INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ip-1 ta 28 axa 369-381
  • Woagaɖo Paradiso Anyi!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woagaɖo Paradiso Anyi!
  • Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aƒedonyigba aɖe Akpɔ Dzidzɔ
  • Dzidzɔkpɔkpɔ le Gbɔgbɔ Me
  • Yehowa Doa Ŋusẽ Eƒe Amewo
  • “Mɔ Tata Kɔkɔe”
  • Yehowa ƒe Amewo Kpɔa Dzidzɔ
  • Wodzi Dukɔ Yeye Aɖe
  • Nusita Míatso Aseye Ðo La Le Mía Si
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Mitso Aseye Fifia Tsɔ Yi Mavɔmavɔ me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Paradiso—Ànɔ Emea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Xɔname Kple Dzidzɔkpɔkpɔ le Mesia ƒe Dziɖuɖua Te
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
Kpɔ Bubuwo
Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
ip-1 ta 28 axa 369-381

Ta Blaeve Vɔ Enyilia

Woagaɖo Paradiso Anyi!

Yesaya 35:1-10

1. Nukata agbenɔnɔ le paradiso me nye subɔsubɔha geɖe ƒe mɔkpɔkpɔ?

“PARADISO me nɔnɔ nye nudzroame sesẽ siwo hona ɖe amegbetɔwo me enuenu la dometɔ ɖeka. Ðewohĩ eyae nye dzodzro sesẽtɔ kekeake kple esi nɔa ame me eteƒe didina wu ɖesiaɖe. Paradiso ƒe nudzroame aɖe dzena le mawusubɔsubɔgbenɔnɔ ƒe akpa ɖesiaɖe.” Nenemae The Encyclopedia of Religion gblɔ. Nudzroame sia sɔ le dzɔdzɔme nu, elabena Biblia gblɔ na mí be amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ dze egɔme le Paradiso me—enye abɔ dzeani aɖe si me dɔléle kple ku mele o. (Mose I, 2:8-15) Eyata mewɔ nuku o be enye xexeame subɔsubɔha geɖe ƒe mɔkpɔkpɔ be yewoava nɔ agbe le paradiso tɔgbe aɖe me le etsɔme.

2. Afikae míate ŋu akpɔ etsɔme Paradiso ƒe mɔkpɔkpɔ vavãtɔ le?

2 Míate ŋu axlẽ nu tso etsɔme Paradiso ƒe mɔkpɔkpɔ vavãtɔ ŋu le Biblia ƒe akpa geɖe. (Yesaya 51:3) Le kpɔɖeŋu me, Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa si woŋlɔ ɖe ta 35 lia me ƒo nu tso alesi woatrɔ gbedadaƒowo woazu abɔ dzeaniwo kple anyigba wɔnu ŋu. Ŋkuagbãtɔwo akpɔ nu, aɖetututɔwo ate ŋu aƒo nu, eye tokunɔwo ate ŋu ase nu. Le Paradiso sia si ƒe ŋugbe wodo me la, nuxaxa alo hũɖeɖe aɖeke manɔ anyi o, si fia be ku gɔ̃ hã maganɔ anyi o. Ŋugbedodo kae nyo ale! Aleke wòle be míase nya siawo gɔmee? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe le eme na mí egbea? Yesaya ƒe ta sia me dzodzro ana míakpɔ ŋuɖoɖowo na biabia siawo.

Aƒedonyigba aɖe Akpɔ Dzidzɔ

3. Tɔtrɔ kae Yesaya ƒe nyagblɔɖia gblɔ be ava anyigba la dzi?

3 Yesaya ƒe nyagblɔɖi si tso gbɔgbɔ me si ku ɖe Paradiso si woagaɖo anyi ŋu la dze egɔme kple nya siawo be: “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene. Woaƒo se ake, eye woatsɔ dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso ase vivii. Woatsɔ Libanon ƒe ŋutikɔkɔe, Karmel kple Saron ƒe atsyɔ̃ nɛ. Woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple mía Mawu ƒe atsyɔ̃.”—Yesaya 35:1, 2.

4. Ɣekaɣie Yudatɔwo denyigba va zu abe gbedadaƒo ene, eye aleke wòdzɔe?

4 Ƒe 732 D.M.Ŋ. me lɔƒoe Yesaya ŋlɔ nya siawo. Anɔ ƒe 125 megbe la, Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem eye wokplɔ Yudatɔwo yi aboyo mee. Ame aɖeke meganɔ wo denyigba la dzi o si na wòzu aƒedo. (Fiawo II, 25:8-11, 21-26) Esia na Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame be Israel-dukɔa ayi aboyo me ne wogbe nuteƒewɔwɔ la va eme. (Mose V, 28:15, 36, 37; Fiawo I, 9:6-8) Esime Hebritɔwo ƒe dukɔ va zu aboyomewo le dutanyigba dzi la, woƒe agble kple atikutsetsebɔ siwo wodea tsii nyuie la tsi anyi wo gbɔ makpɔmakpɔe ƒe 70 sɔŋ eye wova zu abe gbedadaƒo ene.—Yesaya 64:9; Yeremya 4:23-27; 9:9-11.

5. (a) Aleke wogaɖo paradiso ƒe nɔnɔmewo anyi le anyigba la dzii? (b) Gɔmesese ka nue ameawo ‘akpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe’ le?

5 Gake Yesaya ƒe nyagblɔɖia gblɔ be anyigba la manye aƒedo tegbee o. Woagaɖoe anyi wòazu paradiso ŋutɔŋutɔ. Woatsɔ “Libanon ƒe ŋutikɔkɔe” kple “Karmel kple Saron ƒe atsyɔ̃” nɛ.a Le mɔ ka nu? Esi Yudatɔwo trɔ gbɔ tso aboyo me la, wogate ŋu de woƒe agblewo hede tsi wo, eye woƒe anyigba la gava wɔ nu geɖe abe alesi wònɔ tsã ene. Yehowa koe woate ŋu ada akpe na ɖe esia ta. Eƒe lɔlɔ̃nu kple kpekpeɖeŋu kpakple yayrae na Yudatɔwo gava nɔ paradiso ƒe nɔnɔme siawo me. Amewo ate ŋu akpɔ “Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple [woƒe] Mawu ƒe atsyɔ̃” ne wokpɔe be Yehowa gbɔe tɔtrɔ wɔnuku si va anyigba la dzi tso.

6. Aleke Yesaya ƒe nyawo va eme le mɔ vevi aɖe nui?

6 Gake Yesaya ƒe nyaawo va eme le mɔ si le vevie wu nu le Israel-nyigba si wogaɖo anyi la dzi. Le gbɔgbɔmegɔmesese nu la, ku ɖi le Israel wòzu abe dzogbe ene ƒe geɖe. Esime aboyomeawo nɔ Babilon la, woxe mɔ ɖe tadedeagu dzadzɛtɔ nu vevie. Gbedoxɔ aɖeke menɔ anyi o, womekpɔ vɔsamlekpui o, eye nunɔlanyenye ƒe ɖoɖo aɖeke menɔ anyi o. Gbesiagbevɔsawo nu tsi. Fifia Yesaya gblɔ alesi nɔnɔmea atrɔe ɖi. Israel-to 12 la katã teƒenɔlawo nɔ ŋutsuwo abe Zerubabel, Ezra, kple Nexemya ene te trɔ va Yerusalem, wogbugbɔ gbedoxɔa tu, eye wolɔ̃ faa subɔ Yehowa. (Ezra 2:1, 2) Esia nye gbɔgbɔmeparadiso nyateƒe!

Dzidzɔkpɔkpɔ le Gbɔgbɔ Me

7, 8. Nukata Yudatɔ siwo nɔ aboyo me la hiã na kakaɖedzi, eye aleke Yesaya ƒe nyawo de dzi ƒo na woe?

7 Yesaya ta 35 lia me nyawo nye dzidzɔnya. Nyagblɔɖila la ɖe gbeƒã etsɔme nyui si li na dukɔ si trɔ dzime la. Le nyateƒe me la, etsɔ kakaɖedzi kple mɔkpɔkpɔ ƒo nui. Le ƒe alafa eve megbe la, Yudatɔ siwo nɔ aboyo me la hiã na kakaɖedzi kple mɔkpɔkpɔ ma ke esi woƒe gbugbɔɖoanyia nɔ aƒe tum. Yehowa to Yesaya dzi xlɔ̃ nu wo le nyagblɔɖi me be: “Mido ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo, eye mide agbe klo beliwo me. Migblɔ na amesiwo ƒo dzi ɖe le la be: Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o! Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si! Hlɔ̃biabia gbɔna, Mawu ƒe teƒeɖoɖo; eya ŋutɔ gbɔna, ne wòaxɔ na mi.”—Yesaya 35:3, 4.

8 Aboyomenɔɣi didi la ƒe nuwuwu nye dɔwɔɣi. Persiatɔ Fia Kores si dzi Yehowa to bia hlɔ̃ Babilon la gblɔ be ele be woagbugbɔ Yehowa ƒe tadedeagu aɖo anyi le Yerusalem. (Kronika II, 36:22, 23) Ehiã be Hebritɔwo ƒe ƒome akpeawo nawɔ ɖoɖo ale be woate ŋu azɔ mɔ si dzi afɔku le la tso Babilon ayi Yerusalem. Ne wova ɖo afima la, ahiã be woatu xɔ siwo me woanɔ eye woadzra ɖo ɖe gbedoxɔa tutu kple dua tsotso ƒe dɔ gã la ŋu. Nusiawo katã aɖe dzi le Yudatɔ siwo nɔ Babilon la dometɔ aɖewo ƒo. Gake menye fifiae woawɔ alɔgblɔlɔ alo anɔ vɔvɔ̃m o. Ele be Yudatɔwo nado ŋusẽ wo nɔewo eye woaka ɖe Yehowa dzi. Ena kakaɖedzi wo be yeaxɔ na wo.

9. Ŋugbe wɔnuku kae wodo na Yudatɔ siwo trɔ gbɔ la?

9 Esɔ be amesiwo wona ablɔɖee tso aboyo me le Babilon la nakpɔ dzidzɔ, elabena etsɔme wɔnuku aɖe nɔ wo lalam ne wotrɔ yi Yerusalem. Yesaya gblɔ ɖi be: “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.”—Yesaya 35:5, 6a.

10, 11. Nukata gbɔgbɔmegɔmesese nɔ Yesaya ƒe nyawo ŋu na Yudatɔ siwo trɔ gbɔ, eye nukae wòfia?

10 Edze ƒã be Yehowa ƒe dukɔa ƒe gbɔgbɔmenɔnɔmee nɔ susu me nɛ. Wotsɔ aboyomenɔnɔ ƒe 70 he toe na wo ɖe woƒe tsã xɔsegbegbe ta. Ke hã Yehowa mekplɔ ŋkuagbã, tokuku, lãmetutu, kple aɖetutu ƒu eƒe dukɔ la tsɔ he to na woe o. Eyata mehiã be woada ŋutilãmedɔlélewo na Israel-dukɔa le wo gbugbɔɖoanyi me o. Nusi bue Yehowa gaɖo anyi na wo, si nye gbɔgbɔmelãmesẽ.

11 Woda dɔ na Yudatɔwo le gɔmesesea nu be wona gbɔgbɔmeŋutetewo—si nye woƒe gbɔgbɔmenukpɔkpɔ kple ŋutete si wotsɔ sea Yehowa ƒe nya, wɔna ɖe edzi, hegblɔnɛ la—gasu wo si. Wova kpɔe be ehiã be yewoanɔ Yehowa ŋu kplikplikpli. Wotoa woƒe agbenyuinɔnɔ me ‘tsoa aseye’ tsɔ kafua woƒe Mawu dzidzɔtɔe. Dzo kple ŋusẽ ɖo amesiwo nye “xɔdrɔ̃wo” tsã me le woƒe tadedeagu na Yehowa me. ‘Woti kpo abe zi ene’ le kpɔɖeŋumɔ nu.

Yehowa Doa Ŋusẽ Eƒe Amewo

12. Afikae Yehowa atsɔ tsi ayra anyigba la ase ɖo?

12 Esesẽ be míabui be tsi manɔ paradiso aɖe me o. Tsi bɔ ɖe Paradiso gbãtɔ si nɔ Eden la me. (Mose I, 2:10-14) Anyigba si wotsɔ na Israel la hã nye ‘anyigba si dzi tɔʋuwo, vudowo kple tawo le.’ (Mose V, 8:7) Eyata esɔ be Yesaya gblɔ ŋugbedodo sia si faa akɔ na ame la be: “Tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba. Bleziblezi azu tá, eye kuɖiɖinyigba azu tsidzɔƒe; amegãxiwo nɔƒe, afisi wotsyɔa akɔ ɖo la, azu aƒla kple avàwo teƒe.” (Yesaya 35:6b, 7) Ne Israel-viwo gava le be lém na anyigbaa la, gbe dama dzeaniwo axɔ teƒe siwo zu aƒedo eye amegãxiwo tsana le tsã la. Kuɖiɖinyigba si dzi ʋuʋudedi le atrɔ azu ‘tsiteƒe,’ afisi sii kple tsiteƒegbe bubuwo ate ŋu amie ɖo.—Hiob 8:11.

13. Gbɔgbɔmetsi gbogbo kae dukɔ si wogbugbɔ ɖo anyi la akpɔ?

13 Gake nusi le vevie wue nye nyateƒea ƒe gbɔgbɔmetsi gbogbo si anɔ anyi na Yudatɔ siwo trɔ va wo denyigba dzi. Yehowa ana sidzedze, dzideƒoname, kple akɔfafa wo to eƒe Nya la dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame tsitsi kple amegã wɔnuteƒewo anɔ abe “tɔʋu le gbegbe” ene. (Yesaya 32:1, 2) Amesiwo doa tadedeagu dzadzɛ ɖe ŋgɔ, siwo ƒe ɖewoe nye Ezra, Xagai, Yesua, Nexemya, Zaxarya, kple Zerubabel, woanye kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ be Yesaya ƒe nyagblɔɖia va eme.—Ezra 5:1, 2; 7:6, 10; Nexemya 12:47.

“Mɔ Tata Kɔkɔe”

14. Ƒo nu tso mɔzɔzɔ tso Babilon yi Yerusalem ŋu.

14 Gake hafi Yudatɔ aboyomenɔlawo nate ŋu ase vivi le ŋutilã me kple gbɔgbɔ me paradiso nɔnɔmeawo me la, ahiã be woazɔ mɔ didi si dzi afɔku le tso Babilon ayi Yerusalem. Ne woto mɔ si le tẽ la, ke woazɔ kilometa siwo ade 800 ato dzogbenuto madeamedzi me. Ne woto mɔ si ka ɖe eme vie la, ke woazɔ kilometa 1,600. Mɔawo dometɔ ɖesiaɖe toto axɔ ɣleti geɖe si woatsɔ anɔ yame ƒe nɔnɔmewo nu eye afɔku li hã be woado go lã wɔadãwo kple amegbetɔ siwo wɔa nu abe lãwo ene siaa. Ke hã amesiwo xɔ Yesaya ƒe nyagblɔɖia dzi se metsi dzi boo o. Nukatae?

15, 16. (a) Aleke Yehowa kpɔ Yudatɔ wɔnuteƒewo ta le woƒe mɔzɔzɔ yi wo de mee? (b) Gɔmesese bubu ka nue Yehowa dzra mɔ tata dzi ɖo na Yudatɔwo le?

15 Yehowa do ŋugbe to Yesaya dzi be: “Ametoƒe kple mɔ tata anɔ afima, si woayɔ be ‘mɔ tata kɔkɔe.’ Ame makɔmakɔ aɖeke mato edzi o; woawo ɖeɖeko tɔ wòanye. Amesi ke to edzi la, matra mɔ o, keke gegemewo ke hã. Dzata aɖeke manɔ afima o, lã wɔadã aɖeke manɔ edzi loo, alo woakpɔe le afima o, eye ale amesiwo woɖe la, woato edzi.” (Yesaya 35:8, 9) Yehowa gaxɔ eƒe amewo! Wonye eƒe ‘amesiwo wògbugbɔ ƒle,’ eye eka ɖe edzi na wo be yeakpɔ wo ta le woƒe mɔzɔzɔ yi wo de me. Ðe wota mɔ aɖe si le kɔkɔƒe, si ŋu kpɔtɔtɔ le tso Babilon yi Yerusalem ŋutɔŋutɔa? Ao, gake kakaɖedzi le alesi Yehowa akpɔ eƒe dukɔ la tae le woƒe mɔzɔzɔa me ŋu ale gbegbe be ele abe ɖe wole mɔ sia tɔgbe dzi zɔm ene.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 91:1-16.

16 Wokpɔ Yudatɔwo ta tso gbɔgbɔmefɔkuwo hã me. Kpɔɖeŋu mɔ tata la nye “mɔ tata kɔkɔe.” Amesiwo medea bubu nu kɔkɔewo ŋu o alo wo ŋu mekɔ le gbɔgbɔ me o la medze ato edzi o. Womele wo dim le anyigba si wogbugbɔ ɖo anyi la dzi o. Ele be ameʋaʋã nyuitɔ nanɔ amesiwo dze la me. Menye dulɔlɔ̃ ƒe dada alo ŋutilãmenuwo yome titi tae wotrɔ yina Yuda kple Yerusalem o. Yudatɔ siwo ƒe susu nɔa gbɔgbɔmenuwo ŋu kpɔe dze sii be nu vevitɔ si ta yewotrɔ yinae nye be yewoagbugbɔ aɖo Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛ anyi ɖe anyigba ma dzi.—Ezra 1:1-3.

Yehowa ƒe Amewo Kpɔa Dzidzɔ

17. Aleke Yesaya ƒe nyagblɔɖia fa akɔ na Yudatɔ wɔnuteƒewo le woƒe aboyomenɔnɔ ɣeyiɣi didi la mee?

17 Wotsɔ dzidzɔnya aɖe wu Yesaya ta 35 lia nu be: “Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ agbɔ, eye woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.” (Yesaya 35:10) Ðewohĩ Yudatɔ aboyome siwo kpɔ nyagblɔɖi sia sinu hena akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ le woƒe aboyomenɔɣia la bu alesi eƒe akpa vovovoawo ava emee ŋu. Anɔ eme be womese nyagblɔɖia ƒe akpa geɖe gɔme o. Ke hã eme kɔ ƒã be ‘woatrɔ agbɔ, eye woava Zion godoo.’

18. Mɔ ka nue aseyetsotso kple dzidzɔkpɔkpɔ va xɔ ɖe nuxaxa kple hũɖeɖe le Babilon teƒee?

18 Eyata le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, ŋutsu siwo ade 50,000, (siwo me kluvi 7,000 hã nɔ) kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo zɔ ɣleti ene ƒe mɔ trɔ yi Yerusalem, eye woka ɖe Yehowa dzi bliboe. (Ezra 2:64, 65) Ɣleti ʋɛ aɖewo ko megbe la, wogbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpuia tu, si nye gbedoxɔa gbugbɔgatu ƒe gɔmedzedze. Nya si Yesaya gblɔ ɖi ƒe 200 do ŋgɔ la va eme. Aseyetsotso kple dzidzɔkpɔkpɔ le anyigba si wogbugbɔ ɖo anyi dzi va xɔ ɖe dukɔa ƒe nuxaxa kple hũɖeɖe esime wonɔ Babilon la teƒe. Yehowa wɔ ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi. Wogbugbɔ ɖo Paradiso—ŋutilã me kple gbɔgbɔ me tɔ siaa—anyi!

Wodzi Dukɔ Yeye Aɖe

19. Nukata míate ŋu agblɔ be mɔ sue aɖe nu koe Yesaya ƒe nyagblɔɖia va eme le le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me?

19 Gake mɔ sue aɖe nu koe Yesaya ta 35 lia va eme le le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me. Paradiso ƒe nɔnɔme si me Yudatɔ siwo trɔ va wo denyigba dzi va nɔ la menɔ anyi didi o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mawusubɔsubɔ me alakpanufiafia kple dulɔlɔ̃ va ƒo ɖi tadeadegu dzadzɛa. Yudatɔwo gava nɔ nu xam henɔ hũ ɖem le gbɔgbɔ me ake. Mlɔeba Yehowa gbe wo ale be womeganye eƒe dukɔ o. (Mateo 21:43) Esi wogava gbe toɖoɖo ta la, woƒe dzidzɔkpɔkpɔ menɔ anyi ɖaa o. Nusiawo katã fia be Yesaya ta 35 lia agava eme le mɔ si lolo wu nu.

20. Israel bubu kae va nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me?

20 Le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, Israel bubu si nye gbɔgbɔ me tɔ la do. (Galatiatɔwo 6:16) Yesu wɔ ɖoɖo ɖe Israel yeye sia gɔmeɖoɖoanyi ŋu le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi. Egbugbɔ tadedeagu dzadzɛtɔ ɖo anyi, eye eƒe nufiafiawo na nyateƒea ƒe tsi gate sisi ake. Eda dɔ na dɔnɔwo, le ŋutilã me kple gbɔgbɔ me siaa. Wodo dzidzɔɣli esi woɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia. Kwasiɖa adre le Yesu, amesi wodo ŋutikɔkɔe na ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la, eɖo Kristo-hamea anyi, wònye gbɔgbɔ me Israel si me tɔwo nye Yudatɔwo kple ame bubu siwo woɖe to Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi dzi, eye woxɔ wo wozu Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo kple Yesu nɔviwo hetsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo.—Dɔwɔwɔwo 2:1-4; Romatɔwo 8:16, 17; Petro I, 1:18, 19.

21. Nudzɔdzɔ kawoe míate ŋu agblɔ be wonye Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa aɖewo me vava le ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea gome?

21 Esime apostolo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na gbɔgbɔ me Israel me tɔwo la, ehe susu yi Yesaya 35:3 me nyawo dzi, si gblɔ be: “Mido ŋusẽ asi, siwo wɔ gblɔdɔɔ, kple klo, siwo me tu la.” (Hebritɔwo 12:12) Eyata edze ƒã be Yesaya ta 35 lia me nyawo va eme le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo to nukumɔ dzi ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo eye woʋu to na tokunɔwo. Wona “tekunɔwo” zɔ azɔli eye aɖetututɔwo ƒo nu. (Mateo 9:32; 11:5; Luka 10:9) Vevietɔ wu la, dzinyuitɔwo si tso alakpasubɔsubɔ me eye wova nɔ gbɔgbɔmeparadiso me le Kristo-hamea me. (Yesaya 52:11; Korintotɔwo II, 6:17) Abe alesi wònɔ le Yudatɔ siwo trɔ gbɔ tso Babilon gome ene la, sisila siawo kpɔe be ele vevie be dzi nanɔ yewo ƒo kakaɖedzitɔe.—Romatɔwo 12:11.

22. Aleke wòdzɔe be Kristotɔ nyateƒea dila ɖianukwarewo va nɔ Babilon ƒe aboyo me le egbeɣeyiɣiawo me?

22 Ke míaƒe ŋkekea me ya ɖe? Ðe Yesaya ƒe nyagblɔɖia gava eme ɖe Kristo-hamea dzi egbea le mɔ si de blibo wu nua? Ẽ. Le apostoloawo ƒe ku megbe la, Kristotɔ amesiaminawo ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ eye aʋatso Kristotɔwo, siwo nye “gbe wuwluiwo,” va bɔ ɖe xexeame. (Mateo 13:36-43; Dɔwɔwɔwo 20:30; Petro II, 2:1-3) Le ƒe alafa 19 lia me esime anukwareɖila aɖewo te wo ɖokui ɖeɖeɖa tso Kristodukɔa ŋu hedi tadedeagu dzadzɛ gɔ̃ hã la, nufiafia siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o gaƒo ɖi wo kokoko. Le ƒe 1914 me la, woɖo Yesu zi dzi wòzu Mesia Fia, gake le esia megbe kpuie la, nɔnɔmea meva de nyateƒeadila ɖianukware siawo dzi o. Nyagblɔɖi aɖe va eme ale be dukɔwo ‘wɔ aʋa kpli wo heɖu wo dzi,’ eye wodo kplamatse agbagba siwo Kristotɔ anukwaretɔ siawo dze be woaɖe gbeƒã nyanyuia. Ne míagblɔe la, woyi Babilon ƒe aboyo me.—Nyaɖeɖefia 11:7, 8.

23, 24. Mɔ kawo nue Yesaya ƒe nyawo va eme le le Mawu ƒe amewo dome tso ƒe 1919 me?

23 Gake nuwo va trɔ le ƒe 1919 me. Yehowa ɖe eƒe amewo tso aboyo me. Wova nɔ alakpanufiafia siwo ƒo ɖi woƒe tadedeagu tsã la gbem. Nusi do tso emee nye be woda dɔ na wo. Wova nɔ gbɔgbɔmeparadiso aɖe si gale ta kekem le anyigba dzi katã xɔm egbea la me. Le gbɔgbɔmegɔmesese nu la, amesiwo nye ŋkuagbãtɔwo la le alesi woawɔ akpɔ nu srɔ̃m eye tokunɔwo le nusese srɔ̃m—wova le ŋudzɔ bliboe ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ ŋu eye alesi wòhiã be woanɔ Yehowa ŋu kplikplikpli la nɔa susu me na wo ɣesiaɣi. (Tesalonikatɔwo I, 5:6; Timoteo II, 4:5) Esi Kristotɔ vavãwo meganye aɖetututɔwo o ta la, wodina vevie be ‘yewoatso aseye’ agblɔ Biblia me nyateƒea na ame bubuwo. (Romatɔwo 1:15) Amesiwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me, alo wonye “xɔdrɔ̃wo,” tsã ɖea veviedodo kple dzidzɔ fiana. Le kpɔɖeŋumɔ nu la, wote ŋu ‘tia kpo abe zi ene.’

24 Kristotɔ siawo siwo wogbugbɔ ɖo te la zɔna le “mɔ tata kɔkɔe” dzi. “Mɔ” sia si tso Babilon Gã la me yi ɖe gbɔgbɔmeparadiso me la le ʋuʋu ɖi na tadeagula siwo katã le dzadzɛ le gbɔgbɔ me. (Petro I, 1:13-16) Woate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be akpɔ yewo ta eye woate ŋu aka ɖe edzi be agbagba vɔ̃ɖi siwo Satana dzena atraɖii be yeaɖe tadedeagu vavãtɔ ɖa la madze edzi o. (Petro I, 5:8) Womeɖea mɔ be tosẽlawo kple amesiame si le abe lã wɔadã si vuvua nu ene nagblẽ nu le amesiwo le Mawu ƒe kɔkɔenyenye mɔ tata la dzi ŋu o. (Korintotɔwo I, 5:11) Yehowa ƒe ame siwo wòɖe—amesiaminawo kple ‘alẽ bubuawo’ siaa—kpɔa dzidzɔ le Mawu vavã ɖeka la subɔsubɔ le teƒe sia si eƒe ametakpɔkpɔ le.—Yohanes 10:16.

25. Ðe Yesaya ta 35 lia ava eme le ŋutilã mea? Ðe eme.

25 Ke etsɔme ya ɖe? Ðe Yesaya ƒe nyagblɔɖia ava eme le ŋutilã me gbaɖegbea? Ẽ. Yesu kple eƒe apostolowo ƒe dɔdada nukutɔe le ƒe alafa gbãtɔ me ɖe didi kple ŋutete si le Yehowa si be wòada dɔ alea le mɔ si lolo wu nu le etsɔme fia. Psalmo siwo tso gbɔgbɔ me la ƒo nu tso agbe mavɔ nɔnɔ le ŋutifafa me le anyigba dzi ŋu. (Psalmo 37:9, 11, 29) Yesu do agbenɔnɔ le Paradiso me ƒe ŋugbe. (Luka 23:43) Biblia na paradiso ŋutɔŋutɔ me nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ mí tso eƒe agbalẽ gbãtɔ vaseɖe susɔea dzi. Ɣemaɣie woada dɔ na ŋkuagbãtɔwo, tokunɔwo, tekunɔwo, kple aɖetututɔwo le ŋutilã me ɖaa. Nuxaxa kple hũɖeɖe abu. Dzidzɔkpɔkpɔ anɔ anyi ɖaa tegbee.—Nyaɖeɖefia 7:9, 16, 17; 21:3, 4.

26. Aleke Yesaya ƒe nyawo doa ŋusẽ Kristotɔ siwo li egbeae?

26 Esi Kristotɔ vavãwo le ŋutilã me Paradiso si woagbugbɔ aɖo anyi le anyigba dzi lalam la, wole vivi sem le gbɔgbɔmeparadiso ƒe yayrawo me fifi laa gɔ̃ hã. Wotsɔa kakaɖedzi dzea ŋgɔ dodokpɔ kple xaxawoe. Esi woka ɖe Yehowa dzi vevie ta la, wodea dzi ƒo na wo nɔewo tsɔ wɔna ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Mido ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo, eye mide agbe klo beliwo me. Migblɔ na amesiwo ƒo dzi ɖe le la be: Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o!” Woka ɖe nyagblɔɖi me ŋugbedodo sia dzi bliboe be: “Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si! Hlɔ̃biabia gbɔna, Mawu ƒe teƒeɖoɖo; eya ŋutɔ gbɔna, ne wòaxɔ na mi.”—Yesaya 35:3, 4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ŋɔŋlɔawo gblɔ le blema Libanon ŋu be enye anyigba wɔnu si dzi ave dodowo kple sederti adodoewo nɔ, si ɖi Eden-bɔ la. (Psalmo 29:5; 72:16; Xezekiel 28:11-13) Wonya Saron ɖe eƒe tɔsisiwo kple avemetiwo ta; Karmel xɔ ŋkɔ le eƒe weingble, atikutsetsebɔ, kple alesi seƒoƒo xɔ eƒe towo ƒe abu nui me.

[Nɔnɔmetata si xɔ axa 370]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 375]

Dzogbewo azu tsiteƒe siwo aƒla kple sii amie ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 378]

Yesu yɔ dɔ dɔnɔwo le gbɔgbɔ me kple ŋutilã me siaa

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe