INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gf nusɔsrɔ̃ 2 axa 4
  • Mawue Nye Xɔlɔ̃ Nyuitɔ Kekeake Si Nàte Ŋu Adze

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawue Nye Xɔlɔ̃ Nyuitɔ Kekeake Si Nàte Ŋu Adze
  • Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Àte Ŋu Anye Yehowa Xɔlɔ̃
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Mawu Le Kpewòm Be Nàva Nye Ye Xɔlɔ̃
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Alesi Nàte Ŋu Adze Xɔlɔ̃e
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nukata Xɔlɔ̃wo Menɔa Asinye Didina O?
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
gf nusɔsrɔ̃ 2 axa 4

NUSƆSRƆ̃ 2

Mawue Nye Xɔlɔ̃ Nyuitɔ Kekeake Si Nàte Ŋu Adze

Nyɔnu aɖe le Biblia xlẽm

Mawu ƒe xɔlɔ̃ si nàva zue nye nu nyuitɔ kekeake si nàte ŋu awɔ. Mawu afia nusi nàwɔ dzi nadzɔ wò ahanɔ dedie la wò; ana nàvo tso dzixɔse gbegblẽ kple nuwɔna manyomanyo geɖe me. Ase wò gbedodoɖawo. Akpe ɖe ŋuwò be wò dzi nadze eme eye be dzi nanɔ ƒowò. (Psalmo 71:5; 73:28) Mawu akpe ɖe ŋuwò le xaxaɣiwo me. (Psalmo 18:19) Eye Mawu le eƒe agbemavɔnunana tsɔm le ŋkuwòme ɖom.—Romatɔwo 6:23.

Nyɔnu aɖe do go ƒome aɖe si me tɔwo nye Mawu xɔlɔ̃wo

Ne ète ɖe Mawu ŋu la, àte ɖe Mawu xɔlɔ̃wo hã ŋu. Woawo hã woava zu xɔ̃wòwo. Le nyateƒe me la, woava nɔ na wò abe nɔviwò ŋutsuwo kple nɔviwò nyɔnuwo ene. Adzɔ dzi na wo be woafia nu wò tso Mawu ŋu eye woakpe ɖe ŋuwò ahade dzi ƒo na wò.

Míele tasɔsɔ me kple Mawu o. Ne èdi be yeanye Mawu xɔlɔ̃ la, ele be nya vevi aɖe me nakɔ na wò. Xɔlɔ̃wɔwɔ kple Mawu menye xɔlɔ̃wɔwɔ kple ame hatiwo o. Etsi wu mí sasasã henya nu wu mí boo eye ŋusẽ le esi wu mí sasasã. Eyae dze anye míaƒe Dziɖula. Eyata ne míedi be míanye exɔlɔ̃ la, ele be míaɖo toe ahawɔ nusi wòagblɔ na mí be míawɔ. Ne míewɔe alea la, eme anyo na mí ɣesiaɣi.—Yesaya 48:18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe