INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 15 axa 131-axa 134 mm. 4
  • Dzedzeme Si Sɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzedzeme Si Sɔ
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Tae Wòle Be Míabu Míaƒe Awudodo Kple Dzadzraɖo Ŋu Nyuie
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Awudodo Ðe Nɔnɔme Nyui me Ðea Mawuvɔvɔ̃ Fiana
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Ðe Wò Awudodo Dea Bubu Mawu Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Nu Ka Tae Míedoa Awu Siwo Sɔ Ne Míeyina Míaƒe Kpekpewo?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 15 axa 131-axa 134 mm. 4

NUSƆSRƆ̃ 15

Dzedzeme Si Sɔ

Nukae wòle be nàwɔ?

Nɔ dzadzɛ, wò nuwo nanɔ ɖoɖo nu, eye nàda asɔ le wò awudodo me. Na wò ɖa nanɔ nɔnɔme nyui me. Alesi nètsi tre alo nɔ anyii naɖee afia be èle ŋudzɔ.

Nukata Wòle Vevie?

Wò dzedzeme afia alesi amewo abu le wò Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo kple wò agbenɔnɔ ŋu.

WÒ DZEDZEME ɖea nu geɖe fiana le ŋuwò. Esime Yehowa kpɔa míaƒe dzi ƒe nɔnɔme la, amegbetɔwo ya “kpɔa ŋku nu” henɔa te ɖe esia dzi ƒoa nya ta. (Sam. I, 16:7, 8) Ne èle dzadzɛ eye nèdzra ɖokuiwò ɖo nyuie la, anɔ eme be amewo akpɔe be èdea bubu ɖokuiwò ŋu, eye woalɔ̃ aɖo to wò bɔbɔe wu. Wò dzadzraɖo si sɔ aƒo nu nyui hã tso habɔbɔ si teƒe nèle ŋu eye wòana nukpɔsusu nyui nanɔ wò nyaselawo si ɖe Mawu si subɔm nèle ŋu.

Mɔfiame Siwo Dzi Míawɔ Ðo. Biblia mede sewo kpaŋkpaŋ le alesi wòle be míaƒe dzedzeme nanɔ ŋu o. Ke hã ena gɔmeɖose siwo da sɔ siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuiwo. Susu vevi si le megbe na esiawo katã enye alesi wòhiã be ‘míawɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.’ (Kor. I, 10:31) Gɔmeɖose kawoe ku ɖe míaƒe dzedzeme ŋu?

Gbã la, Biblia de dzi ƒo na mí be míanɔ dzadzɛ, míaƒe ametia kple míaƒe nudodowo siaa. Le Se si Yehowa tsɔ na blema Israel-viwo me la, egblɔ nusiwo wòle be woawɔ ku ɖe dzadzɛnyenye ŋu. Le kpɔɖeŋu me, hafi nunɔlawo nawɔ woƒe dɔwo la, ele be woale tsi anya woƒe awuwo le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖewo dzi. (Mose III, 16:4, 24, 26, 28) Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te ya o, ke hã gɔmeɖose siwo le eme la gakpɔtɔ nyo. (Yoh. 13:10; Nyaɖ. 19:8) Vevietɔ ne míeyina tadeaguƒe alo ne míele gbeadzi la, ele be míakpɔ egbɔ be mía ŋuti kple míaƒe nume meɖea ya o eye míaƒe awudodowo nanɔ dzadzɛ bene amewo nagakpɔ nuɖiaɖia aɖeke le mía ŋu o. Ele be amesiwo tsi tre ɖe hamea ŋgɔ le nuƒo ƒom alo le wɔwɔfiawo wɔm naɖo kpɔɖeŋu nyui le esia me. Fɔléle ɖe míaƒe dzedzeme ŋu nyuie nye bubudede Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu.

Evelia, Biblia xlɔ̃ nu mí be míatu ɖokuibɔbɔ kple susuŋudɔwɔwɔ nyui ɖo. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ nyɔnuwo be “woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me; menye kple ɖaƒoƒo vivivo kple sika alo adzagbawo alo awu xɔasi dodo o, ke nusi dze nyɔnu, siwo ʋua Mawu ƒe subɔsubɔ me.” (Tim. I, 2:9, 10) Ðokuibɔbɔ kple susuŋudɔwɔwɔ nyui le vevie le ŋutsuwo ƒe dzadzraɖo hã me.

Amesi bɔbɔa eɖokui akpɔ nyuie be yeƒe nuwɔna matɔ ŋku na amewo o eye mahe susu ava eɖokui dzi dzodzro o. Susuŋudɔwɔwɔ nyui naa wobua nuwo ŋu nyuie, alo wowɔa nyametsotso nyuiwo. Amesi ɖea nɔnɔme siawo fiana la dana sɔna le bubudede Mawu ƒe gɔmeɖosewo ŋu me. Nɔnɔme siawo tutuɖo mefia be woagbe atsyɔ̃ɖoɖo o, ke ɖe wòkpena ɖe mía ŋu be míatsri lekewɔwɔ vivivo le awudodo ƒe atsyã kple dzadzraɖo me boŋ. (Yoh. I, 2:16) Míadi be míawɔ ɖe gɔmeɖose siawo dzi eɖanye tadeaguƒe alo gbeadzie míele, alo nu bubu aɖe wɔmee míele o. Ele be awu siwo míedona gbesiagbe, abe esi míedona le aƒeme ene, hã naɖe ɖokuibɔbɔ kple susuŋudɔwɔwɔ nyui afia. Le suku alo le dɔwɔƒe la, mɔnukpɔkpɔwo sua mía si be míaɖi vomeɖase. Togbɔ be míadzra ɖo le teƒe siawo abe alesi míedzrana ɖo yia kpekpewo alo takpekpewoe ene o hã la, ele kokoko be míaƒe nudodo nanɔ ɖoɖo nu, wòanɔ dzadzɛ, eye wòada asɔ.

Ele eme baa be mí katã míedzrana ɖo le mɔ ɖeka nu o. Womedii tso mía si be míawɔe nenema o. Amewo ƒe didiwo le vovovo, eye esɔ nenema hã. Ke hã ele be míawɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi ɣesiaɣi.

Apostolo Petro ɖee fia be nusi le vevie wu ɖawɔwɔ kple awudodo ƒe lekewɔwɔ enye “dzime ƒe ame ɣaɣla” si wòle be míado. (Pet. I, 3:3, 4) Ne lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dɔmekɔkɔ, kple xɔse yɔ dzi me na mí la, nusiawo ava zu gbɔgbɔmewu na mí eye le nyateƒe me la, woahe bubu vɛ na Mawu.

Etɔ̃lia, Biblia xlɔ̃ nu mí be míabu eŋu kpɔ be míaƒe dzedzeme le nɔnɔme nyui me hã. Le Timoteo I, 2:9 la, woƒo nu tso ‘awudodo ɖe nɔnɔme nyui me’ ŋu. Togbɔ be nyɔnuwo ƒe awudodo ye apostolo Paulo wɔnɛ le afisia hã la, gɔmeɖose mawo ke yi na ŋutsuwo hã. Ne nane le nɔnɔme nyui me la, ke ele dzadzɛ eye wòle ɖoɖo nyui nu. Míaƒe dzedzeme ate ŋu anɔ dzadzɛ ne ŋutilãmenuwo le mía si sɔ gbɔ loo alo womele mía si ale o.

Nu gbãtɔ si amewo kpɔna le míaƒe dzedzeme ŋue nye míaƒe taɖa. Ele be wòanɔ nɔnɔme nyui me. Dekɔnu kple amewo ƒe dzɔdzɔme nɔnɔme siaa wɔa akpa aɖe le alesi amewo trɔa asi le woƒe ɖa ŋui me. Edze ƒã be apostolo Paulo bu nu eve siawo ŋu hafi ŋlɔ eƒe nuxlɔ̃ame si ku ɖe ɖa ƒe nɔnɔme ŋu, si dze le Korintotɔwo I, 11:14, 15. Gake ne ame ƒe ɖawɔwɔ alo ɖakpakpa le eɖem fia be enye ŋutsu si di be yeawɔ ye ɖokui abe nyɔnu ene alo enye nyɔnu si di be yeawɔ ye ɖokui abe ŋutsu ene la, ke esia tsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu.—Mose V, 22:5.

Le ŋutsuwo gome la, dzedzeme si sɔ bia hã be woalũ ge nyuie. Le teƒe siwo wobua nutage ɖoɖo be bubu le eŋu la, ele be amesiwo aɖo ge ɖe nuta nafɔ edzi wòava anyi nyuie.

Enelia, mele be míaƒe dzedzeme nafia be míelɔ̃ xexeame kple eƒe mɔwo o. Apostolo Yohanes xlɔ̃ nu be: “Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o.” (Yoh. I, 2:15-17) Dzodzro vɔ̃wo bɔ ɖe xexe sia me fũ. Yohanes ƒo nu tso nuvɔ̃ŋutilã ƒe nudzodzro kple nunɔamesiwo ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo ŋu. Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsi tre ɖe aglãdzegbɔgbɔ, alo tomaɖomaɖo amesiwo le ŋusẽnɔƒewo hã ŋu. (Lod. 17:11; Ef. 2:2) Dzodzro kple nɔnɔme siawo dzena le alesi amewo doa awui kple alesi wodzrana ɖoe me. Esia wɔnɛ be woƒe dzedzeme te ŋu nyea esi meda sɔ o, esi nyɔa dzodzro vɔ̃ ɖe ame me, etɔa ŋku, bemalémalé kple ɖekematsɔleme dzena le eme, alo mesɔna ɖe nɔnɔme nyui nu o. Ele be mí Yehowa ƒe subɔlawo míaƒo asa na atsyã siwo mesɔ ɖe Kristotɔwo ƒe mɔwo nu o.

Le esi míasrɔ̃ xexeame ƒe nuwɔna teƒe la, aleke gbegbe wòasɔ wu be míana Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo nye gbɔgbɔmeme tsitsi siwo le hamea me la ƒe kpɔɖeŋu nyui le dzadzraɖo me nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe awudodo kple dzadzraɖo dzii enye si! Ðekakpui siwo le mɔ kpɔm be yewoava zu dutoƒonuƒoƒolawo gbaɖegbe ate ŋu alé ŋku ɖe amesiwo dze heƒoa dutoƒonuƒo fifia ƒe awudodo ŋu. Mí katã míate ŋu asrɔ̃ nu tso amesiwo subɔ nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe le subɔsubɔdɔa me la ƒe kpɔɖeŋuwo me.—Tim. I, 4:12; Pet. I, 5:2, 3.

Atɔ̃lia, le nusi sɔ tiatia me la, ele be wòanɔ susu me na mí be ‘Kristo gɔ̃ hã medze eɖokui ŋu o.’ (Rom. 15:3) Nu vevi si ŋu Yesu tsi dzi ɖoe nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Yesu tsɔ kpekpe ɖe amewo ŋu ɖo nɔƒe gbãtɔ na nusi adze eya ŋutɔ ŋu. Ne awudodo ƒe atsyã kple dzadzraɖo aɖe azu mɔxenu anɔ mía kple amesiwo dome míele subɔsubɔm le la, ke nukae wòle be míawɔ? Ðokuibɔbɔ ƒe gbɔgbɔ si Kristo ɖe fia la sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotso si me nunya le. Apostolo Paulo gblɔ gɔmeɖose sia be: “Míena nuɖiaɖia aɖeke le naneke me o.” (Kor. II, 6:3) Le susu sia ta ne ɖawɔwɔ alo ɖakpakpa ƒe atsyã alo nudodo aɖewo ana amesiwo míedi be míaɖi ɖase na nagbe toɖoɖo mí la, ke míalɔ̃ faa be nu mawo boŋ nato mía ŋu.

Tsitrenɔnɔ alo Anyinɔnɔ Nyuie. Dzedzeme si sɔ ku ɖe tsitrenɔnɔ alo anyinɔnɔ nyuie hã ŋu. Ele eme baa be mí katã míetsia tre alo zɔna le mɔ ɖeka nu ya o, eye míedi be míaɖo mɔnu aɖeke ɖi hã o. Ke hã esɔ be míade dzesii be alesi Biblia ƒo nu tso tsitrenɔnɔ adzɔ kã ŋu la do ƒome kple bubunɔameŋu kple mɔkpɔkpɔnɔamesi. (Mose III, 26:13; Luka 21:28) Gake le esi ame aɖewo bi wo ɖokui le mɔ aɖe nu le woƒe dɔwo wɔwɔ me ɣeyiɣi didi alo le tsitsi loo gbɔdzɔgbɔdzɔ le ŋutilã me ta la, ɖewohĩ nɔvi aɖe mate ŋu atsi tre adzɔ kã o, alo ahiã be wòaziɔ ɖe nane ŋu. Gake le amesiwo ate ŋu anɔ tsitrenu nyuie alesi dze gome la, wokafui be woawɔe nenema ne wole nu ƒom na amewo ale be wòagadze abe ɖe womede asixɔxɔ nusi wɔm wole ŋu alo tsɔe nu vevii ene o. Nenema ke togbɔ be naneke megblẽ le eŋu be nuƒola nada asi ɖe nuƒola ƒe kplɔ̃a dzi ɣeaɖewoɣi o hã la, zi geɖe esɔna le nyaselawo ŋkume wu nenye be nuƒolaa meziɔ ɖe nuƒola ƒe kplɔ̃ ŋu o.

Wò Nuzazãwo Nenɔ Dzadzɛ. Menye mía ŋutɔwo míaƒe dzedzeme koe wòhiã be wòanɔ dzadzɛ eye wòanɔ nɔnɔme nyui me o, ke ele be nusiwo míezãna le gbeadzi hã nanɔ dzadzɛ.

Lé ŋku ɖe wò Biblia ŋu. Manya wɔ be mí katã míaƒle Biblia yeye ɣesiaɣi ne esi zãm míele do xoxo o. Ke hã ɣeyiɣi didi ka ke míeɖale míaƒe Biblia zãm o, ele be eƒe nɔnɔme naɖee fia be míeléa be nɛ.

Enye nyateƒe be mɔ vovovowo li siwo nu míaɖo nuwo ɖe míaƒe gbeadzidekplo me le ya, ke hã ele be wòanɔ ɖoɖo nu. Èkpɔ gbeƒãɖela aɖe si di be yeaxlẽ mawunyakpukpui na aƒemenɔla, alo nɔviŋutsu aɖe si le nuƒo ƒom na hamea, eye kaka wòaʋu Biblia ko pepa kakɛwo nɔ gegem le eme kpɔa? Ðe mehe wò susu oa? Ne pepawo dede Biblia me ado kplamatse le mɔ aɖe nu la, ke asɔ wu be nàdzra wo ɖo ɖe teƒe bubu bene wò nuzazãwo nanɔ nɔnɔme nyui me. Ele be nànya hã be le nuto aɖewo me la, wobua Biblia kple subɔsubɔgbalẽ bubuwo tsɔtsɔ da ɖe anyigba be enye bubumademade nu mawo ŋu.

Ele be míabu dzedzeme si sɔ nu vevii. Ekpɔa ŋusẽ ɖe alesi amewo buna le mía ŋu hã dzi. Ƒo wo katã ta la, míeléa fɔ ɖe nusiawo ŋu elabena míedi be “[míaɖo] atsyɔ̃ na Mawu, mía xɔla ƒe nufiafia la le nuwo katã me.”—Tito 2:10.

LÉ ŊKU ÐE WÒ DZEDZEME ŊU

  • Ðe nusianu le dzadzɛa?

  • Ðe wò dzedzeme ɖe ɖokuibɔbɔ kple nudzeamewɔwɔ fiaa?

  • Ðe nusianu le ɖoɖo nyui nua?

  • Ètrɔ asi le wò ɖa ŋu nyuiea?

  • Ðe nane ku ɖe wò dzedzeme ŋu si ate ŋu aɖe xexeame lɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme afia?

  • Ðe susu nyui aɖe li si ta nàbui be wò dzedzeme ate ŋu anye nukikli na ame aɖea?

DƆDASI: Zi ɖeka le kwasiɖa ɖeka ƒe ŋkeke ɖesiaɖe dzi, dɔ ka kee nèɖo be yeawɔ o, na wò dzedzeme nasɔ ɖe nusiwo le “Lé Ŋku Ðe Wò Dzedzeme Ŋu,” si le axa 132 ƒe mɔfiamewo me nu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe