Ta Wuiadrelia
Woƒo Amedzroviwo Nu Ƒu ɖe Mawu ƒe Gbedoxɔa Me
1, 2. Nya dodzidzɔname kae woɖe gbeƒãe le ƒe 1935 me, eye nuka ƒe akpa aɖee esia nye?
LE FIÐAGBE, May 31, 1935, dzi la, Joseph F. Rutherford ƒo nu na ameha siwo va takpekpe le Washington, D.C. Eƒo nu tso amesiwo “ameha gã” si apostolo Yohanes kpɔ le ŋutega me la nye ŋu. Le Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒoa ƒe nuwuwu la, ebia be: “Taflatse amesiwo katã si mɔkpɔkpɔ le be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la natsi tre.” Ame aɖe si de takpekpe ma gblɔ be “amesiwo tsi tre la sɔ gbɔ wu vavalawo ƒe afã.” Azɔ nuƒola la gblɔ be: “Mikpɔ ɖa! Ameha gã lae nye sia!” Ame bubu si hã de takpekpe sia ɖo ŋku edzi be: “Gbã la, amesiame zi ɖoɖoe, emegbe wodo dzidzɔɣli, eye woƒe dzidzɔɣlia de dzi ɣeyiɣi didi aɖe.”—Nyaɖeɖefia 7:9.
2 Ema nye ɣeyiɣi ɖedzesi aɖe le nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖi ƒe siwo ade 2,700 do ŋgɔ eye wòdze le míaƒe Bibliawo me le Yesaya ta 56 lia si kpɔtɔ le eme vam la me. Abe nyagblɔɖi bubu geɖe siwo le Yesaya ƒe agbalẽa me ene la, ŋugbedodo fakɔnamewo kple nuxlɔ̃ame veviwo siaa le esia hã me. Mawu ƒe dukɔ si wòbla nu kpli le Yesaya ŋutɔ ƒe ŋkekea mee wogblɔ nyaawo na le emevava gbãtɔ me, gake emevava keke ta ɖo míaƒe ŋkekea me le ƒe alafa geɖe megbe.
Nusi Xɔname Bia
3. Ne Yudatɔwo di Mawu ƒe xɔname la, ke nukae wòle be woawɔ?
3 Woxlɔ̃ nu Yudatɔwo tsɔ dze Yesaya ta 56 lia gɔmee. Gake ele be tadeagula vavãwo katã nase nya si nyagblɔɖila la ŋlɔ. Míexlẽe be: “Ale Yehowa gblɔ esi: Midzra ɖoɖo la ɖo, eye miwɔ nu dzɔdzɔe. Elabena nye xɔname tu aƒe, ne wòava, kple nye dzɔdzɔenyenye, ne wòaɖe eɖokui afia. Woayra amegbetɔ, si wɔa alea, kple amegbetɔvi, si kuna ɖe nusia ŋu, amesi dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be wòagagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wòkpɔa eƒe asi dzi, be magawɔ vɔ̃ aɖeke o!” (Yesaya 56:1, 2) Ele be Yudatɔ siwo dia xɔname tso Mawu gbɔ nawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi, eye woawɔ ɖe ɖoɖo dzi ahanɔ agbe dzɔdzɔe. Nukatae? Elabena dzɔdzɔetɔe Yehowa ŋutɔ nye. Amesiwo tia dzɔdzɔenyenye yome kpɔa dzidzɔ si tsoa Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu me.—Psalmo 144:15b.
4. Nukata Sabat ɖuɖu nɔ vevie le Israel?
4 Nyagblɔɖia te gbe ɖe Sabat ɖuɖu dzi elabena Mose ƒe Sea ƒe akpa vevi aɖee Sabat nye. Le nyateƒe me la, nusiwo ta Yudatɔwo va yi aboyo me mlɔeba dometɔ ɖekae nye woƒe Sabat-sea dzi mawɔmawɔ. (Mose III, 26:34, 35; Kronika II, 36:20, 21) Sabat la nye ƒomedodo tɔxɛ si le Yehowa kple Yudatɔwo dome ƒe dzesi, eye amesiwo ɖua Sabat la ɖenɛ fiana be yewodea asixɔxɔ ƒomedodo ma ŋu. (Mose II, 31:13) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Sabat la ɖuɖu aɖo ŋku edzi na Yesaya ŋɔlimetɔwo be Yehowae nye yewo Wɔla. Eɖuɖu alea ana woaɖo ŋku dɔmenyo siwo wòwɔ na wo hã dzi. (Mose II, 20:8-11; Mose V, 5:12-15) Mlɔeba la, Sabat la ɖuɖu ana ɖoɖo nyui nanɔ tadedeagu na Yehowa ŋu ɣesiaɣi. Ŋkeke ɖeka si Yudatɔwo atsɔ dzudzɔ le woƒe gbesiagbedɔwo me ana woakpɔ ɣeyiɣi na gbedodoɖa, nusɔsrɔ̃, kple ŋugbledede.
5. Aleke Kristotɔwo awɔ ɖe gɔmeɖose si le Sabat ɖuɖu ŋuti ɖaŋuɖoɖoa me dzii?
5 Ke Kristotɔwo ya ɖe? Ðe wode dzi ƒo na woawo hã be woaɖu Sabat la? Ao, womegblɔe na wo tẽ o, elabena Kristotɔwo mele Sea te o eye le ema ta womebia tso wo si be woaɖu Sabat o. (Kolosetɔwo 2:16, 17) Ke hã apostolo Paulo gblɔ be “Sabat ƒe dzudzɔ” aɖe li na Kristotɔ nuteƒewɔlawo. Alesi woaxɔ Yesu ƒe tafevɔsa dzi ase hena ɖeɖekpɔkpɔ kple alesi woadzudzɔ ŋuɖoɖo ɖe dɔwɔwɔwo ɖeɖeko ŋu la ŋutie “Sabat ƒe dzudzɔ” sia ku ɖo. (Hebritɔwo 4:6-10) Eyata nya si wogblɔ le Sabat ŋu le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me ɖoa ŋku edzi na Yehowa subɔla siwo li egbea be ehiã vevie be woaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ ɖe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu la dzi ase. Eganye ŋkuɖodzinu nyui aɖe hã be ele be míana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kple Yehowa dome eye míana míaƒe tadedeagu nato mɔ ɖeka ɣesiaɣi.
Akɔfafa na Amedzrovi Kple Ame Tatawo
6. Ƒuƒoƒo eve kawo ŋue wotrɔ susu ɖo azɔ?
6 Azɔ Yehowa ƒo nu na amewo ƒe ƒuƒoƒo eve siwo di be yewoasubɔ eyama gake womedze ava Yudatɔwo ƒe ha me o le Mose ƒe Sea nu la ŋuti. Míexlẽe be: “Amedzrovi, si ku ɖe Yehowa ŋu la, megagblɔ be, Yehowa le ye ɖe ge ɖa atso eƒe dukɔ ŋu o; eye ame tata megagblɔ be, kpɔ ɖa, ye la, ati ƒuƒu ko [yenye] o.” (Yesaya 56:3) Nusi vɔ̃m amedzroviwo le enye be woava ɖe yewo ɖa le Israel. Nusi ŋu ame tatawo hã tsi dzi ɖoe nye be yewomate ŋu adzi vi wòado ƒome ɖi na yewo gbeɖe o. Ele be ƒuƒoƒo evea siaa nalé dzi ɖe ƒo. Hafi míakpɔ nusitae la, mina míalé ŋku ɖe ɖoƒe si nɔ wo si le Israel-dukɔa me le Sea te ŋu akpɔ.
7. Seɖoƒe kae Sea ɖo na amedzroviwo le Israel?
7 Amedzrovi aʋamatsomatsotɔwo mate ŋu anɔ Israel-viwo dome asubɔ o. Le kpɔɖeŋu me, womeɖea mɔ be woakpɔ gome le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu me o. (Mose II, 12:43) Wodrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe na amedzro siwo meɖonɛ koŋ dana le dukɔa ƒe sewo dzi o la eye woxɔa wo nyuie, gake kadodo menɔa wo kple dukɔa dome ɖaa o. Gake wo dometɔ aɖewo wɔ ɖe Sea dzi bliboe, eye ŋutsuawo tso aʋa tsɔ wɔ esia ƒe kpɔɖeŋui. Esia na wova zu trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo, ale be mɔnukpɔkpɔ su wo si be woasubɔ le Yehowa ƒe aƒea ƒe xɔxɔnu eye wobu wo de Israel ƒe ha la me. (Mose III, 17:10-14; 20:2; 24:22) Gake trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo menɔ nubabla si Yehowa wɔ kple Israel me bliboe o, eye womena anyigba wo le Ŋugbedodonyigba la dzi o. Amedzrovi bubuwo te ŋu tena ɖe gbedoxɔa ŋu doa gbe ɖa, eye anɔ eme be wosa vɔwo to nunɔlawo dzi, zi alesi vɔsaawo sɔ ɖe Sea nu ko. (Mose III, 22:25; Fiawo I, 8:41-43) Gake mele be Israel-viwo nade ha kpli wo kplikplikpli o.
Ame Tatawo Kpɔ Ŋkɔ Mavɔ
8. (a) Aleke wobua ame tatawo le Sea tee? (b) Aleke wozã ame tatawo le trɔ̃subɔdukɔwo mee, eye nukae nya “ame tata” ate ŋu afia ɣeaɖewoɣi?
8 Ame tatawo menyea Israel-dukɔa me tɔ blibowo o, ne Yudatɔwoe wo dzilawo nye hã.a (Mose V, 23:2) Le trɔ̃subɔdukɔ aɖewo me le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ɖoƒe tɔxɛ aɖee nɔ ame tatawo si eye enye woƒe kɔnu be woata ɖevi siwo woɖe aboyoe le aʋawɔwɔ me la dometɔ aɖewo. Woɖoa ame tatawo wonyea amegãwo le fiaƒeme. Ame tata ate ŋu anye “nyɔnuwo ŋudzɔla,” “ahiãwo ŋudzɔla,” alo fianyɔnu ƒe dɔla. (Ester 2:3, 12-15; 4:4-6, 9) Kpeɖodzi aɖeke meli be Israel-viwo hã wɔ nusiawo tɔgbe alo be wodia ame tatawo vevie be woava wɔ dɔ na Israel-fiawo o.b
9. Nya fakɔname kawoe Yehowa gblɔ na amesiwo wota ŋutɔŋutɔ?
9 Tsɔ kpe ɖe gome sue si ame tata ŋutɔŋutɔwo kpɔna le Mawu vavã la ƒe tadedeagu me le Israel ŋu la, enyea vlodoame gã aɖe hã na wo be womete ŋu dzia vi be wòado ƒome ɖi na wo woƒe ŋkɔ natsi anyi o. Eyata aleke nyagblɔɖia me nya si kplɔe ɖo afa akɔ na woe nye si! Míexlẽ be: “Ale Yehowa gblɔ na ame tata, siwo dzraa nye dzudzɔgbewo ɖo, wotiaa nusi dzea ŋunye, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu tsehee la, enye si: Mana ŋkuɖodzinu kple ŋkɔ, siwo nyo wu ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo la wo ɖe aƒenye me kple nye gliwo me; ŋkɔ mavɔ, si metsrɔ̃na o la, mana amesiawo tɔgbe.”—Yesaya 56:4, 5.
10. Ɣekaɣie ame tatawo ƒe nɔnɔmea trɔ, eye mɔnukpɔkpɔ kae ʋu ɖi na wo tso ɣemaɣi?
10 Ẽ, ɣeyiɣi aɖe ava esime ame tata ŋutɔŋutɔ nyenye maganye mɔxenu na Yehowa subɔla blibo zuzu o. Ne ame tatawo ɖo to la, “ŋkuɖodzinu,” alo ɖoƒe, anɔ wo si le Yehowa ƒe aƒeme eye woakpɔ ŋkɔ si nyo wu ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Ɣekaɣie esia va eme? Yesu Kristo ƒe ku megbee. Ɣemaɣi la, nubabla yeye la va xɔ ɖe Se ƒe nubabla xoxoa teƒe, eye “Mawu ƒe Israel” va xɔ ɖe ŋutilã me Israel teƒe. (Galatiatɔwo 6:16) Tso ɣemaɣi la, amesiwo katã ɖea xɔse fiana te ŋu tsɔa subɔsubɔ si dze naa Mawu. Womegaléa ŋku ɖe afisi ame tso kple ametia ƒe nɔnɔmewo ŋu azɔ o. “Ŋkɔ mavɔ, si metsrɔ̃na o” asu amesiwo doa dzi nuteƒewɔwɔtɔe la si, aleke ke woɖale le ŋutilã me o. Yehowa maŋlɔ wo be o. Aŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe eƒe “ŋkuɖodzigbalẽ” me, eye woakpɔ agbe mavɔ le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.—Maleaxi 3:16; Lododowo 22:1; Yohanes I, 2:17.
Amedzroviwo Subɔna Kple Mawu ƒe Amewo
11. Nukae wode dzi ƒo na amedzroviwo be woawɔ bene woayra wo?
11 Ke amedzroviwo ya ɖe? Wogava ƒo nu tso amesiawo ŋu le nyagblɔɖia me, eye nya siwo faa akɔ na ame ŋutɔ le Yehowa si wòagblɔ na wo. Yesaya ŋlɔ bena: “Amedzrovi, siwo ku ɖe Yehowa ŋu, be yewoasubɔe, yewoalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye yewoanye dɔlawo nɛ, wo amesiwo katã dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be yewomagagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu la, mana woade nye to kɔkɔe la gbɔ, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Woƒe numevɔsawo kple woƒe akpedavɔsawo adze ŋunye le nye vɔsamlekpui dzi; elabena woayɔ nye aƒe be: Dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.”—Yesaya 56:6, 7.
12. Gɔmesese kae nɔ amewo si tsã le nya si Yesu gblɔ ɖi le “alẽ bubuwo” ŋu la ŋuti?
12 ‘Amedzroviawo’ do vivivi le míaƒe ŋkekea me. Do ŋgɔ na xexemeʋa gbãtɔ la, wose egɔme be amesiwo akpɔ ɖeɖe la sɔ gbɔ wu amesiwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoaɖu fia kple Yesu le dziƒo—amesiwo míenya egbea be woawoe nye Mawu ƒe Israel la. Biblia-nusrɔ̃viwo nya Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Yohanes 10:16 la nyuie be: “Alẽ bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.” Wose egɔme be ‘alẽ bubu’ siawo nye amesiwo anɔ anyigba dzi. Gake Biblia Nusrɔ̃vi akpa gãtɔ xɔe se be Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua mee alẽ bubu siawo ado.
13. Nukata wobui be ele be alẽ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Mateo ta 25 lia me la nado le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me?
13 Mlɔeba la, wova wɔ ŋgɔyiyi le ŋɔŋlɔ aɖe si do ƒome kplii si ƒo nu tso alẽwo ŋu la gɔmesese me. Yesu ƒe lododo le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋu ŋuti nuŋlɔɖi aɖe le Mateo ta 25 lia me. Wogblɔ le lododo ma me be alẽawo akpɔ agbe mavɔ le esi wokpe ɖe Yesu nɔviwo ŋu ta. Eyata wonye ƒuƒoƒo bubu si to vovo na Kristo nɔvi amesiaminawo. Le takpekpe aɖe si wowɔ le Los Angeles, California, U.S.A., le ƒe 1923 me la, woɖe eme be menye Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua mee alẽ mawo ado o, ke ele be woado le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me boŋ. Nukatae? Elabena Yesu do loa esi wònɔ biabia sia ŋu ɖom, si nye be: “Ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?”—Mateo 24:3.
14, 15. Aleke wova se ɖoƒe si alẽ bubuawo le gɔme ɖe edzii le nuwuɣia me?
14 Le ƒe 1920-awo me la, ame aɖewo siwo nɔ ha dem kple Biblia Nusrɔ̃viwo va see le wo ɖokui me be Yehowa ƒe gbɔgbɔ meɖia ɖase le yewo me be yewole dziƒoyɔyɔa me o. Ke hã wonye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la subɔla veviedolawo. Le ƒe 1931 me la, amesiawo ƒe ɖoƒe me va kɔ ɖe edzi esi wota agbalẽ si nye Vindication. Woɖe ŋutega si ku ɖe “ŋutsu” si si agbalẽŋlɔnu le ŋu la me ɖe Vindication-gbalẽa me esi wonɔ Biblia-gbalẽ si nye Xezekiel ƒe kpukpuiwo me dzrom ɖekaɖekae. (Xezekiel 9:1-11) Wokpɔ “ŋutsu” sia wònɔ tsatsam le Yerusalem nɔ dzesi dem ŋgonu na amesiwo nɔ hũ ɖem henɔ nu xam ɖe ŋunyɔnu siwo nɔ edzi yim le afima ta. “Ŋutsu” la tsi tre ɖi na Yesu nɔviwo, Kristotɔ amesiamina susɔe siwo anɔ anyigba dzi le Kristodukɔ, si nye blema Yerusalem ƒe kpɔɖeŋu la, ƒe ʋɔnudrɔ̃ɣi. Amesiwo wode dzesii la nye alẽ bubu siwo anɔ agbe ɣemaɣi. Le ŋutegaa me la, wokpɔ wo ta esi Yehowa ƒe ametsrɔ̃lawo he hlɔ̃biabia va dugã ma si gbe xɔse la dzi.
15 Le ƒe 1932 me la, Israel-fia Yehu kple Yonadab, si nye kpeɖeŋutɔ si menye Israel-vi o, ƒe nuwɔna si nye nyagblɔɖi la ŋuti gɔmesese deto ɖe alesi alẽ bubu siawo wɔa nu tsɔ kpena ɖe Kristo nɔvi amesiaminawo ŋui fia—abe alesi Yonadab yi ɖakpe ɖe Yehu ŋu le Baal-subɔsubɔ tsɔtsrɔ̃ me ene. Mlɔeba le ƒe 1935 me la, wode dzesii be alẽ bubu siwo le nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣia me lae nye ameha gã si apostolo Yohanes kpɔ le ŋutega me. Woɖe esia me le takpekpe si wowɔ le Washington, D.C., si ŋu míeƒo nu tsoe va yi me, esime Joseph F. Rutherford ɖee fia be amesiwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ lee nye “ameha gã” la.
16. Mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi kawoe le ‘amedzroviawo’ si?
16 Alea wòdzɔe be vivivi la, wova kpɔe be wɔƒe vevi aɖe le ‘amedzroviawo’ si le Yehowa ƒe tameɖoɖowo me le ŋkeke mamlɛ siawo me. Wovaa Mawu ƒe Israel la gbɔ be woava de ta agu na Yehowa. (Zaxarya 8:23) Wowɔa ɖeka kple gbɔgbɔmedukɔ ma saa vɔ siwo dze na Mawu eye wogena ɖe sabat ƒe dzudzɔ la me. (Hebritɔwo 13:15, 16) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wodea ta agu le Mawu ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ si nye “gbedoxɔ na dukɔwo katã,” abe Yerusalem-gbedoxɔa ene, la me. (Marko 11:17) Woɖenɛ fia be yewoxɔ Yesu Kristo ƒe tafevɔsa la dzi se, eye ‘wonyã woƒe awuwo hewɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me.’ Eye wosubɔa Yehowa ɣesiaɣi, ‘hetsɔa subɔsubɔ kɔkɔe nanɛ zã kple keli.’—Nyaɖeɖefia 7:14, 15.
17. Aleke egbeŋkekea me amedzroviwo léa nubabla yeyea me ɖe asii?
17 Egbeŋkekea me amedzrovi siawo léa nubabla yeyea me ɖe asi le gɔmesese sia nu be to woƒe hadede kple Mawu ƒe Israel la me la, viɖe kple yayra siwo nubabla yeyea hena vɛ la sua wo si. Togbɔ be womele nubabla ma me o hã, wotsɔa dzi blibo bɔbɔa wo ɖokui ɖe eƒe sewo te. Eyata Yehowa ƒe se le woƒe dzime, eye wova nyaa Yehowa be enye yewo Fofo si le dziƒo kple Dziɖulagã.—Yeremya 31:33, 34; Mateo 6:9; Yohanes 17:3.
18. Amewo nuƒoƒoƒudɔ ka wɔm wole le nuwuɣia me?
18 Yesaya ƒe nyagblɔɖia yi edzi be: “Aƒetɔ Yehowa, amesi ƒo Israel ƒe ame kahlẽwo nu ƒu la be: Magaƒo amewo nu ƒu akpe ɖe ame ƒoƒuawo ŋu.” (Yesaya 56:8) Yehowa ƒo “Israel ƒe ame kahlẽwo,” siwo nye amesiamina susɔeawo nu ƒu le nuwuɣia me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele ame bubu siwo nye ameha gã la me tɔwo nu ƒom ƒu. Wosubɔna ɖekae le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me le Yehowa kple Kristo Yesu si nye eƒe Fia si wòɖo zi dzi la ƒe dzikpɔkpɔ te. Woƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa ƒe dziɖuɖu to Kristo, Alẽkplɔla Nyui la, dzi na wozu alẽha wɔɖeka si le dzidzɔ kpɔm.
Dzɔla Ŋkuagbãtɔwo, Avu Aɖetututɔwo
19. Nukae wokpe gbemelãwo kple avemelãwo be woava wɔ?
19 Wogblɔ nya tɔame dovoɖiname aɖewo ɖe nya tuameɖo dodzidzɔname siwo me dzrom míele la yome. Yehowa le klalo be yeawɔ nu ɖe amedzroviwo kple ame tatawo ŋu le nublanuikpɔkpɔ me. Gake wobu fɔ ame geɖe siwo gblɔna be yewonye Mawu ƒe ha la me tɔwo eye wodze na ʋɔnudɔdrɔ̃. Gawu la, womedze be woaɖi wo bubutɔe o eye lã siwo vuvua nu koe aɖu woƒe lã. Eyata míexlẽ be: “Mi gbemelãwo katã, miva ɖu nu, mi avemelãwo katã!” (Yesaya 56:9) Nukawo ɖu gee gbemelã siawo gbɔna? Nyagblɔɖia aɖe eme. Esia ana míaɖo ŋku nusi le amesiwo tsia tre ɖe Mawu ŋu lalam le Harmagedon-ʋa si gbɔna me, amesiwo ƒe kukuawo woagblẽ ɖi na dziƒoxedzodzoewo be woaɖu.—Nyaɖeɖefia 19:17, 18.
20, 21. Subɔsubɔhakplɔlaawo ƒe kpododonu kawoe na wozu gbɔgbɔmekplɔla siwo ŋu viɖe mele o?
20 Nyagblɔɖia yi edzi be: “Woƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo, womele si dzem naneke o; avũ aɖetututɔ, siwo mate ŋu aɖe gbe o la, wo katã wonye, womlɔ anyi le drɔ̃e kum, eye alɔ̃ le wo nu vivim. Dɔ le avũawo wum vevie, eye womenya ƒoɖiɖi o; lãkplɔvi, siwo mele ɖeke nyam o la, wonye; wo katã wolé woƒe mɔ, eye wo dometɔ ɖesiaɖe le eƒe viɖe yome dim le goawo katã me. Miva, ne maɖaku wein vɛ, eye míano aha muame; etsɔ hã nanɔ abe egbe ene, eye eteƒe makɔ o.”—Yesaya 56:10-12.
21 Subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ Yuda gblɔ be yewodea ta agu na Yehowa. Wogblɔ be ‘eƒe dzɔlawoe’ yewonye. Gake le gbɔgbɔ me la, woƒe ŋku gbã, woƒe aɖe tu, eye alɔ̃ le wo mum. Ne womate ŋu anɔ ŋudzɔ ana nyanya le afɔku ŋu o la, ke viɖe kae le wo ŋu? Gɔmesese mele dzɔla subɔsubɔhakplɔla mawo si o, eye womedze afia mɔ amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wonye ame gblẽkuwo. Ðokuitɔdidi ƒe dzodzro si mevɔna o le wo me. Le esi teƒe be woawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi la, wowɔa nusi dzea woa ŋutɔwo ŋu, wodia viɖe ƒoɖi, wonoa aha fũ, eye wodea dzi ƒo na ame bubuwo be woawo hã nawɔ nu nenema. Esi womenya naneke tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna ŋu kura o ta la, wogblɔna na amewo be nuwo ava nyo.
22. Aleke Yesu ƒe ŋkekea me subɔsubɔhakplɔlawo ɖi blema Yuda tɔwoe?
22 Le Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe gɔmedzedze la, ezã kpɔɖeŋunya mawo tɔgbe tsɔ ɖɔ Yuda-subɔsubɔhakplɔla mawɔnuteƒewoe—womu aha le gbɔgbɔ me, alɔ̃ le wo mum, eye gɔmesese mele wo si o. Wotsɔ amewo ƒe kɔnyinyiwo do agbae na dukɔa, wogblɔ mawusubɔsubɔ me alakpanyawo, eye woɖo ŋu ɖe Asiria ŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu tsɔ wu be woakpɔ Mawu sinu. (Fiawo II, 16:5-9; Yesaya 29:1, 9-14) Edze ƒã be womesrɔ̃ naneke tso eme o. Nublanuitɔe la, kplɔla mawo tɔgbe kee nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me. Le esi teƒe be woaxɔ nyanyui si Mawu ŋutɔ ƒe Vi, Yesu, tsɔ vɛ na wo la, wogbe eyama heɖo nugbe ɖe eŋu be yewoana woawui. Yesu yɔ wo kaŋ be “mɔfiala ŋkuagbãtɔwo,” eye wògblɔ kpe ɖe eŋu be ne “ŋkuagbãtɔ le mɔ fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.”—Mateo 15:14.
Dzɔla Siwo Li Egbea
23. Nya kae Petro gblɔ ɖi le subɔsubɔhakplɔlawo ŋu wòva eme?
23 Apostolo Petro xlɔ̃ nu be alakpanufialawo hã atsi tre akplɔ Kristotɔwo atrae. Eŋlɔ bena: “Aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le [Israel] dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava miawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi.” (Petro II, 2:1) Nukae do tso alakpanufialawo ƒe alakpanufiafia kple kɔmama siwo wohe vɛ me? Eyae nye Kristodukɔ, si ƒe subɔsubɔhakplɔla siwo li egbea doa gbe ɖa biaa Mawu ƒe yayra na wo xɔlɔ̃ dunyahelawo gatrɔna doa ŋugbe be etsɔme ava nyo. Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔlawo ɖee fia be yewonye ŋkuagbãtɔwo, yewoƒe aɖe tu, eye yewole alɔ̃ dɔm le gbɔgbɔmenuwo gome.
24. Ðekawɔwɔ kae le gbɔgbɔ me Israel kple amedzroviawo dome?
24 Gake Yehowa le amedzrovi miliɔn geɖe kplɔm vɛ be woava wɔ ɖeka kple Mawu ƒe Israel la me tɔ susɔeawo ade ta agu le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la me. Togbɔ be amedzrovi siawo tso dukɔ, ameƒomevi, kple gbegbɔgblɔ geɖe me hã la, wowɔ ɖeka kple wo nɔewo kpakple Mawu ƒe Israel la hã. Wova kpɔ kakaɖedzi be Yehowa Mawu gbɔ koe xɔname ate ŋu atso ava to Yesu Kristo dzi. Lɔlɔ̃ na Yehowa ʋã wo wowɔ ɖeka kple Kristo nɔvi amesiaminawo le woƒe xɔse me ʋuʋu me. Eye apostolo si gbɔgbɔ ʋã la ƒe nyawo faa akɔ na wo vevie, amesi ŋlɔ bena: “Ne èʋua eme kple wò nu bena, Yesu ye nye Aƒetɔ la, eye nèxɔna sena le wò dzi me bena, Mawu fɔ eyama ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ xɔxɔ.”—Romatɔwo 10:9.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wova zã nya “ame tata, NW” na aƒedzikpɔla hã, togbɔ be wometaa amea o hã. Esi wòdze abe Etiopiatɔ si Filipo na nyɔnyrɔe nye trɔ̃subɔla zu Yudatɔ—si wona nyɔnyrɔe hafi mɔ va ʋu ɖi na aʋamatsomatsotɔ siwo menye Yudatɔwo o—ta la, anye gɔmesese sia nue wònye ame tata le.—Dɔwɔwɔwo 8:27-39.
b Woyɔ Ebed-Melex, amesi va xɔ na Yeremya eye wòte ŋu yia Fia Zedekiya gbɔ tẽ la, be ame tata. Edze abe amegã si wònye le fiaƒeme ŋue esia ku ɖo ke menye be ɖe wotae ŋutɔŋutɔ o ene.—Yeremya 38:7-13, NW.
[Nɔnɔmetata si le axa 250]
Sabat la ana woakpɔ ɣeyiɣi na gbedodoɖa, nusɔsrɔ̃, kple ŋugbledede
[Nɔnɔmetata siwo le axa 256]
Woɖe ɖoƒe si le alẽ bubuawo si me nyuie le takpekpe aɖe si wowɔ le Washington, D.C. le ƒe 1935 me la me (nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe foto le ete, ɖoɖowɔɖia le ɖusime)
[Nɔnɔmetata si le axa 259]
Wokpe lã wɔadãwo be woava ɖu nu
[Nɔnɔmetata siwo le axa 261]
Ðekawɔwɔ le amedzroviawo kple Mawu ƒe Israel la dome