INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 38 axa 215-axa 219 mm. 2
  • Ŋgɔdonya Si Anyɔ Ðetsɔleme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋgɔdonya Si Anyɔ Ðetsɔleme
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋgɔdonya Si Sɔ Nyuie
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nufiame Nanɔ Eme Na Nyaselawo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Ŋɔŋlɔawo Nuɖeɖe Nyuie
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 38 axa 215-axa 219 mm. 2

NUSƆSRƆ̃ 38

Ŋgɔdonya Si Anyɔ Ðetsɔleme

Nukae wòle be nàwɔ?

Le nya siwo nàtsɔ adze nuƒoa gɔmee me la, gblɔ nya vevi aɖe si anyɔ wò nyaselawo ƒe ɖetsɔleme eye wòawɔ akpa aɖe tẽ le taɖodzinu si le asiwò gbɔ ɖoɖo me.

Nukata Wòle Vevie?

Wò ŋgɔdonya ate ŋu afia nenye be amewo aɖo to alo womaɖoe o eye wòate ŋu afia alesi gbegbe woanɔ to dzii hã.

ŊGƆDONYA nye nuƒo ɖesiaɖe ƒe akpa vevi aɖe. Ne ènyɔ wò nyaselawo ƒe ɖetsɔleme vavã la, woadi be yewoalé to ɖe nya siwo akplɔe ɖo ŋu nyuie wu. Le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ne wò ŋgɔdonya menyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme o la, anɔ eme be womaɖe mɔ nàyi dzeɖoɖoa dzi o. Ne Fiaɖuƒe Akpata mee nèle nuƒo ƒom le la, nyaselawo matso adzo le gbɔwò ya o, gake anɔ eme be wo dometɔ aɖewo ƒe susu ayi nu bubuwo dzi ne mète ŋu lé woƒe ɖetsɔleme ɖe te o.

Ne èle wò ŋgɔdonya dzram ɖo la, na taɖodzinu siawo nanɔ susu me na wò: (1) wò nyaselawo ƒe susu léle ɖe te, (2) nana be wò nyatia nadze ƒã, kple (3) nusita nyatia le vevie na wò nyaselawo ɖeɖe fia. Le go aɖewo me la, woate ŋu aɖo taɖodzinu etɔ̃ siawo katã gbɔ zi ɖeka. Gake le go bubuwo me la, ɖewohĩ ahiã be woaɖo wo gbɔ ɖekaɖeka, eye ɖoɖo si nu wòanɔ hã ate ŋu atrɔ.

Alesi Nàwɔ Anyɔ Wò Nyaselawo ƒe Ðetsɔleme. Togbɔ be ele eme be amewo va kpe ta be yewoase nuƒo hã la, mefia be wosɔ gbe be woatsɔ woƒe susu blibo akplɔ nyatia ɖoe o. Nukata? Woƒe agbe me yɔ fũ kple nu geɖe siwo ŋu wòhiã be woade ŋugble le. Ðewohĩ aƒemekuxi aɖe alo agbe me dzimaɖitsitsi bubu aɖe le wo dzi. Kuxi si dze ŋgɔ wò amesi le nuƒoa ƒom enye alesi nàhe nyaselawo ƒe susu ahalée ɖe te. Àte ŋu awɔ esia to mɔ geɖe nu.

Dutoƒonuƒo xɔŋkɔ siwo woƒo kpɔ dometɔ ɖekae nye Todzimawunya la. Aleke wodze egɔmee? Le Luka ƒe nuŋlɔɖia nu la, Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye mi ame dahewo, . . . dzidzɔtɔwoe nye mi amesiwo dɔ wuna fifia, . . . dzidzɔtɔwoe nye mi amesiwo faa avi fifia, . . . dzidzɔtɔwo mianye ɣesiaɣi si amewo alé fu mi.” (Luka 6:20-22, NW) Nukata nya siawo nyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme? Yesu ɖee fia le nya ʋɛ aɖewo ko me be yenya kuxi sesẽ siwo me tom yeƒe nyaselawo le dometɔ aɖewo. Eyome le esi wòanɔ kuxi mawo ŋu nya gbɔgblɔ dzi legbee teƒe la, eɖee fia boŋ be amesiwo le kuxi mawo me tom ate ŋu akpɔtɔ anye dzidzɔtɔwo, eye wògblɔe le mɔ si ana eƒe nyaselawo nadi be yewoagase nya geɖewo kpee nu.

Woate ŋu awɔ nyabiasewo ŋudɔ nyuie atsɔ anyɔ ɖetsɔlemee, ke hã ele be woanye nyabiase siwo sɔ. Ne wò nyabiasewo ɖee fia be nusiwo wò nyaselawo nya xoxo ŋu koe nèle nu ƒo ge le la, woƒe ɖetsɔlemea nu atsi kaba. Mègabia nya siwo ado ŋukpe wò nyaselawo loo alo aɖia wo nu o. Ke boŋ dze agbagba nàtrɔ asi le wò nyabiasewo ŋu bene woana woanɔ ŋugble dem. Tɔ vie le nyabiase ɖesiaɖe megbe ale be wò nyaselawo nate ŋu akpɔ ɣeyiɣi abu ŋuɖoɖoa ŋu le woƒe susu me. Ne wose le wo ɖokui me be yewole dze ɖom kpli wò le susu me la, ke ènyɔ woƒe ɖetsɔleme enye ma.

Agbe me nuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔwo gbɔgblɔ hã nye mɔ nyui bubu si dzi woato anyɔ ɖetsɔleme. Gake ŋutinya aɖe gbɔgblɔ ko mana nàɖo wò taɖodzinua gbɔ o ne nuteƒekpɔkpɔa ɖia wò nyaselawo dometɔ aɖe nu. Ne amewo ɖo ŋku wò ŋutinyaa dzi gake woŋlɔ nufiame ŋutɔŋutɔ si le eme be la, ke nèda ƒu. Ne wozã nuteƒekpɔkpɔ le ŋgɔdonya me la, ke ele be wòaɖo gɔmeɖoanyi aɖe na akpa vevi aɖe si dzi woava tu ɖo nyuie le nuƒoa ŋutɔ me. Togbɔ be ahiã be woagblɔ numeɖeɖe aɖewo siwo ana agbe nanɔ ŋutinyaa me hã la, kpɔ nyuie be màgana ŋutinyaa nava didi akpa dzodzro o.

Nuƒola aɖewo dzea egɔme kple nyadzɔdzɔ yeye aɖe si wogblɔ, nya aɖe si wota ɖe wo gbɔ nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me, alo nya aɖe si ame xɔŋkɔ aɖe gblɔ. Esiawo hã ate ŋu awɔ dɔ nenye be wodo ƒome kple nyatia eye wosɔ na nyaselawo.

Ne wò nuƒoa nye nuƒo kpuiwo ƒe akpa aɖe alo Subɔsubɔ Kpekpe ƒe akpa aɖe la, ke asɔ wu be nàna wò ŋgɔdonya nanɔ kpuie eye wòayi nyaa gbɔ tẽ. Ne dutoƒonuƒo ƒom nèle la, wɔ ɖe ɣeyiɣi si wona ɖe akpa si nye ŋgɔdonyaa ŋu la dzi. Nuƒoa ŋutɔ mee nyatakaka si ŋu asixɔxɔ gãtɔ le na wò nyaselawo la adze le.

Ɣeaɖewoɣi ate ŋu adzɔ be nàƒo nu na nyasela siwo nye ɖikelawo alo amesiwo do dziku gɔ̃ hã. Aleke nàwɔ bene woate ŋu aɖo to wò? Wokplɔ Kristotɔ gbãtɔwo dometɔ ɖeka si nye Stefano, amesi ŋu wogblɔ le be ‘gbɔgbɔ kɔkɔe yɔe fũ,’ la yi Yudatɔwo ƒe Sanhedrin la ŋkume sesẽe. Eƒo nuƒo ʋãme aɖe tsɔ ʋli Kristotɔnyenye tae le afima. Aleke wòdze egɔmee? Edze egɔme bubudeameŋutɔe eye wòƒo nu tso nusi dzi wo kple ameawo wolɔ̃ ɖo xoxo ŋu. “Ŋutsuwo, nɔviwo kple fofowo miɖo to! Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mía fofo Abraham.” (Dɔw. 6:3; 7:2) Apostolo Paulo trɔ eƒe ŋgɔdonya wòsɔ na nyaselawo esi wònɔ nu ƒom na nyasela bubuwo kura le Areopago si le Atene, esi wògblɔ be: “Mi Atene-ŋutsuwo, mekpɔ bena, le nusianu me la mievɔ̃a mawuwo ŋutɔ.” (Dɔw. 17:22) Esi ŋgɔdonya mawo sɔ nyuie ta la, nyaselawo ƒe ƒuƒoƒo eveawo siaa di be yewoagase nya bubu geɖe akpee.

Wò hã ne èle gbeadzi la, ehiã be nàna amewo naɖo to wò. Ne menye ɖe miewɔ ɖoɖo ɖe wò sasrãkpɔa ŋu do ŋgɔ o la, ate ŋu anɔ eme be aƒemenɔlaa mavo o. Le xexeame ƒe akpa aɖewo la, wokpɔa mɔ be amedzro siwo womele mɔ kpɔm na o nagblɔ susu si ta wova la enumake. Le teƒe bubuwo la, dekɔnu bia be woato nuwɔna aɖewo me hafi agblɔ susu si ta wova.—Luka 10:5.

Le wo dometɔ ɖesiaɖe me la, ɖetsɔtsɔ le amewo me xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ate ŋu aʋu mɔ na dzeɖoɖo. Zi geɖe la, eɖea vi ne wodze egɔme kple nya aɖe si wɔ ɖeka kple nusi le amea ƒe susu me tẽ. Aleke nàwɔ anya nusi nàgblɔ? Esi nèva amea gbɔ la, ɖe nèkpɔ be enɔ dɔ aɖe wɔma? Ðewohĩ enɔ agble ŋlɔm, enɔ aƒeme dzram ɖo, enɔ ʋu dzram ɖo, enɔ nu ɖam, enɔ nu nyãm, alo enɔ ɖeviwo gbɔ kpɔm. Ðe eƒe ŋku nɔ nane ŋua—ɖewohĩ wònɔ nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe alo nɔ nusiwo nɔ edzi yim le mɔdodo dzi kpɔma? Ðe nusiwo nèkpɔ le egbɔ ɖee fia be elɔ̃ lãɖeɖe, kamedefefe, hadzidzi, kɔmpiutawo, alo nu bubu aɖe veviea? Zi geɖe amewo tsia dzi ɖe nyitsɔ laa nudzɔdzɔ siwo wose le radio dzi alo kpɔ le television dzi ŋu. Nyabiase aɖe alo nya kpui aɖe si nàgblɔ tso nya siawo dometɔ aɖe ŋu ate ŋu aʋu mɔ na dzeɖoɖo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe.

Ɣeyiɣi si Yesu ƒo nu kple Samaria-nyɔnu aɖe le vudo si te ɖe Sixar ŋu to la nye alesi woadze dzeɖoɖo gɔme kple susu be wòaʋu mɔ na ɖaseɖiɖi la ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe.—Yoh. 4:5-26.

Ahiã be nàtrɔ asi le wò ŋgɔdonya la ŋu nyuie, vevietɔ ne anyigbamama si me wowɔa dɔ le edziedzi ye le miaƒe hamea si. Ema manɔmee la, màte ŋu aɖi ɖase o.

Na Wò Nyatia Nadze. Le Kristo-hamea me la, zi geɖe zimenɔla alo amesi do ŋgɔ le kplɔ̃a ta ayɔ tanya si ŋu nègbɔna dɔ wɔ ge le ahayɔ wò ŋkɔ. Ke hã ate ŋu aɖe vi na wò nyaselawo ne ègaɖo ŋku nyati si ŋu wòku ɖo dzi na wo le wò ŋgɔdonyaa me. Esia ate ŋu anye wò tanya la me nyawo, gake mehiã kokoko be wòanye tanya la gbugbɔgayɔ pɛpɛpɛ o. Ke hã ele be tanya la nanɔ dzedzem eme nanɔ kɔkɔm esi nuƒoa le edzi yim. Ele be nàto mɔ aɖe dzi ahe susu ayi wò nyatia dzii le ŋgɔdonyaa me.

Esi Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃lawo dɔm be woava ɖe gbeƒã la, ena gbedasi si woatsɔ ayii la dze ƒã. “Ne miele yiyim la, miɖe gbeƒã gblɔ bena: ‘Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!’” (Mat. 10:7) Yesu gblɔ tso míaƒe ŋkekea ŋu be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia.” (Mat. 24:14) Woxlɔ̃ nu mí be ‘míaɖe gbeƒã nya la,’ si fia be míaku ɖe nusi Biblia la gblɔ ŋu le ɖaseɖiɖi me. (Tim. II, 4:2) Ke hã zi geɖe hafi míaʋu Biblia alo ahe susu ayi Fiaɖuƒea dzii la, ehiã be míado ŋgɔ atɔ asi nya aɖe si me amewo tsɔ ɖe le fifia dzi. Àte ŋu aƒo nu tso nuvlowɔwɔ, dɔmakpɔwɔe, madzɔmadzɔnyenye, aʋawɔwɔ, kpekpeɖeŋu nana ɖeviwo, dɔléle, alo ku ŋu. Gake mègaƒo nu tso nya vɔ̃wo ŋu fũ akpa o; nyanyui wò gbedasia nye. Dze agbagba nàtrɔ dzeɖoɖoa ayi Mawu ƒe Nya la kple Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa dzii.

Fia Nusita Nyatia Le Vevie na Wò Nyaselawo. Ne hamea mee nàƒo nuƒoa le la, ke asɔ be nàka ɖe edzi be wò nyaselawo atsɔ ɖe le nusi ŋu nèle nu ƒom le me alesi dze. Gake ɖe woanɔ to ɖom abe alesi míeɖoa toe ne míele nu srɔ̃m tso nane si ka mí vevie ŋu enea? Ðe woakpɔe adze sii be nya si sem yewole la sɔ ɖe nɔnɔme siwo me yewotona le agbe me nu eye be nèle ŋusẽ dom yewo be yewoawɔ nane tso eŋu ale be wòaʋã wo woanɔ to dzia? Ne èbu wò nyaselawo ŋu nyuie—woƒe nɔnɔmewo, woƒe dzitsitsiwo, woƒe nuwɔnawo—le nuƒoa dzadzraɖo me ko hafi woanɔ to dzi vavã. Ne èbu wo ŋu alea la, ke gblɔ nane si ana woakpɔe be nyatia ka yewo le wò ŋgɔdonyaa me.

Eɖanye nuƒolanɔƒeae nèle nu ƒom le alo ame ɖekae nèle ɖase ɖim na o, mɔ nyuitɔ siwo dzi nàto anyɔ ɖetsɔleme ɖe wò nyatia me dometɔ ɖekae nye be nàna wò nyaselawo nakpɔ gome le eme. Ðe alesi woƒe kuxiwo, woƒe hiahiãwo, alo biabia siwo le susu me na wo la do ƒome kple nyati si me dzrom nèle la fia. Ne èna wòdze ƒã be menye nya gbadzaa ko gblɔ ge nègbɔna o ke boŋ àyi nyaa ƒe akpa aɖewo koŋ gbɔ etɔxɛe la, woaganɔ to dzi wu. Ahiã be nàdzra ɖo nyuie bene nàte ŋu awɔ esia.

Alesi Nàgblɔe. Nya si nàgblɔ le wò ŋgɔdonya me la wɔa akpa vevi aɖe, gake alesi nàgblɔe hã ate ŋu anyɔ ɖetsɔleme. Le esia ta menye nya si nàgblɔ ŋu koe wòle be wò dzadzraɖoa naku ɖo o ke neku ɖe alesi nàgblɔe hã ŋu.

Nya siwo sɔ tiatia le vevie be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ, eyata ɖewohĩ àkpɔe be ade dziwò ne èdzra nyagbe eve alo etɔ̃ gbãtɔwo ɖo nyuie etɔxɛe. Zi geɖe nyagbe siwo le kpuie eye wole bɔbɔe ye sɔna wu. Le hamea me nuƒowo gome la, ɖewohĩ àdi be yeaŋlɔ nya siwo yeatsɔ adze egɔmee la ɖi kpuie alo àte ŋu aɖoe be yealé wo ɖe susu me bene yeagblɔe wòawɔ dɔ ɖe amewo dzi alesi dze. Ŋgɔdonya si awɔ dɔ ɖe amewo dzi gbɔgblɔ dzigbɔɖitɔe ate ŋu ana nàkpɔ dziɖeɖi si nèhiã le nuƒoa ƒe akpa mamlɛawo ƒoƒo me.

Ɣeyiɣi si Nàdzra Ŋgɔdonyaa Ðo. Amewo ƒe nukpɔsusu to vovo le nya sia gome. Nuƒola bibi aɖewo xɔe se be ele be dzadzraɖo ɖe nuƒo ŋu nadze egɔme tso ŋgɔdonyaa dzi. Ame bubu siwo srɔ̃ nu tso nuƒoƒo le dutoƒo ŋu susui be ele be woadzra ŋgɔdonya la ɖo le dzadzraɖo ɖe nuƒoa ŋutɔ ŋu vɔ megbe.

Enye nyateƒe be ehiã be nànya nu tso wò nyatia kple nya vevi siwo nèɖo be yeazã atsɔ adzro emee ŋu nyuie hafi nàte ŋu akpɔ nya siwo asɔ na ŋgɔdonya la. Gake ne nuƒogbalẽ si wota xoxo dzi kpɔm nèle le dzadzram ɖo ɖe nuƒoa ŋu ɖe? Ne èxlẽ nuƒogbalẽa to eme vɔ eye susu aɖe va na wò le alesi nàtrɔ asi le ŋgɔdonyaa ŋui la, naneke magblẽ le eŋu ne èŋlɔe ɖi o. Ðo ŋku edzi hã be hafi wò ŋgɔdonya nawɔ dɔ ɖe ame dzi nyuie la, ele be nàbu wò nyaselawo kpakple nya siwo le nuƒogbalẽa dzi siaa ŋu.

ALESI NÀWƆE

  • Bu wò nyaselawo ŋu—nɔnɔme siwo me wole, nusiwo me wotsɔ ɖe le, alesi wobua nu ŋui, kple nusi wonya tso nyatia ŋu xoxo.

  • Di nusi ku ɖe nyatia ŋu si me woatsɔ ɖe le koŋ kple esi ŋu vevienyenye anɔ na wo.

DƆDASIWO: (1) Hafi nàdze aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa gɔme la, dzra ŋgɔdonya aɖe si asɔ ɖe wò gbedasia kpakple wò anyigbamama me nudzɔdzɔ yeye aɖe nu la ɖo. (2) Dzro Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me nyati atɔ̃ alo ade ƒe ŋgɔdonya siwo le memama gbãtɔawo me la me. Bia ɖokuiwò nusi na ŋgɔdonyaawo dometɔ ɖesiaɖe sɔ nyuie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe