INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wt ta 7 axa 60-69
  • Nusi Míesrɔ̃ tso Mawu ƒe Mɔɖeɖe Ðe Vɔ̃ɖinyenye Ŋu Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusi Míesrɔ̃ tso Mawu ƒe Mɔɖeɖe Ðe Vɔ̃ɖinyenye Ŋu Me
  • Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Le Eƒe Ŋkɔ Gã la Ta
  • ‘Oo, Mawu ƒe Nunya me Goglo Loo!’
  • Mɔnukpɔkpɔ be Míaɖe Míaƒe Ðokuitsɔtsɔna Afia
  • Nusi Míesrɔ̃ tso Mɔ si Mawu ɖe Vɔ̃ɖinyenye Li la Me
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Dzidodo Le Fukpekpe Me Ate Ŋu Aɖe Vi Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nukatae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
    “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
Kpɔ Bubuwo
Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
wt ta 7 axa 60-69

Ta Adrelia

Nusi Míesrɔ̃ tso Mawu ƒe Mɔɖeɖe Ðe Vɔ̃ɖinyenye Ŋu Me

1, 2. (a) Ne ɖe Yehowa tsrɔ̃ aglãdzelawo enumake le Eden la, anye ne aleke wòagblẽ nu le mía ŋui? (b) Ðoɖo siwo me lɔlɔ̃ le kawoe Yehowa wɔ na mí?

BLEMAFOFO Yakob gblɔ be: “Nye agbenɔƒewo mesɔ gbɔ o, eye mekpe hiã geɖe le wo me.” (Mose I, 47:9) Nenema ke Hiob hã gblɔ be amegbetɔ ƒe “agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.” (Hiob 14:1) Abe woawo ene la, mía dometɔ akpa gãtɔ míeto fukpekpewo kple madzɔmadzɔnyenyewo me, eye nublanuinya gãwo gɔ̃ hã dzɔ ɖe mía dzi kpɔ. Gake menye nu madzɔmadzɔe wònye Mawu wɔ be wodzi mí o. Nyateƒee, míede blibo le susu kple ŋutilã me o eye menye Paradisoe nye míaƒe aƒe abe alesi wònɔ na Adam kple Xawa le gɔmedzedzea me ene o. Gake ne ɖe Yehowa tsrɔ̃ wo enumake si wodze aglã ɖe? Togbɔ be anye ne dɔléle, konyifafa, alo ku manɔ anyi o hã la, anye ne ameƒomea hã manɔ anyi o. Anye ne womedzi mí o. Le nublanuikpɔkpɔ me Mawu ɖe mɔ na Adam kple Xawa be woadzi vi, togbɔ be wo viwo anyi blibomademade ƒe dome hã. Eye to Kristo dzi la, Yehowa wɔ ɖoɖo na mí be nusi Adam bu la nagasu mía si ake—eyae nye agbe mavɔ le paradisonyigba dzi.—Yohanes 10:10; Romatɔwo 5:12.

2 Aleke gbegbe wòdea dzi ƒo enye si be míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na agbe mavɔ nɔnɔ le xexe yeyea me le Paradiso ƒe nɔnɔmewo me, afisi dɔléle, konyifafa, vevesese, kple ku, kpakple ame vɔ̃ɖiwo manɔ o! (Lododowo 2:21, 22; Nyaɖeɖefia 21:4, 5) Gake nusi míesrɔ̃ le Biblia ƒe nuŋlɔɖi me fia mí be togbɔ be mía ŋutɔwo míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le vevie ŋutɔ na mí kpakple Yehowa hã la, nya la ƒe akpa aɖe si gale vevie wu kura li.

Le Eƒe Ŋkɔ Gã la Ta

3. Nuka ŋue tame si Yehowa ɖo na anyigba kple ameƒomea la me vava ku ɖo?

3 Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba kple ameƒomea me vava ku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu. Ŋkɔ ma, Yehowa, gɔmee nye “Enaa Wòvaa Eme.” Eyata eƒe ŋkɔa do ƒome kplikplikpli kple eƒe ɖoƒe si nye Xexeame Katã Dziɖulagã, Tameɖola Gã si wɔa eƒe tameɖoɖowo dzi, kple Mawu nyateƒetɔ la. Le ɖoƒe sia si le Yehowa si ta la, xexeame katã ƒe ŋutifafa kple nudzedziname bia be woade bubu si de blibo eƒe ŋkɔ kple nusiwo katã ku ɖe eŋu la eŋuti eye amesiame naɖo to eyama.

4. Nukawoe nye tame si Yehowa ɖo ɖe anyigba la ŋu?

4 Le Adam kple Xawa wɔwɔ vɔ la, Yehowa de dɔ aɖe asi na wo. Ena eme kɔ kɔte na wo be menye anyigba la dzi ɖuɖu koe nye yeƒe tameɖoɖo na wo o—be woakeke Paradiso la ƒe liƒowo ɖe enu ko o—ke be woadzi ayɔ edzi hã. (Mose I, 1:28) Ðe tameɖoɖo sia agbe emevava le esi wowɔ nuvɔ̃ ta? Vlododo kae nye si wòanye na Yehowa, ŋusẽwo katã tɔ la, ƒe ŋkɔ ne mete ŋu na eƒe tameɖoɖo ɖe anyigba kple ameƒomea ŋu va eme o!

5. (a) Ne ame gbãtɔwo ɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia la, ɣekaɣie woaku? (b) Aleke Yehowa na eƒe nya siwo le Mose I, 2:17 va emee evɔ le ɣeyiɣi ma ke me wògawɔ tame si wòɖo ɖe anyigba ŋu la dzi?

5 Yehowa xlɔ̃ nu Adam kple Xawa be ne wogbe toɖoɖo ye eye woɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia la, ku ke woaku “gbesigbe” woaɖui. (Mose I, 2:17) Eye nyateƒee, Yehowa bia akɔnta tso wo si gbesigbe tututu wowɔ nuvɔ̃ eye wòtso kufia na wo. Eyata le Mawu gbɔ la, Adam kple Xawa ku gbemagbe. Ke hã be Yehowa nana eƒe tameɖoɖo na anyigba nava eme la, eɖe mɔ na wo be woadzi vi hafi ava ku ŋutɔŋutɔ. Togbɔ be ele nenema hã la, esi Mawu te ŋu bua ƒe 1,000 abe ŋkeke ɖeka ene ta la, esime Adam ƒe agbe nu tso le eƒe ƒe 930 xɔxɔ me la, eganɔ ‘ŋkeke’ ɖeka ma me kokoko. (Petro II, 3:8; Mose I, 5:3-5) To mɔ sia nu la, Yehowa ƒe nyateƒetɔnyenye dze le ɣeyiɣi si me tohehea va wo dzi gome, eye woƒe ku megblẽ eƒe tameɖoɖo me hã o. Gake woɖe mɔ na ame madeblibowo, ame vɔ̃ɖiwo hã, be woanɔ agbe vaseɖe ɣeyiɣi aɖe.

6, 7. (a) Abe alesi Mose II, 9:15, 16 gblɔe ene la, nukatae Yehowa ɖe mɔ na ame vɔ̃ɖiwo vaseɖe ɣeyiɣi aɖe? (b) Aleke woɖe Yehowa ƒe ŋusẽ fia le Farao gomee, eye aleke wòna wonya Eƒe ŋkɔae? (d) Nukae ado tso eme ne wotsrɔ̃ fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia?

