Ta Wuievelia
Gɔmesese si Le Wò Nyɔnyrɔxɔxɔ Ŋu
1. Nukatae wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe natsɔ ɖe le nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me me?
LE ƑE 29 M.Ŋ. me la, Yesu xɔ nyɔnyrɔ esi Yohanes Amenyrɔɖetsimela nyrɔe ɖe Yordan-tɔsisia me. Yehowa ŋutɔ nɔ eteƒe kpɔm eye wògblɔ be yekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. (Mateo 3:16, 17) Yesu to esia me ɖo kpɔɖeŋu aɖe si eƒe nusrɔ̃lawo katã asrɔ̃ la ɖi na wo. Ƒe etɔ̃ kple afã megbe la, Yesu gblɔ mɔfiamenya siawo na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam. Eyata miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, míanyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me.” (Mateo 28:18, 19, NW) Èxɔ nyɔnyrɔ ɖe mɔfiafia si Yesu na le afima nua? Ne mèxɔe haɖe o la, ke ɖe nèle dzadzram ɖo ɖe eŋua?
2. Nya kawo ŋue wòle be míaɖo ku ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu?
2 Aleke ke wòle o, nyɔnyrɔxɔxɔ gɔmesese le vevie na amesiame si di be yeasubɔ Yehowa eye yeanɔ eƒe dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me. Nyabiabia siwo ŋu wòle be míade ŋugble le la dometɔ aɖewoe nye: Gɔmesese si nɔ Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu la kee le Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu egbea? Nukae nyɔnyrɔxɔxɔ “ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me” fia? Nukawoe agbenɔnɔ ɖe nusi Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me fia nu la bia?
Nyɔnyrɔ si Yohanes Na
3. Amekawo ɖeɖeko tɔe Yohanes ƒe nyɔnyrɔxɔxɔa nye?
3 Anɔ abe ɣleti ade ene do ŋgɔ na Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela yi ɖe Yudea-gbedzi nɔ gbeƒã ɖem be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me; elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ.” (Mateo 3:1, 2) Amewo se nusi Yohanes gblɔ eye wotsɔe wɔ dɔe. Woʋu woƒe nuvɔ̃wo me le gaglãgbe, wotrɔ dzime, eye wova Yohanes gbɔ be wòanyrɔ yewo ɖe Yordan-tɔsisia me. Yudatɔwo ɖeɖeko tɔe nyɔnyrɔxɔxɔ ma nye.—Luka 1:13-16; Dɔwɔwɔwo 13:23, 24.
4. Nukatae wòhiã kpata be Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me natrɔ dzime?
4 Ehiã be Yudatɔ mawo natrɔ dzime kaba. Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me le Sinai-toa gbɔ la, wo tɔgbuiwo wɔ dukɔ blibo ƒe nubabla kple Yehowa Mawu—wolɔ̃ ɖe ɖoɖo vevi aɖe dzi kplii. Gake le woƒe nuvɔ̃wɔwɔ vivivo ta la, womenɔ agbe ɖe woƒe agbanɔamedzi siwo le nubabla ma me nu o, eyata nubablaa bu fɔ wo be wonye nuvɔ̃wɔlawo. Woƒe nɔnɔmea hiã na nuwɔwɔ kpata le Yesu ƒe ŋkekea me. “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ” si ŋuti nya Maleaxi gblɔ ɖi la gogo. Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, “ŋkeke” ma va esime Roma-ʋakɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem, eƒe gbedoxɔ, kple Yudatɔ siwo wu miliɔn ɖeka. Wodɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela, amesi me dzo nɔ ɖe tadedeagu vavã ŋu, ɖa do ŋgɔ na tsɔtsrɔ̃ ma “ne wòadzra dukɔ la ɖo ɖi wòasu te na Aƒetɔ [Yehowa].” Ehiã be woatrɔ dzime le nuvɔ̃ siwo wowɔ ɖe Mose ƒe Se ƒe nubablaa ŋu la me eye woadzra ɖo be woaxɔ Mawu ƒe Vi Yesu, amesi ɖom Yehowa le ɖe wo gbɔ la.—Maleaxi 3:22-24; Luka 1:17; Dɔwɔwɔwo 19:4.
5. (a) Esi Yesu va be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, nukatae Yohanes bia nya ku ɖe eŋu? (b) Nuka ƒe dzesie Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nye?
5 Yesu ŋutɔ nɔ amesiwo va Yohanes gbɔ be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la dome. Gake nukatae? Yohanes nya be nuvɔ̃ aɖeke mele Yesu ŋu si me wòaʋu o, eyata egblɔ be: “Nye boŋ wòhiã bena, wò nàna nyɔnyrɔm, eye wòa neva gbɔnyea?” Gake Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔa anye nu bubu ƒe dzesi. Eyata Yesu ɖo eŋu be: “Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu.” (Mateo 3:13-15, NW) Esi nuvɔ̃ mele Yesu ŋu o ta la, eƒe nyɔnyrɔxɔxɔa mate ŋu anye nuvɔ̃ ƒe dzimetɔtrɔ ƒe dzesi o; eye mehiã be wòatsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe na Mawu hã o elabena enye dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowa xoxo la me tɔ. Ke boŋ eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ esime wòxɔ ƒe 30 la nye nu tɔxɛ aɖe le eyama gome, eye enye eɖokuitsɔtsɔna Fofoa si le dziƒo be yeayi edzi awɔ nu bubu siwo nye Eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe dzesi.
6. Aleke Yesu bu nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na eyama la wɔwɔ ŋkubiãnyae?
6 Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na Kristo Yesu la ƒe akpa aɖe ku ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu. (Luka 8:1) Eƒe akpa bubu hãe nye eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo tsɔtsɔ sa vɔe be wòanye tafe kple gɔmeɖoɖoanyi si dzi woatu nubabla yeyea ɖo. (Mateo 20:28; 26:26-28; Hebritɔwo 10:5-10) Yesu bu nusi ƒe dzesi eƒe nyɔnyrɔɖetsimea nye la ŋkubiãnyae. Meɖe mɔ nu bubuwo kplɔe trae o. Enɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi, eye wòtsɔ gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea wɔ eƒe dɔ vevitɔe, vaseɖe eƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe nuwuwu.—Yohanes 4:34.
Kristotɔ Nusrɔ̃lawo ƒe Nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Tsi Me
7. Nukae wogblɔ na Kristotɔwo be woawɔ le nyɔnyrɔxɔxɔ gome tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi yina?
7 Yohanes na nyɔnyrɔ Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo ɖe tsi me eye emegbe wòfia mɔ wo yi Yesu gbɔ be woava zu dziƒo Fiaɖuƒea me tɔwo. (Yohanes 3:25-30) Le Yesu ƒe mɔfiafia te la, nusrɔ̃la siawo hã na nyɔnyrɔ amewo, esi ŋu gɔmesese ma ke si nɔ Yohanes ƒe nyɔnyrɔxɔxɔa ŋu la le. (Yohanes 4:1, 2) Gake tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi yina la, wova nɔ wɔwɔm ɖe dɔdasi si nye be woana nyɔnyrɔ amewo “ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me” dzi. (Mateo 28:19) Àkpɔ be aɖe vi ŋutɔ na wò be nàdzro nusi wòfia la me.
8. Nukae wòfia be woaxɔ nyɔnyrɔ “ɖe Fofo la . . . ƒe ŋkɔa me”?
8 Nukae wòfia be woaxɔ nyɔnyrɔ “ɖe Fofo la . . . ƒe ŋkɔa me”? Efia be woalɔ̃ axɔ eƒe ŋkɔa, woalɔ̃ ɖe ɖoƒe si wòle, eƒe ŋusẽ, tameɖoɖo, kple sewo dzi. Bu nusi esia fia ŋu kpɔ. (1) Le eƒe ŋkɔa gome la, Psalmo 83:19 gblɔ be: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” (2) Ku ɖe eƒe ɖoƒe ŋu la, Fiawo II, 19:15 gblɔ be: “Yehowa, . . . wò ɖeka koe nye Mawu [vavã la].” (3) Le eƒe ŋusẽ ŋu la, Nyaɖeɖefia 4:11 gblɔ na mí be: “Mía Aƒetɔ [Yehowa] kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” (4) Ele be míalɔ̃ ɖe edzi hã be Yehowae nye Agbenala, amesi ɖo tame be yeaɖe mí atso nuvɔ̃ kple ku si me: “Yehowa si me xɔname le.” (Psalmo 3:9; 36:10) (5) Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye Senala Gãtɔ Kekeake: “Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe aʋafia, Yehowa enye míaƒe fia.” (Yesaya 33:22) Esi wòle ɖoƒe siawo katã ta la, woxlɔ̃ nu mí be: “Lɔ̃ Aƒetɔ [Yehowa], wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.”—Mateo 22:37.
9. Nukae wòfia be woaxɔ nyɔnyrɔ “ɖe Vi la . . . ƒe ŋkɔa me”?
9 Nukae wòfia be woaxɔ nyɔnyrɔ “ɖe Vi la . . . ƒe ŋkɔa me”? Efia be woaxɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa, ɖoƒe si wòle, kple eƒe ŋusẽ ahalɔ̃ ɖe wo dzi. Eƒe ŋkɔ Yesu gɔmee nye “Yehowa Nye Xɔname.” Nusi na be wòle ɖoƒe si wòle lae nye be eyae nye Mawu ƒe Tenuvi, Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze. (Mateo 16:16; Kolosetɔwo 1:15, 16) Yohanes 3:16 gblɔ na mí le Vi sia ŋu be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a [ameƒomea me tɔ siwo dze na ɖeɖekpɔkpɔ ƒe] xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” Esi Yesu wɔ nuteƒe vaseɖe ku me ta la, Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome eye wògana ŋusẽ bubui kpe esi nɔ esi tsã. Apostolo Paulo gblɔ be Mawu “do [Yesu] ɖe dzi kakaka” le xexeame godoo, ale be le Yehowa megbe la, eya koe nye amesi gakpɔ ŋusẽ wu. Esia tae wòle be amesiame “nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.” (Filipitɔwo 2:9-11) Efia be woawɔ ɖe Yesu ƒe sededewo dzi, siwo nye sedede siwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ.—Yohanes 15:10.
10. Nukae wòfia be woaxɔ nyɔnyrɔ “ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la . . . ƒe ŋkɔa me”?
10 Nukae wòfia be woaxɔ nyɔnyrɔ “ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe la . . . ƒe ŋkɔa me”? Efia be woalɔ̃ ɖe akpa si gbɔgbɔ kɔkɔe la wɔna kple eƒe dɔwɔwɔwo dzi. Eye nukae nye gbɔgbɔ kɔkɔe la? Eyae nye Yehowa ƒe dɔwɔŋusẽ, si wòzãna le eƒe tameɖoɖowo dzi wɔwɔ me. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me: Nyateƒegbɔgbɔ [la].” (Yohanes 14:16, 17) Nukae wòakpe ɖe wo ŋu woawɔ? Yesu gblɔ yi edzi na wo be: “Miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ke Yehowa to ʋã amewo woŋlɔ Biblia la: “Nyagbɔgblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.” (Petro II, 1:21) Eyata ne míesrɔ̃a Biblia la, ke míele lɔlɔ̃m ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe wɔƒe dzi. Mɔ bubu si nu míelɔ̃na ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea dzie nye be míabia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míatse “gbɔgbɔ ƒe kutsetse” la, esiwo nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, [xɔse], dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu.”—Galatiatɔwo 5:22, 23.
11. (a) Nukae nye gɔmesese ŋutɔŋutɔ si le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu egbea? (b) Aleke nyɔnyrɔxɔxɔ le abe kuku kple fɔfɔ ɖe tsitre enee?
11 Ame gbãtɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ ɖe Yesu ƒe nufiafiawo nue nye Yudatɔwo kple amesiwo trɔ dzime va Yuda-subɔsubɔ me, tso ƒe 33 M.Ŋ. me dzi. Ɣeyiɣi kpui aɖe le ema megbe la, wona Kristotɔ nusrɔ̃lawo zuzu ƒe mɔnukpɔkpɔ Samariatɔwo hã. Eye le ƒe 36 M.Ŋ me la, wokeke mɔnukpɔkpɔa ɖe enu wosu Dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔwo si. Hafi Samariatɔwo kple Dukɔwo me tɔwo naxɔ nyɔnyrɔ la, eva hiã be woawo ŋutɔ woaɖe adzɔgbe le wo ɖokui si na Yehowa be yewoasubɔ eyama anye Via ƒe nusrɔ̃lawo. Esiae kpɔtɔ nye nusi Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me fia vaseɖe míaƒe ŋkekea me. Amea nyɔnyrɔ ɖe tsi me wòabu keŋkeŋ nye ame ŋutɔ ƒe adzɔgbeɖeɖe sia ƒe kpɔɖeŋu si sɔ, elabena ameɖiɖi le kpɔɖeŋumɔ nue nyɔnyrɔxɔxɔ nye. Nyɔnyrɔxɔtsia gɔme yiyi fia be èku na wò tsãgbenɔnɔ. Esi wofɔ wò tso tsia me la, efia be wogbɔ agbe wò hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. “Nyɔnyrɔxɔxɔ ɖeka” sia ku ɖe amesiwo katã va zua Kristotɔ vavãwo ŋu. Ne woxɔ nyɔnyrɔ la, wova zua Kristotɔ Yehowa Ðasefowo, Mawu ƒe subɔla siwo wòɖo.—Efesotɔwo 4:5, NW; Korintotɔwo II, 6:3, 4.
12. Nukae Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me sɔ kple, eye alekee?
12 Agbeɖeɖe ƒe asixɔxɔ gã aɖe le nyɔnyrɔxɔxɔ ma ŋu le Mawu ƒe ŋkume. Le kpɔɖeŋu me, esi apostolo Petro ƒo nu tso aɖakaʋu si Noa kpa eye wokpɔ wo kple eƒe ƒomea ta le eme le Tsiɖɔɖɔa me ŋu vɔ la, eŋlɔ be: “Nusi nye kpɔɖeŋu na esia le miawo hã ɖem azɔ, esi nye nyɔnyrɔxɔxɔ, (si menye ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui biabia Mawu) to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me.” (Petro I, 3:21, NW) Aɖakaʋua nye ɖaseɖiɖi si woate ŋu akpɔ ŋutɔŋutɔ si fia be Noa wɔ dɔ si Mawu de asi nɛ la nuteƒewɔwɔtɔe. Esi wòwu aɖakaʋua kpakpa nu vɔ la, “tsiɖɔɖɔ yɔ xexe kema me, eye wòtsrɔ̃.” (Petro II, 3:6) Gake ‘woɖe’ Noa kple eƒe ƒomea, ‘siwo le luʋɔ enyi tso tsi la me.’—Petro I, 3:20.
13. Nuka mee wotoa nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me dzi ɖea Kristotɔwo le?
13 Egbea amesiwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa le Kristo si wofɔ ɖe tsitre dzixɔxɔse me la xɔa nyɔnyrɔ wònyea adzɔgbeɖeɖe ma ƒe dzesi. Wowɔa nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu hena míaƒe ŋkeke sia eye woɖea wo tsoa fifi xexe vɔ̃ɖia me. (Galatiatɔwo 1:3, 4) Tsɔtsrɔ̃ si ava fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi la mava wo dzi o. Woɖe wo tso esia me eye Mawu naa dzitsinya nyui sua wo si. Apostolo Yohanes ka ɖe edzi na Mawu subɔlawo be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.
Agbenɔnɔ ɖe Míaƒe Agbanɔamedziwo Nu
14. Nukatae nyɔnyrɔxɔxɔ ɖeɖe menye kpeɖodzi be woakpɔ ɖeɖe o?
14 Anye vodada be míaƒo nya ta be ne míenya xɔ nyɔnyrɔ ko la, kakaɖedzi li be míakpɔ ɖeɖe. Ne wotsɔ ame ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa vavã to Yesu Kristo dzi eye le ema megbe wòwɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu hewɔ nuteƒe vaseɖe nuwuwu la, eya ko hafi asixɔxɔ le eŋu. “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.”—Mateo 24:13.
15. (a) Nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu egbea na Kristotɔ nyɔnyrɔxɔlawo? (b) Aleke wòle be Kristotɔ nusrɔ̃la nyenye nanɔ vevie na mí le míaƒe agbe mee?
15 Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na Yesu ƒe akpa aɖee nye alesi wòazã eƒe agbee esime wònye amegbetɔ. Ele be wòatsɔe aɖo anyi le ku me abe vɔsa ene. Le mía gome la, ele be míatsɔ míaƒe ŋutilã ana Mawu eye míanɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔgbe to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. (Romatɔwo 12:1, 2) Ne ɣeaɖewoɣi koe míeɖonɛ koŋ wɔa nu abe xexeme si ƒo xlã mí ene hã, alo ɖokuitɔdidi ƒe nuwɔnawo yometiti xɔ nɔƒe vevitɔ le míaƒe agbe me eye subɔsubɔ sue aɖe koe míetsɔna naa Mawu la, ema manye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ o. (Petro I, 4:1-3; Yohanes I, 2:15, 16) Esi Yudatɔ aɖe bia nusi wòle be wòawɔ be wòakpɔ agbe mavɔ la, Yesu lɔ̃ ɖe agbe dzadzɛ nɔnɔ ƒe vevienyenye dzi nɛ. Gake etɔ asi nane si gale vevie wu dzi nɛ: alesi wòhiã be wòanye Kristotɔ nusrɔ̃la, Yesu yomedzela. Emae wòle be wòanye nu vevitɔ le agbe me. Mate ŋu anye nu evelia ɖe ŋutilãmenudidi yome o.—Mateo 19:16-21.
16. (a) Agba kae le Kristotɔwo katã dzi le Fiaɖuƒea gome? (b) Abe alesi wòle le nɔnɔmetata si le axa 116 kple 117 me ene la, nukawoe nye mɔ tseku siwo dzi míato awɔ Fiaɖuƒedɔa la dometɔ aɖewo? (d) Ne míekpɔa gome le dɔwɔna ma me kple dzi blibo vavã la, nuka ƒe ɖaseɖiɖie wònye?
16 Ele be míagate gbe ɖe edzi be nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na Yesu la ƒe akpa aɖee nye dɔ vevi si wòawɔ ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Wosi ami na Yesu ŋutɔ be wòanye Fia. Gake esime wònɔ anyigba dzi la, eganye Fiaɖuƒe ma ŋuti ɖaseɖila veviedola hã. Wode ɖaseɖiɖidɔ ma asi na míawo hã be míawɔ eye ele be míatsɔ dzi blibo awɔe. Ne míewɔe nenema la, míeɖenɛ fiana be míekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu eye be míelɔ̃ mía havi amegbetɔwo. (Mateo 22:36-40) Míegaɖenɛ fiana hã be míewɔ ɖeka kple mía nɔvi tadeagulawo le xexeame katã, amesiwo katã nye Fiaɖuƒeɖaseɖilawo. Mí katã, le xexeame godoo, míetsɔ ɖekawɔwɔ le ʋiʋlim vevie be míaƒe asi nasu agbe mavɔ nɔnɔ le Fiaɖuƒe ma ƒe dziɖuɖu te le anyigba dzi ƒe taɖodzinua dzi.
Numetoto
• Ðekawɔwɔ kawoe le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ kpakple nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me egbeae me, eye vovototo kawo hãe le wo dome?
• Nukae wòfia be woaxɔ nyɔnyrɔ “ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me”?
• Nukae agbenɔnɔ ɖe Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ƒe agbanɔamedziwo nu bia?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 116, 117]
MƆ SIWO DZI MÍEÐEA GBEƑÃ FIAÐUƑEA LE DOMETƆ AÐEWO
Na ƒometɔwo
Na dɔwɔhatiwo
Na sukuhatiwo
Le ablɔwo dzi
Tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu
Le tɔtrɔ yi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ me
Le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me