INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gf nusɔsrɔ̃ 17 axa 28-29
  • Be Xɔlɔ̃ Nanɔ Asiwò La, Ele Be Nànya Xɔlɔ̃wɔwɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Be Xɔlɔ̃ Nanɔ Asiwò La, Ele Be Nànya Xɔlɔ̃wɔwɔ
  • Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Nɔa Anyi Ðaa
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Ke Dzie Nèle Etum Ðo Loo Alo Agakpe Dzie?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • “Nu Si Lɔlɔ̃ Na Mawu Fiae Nye Esi”
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • “Meyɔa Mi Be Xɔ̃nyewo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
gf nusɔsrɔ̃ 17 axa 28-29

NUSƆSRƆ̃ 17

Be Xɔlɔ̃ Nanɔ Asiwò La, Ele Be Nànya Xɔlɔ̃wɔwɔ

Lɔlɔ̃ dzie xɔlɔ̃wɔwɔ nɔ te ɖo. Ne èsrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu la, wò lɔlɔ̃ nɛ adzi ɖe edzi. Ne wò lɔlɔ̃ na Mawu dzi ɖe edzi la, wò didi be yeasubɔe hã adzi ɖe edzi. Esia aʋã wò be nàva nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la. (Mateo 28:19) Ne èva ge ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome kpɔdzidzɔa me la, àte ŋu anye Mawu xɔlɔ̃ tegbee. Nukae wòle be nàwɔ?

Ele be nàlɔ̃ Mawu to eƒe sewo dzi wɔwɔ me. “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.”—Yohanes I, 5:3.

Tsɔ nusi nèsrɔ̃ wɔ dɔe. Yesu gblɔ ŋutinya aɖe tso nusia wɔwɔ ŋu. Ŋutsu nyanu aɖe tu eƒe xɔ ɖe kpe dzi. Ŋutsu abunetɔ tu etɔ ɖe ke dzi. Esi ahom sesẽ tu la, xɔ si wotu ɖe kpe dzi meʋã o, gake esi wotu ɖe ke dzi mu gbloo. Yesu gblɔ be amesiwo sea yeƒe nufiafiawo eye wowɔa wo dzi le abe ŋutsu nyanu si tu xɔ ɖe kpe dzi ene. Gake amesiwo sea yeƒe nufiafiawo evɔ womewɔa wo dzi o la le abe ŋutsu abunetɔ si tu xɔ ɖe ke dzi ene. Ŋutsuawo dometɔe kae nèdi be yeaɖi?—Mateo 7:24-27.

Xɔ si wotu ɖe agakpe dzi kple xɔ si wotu ɖe ke dzi

Adzɔgbeɖeɖe. Efia be nàte ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me agblɔ nɛ be yedi be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu tegbee. Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ fia be ènye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la.—Mateo 11:29.

Nyɔnu aɖe le adzɔgbe ɖem na Yehowa le gbedodoɖa me

Nyɔnyrɔxɔxɔ. “Na woanyrɔ wò ɖe tsi me, eye nàyɔ eƒe ŋkɔa dzi ne woaklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa.”—Dɔwɔwɔwo 22:16, NW.

Ŋutsu aɖe xɔ nyɔnyrɔ

Ƒo ɖokuiwò katã ɖe Mawu subɔsubɔ me. “Nusianu, si ke miewɔna la, miwɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o.”—Kolosetɔwo 3:23.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe