TA 37
Ŋkuɖoɖo Yehowa Kple Via Dzi
TSƆE be ame aɖe na nu nyui aɖe wò. Aleke nàse le ɖokuiwò me?— Ðe nàgblɔ be, akpe na wò, ko evɔ wò susu nadzo le amesi tsɔ nunana nyui ma na wò la dzi keŋkeŋua? Alo ɖe nànɔ ŋku ɖom amea kple nusi wòwɔ na wò la dzia?—
Yehowa Mawue tsɔ nunana nyui ŋutɔ aɖe na mí. Edɔ Via ɖo ɖe anyigba zi be wòava ku ɖe mía ta. Ènya nusita wòle be Yesu naku ɖe mía ta?— Esia nye nu vevi aɖe ŋutɔ si gɔme wòle be míase.
Abe alesi míesrɔ̃e le Ta 23 lia me ene la, Adam wɔ nuvɔ̃ esi wòda le Mawu ƒe se deblibo la dzi. Eye míawo hã míenyi nuvɔ̃ ƒe dome tso mí katã mía fofo Adam gbɔ. Eyata èsusu be nukae míehiã?— Ne míagblɔe le kpɔɖeŋumɔ nu la, míehiã fofo yeye, amesi anye ame deblibo si nɔ anyigba dzi. Amekae nèsusu be ate ŋu anye fofo ma tɔgbe na mí?— Yesu ye.
Yehowa dɔ Yesu ɖo ɖe anyigba dzi be wòate ŋu ava xɔ ɖe Adam teƒe anye fofo na mí. Biblia gblɔ be: ‘“Ame gbãtɔ Adam zu luʋɔ gbagbe.” Adam mamlɛtɔ la zu gbɔgbɔ si naa agbe.’ Amekae nye Adam gbãtɔ?— Ẽ, eyae nye amesi Mawu tsɔ anyi wɔe le anyigba dzi. Ke amekae nye Adam evelia?— Eyae nye Yesu. Biblia na míenya esia esi wògblɔ be: ‘Ame gbãtɔ [Adam], si tso anyigba me la, enye anyigbadzitɔ, ame evelia enye [Yesu] si tso dziƒo.’—Korintotɔwo I, 15:45, 47; Mose I, 2:7.
Esi wònye be dziƒoe Mawu tsɔ Yesu ƒe agbe tsoe va de Maria ƒe vidzidɔ me ta la, Yesu menyi nuvɔ̃ aɖeke ƒe dome tso Adam gbɔ o. Ema tae Yesu nye ame deblibo ɖo. (Luka 1:30-35) Ema hã tae mawudɔla aɖe gblɔ na alẽkplɔlawo esime wodzi Yesu be: ‘Wodzi Xɔla na mi egbe.’ (Luka 2:11) Gake hafi Yesu si nye vidzĩ nava zu mía Xɔla la, nukae wòhiã be vidzĩa nawɔ gbã?— Ehiã be wòatsi ava zu ŋutsu blibo, abe Adam pɛpɛpɛ ene. Ekema Yesu ate ŋu ava nye ‘Adam evelia.’
Yesu, mía Xɔla, ava zu mía ‘Fofo Mavɔ’ hã. Nenemae woyɔe le Biblia me. (Yesaya 9:5, 6) Ẽ, Yesu si de blibo ate ŋu ava zu mía fofo axɔ ɖe Adam teƒe elabena Adam va zu ame madeblibo le eƒe nuvɔ̃wɔwɔ megbe. Le esia ta míate ŋu atiae be ‘Adam evelia’ nanye mía fofo. Gake míenya be Yehowa Mawu ƒe Vie Yesu ŋutɔ hã nye.
Aleke Adam kple Yesu wosɔe, eye nukata wòle vevie ŋutɔ be woasɔ?
Nusɔsrɔ̃ tso Yesu ŋu ana míate ŋu axɔe wòanye mía Ðela. Èɖo ŋku nusi me wòhiã le be woaɖe mí atsoe dzia?— Ẽ, ehiã be woaɖe mí tso nuvɔ̃ kple ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la me. Woyɔa Yesu si zu ame tsitsi deblibo la ƒe agbe si wòtsɔ sa vɔe, alo tsɔ na, ɖe mía ta la be tafe. Yehowae tsɔ tafea na mí be woate ŋu ato edzi aɖe míaƒe nuvɔ̃wo ɖa na mí.—Mateo 20:28; Romatɔwo 5:8; 6:23.
Godoo la, míadi be míaŋlɔ nusi Mawu kple Via wɔ na mí la be gbeɖe o, alo?— Yesu fia eƒe mɔnu vevi aɖe eyomedzelawo si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋku ɖom nusi wòwɔ na mí la dzi. Na míaɖo dze tso eŋu.
Tsɔe ko be èle dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem. Zã do. Yesu kple eƒe apostolowo nɔ kplɔ̃ ŋu. Nusiwo wotsɔ ɖo kplɔ̃a enye alẽvi si wome, abolo si wome wòle gbadzɛ, kple wein dzĩ. Nuɖuɖu tɔxɛ aɖee esia nye na wo. Ènya nusita wònye etɔxɛa?—
Nuɖuɖu sia aɖo ŋku nusi Yehowa wɔ ƒe alafa geɖe do ŋgɔ esime Israel-vi siwo nye eƒe amewo nɔ kluvinyenye me le Egipte la dzi na wo. Ɣemaɣi Yehowa gblɔ na eƒe amewo be: ‘Ƒome ɖesiaɖe nawu alẽvi ne woatsɔ eƒe ʋu asisi ɖe woƒe aƒe ƒe ʋɔtrutiwo ŋuti.’ Egagblɔ na wo be: ‘Minɔ miaƒe aƒewo me miaɖu alẽvi la.’
Aleke alẽvi ƒe ʋu kpɔ Israel-viwo tae?
Israel-viwo wɔe nenema. Eye le zã ma ke me la, Mawu ƒe dɔla va to Egipte-nyigba la katã dzi yi. Mawudɔla la wu ŋgɔgbeviwo le aƒe akpa gãtɔ me. Gake ne mawudɔla la kpɔ alẽvi ƒe ʋu si wosisi ɖe ʋɔtrutiawo ŋu le aƒe aɖe me la, etoa aƒe ma ŋu yina. Ðevi aɖeke meku le aƒe mawo me o. Nusi Yehowa ƒe dɔla wɔ la na vɔvɔ̃ ɖo Egipte-fia Farao ŋutɔ. Le esia ta Farao gblɔ na Israel-viwo be: ‘Mena ablɔɖe mi. Midzo le Egipte!’ Ale wodo agba na woƒe kposɔwo kple tedziwo hedze mɔ.
Yehowa medi be yeƒe amewo naŋlɔ alesi wòɖe woe la be o. Eyata egblɔ na wo be: ‘Ele be miaɖu nuɖuɖu abe esi mieɖu zã sia ene zi ɖeka ƒe sia ƒe.’ Woyɔ nuɖuɖu tɔxɛ sia be Ŋutitoto. Ènya nusita woyɔe nenema?— Elabena le zã ma me Mawu ƒe dɔla va ‘to aƒeawo ŋuti,’ eto esiwo ŋuti wotsɔ ʋu sisi ɖo ŋu.—Mose II, 12:1-13, 24-27, 31.
Nusiawo ŋu bumee Yesu kple eƒe apostoloawo nɔ esi wonɔ Ŋutitotoa ɖum. Esi woɖui vɔ la, Yesu wɔ nane si le vevie ŋutɔ. Gake do ŋgɔ la, eɖe mɔ na apostolo mawɔnuteƒe Yuda wòdo go. Eyome Yesu tsɔ abolo siwo susɔ la dometɔ ɖeka, edo gbe ɖa ɖe eta, ŋe eme, eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ na wo be: “Mixɔe ɖu.” Eɖe eme na wo be: ‘Abolo sia tsi tre ɖi na nye ŋutilã si matsɔ ana ne meku ɖe mia ta.’
Le ema yome Yesu tsɔ kplu si me wein dzĩ le. Esi wògado gbe ɖa ake vɔ megbe la, etsɔe na wo eye wògblɔ be: “Mi katã mino le enu.” Eye eɖe eme na wo be: ‘Wein sia le tsitre ɖi na nye ʋu. Eteƒe madidi o makɔ nye ʋu ɖi si aɖe mi tso miaƒe nuvɔ̃wo me. Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.’—Mateo 26:26-28; Korintotɔwo I, 11:23-26.
Nukae Yesu ƒe ʋu si wòtsɔ wein wɔ eƒe kpɔɖeŋui ate ŋu awɔ na mí?
Ède dzesii be Yesu gblɔ be nusrɔ̃lawo nanɔ esia wɔwɔ dzi atsɔ aɖo ŋku ye dzia?— Womagaɖu Ŋutitotozã la azɔ o. Ðe ema teƒe la, woaɖu nuