NUSƆSRƆ̃ 40
Nyawo Nade Pɛpɛpɛ
NUKATA Kristotɔ aɖe agblɔ nya si manye nyateƒe o? Anɔ eme be nya aɖe si wòsee wògbugbɔ le gbɔgblɔm esime megbɔ dzi ɖi di kpeɖodzi le eŋu o. Alo ɖewohĩ aɖe ami ɖe nyaa le manyamanya me le esi mexlẽe nyuie le afisi wòke ɖe eŋu le o ta. Ne míelé fɔ ɖe nyawo gbɔgblɔ be wòade pɛpɛpɛ ŋu le nya suewo gɔ̃ hã me la, míaƒe nyaselawo akpɔe be yewoate ŋu aka ɖe míaƒe gbedasia ƒe akpa siwo le vevie wu la ƒe nyateƒenyenye hã dzi.
Le Gbeadzi. Ame geɖe vɔ̃na na gbeƒãɖeɖedɔa gɔmedzedze le esi wokpɔe be nu geɖe li yewomesrɔ̃ haɖe o ta. Ke hã wova kpɔnɛ emegbe kpuie be yewoate ŋu aɖi ɖase nyuie togbɔ be nyateƒea ƒe gɔmedzenufiafia ʋɛ aɖewo koe yewonya hã. To mɔ ka nu? Nu vevitɔe nye dzadzraɖo.
Hafi nàdze gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme la, srɔ̃ nyati si me dzro ge nèyina nàse egɔme nyuie. Dze agbagba nàbu nyabiase siwo ɖewohĩ wò nyaselawo abia ŋu. Di woƒe ŋuɖoɖo nyui siwo Biblia na. Esia ana nànɔ dzadzraɖoɖi aɖo nyawo ŋu wòade pɛpɛpɛ, le dziɖeɖi me. Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔƒee nèyina? To nusɔsrɔ̃nyatia me nyuie. Kpɔ egbɔ be yese Ŋɔŋlɔawo ƒe kpeɖodzi siwo le biabia siwo wota ƒe ŋuɖoɖowo ŋu la gɔme nyuie.
Ke ne aƒemenɔla alo wò dɔwɔhati aɖe bia nya aɖe si ƒe ŋuɖoɖo ŋu mèdzra ɖo ɖo o ɖe? Ne mèka ɖe nyaawo dzi tututu o la, megawɔ na wò be yeatee kpɔ o. “Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.” (Lod. 15:28) Àte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu si nèhiã le agbalẽ si nye Reasoning From the Scriptures alo “Bible Topics for Discussion” me ne ele mia degbe me. Ne agbalẽ siawo dometɔ aɖeke mele asiwò o la, gblɔ na amea be yeava wɔ numekuku ava ɖo eŋu nɛ. Ne susu nyui ye le amesi bia nyaa si la, maɖe fu nɛ be yealala ŋuɖoɖo si sɔ o. Le nyateƒe me la, anɔ eme be ɖokuibɔbɔ si nèɖe fia awɔ dɔ ɖe edzi.
Zɔzɔ kple gbeƒãɖela bibiwo le gbeadzi akpe ɖe ŋuwò be ŋutete nasu asiwò nàzu amesi zãa Mawu ƒe Nya la pɛpɛpɛ. Lé ŋku ɖe mawunyakpukpui siwo wozãna kple alesi woɖea wo mee ŋu nyuie. Tsɔ ɖokuibɔbɔ xɔ aɖaŋuɖoɖo alo ɖɔɖɔɖo ɖesiaɖe si woana wò la faa. Nusrɔ̃la Apolo si nye veviedonula xɔ kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ wòɖe vi nɛ. Luka yɔ Apolo be enye amesi “nya nuƒoƒo,” ‘ebi nyuie ɖe ŋɔŋlɔawo me,’ eye ‘wòxɔ dzo le gbɔgbɔ me,’ enye ŋutsu si ‘ƒoa nu eye wòfiaa Yesu ŋutinya pɛpɛpɛ.’ Ke hã eƒe nugɔmesese mede tututu o. Esi Priskila kple Akwila kpɔ esia dze sii la, “wokplɔe va wo ɖokui gbɔ, eye woɖe Mawu ƒe mɔ gɔme fiae kɔte wu tsãtɔ.”—Dɔw. 18:24-28.
‘Nyateƒenya la Me Léle Ðe Asi Sesĩe.’ Ele be míaƒe nuƒoƒo le kpekpeawo me naɖe bubu deto dede hamea si nye “nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ” ŋu la afia. (Tim. I, 3:15) Bene míalé nyateƒea me ɖe asi la, ele vevie be míakpɔ gɔmesese si le ŋɔŋlɔ siwo míeɖo be míazã le nuƒo me ŋu. Bu nya siwo ƒo xlãe kple nusita wogblɔ nya mawo ŋu.
Woate ŋu agbugbɔ nya si nègblɔ le hamea ƒe kpekpe me agblɔ le teƒe bubu. Ele eme baa be “mí katã míeda vo le nu geɖewo me” ya. (Yak. 3:2) Ke hã aɖe vi ne afɔ siwo ana nuƒo me nyawo nade pɛpɛpɛ ɖeɖe zu numame na wò. Nɔviŋutsu siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me dometɔ geɖe ava zu hamemegãwo gbeɖeka. “Woabia nu geɖe wu” tso amesiwo wotsɔ agbanɔamedzi sia de asi na la si. (Luka 12:48) Ne hamemegã aɖe tsɔ ŋumaɖɔmaɖɔɖo ɖo aɖaŋu masɔmasɔ si he kuxi sesẽwo vɛ na hamea me tɔwo la, ate ŋu adzɔ be Mawu makpɔ ŋudzedze ɖe hamemegã ma ŋu o. (Mat. 12:36, 37) Eyata ele be woanya nɔviŋutsu si dze na hamemegã ƒe ɖoƒea be enye “amesi léa nyateƒenya la me ɖe asi le [eƒe] nufiafia la nu.”—Tito 1:9.
Kpɔ egbɔ be wò nyataƒoƒowo wɔ ɖeka kple “nya, siwo le blibo,” si dze le Ŋɔŋlɔawo me nyateƒenya bliboa me. (Tim. II, 1:13) Mele be esia wɔwɔ nado vɔvɔ̃ na wò o. Ðewohĩ mèwu Biblia bliboa xexlẽ nu haɖe o. Yi exexlẽ dzi. Gake fifia la, de dzesi alesi aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le ŋkuléle ɖe nya si nèɖo be yeatsɔ afia nui la ŋu me.
Gbã la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nya sia wɔ ɖeka kple nusi menya xoxo tso Biblia mea? Ðe wòahe nye nyaselawo ɖe Yehowa ŋua, alo ɖe wòdo xexeame ƒe nunya ɖe dzi hele dzi dem ƒo na amewo be woakplɔe ɖoa?’ Yesu gblɔ be: “Wò nya la enye nyateƒe.” (Yoh. 17:17; Mose V, 13:2-6; Kor. I, 1:19-21) Evelia, zã dɔwɔnu siwo tso dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la gbɔ na nusɔsrɔ̃. Woakpe ɖe ŋuwò be menye ɖeko nàse ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie ko evɔ o ke àte ŋu awɔ ŋɔŋlɔ mawo ŋudɔ nyuie hã wòada asɔ le nugɔmesese me. Ne ètu wò nuƒoa ɖe ‘nya siwo le blibo’ dzi eye nèɖoa ŋu ɖe mɔ si dzi tom Yehowa le la ŋu le mawunyakpukpuiwo me ɖeɖe kple wo ŋudɔwɔwɔ me la, wò nyawo ade pɛpɛpɛ.
Egbɔkpɔkpɔ be Nyatakakawo De Pɛpɛpɛ. Nudzɔdzɔ yeyewo, nya siwo amewo gblɔ, kple nuteƒekpɔkpɔwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èle nya vevi aɖewo ƒe kpɔɖeŋu wɔm hele alesi woatsɔe ade dɔwɔwɔ mee me ɖem. Aleke nàwɔ aka ɖe edzi be nyawo de pɛpɛpɛ? Eƒe mɔnu ɖekae nye be nàɖe wo tso nyatakakatsoƒe siwo ŋu kakaɖedzi le. Ðo ŋku edzi nàkpɔe ɖa be esɔ ɖe alesi nuwo le fifia nu hã. Akɔntabubuwo trɔna; wokena ɖe nu yeyewo ŋu le dzɔdzɔmeŋutinunya me siwo va xɔna ɖe xoxoawo teƒe; eye esi amegbetɔ le ŋgɔ yim le ŋutinya kple blema gbegbɔgblɔwo sese me ta la, ehiã be woatsɔ nu yeyewo anɔ nusiwo ŋu woke ɖo xoxo la dometɔ aɖewo ɖɔ lim. Ele be nàɖɔ ŋu ɖo nyuie ne èle ɖoɖo wɔm be yeazã nyatakaka tso nyadzɔdzɔgbalẽwo me, television, radio, kɔmpiuta, alo Internet dzi. Lododowo 14:15 xlɔ̃ nu be: “Ame bebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wonya afisi mele nyaa ɖem tsoe be woƒe nyatakakawo dena pɛpɛpɛ ɣesiaɣia? Ðe mate ŋu ato mɔ bubu aɖe dzi akpɔ kpeɖodzi na nyatakaka laa?’ Ne mèka ɖe nya aɖe ƒe nyateƒenyenye dzi o la, ke mègazãe o.
Hekpe ɖe egbɔkpɔkpɔ be kakaɖedzi le afisi woɖe nyaa tsoe ŋu la, lé ŋku ɖe alesi nèɖo be yeazãe ŋu nyuie. Kpɔ egbɔ be amewo ƒe nyawo kple akɔntabubu siwo zãm nèle la sɔ ɖe nɔnɔme si me wogblɔe ɖo la nu. Le didi be yeagblɔ nyaa wòawɔ dɔ ɖe amewo dzi me la, kpɔ nyuie be “ame aɖewo” nagatrɔ zu “ame gbogbo aɖewo,” “ame geɖe” nazu “amesiame,” eye “le nɔnɔme aɖewo me” nazu “ɣesiaɣi” o. Nyatakakawo gbɔgblɔ wòagbɔ eme loo alo amiɖeɖe ɖe nya siwo ku ɖe nane ƒe xexlẽme, nudzɔdzɔwo ƒe lolome, alo woƒe ŋkubiãnyanyenye ŋu ana amewo ƒe susu nawɔ wo evevee tso wò nyawo ƒe nyateƒenyenye ŋu.
Ne nya siwo nègblɔna dena pɛpɛpɛ ɣesiaɣi la, woava dze si wò be ènye amesi léa nyateƒenya me ɖe asi. Esia ade bubu Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo bliboa ŋu. Ƒo wo katã ta la, edea bubu ‘Yehowa, amesi nye Mawu nyateƒetɔ la’ ŋu.—Ps. 31:6.