TA 24
Mègava Zu Fiafitɔ Gbeɖe O!
ÐE AME aɖe fi wò nane kpɔa?— Aleke ema na nèse le ɖokuiwò me?— Fiafitɔe amesi fi nua nye, eye ame aɖeke melɔ̃a fiafitɔwo ƒe nya o. Èbu be aleke wòdzɔnae hafi wova zua fiafitɔ? Ðe wodzia amea fiafitɔea?—
Míesrɔ̃e va yi be nuvɔ̃ mee wodzi mí ɖo. Eyata mí katã míede blibo o. Gake womedzi ame aɖeke fiafitɔe o. Ate ŋu anye be ƒome nyui aɖe mee fiafitɔa tso. Ate ŋu anye be edzilawo, nɔviaŋutsuwo, kple nɔvianyɔnuwo nye anukwareɖilawo. Gake amea ŋutɔ ƒe dzodzro be ga kple nunɔamesiwo nasu ye si lae nye nusi ate ŋu ana wòava zu fiafitɔ.
Amekae nàgblɔ be eyae nye fiafitɔ gbãtɔ?— Na míabu eŋu akpɔ. Nufiala Gã la dze si ame ma esime wònɔ dziƒo. Mawudɔlae fiafitɔ ma nye. Gake esi wònye be Mawu wɔ mawudɔlawo katã wode blibo ta la, aleke wòdzɔe hafi dɔla ma ya va zu fiafitɔ?— Abe alesi míesrɔ̃e le agbalẽ sia ƒe Ta 8 lia me ene la, edi be nane si menye ye tɔ o la nasu ye si. Èɖo ŋku nusi wònye dzia?—
Esi Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ vɔ megbe la, mawudɔla ma di be woade ta agu na ye. Medze ne woade ta agu nɛ hafi o. Mawue wòle be woade ta agu na. Gake efi tadedeagua! Esi mawudɔla ma na Adam kple Xawa de ta agu nɛ ta la, eva zu fiafitɔ. Eva zu Satana Abosam.
Nukae nye nusi naa ame va zua fiafitɔ?— Eyae nye dzodzro be nusi menye ame tɔ o nasu ame si. Dzodzro sia nu ate ŋu asẽ ale gbegbe be ate ŋu ana ame nyuiwo gɔ̃ hã nava wɔ nu baɖawo. Ɣeaɖewoɣi la, amesiwo va zua fiafitɔ la megate ŋu wɔa tɔtrɔ gbeɖe va wɔa nu nyui o. Amesiawo dometɔ ɖekae nye Yesu ƒe apostolo aɖe. Eŋkɔe nye Yuda Iskariot.
Yuda nya be nu gbegblẽe wònye be woafi fi elabena wofiae Mawu ƒe Sea tso eƒe ɖevime ke. Enyae be Mawu ƒo nu tso dziƒo gɔ̃ hã kpɔ eye wògblɔ na eƒe amewo be: “Megafi fi o.” (Mose II, 20:15) Esi Yuda tsi la, eva do go Nufiala Gã la eye wòzu eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka. Emegbe Yesu tia Yuda wòva zu eƒe apostolo 12-awo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã.
Yesu kple eƒe apostolowo zɔa mɔ ɖekae. Woɖua nu ɖekae. Eye wotsɔa wo katã woƒe ga ƒoa ƒu ɖekae ɖe aɖaka aɖe me. Yuda ye Yesu tsɔ aɖaka ma dzi kpɔkpɔ de asi na. Le nyateƒe me la, mefia be ga si le eme va zu Yuda tɔ o. Gake ènya nusi Yuda va wɔ emegbea?—
Nukatae Yuda nɔ fi fim?
Yuda va nɔ ga ɖem le aɖaka la me evɔ mele be wòawɔ nusia kura hafi o. Etsɔnɛ esime ame mamlɛawo mele ekpɔm o, eye kura gɔ̃ hã enɔa mɔnu dim be yeato edzi akpɔ ga geɖe. Eva nɔ tame bum tso ga ŋu ɣesiaɣi. Na míakpɔ nusi dzodzro vɔ̃ sia na wòwɔ esi wòsusɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo ko woawu Nufiala Gã la ɖa.
Maria, si nye Yesu xɔlɔ̃ Lazaro nɔvinyɔnu, tsɔ ami ʋeʋĩ xɔasi aɖe va kɔ ɖe Yesu ƒe afɔ ŋu. Gake Yuda ƒo nu tsi tre ɖe eŋu. Ènya nusitaea?— Nya si wògblɔ enye be, ɖe wòle be woadzra ami ʋeʋĩ ma eye woatsɔ ga la ana ame dahewo hafi. Gake le nyateƒe me la, ɖe wònɔ mɔnu dim be ga geɖe nava aɖaka la me yeakpɔ afi.—Yohanes 12:1-6.
Yesu gblɔ na Yuda be megaɖe fu na Maria, amesi wɔ dɔmenyo sia gbegbe la o. Nya ma si Yesu gblɔ na Yuda la mevivi enu o, eyata eyi ɖe nunɔlagãwo, amesiwo nye Yesu ƒe futɔwo, gbɔ. Wodi be yewoalé Yesu, evɔ womedi be amewo nakpɔ yewo o, eyata woɖoe be yewoalée le zã me.
Yuda yi va gblɔ na nunɔlawo be: ‘Magblɔ alesi miawɔ miaƒe asi nasu Yesu dzi na mi ne miena gam. Nenie mianam?’
Nunɔlawo ɖo ŋu be: ‘Míana klosalo blaetɔ̃ wò.’—Mateo 26:14-16.
Yuda xɔ ga la. Ðeko wòsɔ pɛpɛpɛ kple alesi wòadzra Nufiala Gã la na ame mawo! Ðe nàte ŋu abu eŋu be ame aɖe nawɔ nu vɔ̃ɖi gã sia gbegbea?— Nublanuitɔe la, nusia tɔgbee dzɔna ne ame aɖe va zu fiafitɔ nɔa ga fim. Amea va lɔ̃a ga wu alesi wòlɔ̃ amewoe alo alesi wòlɔ̃ Mawui gɔ̃ hã.
Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Nyemalɔ̃ nu bubu aɖeke wu alesi melɔ̃ Yehowa Mawui gbeɖe o.’ Ne susu sia le asiwò la, ke enyo ŋutɔ. Anɔ eme be esime Yesu tia Yuda wònye eƒe apostolo la, Yuda hã se le eɖokui me nenema. Ðewohĩ ame bubu siwo hã va zu fiafitɔwo see le wo ɖokui me nenema tsã. Na míaƒo nu tso amesiawo dometɔ aɖewo ŋu.
Nu gbegblẽ kawo ŋu bum Axan kple Dawid le?
Wo dometɔ ɖekae nye Mawu ƒe subɔla si ŋkɔe nye Axan, amesi nɔ agbe ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ hafi wova dzi Nufiala Gã la. Axan va kpɔ awu dzeani aɖewo, sikakpɔti aɖe, kple klosalo aɖewo. Menye etɔwoe o. Biblia gblɔ be Yehowa tɔe wonye elabena Mawu ƒe amewo ƒe futɔwo gbɔe wolɔ wo le. Gake nusiawo biã ŋu na Axan ale gbegbe be wòfi wo.—Yosua 6:19; 7:11, 20-22.
Kpɔɖeŋu bubu enye si. Ɣeyiɣi didi aɖe enye sia la, Yehowa tia Dawid wònye Israel-viwo ƒe fia. Gbeɖeka Dawid ƒe ŋku va dze nyɔnu dzetugbe aɖe si ŋkɔe nye Bat-Seba dzi. Enɔ Bat-Seba kpɔm ʋuu wòva nɔ eŋu bum be yeakplɔe ava yeƒe aƒeme wòazu ye srɔ̃. Gake Uriya srɔ̃e wònye xoxo. Nukae wòle be Dawid nawɔ hafi?—
Ðe wòle be Dawid naɖe susu ɖa le Bat-Seba dzi hafi. Gake mewɔe nenema o. Eyata Dawid kplɔe va eɖokui gbɔe le aƒeme. Eye eyome wòna wowu Uriya. Nukatae Dawid wɔ nu vɔ̃ɖi siawo?— Elabena ena wònɔ edzrom be nyɔnu si nye ame aɖe srɔ̃ la nazu ye tɔ.—Samuel II, 11:2-27.
Mɔ ka nue Absalom nye fiafitɔ le?
Esi nusi Dawid wɔ la vee eye wòtrɔ dzime ta la, Yehowa na wòtsi agbe. Gake nusia na Dawid va do go kuxi geɖe. Ðekae nye be via Absalom di be yeaxɔ fiazikpuia le Dawid si ne yeazu fia ɖe eteƒe. Le esia ta ne amewo yina ɖe Dawid gbɔ la, Absalom va kplaa asi kɔ na wo eye wògbugbɔa nu na wo. Biblia gblɔ be: ‘Absalom fi Israel-ŋutsuwo ƒe dzi.’ Eble ameawo nu ale be wodi be eya nava zu fia ɖe Dawid teƒe.—Samuel II, 15:1-12.
Ðe wòdzro wò vevie kpɔ be nane nasu asiwò, abe alesi wòdzro Axan, Dawid, kple Absalom enea?— Ne ame aɖe tɔe nua nye la, ekema anye fififi nenye be mèbia amea hafi tsɔe o. Èɖo ŋku nusi dim fiafitɔ gbãtɔ, Satana, nɔ la dzia?— Enɔ didim be amewo nasubɔ ye ɖe esi woasubɔ Mawu teƒe. Eyata fie wònye Satana fi esi wòble Adam kple Xawa woɖo to eyama.
Ne nane nye ame aɖe tɔ la, eyae kpɔ mɔ agblɔ amesi wòaɖe mɔ na be wòazãe. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ àyi ɖe ɖevi bubuwo gbɔ be miafe le woƒe aƒeme. Ðe wòasɔ be nàtsɔ nane atso afima ava aƒewòmea?— Kura o, negbe ɖe wo fofo alo wo dada gblɔ be àte ŋu atsɔe ko hafi. Ne ètsɔ nane va aƒeme esi mèbia hafi o la, ke fi enye ma nèfi.
Nukatae wòate ŋu anye tetekpɔ na wò be nàfi fi?— Ate ŋu anye tetekpɔ ne eva dzɔ be nane si menye tɔwò o va le dzrowòm. Nenye be ètsɔe ame bubu aɖeke mekpɔ wò o gɔ̃ hã la, amekae li si akpɔ wò godoo?— Yehowa Mawue. Eye ele vevie be míaɖo ŋku edzi be Mawu lé fu fififi. Eyata lɔlɔ̃ na Mawu kpakple hawòvi akpe ɖe ŋuwò be màva zu fiafitɔ gbeɖegbeɖe o.
Biblia ɖee fia wòdze ƒã be fififi nye nu gbegblẽ. Taflatse xlẽ Marko 10:17-19; Romatɔwo 13:9; kple Efesotɔwo 4:28.