Alesi Wodze Dɔ Gɔme Hedzi Ðe Edzi le Egbeŋkekea Mee
YEHOWA ÐASEFOWO ƒe egbegbe ŋutinya dze egɔme ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ enye sia. Le ƒe 1870 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, Biblia srɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe dze egɔme le Allegheny, Pennsylvania, U.S.A., si nye Pittsburgh ƒe akpa aɖe fifia. Charles Taze Russell ye dze ƒuƒoƒoa gɔme. Le July 1879 me la, magazine si nye Zion’s Watch Tower and Herald of Christ’s Presence ƒe tata gbãtɔ do. Kaka ƒe 1880 naɖo la, hame geɖe siwo do tso Biblia srɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo sue ɖeka ma me la kaka ɖo nuto siwo tsɔ ɖe afima me. Le ƒe 1881 me la, woɖo Zion’s Watch Tower Tract Society anyi, eye wodee agbalẽ me le se nu le ƒe 1884 me, eye Russell nye eƒe zimenɔla. Emegbe wotrɔ Habɔbɔa ƒe ŋkɔ wòzu Watch Tower Bible and Tract Society. Ame geɖe nɔ ɖase ɖim tso aƒeme yi aƒeme henɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo nam amewo. Ame 50 nɔ esia wɔm ɣeyiɣiawo katã le ƒe 1888 me—fifia woƒe xexlẽme ɖo 700,000 le mama dedie nu.
Kaka ƒe 1909 naɖo la, dɔa ɖo dukɔ bubuwo me eye woɖe Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã la yi afisi wòle fifia le Brooklyn, New York. Wode mawunyawo nyadzɔdzɔgbalẽ siwo ame bubuwo tana me, eye kaka ƒe 1913 naɖo la, wonɔ esiawo tam ɖe gbegbɔgblɔ ene me le nyadzɔdzɔgbalẽ akpe geɖewo me le United States, Canada, kple Europa. Woma agbalẽwo, agbalẽviwo, kple trakt miliɔn alafa geɖe.
Le ƒe 1912 me la, wote dɔwɔwɔ le “Photo-Drama of Creation” (Xexemewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia) ŋu. Wowɔe wònye fotoɖeɖefia kple nɔnɔmetata siwo ʋãna siwo ŋu gbeɖiɖi kpe ɖo eye eƒo nu tso ɣeyiɣi si me wowɔ anyigba vaseɖe Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua dzi ŋu. Wodze eɖeɖefia gɔme le ƒe 1914 me, eye ame 35,000 kpɔnɛ gbesiagbe. Eyae nye fotoɖeɖefia siwo ʋãna eye gbeɖiɖi kpena ɖe wo ŋu ƒe gbãtɔ.
ƑE 1914
Ɣeyiɣi vevi aɖe nɔ aƒe tum. Le ƒe 1876 me la, Biblia-nusrɔ̃la Charles Taze Russell ŋlɔ nyati si nye “Dukɔwo ƒe Azã: Ɣekaɣie Wòawu Enu?” si wota ɖe Bible Examiner me le Brooklyn, New York, eye eƒe tata si nye October tɔ ƒe axa 27 gblɔ be, “Azã adre la awu enu le ƒe 1914 M.Ŋ. me.” Dukɔwo ƒe Azã la nye ɣeyiɣi si Biblia-gɔmeɖeɖe bubu yɔ be “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi.” (Luka 21:24) Menye nusiwo katã wonɔ mɔ kpɔm be adzɔ le ƒe 1914 mee dzɔ o, gake ƒe mae Dukɔwo ƒe Azã la wu enu nyateƒe eye wònye ƒe si ɖe dzesi etɔxɛ. Ŋutinyaŋlɔla kple nyameɖela geɖe lɔ̃ ɖe edzi be ƒe 1914 nye tɔtrɔ ƒe ɣeyiɣi aɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Eƒe kpɔɖeŋuwo dze le nyayɔyɔ siwo gbɔna me:
“Ƒe mamlɛtɔ si me nuwo ‘sɔ’ keŋkeŋ lee nye ƒe 1913, ƒe si do ŋgɔ na Xexemeʋã I ƒe gɔmedzedze.”—Nyadzɔdzɔtalawo ƒe nya si le Times-Herald me, Washington, D.C., March 13, 1949.
“Ŋutinyaŋlɔla geɖe wu va le ƒe 75 siwo tso ƒe 1914 vaseɖe 1989, siwo me wowɔ xexemeʋa eve le eye dukɔwo dome nyaʋiʋlia yi edzi le, la bum be enye ɣeyiɣi tɔxɛ, ɣeyiɣi si to vovo tso bubuawo gbɔ si me xexea ƒe akpa gãtɔ nɔ aʋa wɔm, nɔ aʋamegbedɔwo wɔm alo nɔ dzadzram ɖo na aʋawɔwɔ.”—The New York Times, May 7, 1995.
“Xexe bliboa tɔ zi ŋutɔŋutɔ le Xexemeʋa I wɔɣi lɔƒo eye míete ŋu ke ɖe nusita wòdzɔ nenema ŋu haɖe o. Do ŋgɔ na ɣemaɣi la, amewo bu be nɔnɔme nyui si wobu le susu me la ava eme ŋutɔŋutɔ kpuie. Ŋutifafa nɔ anyi eye nuwo nɔ edzi dzem. Ðeko nusianu tɔtɔ zi ɖeka. Nɔnɔme si me nuwo megale afɔ tsɔm le tututu o mee míele tso ɣemaɣi . . . Wowu ame geɖe le ƒe alafa sia me wu ɖesiaɖe le ŋutinya me.”—Ðk. Walker Percy, American Medical News, November 21, 1977.
Ƒe 50 kple edzivɔ le ƒe 1914 megbe la, Germany-dziɖuɖumegã Konrad Adenauer ŋlɔ bena: “Dedienɔnɔ kple tomefafa bu le amewo ƒe agbenɔnɔ me tso ƒe 1914 me.”—The West Parker, Cleveland, Ohio, January 20, 1966.
Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ, C. T. Russell, ku le ƒe 1916 me eye Joseph F. Rutherford va xɔ ɖe eteƒe le ƒe si kplɔe ɖo me. Wowɔ tɔtrɔ geɖe. Wodze magazine evelia si kpe ɖe Gbetakpɔxɔ ŋu si nye The Golden Age la tata gɔme. (Fifia woyɔnɛ be Nyɔ!, eye wotaa 20,000,000 ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 80 me.) Wova lé fɔ ɖe aƒeme yi aƒeme ɖaseɖiɖi ŋu wu. Kristotɔ siawo tsɔ ŋkɔ si nye Yehowa Ðasefowo le ƒe 1931 me be wòade vovototo wo kple Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo dome. Yesaya 43:10-12 dzie wotu ŋkɔ sia ɖo.
Wowɔ radio ŋudɔ le ƒe 1920 kple 1930 ƒeawo me ŋutɔ. Kaka ƒe 1933 naɖo la, Habɔbɔa nɔ radio-dɔwɔƒe 403 zãm tsɔ nɔ gbeƒã ɖem Biblia me nuƒowo. Emegbe Ðasefo siwo tsɔa agbaƒomɔ̃ suewo kple Biblia me nuƒo siwo wolé ɖi tsana tso aƒeme yi aƒeme la ƒe dɔa dzi ɖe edzi wòva xɔ ɖe radio zazã teƒe le teƒe geɖe. Wodzea aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme kple amesiame si aɖe ɖetsɔleme afia le Biblia me nyateƒea me.
AƲADZIÐUÐU SIWO WOKPƆ LE ƲƆNUDRƆ̃ƑEWO
Le ƒe 1930 kple 1940 ƒeawo me la, wolé Ðasefo geɖe ɖe dɔ sia wɔwɔ ta, eye woʋli nyawo le ʋɔnudrɔ̃ƒewo be woatsɔ akpɔ nuƒoƒo, agbalẽtata, takpekpe, kple tadedeagu ƒe ablɔɖe ta. Le United States la, nyagbugbɔgadrɔ̃ siwo wobia le nutome ʋɔnudrɔ̃ƒewo na Ðasefowo kpɔ aʋadziɖuɖu le nyadɔdrɔ̃ 43 me le United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ. Nenema ke wodrɔ̃ nya wòde mía dzi le ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔwo le dukɔ bubuwo mee. Nufialagã C. S. Braden ƒo nu tso Ðasefowo ŋu le aʋadziɖuɖu sia si wokpɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒewo gome le eƒe agbalẽ si nye These Also Believe me be: “Wowɔ dɔ ɖedzesi aɖe na demokrasi to aʋa si wowɔ be woatsɔ akpɔ yewoƒe gomenɔamesi ta me, elabena wowɔ nu geɖe le woƒe ʋiʋlia me tsɔ kpɔ ƒuƒoƒo sue ɖesiaɖe si le Amerika la ƒe gomenɔamesi ta na wo.”
HEHENANA TƆXƐ ƑE ÐOÐOWO
J. F. Rutherford ku le ƒe 1942 me eye N. H. Knorr ye va zu zimenɔla ɖe eteƒe. Wotsɔ ɖekawɔwɔ dze hehenana ƒe ɖoɖo aɖe gɔme. Le ƒe 1943 me la, woɖo hehenasuku tɔxɛ aɖe anyi na dutanyanyuigblɔlawo, eye woyɔe be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku. Tso ɣemaɣi la, woɖo amesiwo do le suku sia ɖe anyigba dzi dukɔwo katã me. Woɖo hame yeyewo le dukɔ siwo me ɖeke menɔ tsã o, eye alɔdzedɔwɔƒe siwo woɖo anyi le dukɔwo dome wu 100 fifia. Ɣeaɖewoɣi la, wowɔa suku tɔxɛwo tsɔ naa hehe tɔxɛ hamemegãwo, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le alɔdzedɔwɔƒewo, kple amesiwo le ɖaseɖiɖidɔa wɔm ɣeyiɣiawo katã (siwo nye mɔɖelawo). Wowɔ ɖoɖo ɖe suku tɔxɛ geɖe ŋu na subɔlawo le hehenaƒe aɖe le Patterson, New York.
N. H. Knorr ku le ƒe 1977 me. Habɔbɔa me tɔtrɔ mamlɛ siwo me wòkpɔ gome le do ŋgɔ na eƒe ku la dometɔ ɖekae nye Dziɖuha si le xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn la keke ɖe enu. Le ƒe 1976 me la, woma dɔdzikpɔkpɔ ƒe agbanɔamedziwo hetsɔ de kɔmiti vovovo siwo me Dziɖuhaa me tɔ siwo katã kpɔ nuteƒe le ƒe geɖe ƒe subɔsubɔ me la si.
WOKEKE AGBALẼTAƑEWO ÐE ENU
Nudzɔdzɔ ɖedzesiwo yɔ Yehowa Ðasefowo ƒe egbeɣeyiɣia me ŋutinya me. Biblia srɔ̃ ƒuƒoƒo sue ɖeka si nɔ anyi le Pennsylvania le ƒe 1870 me la tsi ɖe edzi va zu Ðasefo siwo le hame siwo ade 90,000 me le xexeame katã le ƒe 2000 me. Tsã la, asitsahawoe taa woƒe agbalẽwo katã; eye le ƒe 1920 me la, Ðasefowo ta agbalẽ aɖewo le agbalẽtaƒe siwo wohaya. Gake tso ƒe 1927 me la, wota agbalẽ geɖe wu le agbalẽtaƒe si nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., tɔ si le dziƒoxɔ tuɖedzi enyi me le Brooklyn, New York. Wokeke esia ɖe enu hetu agbalẽtaƒe kple dɔwɔƒe bubuwo. Xɔ bubuwo le Brooklyn si te ɖe afima ŋu siwo nye subɔla siwo lɔ̃ faa be yewoakpɔ dɔwɔƒe siawo dzi la ƒe nɔƒe. Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, agble kple agbalẽtaƒe le afisi te ɖe Wallkill ŋu le New York ƒe dzigbe gome. Wotaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo le afima eye wodea nusiwo subɔla siwo le subɔsubɔm le teƒe vovovoawo ɖuna la dometɔ aɖewo ƒe agble le afima. Wokpɔa lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla ɖesiaɖe ƒe gazazã suewo gbɔ nɛ ɣleti sia ɣleti.
DUKƆWO DOME TAKPEKPEWO
Wowɔ takpekpe gã gbãtɔ le Chicago, Illinois, U.S.A., le ƒe 1893 me. Ame 360 ye de eye wona nyɔnyrɔ ame yeye 70. New York City ye wowɔ dukɔwo dome takpekpe gã ɖeka mamlɛtɔ le le ƒe 1958 me. Yankee Stadium kple Polo Grounds si nɔ anyi ɣemaɣie wozã. Ame gbogbotɔ si dee nye 253,922; ame yeye siwo xɔ nyɔnyrɔ ƒe xexlẽme nye 7,136. Tso ɣemaɣi la, wowɔ dukɔwo dome takpekpewo ɖe wo nɔewo yome le dukɔ geɖe me. Takpekpe siawo siwo wowɔna ɖe wo nɔewo yome la katã te ŋu dea takpekpe vovovo akpe ɖeka le anyigba dzi dukɔwo me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]
Dukɔmeviwo ƒe ablɔɖe ƒe dɔ ɖedzesi aɖe
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
“Gbetakpɔxɔ,” tso 6,000 si wotana ɖe gbegbɔgblɔ ɖeka me dzi va ɖo 22,000,000 kple edzivɔ le gbegbɔgblɔ siwo wu 132 me
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Tɔtrɔ ƒe ɣeɣiɣi aɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya me
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 10]