INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jt axa 12-14
  • Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?
  • Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Siwo Biblia Fia
    Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Akpa 1: Kristotɔwo Ƒe Dzixɔsewo
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Gbedasi Si Wòle Be Míaɖe Gbeƒãe
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
    “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?
jt axa 12-14

Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?

YEHOWA ÐASEFOWO xɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla la dzi se. Nuwɔwɔ wɔnuku siwo gɔme menya sena o siwo le xexe si ƒo xlã mí me la ɖeɖe dzaa ɖee fia wòsɔ be Wɔla sẽŋu aɖe si nya nu wu amesiame ye wɔ wo katã. Abe alesi ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe dɔwɔwɔwo ɖea woƒe nɔnɔmewo fianae ene la, nenema ke Yehowa Mawu hã tɔ ɖea eƒe nɔnɔmewo fianae. Biblia gblɔ na mí be ‘tso xexemewɔwɔ dzi la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me.’ Azɔ hã, “dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia” numaƒomaƒoe.—Romatɔwo 1:20; Psalmo 19:2-5.

Amewo memea ze alo wɔa television kple kɔmpiutawo dzodzro o. Anyigba kple edzi nuwɔwɔ siwo nye numiemie kple lãwo wɔ nuku sã wu nu mawo. Míate ŋu ase amegbetɔ ƒe ametia ƒe wɔwɔme kple lãmenugbagbevi triliɔn geɖe siwo le eme la gɔme o—ahɔhɔ̃ si míetsɔ bua tamee la gɔ̃ hã wɔ nuku ale gbegbe be míate ŋu ase eƒe dɔwɔwɔ gɔme o! Ne tameɖoɖo aɖe tae amegbetɔ toa nusiwo mede nusiawo nu o vɛ la, ke tameɖoɖo aɖe le Yehowa Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnukuawo ŋu! Lododowo 16:4 gblɔ be tameɖoɖo aɖe tae wòwɔ wo ɖo: “Nusianu, si Yehowa wɔ la, kple etɔe li.”

Tameɖoɖo aɖe tae Yehowa wɔ anyigba la ɖo, abe alesi wògblɔe na ame eve gbãtɔawo ene be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi . . . , miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!” (Mose I, 1:28) Esi atsu kple asi siawo meɖo to o ta la, womete ŋu na ƒome dzɔdzɔe siwo alé be na anyigba kple edzi numiemie kple lãwo lɔlɔ̃tɔe la yɔ anyigba dzi o. Gake woƒe kpododonu mena Yehowa ƒe tameɖoɖo tsi akpo dzi o. Woŋlɔe ƒe akpe geɖe megbe be: “Mawu, eya amesi mè anyigba . . . , menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o.” Ðe “wòmèe, be woanɔ edzi.” Womatsrɔ̃e o, ke boŋ ‘anyigba la li tegbee.’ (Yesaya 45:18; Nyagblɔla 1:4) Yehowa ƒe tameɖoɖo na anyigba ava eme: “Nye tameɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi.”—Yesaya 46:10.

Eyata Yehowa Ðasefowo xɔe se be anyigba anɔ anyi tegbee eye be ame, agbagbeawo kple kukuawo, siwo katã awɔ nu wòasɔ ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo na anyigba dzeani si dzi amewo le nu la anɔ edzi tegbee. Ameƒomea katã nyi blibomademade dome tso Adam kple Xawa gbɔ eye le ema ta wonye nuvɔ̃mewo. (Romatɔwo 5:12) Biblia gblɔ na mí be: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.” “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.” (Romatɔwo 6:23; Nyagblɔla 9:5; Xezekiel 18:4, 20) Ke aleke woawɔ agava nɔ agbe akpɔ gome le anyigba dzi yayrawo me? To Kristo Yesu ƒe tafevɔsa la dzi ko, elabena egblɔ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe.” “Amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye . . . woado go.”—Yohanes 5:28, 29; 11:25; Mateo 20:28.

Aleke esia ava emee? Woɖe eme le “fiaɖuƒe la ƒe nyanyui” si Yesu dze egɔme ɖe gbeƒãe esime wònɔ anyigba dzi la me. (Mateo 4:17-23) Gake egbea Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem nyanyuia le mɔ tɔxɛ aɖe nu.

[Nyaɖoɖo si le 13]

YEHOWA ÐASEFOWO ƑE DZIXƆSE

Dzixɔse Ŋɔŋlɔawo me Kpeɖodzi

Biblia nye Mawu ƒe Nya Tim. II, 3:16, 17;

eye wònye nyateƒe Pet. II, 1:20, 21; Yoh. 17:17

Kakaɖedzi le Biblia ŋu Mat. 15:3; Kol. 2:8

sã wu kɔnyinyiwo

Mawu ƒe ŋkɔe Ps. 83:19; Yes. 26:4; 42:8;

nye Yehowa Mose II, 6:3

Kristo nye Mawu ƒe Vi Mat. 3:17; Yoh. 8:42; 14:28;

eye Mawu tee wòle 20:17; Kor. I, 11:3; 15:28

Kristo nye Mawu ƒe Kol. 1:15; Nyaɖ. 3:14

nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ

Ati ŋue Kristo ku ɖo, ke Gal. 3:13; Dɔw. 5:30

menye ɖe atitsoga ŋu o

Wotsɔ Kristo ƒe amegbetɔ Mat. 20:28; Tim. I, 2:5, 6;

ƒe agbe xe tafe ɖe Pet. I, 2:24

amegbetɔ toɖolawo ta

Kristo ƒe vɔsa ɖeka Rom. 6:10; Heb. 9:25-28

la ɖeɖe sɔ gbɔ

Wofɔ Kristo tso ku me Pet. I, 3:18; Rom. 6:9;

wòzu gbɔgbɔmeme makumaku Nyaɖ. 1:17, 18

Kristo ƒe anyinɔnɔ Yoh. 14:19; Mat. 24:3;

nye gbɔgbɔ me tɔ Kor. II, 5:16; Ps. 110:1, 2

‘Nuwuɣia’ mee míele fifia Mat. 24:3-14; Tim. II, 3:1-5;

Luka 17:26-30

Fiaɖuƒe si le Kristo te Yes. 9:5, 6; 11:1-5;

aɖu anyigba dzi le Dan. 7:13, 14; Mat. 6:10

dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa me

Fiaɖuƒea ana anyigba Ps. 72:1-4; Nyaɖ. 7:9, 10,

dzi nɔnɔ navivi 13-17; 21:3, 4

Anyigba matsrɔ̃ alo amewo Nyagb. 1:4; Yes. 45:18;

navɔ le edzi gbeɖe o Ps. 78:69

Mawu aɖe fifi nuɖoanyia ɖa Nyaɖ. 16:14, 16; Zef. 3:8;

le Harmagedon-ʋa la me Dan. 2:44; Yes. 34:2; 55:10, 11

Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖikaa Mat. 25:41-46; Tes. II, 1:6-9

Amesiwo ƒe nu dzea Mawu ŋu Yoh. 3:16; 10:27, 28; 17:3;

akpɔ agbe mavɔ Mar. 10:29, 30

Mɔ ɖeka koe ɖo ta agbe me Mat. 7:13, 14; Ef. 4:4, 5

Adam ƒe nuvɔ̃e na amegbetɔwo kuna Rom. 5:12; 6:23

Ne amegbetɔ ku la, eƒe Xez. 18:4; Nyagb. 9:10;

luʋɔ menɔa anyi o Ps. 6:6; 146:4; Yoh. 11:11-14

Hell nye ameƒomea ƒe yɔdo Hiob 14:13 Dy; Nyaɖ. 20:13, 14

Ame kukuwo ƒe mɔkpɔkpɔe Kor. I, 15:20-22;

nye tsitretsitsi Yoh. 5:28, 29; 11:25, 26

Woaɖe ku si Adam he vɛ la ɖa Kor. I, 15:26, 54;

Nyaɖ. 21:4; Yes. 25:8

Ame 144,000 ƒe alẽha sue Luka 12:32; Nyaɖ. 14:1, 3;

la koe ayi dziƒo eye woaɖu Kor. I, 15:40-53; Nyaɖ. 5:9, 10

fia kple Kristo

Wogbugbɔa ame 144,000 la me Pet. I, 1:23; Yoh. 3:3;

tɔwo dzina wozua Mawu Nyaɖ. 7:3, 4

ƒe gbɔgbɔmeviwo

Wobla nu yeye kple Yer. 31:31; Heb. 8:10-13

gbɔgbɔ me Israel

Kristo ŋutɔ dzie wotu Ef. 2:20; Yes. 28:16;

eƒe hamea ɖo Mat. 21:42

Yehowa koe wòle be míado Yoh. 14:6, 13, 14; Tim. I, 2:5

gbe ɖa na to Kristo dzi

Mele be míazã nɔnɔmewɔwɔwo Mose II, 20:4, 5; Mose III, 26:1;

le tadedeagu me o Kor. I, 10:14; Ps. 115:4-8

Ele be míatsri gbɔgbɔyɔyɔ Mose V, 18:10-12; Gal. 5:19-21;

Mose III, 19:31

Satana ye nye xexe sia Yoh. I, 5:19; Kor. II, 4:4;

ƒe fia makpɔmakpɔ Yoh. 12:31

Mele be Kristotɔ nakpɔ gome Kor. II, 6:14-17; 11:13-15;

le xɔsetsakatsaka ƒe Gal. 5:9; Mose V, 7:1-5

habɔbɔ aɖeke me o

Ele be Kristotɔ naɖe Yak. 4:4; Yoh. I, 2:15;

eɖokui ɖa tso xexeame Yoh. 15:19; 17:16

Wòawɔ ɖe amegbetɔ ƒe se Mat. 22:20, 21;

siwo metsi tre ɖe Mawu ƒe Pet. I, 2:12; 4:15

sewo ŋu o dzi

Ʋu xɔxɔ to nu me alo Mose I, 9:3, 4; Mose III, 17:14;

ʋukawo me nye dada le Dɔw. 15:28, 29

Mawu ƒe sewo dzi

Ele be míawɔ ɖe Kor. I, 6:9, 10; Heb. 13:4;

agbenyuinɔnɔse siwo Tim. I, 3:2; Lod. 5:1-23

le Biblia me dzi

Israel-viwo koe wode Mose V, 5:15; Mose II, 31:13;

Sabat ɖuɖu ƒe se na eye Rom. 10:4; Gal. 4:9, 10;

ewu nu kple Mose ƒe Sea Kol. 2:16, 17

Osɔfowo ƒe ha kple ŋkɔ Mat. 23:8-12; 20:25-27;

tɔxɛwo tsɔtsɔ mesɔ o Hiob 32:21, 22

Amegbetɔ medzɔ to Yes. 45:12; Mose I, 1:27;

nɔnɔmetɔtrɔ me o ke Mat. 19:4

boŋ ɖe wowɔe

Kristo ɖo kpɔɖeŋu si Pet. I, 2:21; Heb. 10:7;

wòle be míasrɔ̃ le Mawu Yoh. 4:34; 6:38

subɔsubɔ me

Nyɔnyrɔxɔxɔ si me Mar. 1:9, 10; Yoh. 3:23;

wonyrɔa ame ɖe tsi me Dɔw. 19:4, 5

keŋkeŋ nye adzɔgbeɖeɖe

ƒe kpɔɖeŋu

Kristotɔwo tsɔa dzidzɔ Rom. 10:10; Heb. 13:15;

ɖia ɖase le Ŋɔŋlɔawo Yes. 43:10-12

me nyateƒea ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

ANYIGBA . . . Yehowa ye wɔe . . . amegbetɔwoe alé be nɛ . . . woanɔ edzi tegbee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe