɖe Yerusalem dzi la tɔgbe adzɔ ɖe Kristodukɔa dzi?
15 Yerusalemtɔ siwo ŋu woɖe to ɖo la manɔ dedie o. Yesaya gblɔ be: “Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam be: Womatsɔ vodada sia ake mi akpɔ o, vaseɖe esime miaku! Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ye gblɔe!” (Yesaya 22:14) Womatsɔe ake dukɔ la o le woƒe dzimesesẽ ta. Woatsrɔ̃ godoo. Esia nye nusi ava eme kokoko. Aƒetɔ Fiagã, aʋakɔwo ƒe Yehowa, ye gblɔe. Afɔku dzɔ ɖe Yerusalem mawɔnuteƒe la dzi zi eve wònye Yesaya ƒe nyagblɔɖinyaawo me vava. Babilon-ʋakɔwo va tsrɔ̃e eye emegbe Roma-ʋakɔwo hã va tsrɔ̃e. Nenema ke afɔku ava Kristodukɔ mawɔnuteƒe si me tɔwo gblɔna be yewosubɔa Mawu gake wotsɔ woƒe dɔwɔwɔwo gbe nu le egbɔ ŋutɔŋutɔ la hã dzii. (Tito 1:16) Kristodukɔa kple xexemesubɔsubɔha bubu siwo doa vlo Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔewo la ƒe nuvɔ̃wo “kɔ yi ɖatɔ dziƒo.” Woƒe vodada lolo akpa be woalé avu ɖe eta abe Yerusalem si gbe xɔse ƒe vodada ke ene.—Nyaɖeɖefia 18:5, 8, 21.
Xɔnuvi Ðokuitɔdila Aɖe
16, 17. (a) Amekae Yehowa gagblɔ nuxlɔ̃amegbedasi na azɔ, eye nukatae? (b) Nukae adzɔ ɖe Sebna dzi le eƒe nugãdidi ta?
16 Fifia nyagblɔɖila ɖe susu ɖa le dukɔ mawɔnuteƒea ŋu hetrɔe ɖe ame mawɔnuteƒe aɖe ŋu. Yesaya ŋlɔ bena: “Ale Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, gblɔ esi: Tso, nayi nuwo dzikpɔla Sebna, amesi le aƒea nu la gbɔ. Nukae le asiwò le afi, eye amekae li na wò le afi, hafi nèɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi, èɖe yɔdo ɖe kɔkɔƒe, eye nèwɔ nɔƒe na ɖokuiwò ɖe agakpe me?”—Yesaya 22:15, 16.
17 Sebna nye ‘amesi le aƒea nu,’ si ɖewohĩ anye Fia Xizkiya ƒe aƒe. Esia ta enɔ ɖoƒe vevi aɖe, eye fia koe kpɔ ŋusẽ wui. Wobia nu geɖe tso esi. (Korintotɔwo I, 4:2) Ke hã le ɣeyiɣi si me wòle be Sebna nalé ŋku ɖe dukɔa ƒe nyawo ŋu la, enɔ bubu dim na eɖokui. Ena wonɔ yɔdo dzeani aɖe—si sɔ kple fiawo tɔ—ɖem na eyama ɖe agakpe kɔkɔ aɖe me. Esi Yehowa kpɔ esia la, ena Yesaya xlɔ̃ nu xɔnuvi mawɔnuteƒe sia be: “Kpɔ ɖa, Yehowa ada wò ɖa, abe alesi ŋutsu daa nu ɖae ene, eye wòavà wò goŋgoŋ, eye wòaŋlɔ wò kotikoti abe nu mligoe ene aɖo ɖe anyigba, si keke le goawo kple eve me la dzi. Afima naku ɖo, eye afima wò tasiaɖam nyuiawo atsi, wò, amesi nye wò aƒetɔ ƒe aƒe ƒe ŋukpe la! Maɖe wò le wò dɔ nu, eye matutu wò ɖa le nɔwòƒe.” (Yesaya 22:17-19) Le esi Sebna bua eɖokui ɖeɖeko ŋu ta la, makpɔ yɔdo gbɔlo gɔ̃ hã amlɔ eme le Yerusalem o. Ke boŋ woadae abe bɔl ene wòava ku ɖe anyigba didi aɖe dzi. Nuxlɔ̃ame aɖe le esia me na amesiwo katã wotsɔ ŋusẽ na le Mawu ƒe amewo dome. Ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu ana woaxɔ ŋusẽ ma le amea si eye ana woate ŋu anyãe gɔ̃ hã.
18. Amekae ava xɔ ɖe Sebna teƒe, eye nukae Sebna ƒe dɔwɔwuwo kple Dawid ƒe aƒe la ƒe safui si amesia axɔ la fia?
18 Gake aleke woaɖe Sebna ɖa le eƒe ɖoƒeae? Yehowa to Yesaya dzi ɖe eme be: “[Ava] me le ɣemaɣi be, mayɔ nye dɔla Elyakim, Xilkiya vi, mado wò awu nɛ, eye matsɔ wò alidziblanu abla ali dzi nɛ, matsɔ wò dziɖuɖu ade asi nɛ, eye wòanye fofo na Yerusalemtɔwo kple Yuda ƒe aƒe la. Matsɔ Dawid ƒe aƒe la ƒe safui aɖo abɔta nɛ, aʋui, eye ame aɖeke madoe o; adoe, eye ame aɖeke maʋui o!” (Yesaya 22:20-22) Elyakim ava xɔ ɖe Sebna teƒe, eye woatsɔ xɔnuvi la ƒe dɔwɔwuwo akpe ɖe Dawid ƒe aƒe la ƒe safui ŋu nɛ. Biblia zãa nya “safui” tsɔ fiaa ɖoƒe kɔkɔ, dziɖuɖu, alo ŋusẽ. (Tsɔe sɔ kple Mateo 16:19.) Le blema la, fia ƒe aɖaŋuɖola si wotsɔa safuiwo nana la te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe fiaƒemexɔwo dzi, eye wòtsoa nya me le amesiwo dze awɔ fia ƒe dɔwo gɔ̃ hã ŋu. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 3:7, 8.) Eyata xɔnuvi ƒe dɔ le vevie ŋutɔ, eye wobiaa nu geɖe tsoa amesiame si nɔa ɖoƒe ma si. (Luka 12:48) Ðewohĩ Sebna zã hafi, gake eƒe nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa tsɔ ame bubu ɖo eteƒe.
Kpɔɖeŋutsyoti Eve
19, 20. (a) Aleke Elyakim anye yayra na eƒe dukɔae? (b) Nukae adzɔ ɖe amesiwo yia edzi ɖoa ŋu ɖe Sebna ŋu la dzi?
19 Mlɔeba la, Yehowa zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ tsɔ ƒo nu tso alesi woaxɔ ŋusẽ le Sebna si na Elyakim ŋu. Egblɔ be: “Maƒoe [Elyakim] ɖe teƒe sesẽ abe tsyoti ene, eye wòazu bubufiazikpui na fofoa ƒe aƒe. Eye fofoa ƒe aƒe hahoo blibo la aku ɖe eŋu, viwo kple tɔgbuiyɔviwo kple nu kpotoekpotoewo katã, tso agbanuwo dzi vaseɖe goenuwo katã dzi. Yehowa Zebaot be: Le ɣemaɣi la tsyoti [Sebna], si woƒo ɖe teƒe sesẽ la, agli, aŋe, age adze anyi, eye agba, si le eŋu la, akaka gbẽ; elabena Yehowa ye gblɔe!”—Yesaya 22:23-25.
20 Le kpukpui siawo me la, Elyakim ye nye tsyoti gbãtɔ la. Azu “bubufiazikpui” na fofoa Xilkiya ƒe aƒe. Manɔ abe Sebna ene ado ŋukpe fofoa ƒe aƒe alo ŋkɔ o. Elyakim ana kpekpeɖeŋu aƒea me nuwo, si nye ame bubu siwo le fia ƒe dɔwo wɔm la ɖaa. (Timoteo II, 2:20, 21) Gake tsyoti evelia ya ku ɖe Sebna ŋu. Togbɔ be edze abe ɖe wòli ke hã la, woaɖee ɖa. Amesiame si ɖoa ŋu ɖe eŋu la adze anyi.
21. Ameka teƒee wotsɔ ame bubu ɖoe abe Sebna ene le egbeɣeyiɣiawo me, nukatae, eye amekae va xɔ ɖe eteƒe?
21 Nusi dzɔ ɖe Sebna dzi ɖoa ŋku edzi na mí be ele be amesiwo xɔa subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo le amesiwo gblɔna be yewole Mawu subɔm dome la nawɔ mɔnukpɔkpɔ mawo ŋudɔ atsɔ asubɔ ame bubuwoe eye woahe kafukafu vɛ na Yehowa. Mele be woawɔ woƒe ɖoƒea ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu atsɔ adi viɖe alo ŋkɔxɔxɔe o. Le kpɔɖeŋu me, ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si Kristodukɔa ɖo eɖokui xɔnuvii, si nye Yesu Kristo teƒenɔla le anyigba dzi. Gake abe alesi tututu Sebna di bubu na eɖokui tsɔ he vlododo va fofoa dzii ene la, nenemae Kristodukɔa ƒe ŋgɔnɔlawo hã ƒo kesinɔnuwo nu ƒu hedi ŋusẽ na wo ɖokui tsɔ do vlo Wɔla lae. Eyata esi ʋɔnudɔdrɔ̃ si ‘dze egɔme tso Mawu ƒe aƒea me’ ƒe ɣeyiɣi ɖo le ƒe 1918 me la, Yehowa ɖe Kristodukɔa ɖa le enɔƒe. Woɖo xɔnuvi bubu—“xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala”—eye wotsɔe ɖo Yesu ƒe aƒemenu siwo le anyigba dzi la nu. (Petro I, 4:17; Luka 12:42-44) Ha ƒokpli sia ɖee fia be yedze axɔ Dawid ƒe fiaƒeme “safui” la. Ewɔ nu abe “tsyoti” si ŋu kakaɖedzi le ene hedo alɔ ‘nu’ vovovoawo katã, siwo nye Kristotɔ amesiamina siwo si agbanɔamedzi vovovowo le eye wokpɔa esinu be ana gbɔgbɔmenuɖuɖu yewo la. ‘Alẽ bubuawo’ siwo le abe ‘amedzro si nɔ blema Yerusalem’ ene la ɖoa ŋu ɖe “tsyoti” sia si nye egbeŋkekea me Elyakim ŋu.—Yohanes 10:16; Mose V, 5:14.
22. (a) Nukata ame bubu tsɔtsɔ ɖo xɔnuvi Sebna teƒe sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi? (b) Le egbeɣiyiɣiwo me la, nukata wòsɔ ɖe ɣeyiɣia dzi be wotia “xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala” la?
22 Elyakim xɔ ɖe Sebna teƒe esime Sanxerib kple eƒe aʋakɔwo nɔ ŋɔdzi dom na Yerusalem. Nenema ke woɖo “xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala” la be wòasubɔ le nuwuɣi si awu enu ne Satana kple eƒe aʋakɔwo ho zi mamlɛtɔ be yewoadze “Mawu ƒe Israel” la kple woƒe zɔhɛ siwo nye alẽ bubuawo dzi. (Galatiatɔwo 6:16) Abe alesi wòdzɔ le Xizkiya ƒe ŋkekea me ene la, dzɔdzɔenyenye ƒe futɔwo atsrɔ̃ le amedzidzedze ma me. Amesiwo ɖoa ŋu ɖe xɔnuvi nuteƒewɔla si nye ‘tsyoti si le teƒe sesẽ’ ŋu la atsi agbe, abe alesi Yerusalemtɔ wɔnuteƒewo tsi agbe esime Asiriatɔwo va dze Yuda dzi ene. Ekema aleke gbegbe nunya le eme be míagaku ɖe Kristodukɔa ƒe “tsyoti” mawɔnuteƒe la ŋu o enye si!
23. Nukae va dzɔ ɖe Sebna dzi mlɔeba, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?
23 Nukae dzɔ ɖe Sebna dzi? Nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia alesi eŋuti nyagblɔɖi si le Yesaya 22:18 la va emee o. Esi wòdo eɖokui ɖe dzi eye wobɔbɔe ɖe anyi la, enɔ abe Kristodukɔa ene, gake ate ŋu anye be esrɔ̃ nu tso tohehea me. Eƒe nɔnɔme to vovo na Kristodukɔa tɔ ŋutɔ le esia gome. Esime Asiriatɔ Rabsake bia tso Yerusalem si be wòana ta la, Elyakim, si nye Xizkiya ƒe xɔnuvi yeye la, nɔ ŋgɔ na amedɔdɔ siwo do yi ɖakpee. Gake Sebna nye fia ƒe agbalẽŋlɔla nɔ eŋu. Edze ƒã be Sebna kpɔtɔ nɔ fia ƒe dɔwo wɔm. (Yesaya 36:2, 22) Kpɔɖeŋu nyui kae nye si wònye na amesiwo si woxɔa subɔsubɔnɔƒewo le le Mawu ƒe habɔbɔa me! Le esi teƒe be wòave wo eye woado dziku la, nunya le eme be woayi edzi asubɔ Yehowa le ɖoƒe ɖesiaɖe si wòtsɔ na wo. (Hebritɔwo 12:6) Esia wɔwɔ ana woaƒo asa na afɔku si ava Kristodukɔa dzi. Ke boŋ Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu eye wòayra wo ayi ɖe mavɔmavɔ me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le ƒe 66 M.Ŋ. me la, Yudatɔ geɖe tso aseye esime Roma-ʋakɔ siwo ɖe to ɖe Yerusalem la trɔ dzo.
b Ƒe alafa gbãtɔ me ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be le ƒe 70 M.Ŋ. me la, dɔwuamea nu sẽ le Yerusalem ale gbegbe be ame aɖewo ɖu lãgbalẽ, sɔgbe, kple gbe si lãwo ɖuna. Nyatakaka aɖe fia be vidada aɖe me eya ŋutɔ viŋutsu ɖu.
c ‘Yuda ƒe avɔ’ la agate ŋu afia nu bubu aɖe si nye takpɔnu na dua, si ƒe ɖewoe nye mɔ sesẽ siwo me aʋawɔnuwo nɔ eye wònye nɔƒe na asrafowo.
[Nɔnɔmetata si le axa 231]
Esi Zedekiya si la, wova lée hegbã ŋku nɛ
[Nɔnɔmetata si le axa 232, 233]
Mɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ Yudatɔ siwo woxaxa ɖe Yerusalem la si o
[Nɔnɔmetata si le axa 239]
Xizkiya na Elyakim zu ‘tsyoti si le teƒe sesẽ’
[Nɔnɔmetata si le axa 241]
Abe Sebna ene la, Kristodukɔa ƒe ŋgɔnɔla geɖe li kɔ kesinɔnuwo tsɔ he vlododo va Wɔla la dzii
[Nɔnɔmetata siwo le axa 242]
Le egbeɣeyiɣiwo me la, wotsɔ xɔnuvi nuteƒewɔla ƒe ha aɖe ɖo Yesu ƒe aƒemetɔwo nu