NUSƆSRƆ̃ 33
Ŋuɖɔɖɔɖo Kple Tenɔnɔ Sesĩe
ŊUÐƆÐƆÐO enye ŋutete si woatsɔ awɔ nu ɖe amewo ŋu esi womaɖia wo nu dzodzro o. Ebia be woanya alesi woagblɔ nyae kple ɣeyiɣi si woagblɔe. Esia mefia be woalɔ̃ ɖe nusi mesɔ o wɔwɔ dzi alo atɔ tsi nyateƒenya la o. Ŋuɖɔɖɔɖo mefia amegbetɔvɔvɔ̃ o.—Lod. 29:25.
Gbɔgbɔa ƒe kutsetsewoe nye gɔmeɖoanyi nyuitɔ kekeake si ana míazu amesiwo ɖɔa ŋu ɖo. Eyata amesi me lɔlɔ̃ le la madi be yeaɖia amewo nu o; adi be yeakpe ɖe wo ŋu. Amesi kɔa dɔme eye wònye dɔmefafatɔ la gbɔa dzi ɖi le nuwɔwɔ me. Amesi nye ŋutifafame dia mɔ siwo dzi wòato be ƒomedodo nyui nanɔ woa kple amewo dome. Ne amewo wɔ nu dzikutɔe hã la, amesi gbɔa dzi blewu la léa eɖokui kpoo.—Gal. 5:22, 23.
Aleke ke míegblɔ Biblia me gbedasiae o, ado dziku na ame aɖewo kokoko. Le dzi vɔ̃ɖi si nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ akpa gãtɔ si ta la, Yesu Kristo va zu “nuklikpe kple nuɖiakpe gbadzaa” na wo. (Pet. I, 2:7, 8) Yesu gblɔ tso eƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu be: “Meva dzo da ge ɖe anyigba dzi.” (Luka 12:49) Yehowa ƒe Fiaɖuƒegbedasia, si bia be amegbetɔwo nalɔ̃ abɔbɔ ɖe wo Wɔla ƒe dziɖulanyenye te la, kpɔtɔ nye nya si le bibim abe dzo ene si dze ŋgɔ ameƒomea. Gbedasi si nye be eteƒe madidi o Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖe fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖa la nye nya si doa dziku na ame geɖe. Ke hã míeyia edzi ɖea gbeƒã le toɖoɖo Mawu me. Gake le esia wɔwɔ me la, Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia nɔa susu me na mí, be: “Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!”—Rom. 12:18.
Ŋuɖɔɖɔɖo le Gbeƒãɖeɖe Me. Míeƒoa nu tso míaƒe xɔse ŋu na amewo le nɔnɔme vovovowo me. Nyateƒee, míeƒoa nu na amewo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, ke hã míegadia mɔnukpɔkpɔ siwo sɔ ne míele ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, kple sukuhatiwo gbɔ. Le nɔnɔme siawo katã me la, ŋuɖɔɖɔɖo hiã.
Ne míegblɔa Fiaɖuƒegbedasia le mɔ si ana amewo nabui be ɖe míele nya hem ɖe yewoƒe dzixɔsewo ŋu nu la, ate ŋu adzɔ be woagbe gbedasia. Nya siwo afia be ehiã be woawɔ tɔtrɔ ate ŋu aɖia wo nu ne menye ɖe wobia kpekpeɖeŋu hafi o eye ɖewohĩ womekpɔe hã be tɔtrɔwɔwɔ hiã yewo o. Mɔ ka dzie míato be womase nu gɔme na mí bubui o? Ne míesrɔ̃ alesi míaɖo dze xɔlɔ̃wɔwɔtɔe la, ate nu akpe ɖe mía ŋu.
Dze agbagba nàdze dzeɖoɖo gɔme kple nya aɖe si ado dzidzɔ na amea. Ne amea nye wò ƒometɔ, dɔwɔhati, alo sukuhati la, ke anɔ eme be nèdze si nusiwo me wòtsɔ ɖe le xoxo. Ne mèdo go amea kpɔ o gɔ̃ hã la, àte ŋu ado nya aɖe si nèse alo xlẽ le nyadzɔdzɔwo me ɖa. Zi geɖe la, nya siawo nye nusiwo le ameawo ƒe susu me. Ne èle tso aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm la, na wò ŋku nanɔ nuwo ŋu. Nusiwo wotsɔ ɖo atsyɔ̃e na aƒea, fefenu siwo le xɔxɔnua, subɔsubɔnuwo, kple nusiwo woŋlɔ ɖe ʋu ŋu alo gli ŋu la katã ate ŋu afia nu geɖe wò tso nusiwo me aƒea me nɔlawo tsɔ ɖe le ŋu. Ne aƒemenɔlaa do va ʋɔtrua nu la, ɖo to nyuie ne ele nu ƒom. Nya siwo wòagblɔ ate ŋu aɖo kpe susu si nèwɔ tso eƒe didiwo ŋu dzi alo atsi tre ɖe eŋu, eye esia ana nànya nu bubu geɖe tso nya siwo ŋu nàbu atsɔ aɖi ɖase nɛ ŋu.
Ne dzeɖoɖoa va le nya aɖewo ɖem ɖe go la, zã Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽ si ku ɖe nyatia ŋu nàtsɔ akɔ nu me nɛ. Gake mègaxɔ dzeɖoɖoa katã wɔ tɔwòe o. (Nyagb. 3:7) Na wò aƒemenɔla hã nakpɔ gome le eme ne elɔ̃. Tsɔ ɖe le eƒe nukpɔsusuwo me. Esiawo ate ŋu ana nànya alesi nàɖe ŋuɖɔɖɔɖo afiae.
Hafi nàƒo nu la, de ŋugble tso alesi ame kemɛa abu nyaae ŋu. Lododowo 12:8 kafui be ‘nunya nanɔ mía nu.’ Hebrigbe me nya si wozã le afisia ku ɖe nugɔmesese ayi eme kple ŋuɖɔɖɔɖo ŋu. Eyata ŋuɖɔɖɔɖo fia alesi míakpɔ míaƒe aɖe dzi nyuie le nuƒoƒo me to nyawo ŋu bubu memie do ŋgɔ me bene míaƒo nu le nunya me. Lododowo ƒe ta ma ke ƒe kpukpui 18 lia xlɔ̃ nu le “nuƒoƒo [si] le abe yitɔame ene” ŋu. Míate ŋu agblɔ Biblia me nyateƒea kakaɖedzitɔe esi mahiã be míaʋli nya kple amewo o.
Nugɔmesese ŋudɔwɔwɔ le nyawo tiatia me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na amewo ƒe mɔxeɖenu madzemadzee. Ne nya “Biblia” zazã ana amewo nagbe toɖoɖo la, àte ŋu azã nyawo abe “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” alo “agbalẽ si wota fifia ɖe gbegbɔgblɔ si wu 2,000 me.” Ne èƒo nu tso Biblia ŋu la, àte ŋu abia amea eƒe nukpɔsusu tso eŋu eye nàbu nya si wòagblɔ ŋu atrɔ asi le dzeɖoɖoa ƒe akpa mamlɛa ŋu alesi dze.
Zi geɖe la, ŋuɖɔɖɔɖo bia be woanya ɣeyiɣi si woagblɔ nya aɖe. (Lod. 25:11) Anɔ eme be màlɔ̃ ɖe nya sia nya si amea agblɔ dzi o, ke hã mehiã be nàtrɔ va eƒe nya ɖesiaɖe si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o gbɔ be yeaɖɔe ɖo o. Mègaɖoe be yeagblɔ nya sia nya na aƒemenɔlaa zi ɖeka o. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nya geɖewo gale asinye be, magblɔ na mi; gake miele eŋute ge atsɔe fifia o.”—Yoh. 16:12.
Le afisi wòasɔ le la, kafu amesiwo nèle nu ƒom na anukwaretɔe. Ne aƒemenɔlaa nye glãkahela hã la, àte ŋu akafui ɖe nukpɔsusu si le esi la dzixɔxɔse ta. Apostolo Paulo wɔ esia esi wònɔ nu ƒom na xexemenunyalawo le Areopago le Atene. Xexemenunyala mawo nɔ ‘nya hem sesĩe kplii.’ Aleke wòawɔ aɖe nu me na wo evɔ maɖia wo nu o? Do ŋgɔ la, elé ŋku ɖe woƒe vɔsamlekpui gbogbo siwo woɖi na woƒe mawuwo ŋu. Le esi wòabu fɔ Atenetɔwo ɖe woƒe legbasubɔsubɔ ta teƒe la, etsɔ ŋuɖɔɖɔɖo kafu wo ɖe woƒe mawusubɔsubɔ dzixɔse sẽŋuwo ta. Egblɔ be: “Mekpɔ bena, le nusianu me la mievɔ̃a mawuwo ŋutɔ.” Esia ʋu mɔ ɖi nɛ be wògblɔ eƒe gbedasia si ku ɖe Mawu vavã la ŋu. Nusi do tso emee nye be ame aɖewo va zu xɔsetɔwo.—Dɔw. 17:18, 22, 34.
Mègatsi dzi ne amewo tsi tre ɖe nya aɖe ŋu o. Lé ɖokuiwò kpoo. Bu esiawo be wonye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeanya nu geɖe tso amea ƒe tamesusu ŋu. Àte ŋu ada akpe nɛ ɖe eƒe nukpɔsusuwo ɖeɖegblɔ ta. Ke ne egblɔ kã be, “Mele subɔsubɔha aɖe me xoxo” ɖe? Àte ŋu abiae ŋuɖɔɖɔɖotɔe be: “Wò agbe me katãe nètsɔ ɖe le mawusubɔsubɔnyawo mea?” Eyome ne eɖo ŋu vɔ la, biae be: “Èsusu be ɣeyiɣi aɖe ava si me amewo katã awɔ ɖeka anɔ subɔsubɔha ɖeka ko mea?” Esia ate ŋu aʋu mɔ na nya geɖe me dzodzro.
Nukpɔsusu nyui si anɔ mía si ɖe mía ɖokui ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le ŋuɖɔɖɔɖo me. Míeka ɖe Yehowa ƒe mɔwo ƒe nyonyo kple eƒe Nya la ƒe nyateƒenyenye dzi bliboe. Míeƒoa nu tso esiawo ŋu kple kakaɖedzi. Gake susu aɖeke meli si ta míawɔ mía ɖokui ame dzɔdzɔewoe o. (Nyagb. 7:15, 16) Edzɔa dzi na mí be míenya nyateƒea eye be Yehowa yraa mí, gake míenyae nyuie be eƒe amenuveve kple Kristo dzixɔxɔse tae wòkpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu ɖo, menye mía ŋutɔwo míaƒe dzɔdzɔenyenye tae o. (Ef. 2:8, 9) Míenya alesi wòhiã be ‘míayi edzi anɔ mia ɖokui me dzrom kpɔ be míele xɔse la me hã, eye míanɔ mia ɖokui dom kpɔ.’ (Kor. II, 13:5) Eyata ne míele nu ƒom na amewo tso alesi wòhiã be woawɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzii ŋu la, míegblɔa Biblia ƒe nuxlɔ̃amea wòafia be eku ɖe mía ŋutɔwo hã ŋu ɖokuibɔbɔtɔe. Menye míaƒe dɔe wònye be míadrɔ̃ ʋɔnu mía haviwo o. Yehowa “tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via,” eye eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe míana akɔnta le míaƒe nuwɔnawo ŋu le.—Yoh. 5:22; Kor. II, 5:10.
Le Ƒomea me Kple Hati Kristotɔwo Dome. Menye gbeadzisubɔsubɔdɔa me koe míaɖe ŋuɖɔɖɔɖo afia le o. Esi wònye be ŋuɖɔɖɔɖo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetseawo ɖeɖe fia ta la, ele be míaɖɔ ŋu ɖo le aƒeme hã ne míele nu wɔm kple ƒomea me tɔwo. Lɔlɔ̃ aʋã mí be míatsɔ ɖe le ame bubuwo ƒe seselelãmewo me. Fianyɔnu Ester srɔ̃ menye Yehowa subɔla o, ke hã ede bubu srɔ̃aŋutsua ŋu eye wòɖe nugɔmesese deto fia esime wòtsɔ nya siwo ku ɖe Yehowa subɔlawo ŋu va ɖo eŋkume. (Ester, ta 3-8) Le go aɖewo me la, ŋuɖɔɖɔɖo le nuwɔwɔ kple míaƒe ƒomea me tɔ siwo menye Ðasefowo o me abia be míana míaƒe agbenɔnɔ, ke menye dzixɔsewo gbɔgblɔ fia o, nafia nyateƒemɔa wo.—Pet. I, 3:1, 2.
Nenema ke míaƒe sidzedze hamea me tɔwo nyuie mefia be míate ŋu aƒo nu na wo ŋumaɖɔɖotɔe alo agbe dɔmenyonyo na wo o. Mele be míasusui be esi wotsi le gbɔgbɔ me ta, mele be míaƒe nuwɔna nate ɖe wo dzi o. Eye mele be míaɖe mía ɖokui nu agblɔ be, “Nye ya nenema ko mele” o. Ne míekpɔ be alesi míeƒoa nui ɖia ame aɖewo nu la, ele be míaɖoe kplikpaa awɔ tɔtrɔ. Ele be ‘lɔlɔ̃ gã si míetsɔ lɔ̃ mía nɔewo vevie’ la naʋã mí be “míawɔ nu nyui na . . . haxɔsetɔwo.”—Pet. I, 4:8, 15; Gal. 6:10.
Ne Míele Nu Ƒom na Nyaselawo. Ehiã be amesiwo le nuƒolanɔƒea le nu ƒom hã naɖɔ ŋu ɖo. Nyaselawo nye amesiwo tso teƒe vovovo kple nɔnɔme vovovowo me va ƒo ƒu. Wole ɖoƒe vovovo le gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔ me. Anɔ eme be zi gbãtɔ enye ma ame aɖewo va Fiaɖuƒe Akpata me. Ame bubuwo anɔ nɔnɔme sesẽ aɖewo me tom si mele nyanya na nuƒola o. Nukae ate ŋu akpe ɖe nuƒola ŋu be maɖia eƒe nyasela aɖeke nu o?
Le ɖekawɔwɔ me kple apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame na Tito la, ele be taɖodzinua nanye be “woagagblɔ busunya ɖe ame aɖeke ŋuti o, . . . woanye ame fatuwo, woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã.” (Tito 3:2) Mègasrɔ̃ xexeame le nya siwo daa ameƒomevi aɖewo, gbe aɖe dolawo, alo dukɔ aɖe me tsolawo ɖe anyi la zazã me o. (Nyaɖ. 7:9, 10) Dzro Yehowa ƒe nudidiwo me anukwaretɔe eye nàfia nunya si le wo dzi wɔwɔ me; gake ƒo asa na gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ le amesiwo mele Yehowa ƒe mɔa dzi zɔm bliboe haɖe o ŋu. De dzi ƒo na amewo katã boŋ be woadze si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye woawɔ nusi dzea eŋu. Tsɔ kafukafunya siwo dze eye wonye nyateƒe do ŋgɔ na nuxlɔ̃amenyawo bene woanya xɔ bɔbɔe. Na wò gbeɖiɖi ƒe nɔnɔme kple alesi nàƒo nui naɖe nɔvilɔlɔ̃ si wòle be wòanɔ mí katã mía me na mía nɔewo la afia.—Tes. I, 4:1-12; Pet. I, 3:8.