6 Nusi Yehowa gblɔ na Egipte-fia le Mose ƒe ŋkekeawo me gaɖe nu bubuwo fia le nusita Mawu ɖe mɔ ame vɔ̃ɖiwo gali ɖo la ŋu. Esi Farao gbe be yemaɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo le Egipte o la, Yehowa metsrɔ̃e enumake o. Wohe Fuwɔame Ewo va eƒe anyigba la dzi siwo ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ fia le mɔ wɔnukuwo nu. Esime Yehowa nɔ nu ƒom tso fuwɔame adrelia ŋu la, ena Farao nya be Yeate ŋu atsrɔ̃ eya Farao kple eƒe dukɔa ɖa le anyigba dzi hafi. Yehowa gblɔ be: “Gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.”—Mose II, 9:15, 16.

7 Esime Yehowa ɖe Israel-viwo la, eƒe ŋkɔ nya de du hã vavã. (Yosua 2:1, 9-11) Egbea le ƒe 3,500 kple edzivɔwo megbe la, womeŋlɔ nusi wòwɔ ɣemaɣi la be o. Menye eƒe ŋkɔ Yehowa koe woɖe gbeƒãe o ke woɖe gbeƒã nyateƒe si ku ɖe Amesi tsɔ ŋkɔ ma ŋu hã. Esia ɖo kpe edzi be Mawu si wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi eye wòtsona xɔna na esubɔlawoe Yehowa nye. (Yosua 23:14) Eɖee fia be le eƒe ŋusẽkatãtɔnyenye ta, naneke mate ŋu axe mɔ na eƒe tameɖoɖo me vava o. (Yesaya 14:24, 27) Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be eteƒe madidi o atsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi bliboa katã ale be wòaxɔ na esubɔla wɔnuteƒewo. Ŋusẽwo katã tɔ nyenye ƒe ɖeɖefia ma kple ŋutikɔkɔe si wòahe vɛ na Yehowa ƒe ŋkɔa nye nusiwo womaŋlɔ be akpɔ o. Nuwuwu manɔe na vi siwo wòaɖe o.—Xezekiel 38:23; Nyaɖeɖefia 19:1, 2.

‘Oo, Mawu ƒe Nunya me Goglo Loo!’

8. Nu vevi kawo ŋue Paulo de dzi ƒo na mí be míabu?

8 Le agbalẽ si apostolo Paulo ŋlɔ na Romatɔwo me la, ebia nya sia be, ‘Ðe Mawu tɔ medzɔ oa?’ Eɖo eŋu ŋusẽtɔe be: “Gbeɖe!” Eye eyi edzi te gbe ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ dzi eye wòƒo nu tso nusi Yehowa gblɔ le mɔɖeɖe na Farao be wòanɔ anyi vie la ŋu. Paulo ɖee fia hã be amegbetɔwo le abe tsu le zemela si me ene. Eyi edzi gblɔ be: “Ne Mawu, esime wòle didim be, yeaɖe eƒe dziku ɖe go afia, eye yeana woanya eƒe ŋusẽ la, tsɔ dzigbɔgbɔ blewu geɖe lé dziku ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena gbegblẽ la, ɖe asi, bene yeana woanya eƒe ŋutikɔkɔe ƒe agbɔsɔsɔ hã ɖe nublanuikpɔkpɔ ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena ŋutikɔkɔe la ŋu, ekema aleke wòle? Nenema ke wòyɔ míawo hã, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe o, ke tso trɔ̃subɔlawo dome hã.”—Romatɔwo 9:14-24.

9. (a) Amekawoe nye “dziku ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena gbegblẽ”? (b) Nukata Yehowa ɖe dzigbɔgbɔ blewu gã aɖe fia togbɔ be amewo tsi tre ɖe eŋu hã, eye aleke esia ava aɖe vi na amesiwo lɔ̃nɛ la mlɔebae?

9 Tso aglãdzedze le Eden ke la, amesiwo katã tsi tre ɖe Yehowa kple eƒe sewo ŋu la nye “dziku ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena gbegblẽ.” Tso ɣemaɣi ke la, Yehowa yi edzi ɖe dzigbɔgbɔ blewu fia. Ame vɔ̃ɖiwo ɖu fewu le alesi wòwɔa nui ŋu, woti esubɔlawo yome, eye wowu Via gɔ̃ hã. Yehowa tsɔ ɖokuiléle gã aɖe ɖe mɔ ɖe ɣeyiɣi gbogbo si sɔ ŋu be nuwɔwɔwo katã nakpɔ nu dziŋɔ siwo aglãdzedze ɖe Mawu ŋu kple amegbetɔ ƒe eɖokuidziɖuɖu Mawu manɔmee he vɛ la bliboe. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yesu ƒe ku va nye mɔnu si dzi woato aɖe ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo kpakple esi dzi woato ‘agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.’—Yohanes I, 3:8; Hebritɔwo 2:14, 15.

10. Nukatae Yehowa ɖe mɔ na ame vɔ̃ɖiwo le ƒe 1,900 siwo va yi me?

10 Le ƒe siwo wu 1,900 tso esime wofɔ Yesu ɖe tsitre me la, Yehowa gayi edzi ɖe mɔ ɖe ‘dzikuzeawo’ ƒe anyinɔnɔ ŋu, esi wòɖo asi woƒe tsɔtsrɔ̃ dzi gbɔ. Nukatae? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be ele amesiwo aɖu fia kple Yesu Kristo le eƒe dziƒo Fiaɖuƒea me la dzram ɖo. Amesiawo ƒe xexlẽmee nye ame 144,000, eye woawoe nye “nublanuikpɔkpɔ ƒe ze” siwo ŋu apostolo Paulo ƒo nu tsoe. Gbã la, woyɔ amewo tso Yudatɔwo dome be woanye dziƒo hatsotsoa me tɔwo. Emegbe Mawu yɔ amewo tso Trɔ̃subɔlawo ƒe dukɔwo me. Yehowa mezii ɖe amesiawo dometɔ aɖeke dzi be wòasubɔ ye o. Gake ena mɔnukpɔkpɔ xɔasi wo dometɔ aɖewo siwo tsɔ akpedada xɔ eƒe ɖoɖo siwo me lɔlɔ̃ yɔ fũ la be woanye hatidziɖulawo kple Via le eƒe dziƒo Fiaɖuƒea me. Fifia dziƒoyila mawo dzadzraɖo wu enu vɔ keŋkeŋ kloe.—Luka 22:29; Nyaɖeɖefia 14:1-4.

11. (a) Ƒuƒoƒo kae Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu le vi ɖem na fifia? (b) Aleke wòava ɖe vi na ame kukuwoe?

11 Ke anyigbadzinɔlawo hã ɖe? Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu na wote ŋu ƒo “ameha gã” aɖe nu ƒu tso dukɔ sia dukɔ me. Fifia wode ame miliɔn geɖe. Yehowa do ŋugbe be anyigbadzinɔla siawo atsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu eye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔnukpɔkpɔ asu wo si. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10; Psalmo 37:29; Yohanes 10:16) Le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, woafɔ ame kukuwo ƒe ha gã aɖe ɖe tsitre eye woana mɔnukpɔkpɔ wo be woanye dziƒo Fiaɖuƒea tevi siwo anɔ anyigba dzi. Mawu ƒe Nya la gblɔe ɖi le Dɔwɔwɔwo 24:15 be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Yohanes 5:28, 29.

12. (a) Nukae míesrɔ̃ tso Yehowa ƒe mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu me? (b) Aleke nèse le ɖokuiwò me le alesi Yehowa kpɔ nya siawo gbɔe ŋu?

12 Ðe nu madzɔmadzɔ aɖe le nusiawo katã mea? Ao, elabena esi Mawu ɖo asi ame vɔ̃ɖiwo, alo ‘dzikuzeawo,’ ƒe tsɔtsrɔ̃ dzi la, ele nublanuikpɔkpɔ ɖem fia ame bubuwo, le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖo. Esia na míekpɔ alesi gbegbe wòkpɔa nublanui helɔ̃a amee. Eye esi ɣeyiɣiawo ƒe yiyi na míekpɔ alesi eƒe tameɖoɖo me le kɔkɔmee la, ena míesrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋutɔ ŋu. Eƒe amenyenye ƒe akpa vovovoawo siwo va dze la wɔa nuku na mí—eƒe dzɔdzɔenyenye, eƒe nublanuikpɔkpɔ, eƒe dzigbɔgbɔ blewu, kple eƒe nunya si keke ta. Alesi Yehowa kpɔ xexeame katã ƒe dziɖulanyenye—eƒe dzedze be wòaɖu dzi—ƒe nyaʋiʋlia gbɔe la anye ɖaseɖiɖi si anɔ anyi tegbee, be alesi wòɖua dzii lae nye nyuitɔ kekeake. Míawo hã míegblɔ kpe ɖe apostolo Paulo ŋu be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!”—Romatɔwo 11:33.

Mɔnukpɔkpɔ be Míaɖe Míaƒe Ðokuitsɔtsɔna Afia

13. Ne míele fu kpem la, mɔnukpɔkpɔ kae wònyena ʋuna ɖi na mí, eye nukae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu le nunya me?

13 Mawu ƒe subɔlawo dometɔ geɖe le fukpekpewo me tom. Woƒe fukpekpea le edzi yim le esi Mawu metsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa eye wòhe nuwo ƒe ɖɔɖɔɖo na ameƒomea si ƒe nya wògblɔ ɖi vɛ haɖe o ta. Ðe wòle be míase veve ɖe esia ta? Alo ɖe wòle boŋ be míabu nɔnɔme siawo be wonye mɔnukpɔkpɔwo na mí be míawɔ mía tɔ kpa dzi aɖo kpe edzi be alakpatɔe Abosam nyea? Ado ŋusẽ mí be míaɖo kpe edzi nenema ne amekpekpe vevi sia le susu me na mí, be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.” (Lododowo 27:11) Satana, amesi ɖea alɔme le Yehowa ŋu, te tɔ ɖe edzi be ne amewo ƒe nuwo dome gblẽ alo nu gblẽ le woƒe lãmesẽ ŋu la, woada fɔbubua ɖe Mawu dzi, woagbe nu le egbɔ kura gɔ̃ hã. (Hiob 1:9-11; 2:4, 5) Míenaa Yehowa ƒe dzi kpɔa dzidzɔ ne míeto míaƒe nuteƒewɔwɔ le xaxawo me ɖee fia be menye nenemae wòle le mía gome o.

14. Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le fukpekpewo me la, vi kawoe wòate ŋu aɖe na mí?

14 Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le fukpekpewo me la, ana míate ŋu atu nɔnɔme xɔasiwo ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le nusiwo ƒe fu Yesu kpe ta, ‘esrɔ̃ toɖoɖo’ le mɔ aɖe si menya do ŋgɔ o nu. Míawo hã míate ŋu asrɔ̃ nu tso míaƒe fukpekpewo me le gɔmesese sia nu be ana míate ŋu atu dzigbɔgbɔ blewu kple dzidodo ɖo eye míase Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔeawo gɔme ahakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu ɖe edzi wu.—Hebritɔwo 5:8, 9; 12:11; Yakobo 1:2-4.

15. Ne míetsɔ dzigbɔɖi do dzii la, aleke wòate ŋu aɖe vi na ame bubuwo hãe?

15 Amewo ƒe ŋku anɔ nusi míawɔ ŋu. Le fu siwo míekpe le esi míelɔ̃ dzɔdzɔenyenye ta la, ate ŋu adzɔ be wo dometɔ aɖewo ava kpɔ amesiwo nye Kristotɔ vavãwo egbea adze sii. Eye ne wova wɔ ɖeka kpli mí le tadedeagu me la, agbe mavɔ ƒe yayrawo ate ŋu asu wo si. (Mateo 25:34-36, 40, 46) Yehowa kple Via di be mɔnukpɔkpɔ ma nasu amewo si.

16. Aleke alesi míebua fu siwo míekpena la do ƒome kple ɖekawɔwɔ ƒe nya lae?

16 Aleke gbegbe wònyoe nye si be míabu nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã be wonye mɔnukpɔkpɔ na mí be míaɖe míaƒe ɖokuitsɔtsɔna Yehowa afia eye be míakpɔ gome le eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me! Esia wɔwɔ anye ɖaseɖiɖi be nyateƒee, míele zɔ ɖem ɖo ta ɖekawɔwɔ kple Mawu kpakple Kristo gbɔ. Yesu do gbe ɖa na Yehowa ɖe Kristotɔ vavãwo katã ta be: “Menye ɖe amesiawo [eƒe nusrɔ̃la kplikplikpliwo] nu ɖeɖeko mele biabiam ɖo o; ke boŋ ɖe amesiwo le dzinye xɔ ge ase to woƒe nya me la, hã nu; bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò, Fofo, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me.”—Yohanes 17:20, 21.

17. Kakaɖedzi kae le mía si ne míewɔ nuteƒe na Yehowa?

17 Ne míewɔ nuteƒe na Yehowa la, aɖo eteƒe na mí wu gbɔgblɔ. Eƒe Nya la gblɔ na mí be: “Minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.” (Korintotɔwo I, 15:58) Egagblɔ hã be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta . . . la be o.” (Hebritɔwo 6:10) Yakobo 5:11 gblɔ be: “Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ [nusi Yehowa wɔ nɛ tso eme] bena, Aƒetɔ la yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.” Nukae do tso eme na Hiob? “Yehowa yra Hiob fifia wu tsã.” (Hiob 42:10-16) Vavãe, Yehowa nye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Eye teƒeɖoɖo gã kae nye si míele mɔ kpɔm na—agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi!

18. Mlɔeba la, nukae adzɔ ɖe nya veame ɖesiaɖe si anɔ susu me na mí tsã la dzi?

18 Mawu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua aɖe nusiwo wogblẽ le ameƒomea ŋu le ƒe akpe siwo va yi me la katã ɖa. Dzidzɔ siwo míakpɔ ɣemaɣi la agbɔ fu ɖesiaɖe si kpem míele fifia la ŋu sasasã. Fu siwo míekpe va yi ƒe ŋkuɖodzi veame aɖeke magaɖe fu na mí o. Tamesusu kple nu tuameɖo siwo abɔ ɖe amewo ƒe gbesiagbegbenɔnɔ me le xexe yeyea me anɔ ŋkuɖodzinya veamewo ɖem ɖa vivivi. Yehowa gblɔ kakaɖedzitɔe na mí be: “Mawɔ dziƒo yeye [Fiaɖuƒedziɖuɖu yeye ɖe ameƒomea dzi] kple anyigba yeye [ameƒomea ƒe habɔbɔ dzɔdzɔe yeye], eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o; ke boŋ miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nusi mawɔ la ŋuti.” Ẽ, le Yehowa ƒe xexe yeyea me la, ame dzɔdzɔewo ate ŋu agblɔ be: “Anyigba blibo la gbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, wode asi aseyetsotso me.”—Yesaya 14:7; 65:17, 18.

Numetoto

• Esime Yehowa ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu la, aleke wòde bubu gã si sɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔa ŋui?

• Aleke Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe ‘dzikuzewo’ ŋu wɔe be eƒe nublanuikpɔkpɔ keke ɖe enu kaka va ɖo míawo hã dzii?

• Nukae wòle be míadze agbagba akpɔ le fu siwo míekpena me?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 67]

“Yehowa yra Hiob fifia wu tsã”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe