Nyanyui si Wodi be Nàse
ESIME Yesu nɔ anyigba dzi la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be: “Ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” Eɖo eŋu be aʋawɔwɔ ayi edzi le dukɔ geɖe me, dɔwuame, dɔvɔ̃wo, kple anyigbaʋuʋuwo ava, numadzɔmadzɔwɔwɔ adzi ɖe edzi, mawusubɔsubɔ me alakpanufialawo aflu ame geɖe, woalé fu eyomedzela vavãwo ahati wo yome, eye ame geɖe ƒe dzɔdzɔenyenye lɔlɔ̃ nu atsi. Ne nusiawo te dzɔdzɔ la, afia Kristo ƒe anyinɔnɔ makpɔmakpɔ eye afia hã be dziƒo Fiaɖuƒea gogo. Esia anye nyadzɔdzɔ—si nye nyanyui! Eyata Yesu gblɔ nya siawo kpee wònye dzesia ƒe akpa aɖe be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:3-14.
Nusiwo le dzɔdzɔm le xexeame le ŋkeke siawo me la menyo o, gake nusi wotsi tre ɖi na si nye Kristo ƒe anyinɔnɔ la ya nyo. Nɔnɔme siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la va nɔ dzedzem tso ƒe 1914 si nye ƒe si ame geɖe de dzesii la me! Ƒe mae de dzesi Dukɔwo ƒe Azã la ƒe nuwuwu kple dometsoɣi si le amegbetɔdziɖuɖu kple Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua dome la ƒe gɔmedzedze.
Psalmo 110 lia, kpukpui 1 kple 2, kple Nyaɖeɖefia 12:7-12 ɖee fia be dometsoɣi aɖe anɔ anyi nenema. Woɖee fia le afima be Kristo anɔ Mawu ƒe nuɖusi me le dziƒo vaseɖe esime woatsɔe aɖo Fiae. Emegbe aʋa si woawɔ le dziƒo ana be woatsɔ Satana aƒu gbe ɖe anyigba dzi, si ahe xaxa va anyigba dzi, eye Kristo aɖu fia le eƒe futɔwo titina. “Xaxa gã” aɖe si ava wu nu ɖe Harmagedon-ʋa la me ahe vɔ̃ɖinyenye ava nuwuwu keŋkeŋ, eye Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si me ŋutifafa anɔ la akplɔe ɖo.—Mateo 24:21, 33, 34; Nyaɖeɖefia 16:14-16.
Biblia gblɔ be: “Ke nya esia bena, le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena amewo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!”—Timoteo II, 3:1-5.
Ame aɖewo agblɔ be nusiawo dzɔ kpɔ le ŋutinya me, gake nya lae nye be womede esiwo le dzɔdzɔm fifia nu kura o. Abe alesi ŋutinyaŋlɔlawo kple nyameɖelawo gblɔe ene la, ɣeyiɣi aɖeke meva le anyigba dzi kpɔ de esi dze egɔme tso ƒe 1914 nu o. (Kpɔ axa 7.) Nɔnɔmeawo sesẽ wu tsã xoxoxo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be míabu nya siwo gbɔna ŋu le ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi siwo Kristo na la ŋu: Gbeƒãɖeɖe tso Kristo ƒe anyinɔnɔ kple Fiaɖuƒea ŋu le anyigba dzi katã keke ta fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe le ŋutinya me. Wometi amewo yome ɖe gbeƒãɖeɖe ta wòde esi me Yehowa Ðasefowo to nu kpɔ o. Wowu wo dometɔ alafa geɖe le Nazi-fuwɔamesaɖawo me. Vaseɖe egbea la, woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔnawo nu le teƒe aɖewo, eye le teƒe bubuwo la, woléa wo, dea wo gaxɔ me, wɔa fu wo, eye wowua wo. Esiawo katã nye dzesi si Yesu na la ƒe akpa aɖe.
Abe alesi wogblɔe ɖi le Nyaɖeɖefia 11:18 ene la, “dzi ku dukɔwo” ɖe Yehowa ƒe Ðasefo ɖianukwarewo ŋu, eye esia fia be Yehowa ‘ŋutɔ ƒe dziku’ ava dukɔ mawo dzi. Mawunyakpukpui sia ke gblɔ be Mawu ‘atsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.’ Womegblẽ ŋutete si le anyigba ŋu be wòalé agbe ɖe te la dome le amegbetɔ ƒe ŋutinya me kpɔ o. Gake nɔnɔmea to vovo fifia! Dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe gblɔ be ne amegbetɔ ayi edzi aƒo ɖi anyigba la, ava zu teƒe si agbe maganya nɔ le o. Gake Yehowa ‘wɔe be woanɔ edzi,’ eye aɖe egblẽlawo ɖa be womava gblẽ anyigba la keŋkeŋ o.—Yesaya 45:18.
YAYRA SIWO ANƆ ANYIGBA DZI LE FIAÐUƑEA TE
Nya si nye be amewo anɔ anyigba dzi anye Mawu Fiaɖuƒea te viwo awɔ mo yaa na ame geɖe siwo xɔ Biblia dzi se siwo bu be amesiwo katã akpɔ ɖeɖe la anɔ dziƒo. Biblia ɖee fia be ame xexlẽme sue aɖe koe ayi dziƒo eye be amesiwo anɔ agbe tegbee le anyigba dzi anye ameha gã si xexlẽme meli na o. (Psalmo 37:11, 29; Nyaɖeɖefia 7:9; 14:1-5) Nyagblɔɖi aɖe si le Biblia-gbalẽ si nye Daniel me ɖe alesi Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo te axɔ anyigba dzi ahaɖu edzii fia.
Wotsɔ kpe aɖe si woɖe tso Yehowa ƒe dziɖulanyenye si le abe to ene ŋu la tsi tre ɖi na Kristo ƒe Fiaɖuƒea. Elɔ legba si tsi tre ɖi na anyigba dzi dukɔ sesẽwo hegbãe, eye “kpe, si dze legbaa dzi la, zu to gã aɖe hexɔ anyigba blibo la dzi.” Nyagblɔɖia yi edzi be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:34, 35, 44.
Fiaɖuƒe sia kple agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba si dzi wokɔ wòdze ani ƒe mɔkpɔkpɔ si dzi Ŋɔŋlɔawo ɖo kpee ŋu nyae Yehowa Ðasefowo di be yewoagblɔ na wò. Mɔnukpɔkpɔ asu ame miliɔn geɖe siwo le agbe fifia kple ame miliɔn gbogbo aɖewo siwo le yɔdowo me fifia la si be woanɔ afima tegbee. Emegbe le Kristo Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua te la, tameɖoɖo si nɔ Yehowa si le gɔmedzedzea me si ta wòwɔ anyigba hetsɔ ame eve gbãtɔwo ɖo edzi la ava eme. Anyigba dzi Paradiso sia me nɔnɔ mati ame akpɔ o. Abe alesi wode dɔ asi na Adam le Eden-bɔa me ene la, nenemae dɔ dodzidzɔnamewo anɔ ameƒomea si le beléle na anyigba kple numiemiewo kple lã siwo le edzi me. “Woase vivi le woƒe asinudɔwɔwɔ me ɖaa.”—Yesaya 65:22, Revised Standard Version; Mose I, 2:15.
Míate ŋu ayɔ mawunyakpukpui geɖe atsɔ afia nɔnɔme siwo anɔ anyi ne woɖo gbedodoɖa si Yesu fia mí la ŋu, si gblɔ be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Gake mina míagblɔ ɖeka sia ko gbɔ: “Mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi. Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.”—Nyaɖeɖefia 21:3-5.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]
Míele ‘ɣeyiɣi sesẽwo’ me,
GAKE ‘nuwuwua ava’
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Netherlands
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Nigeria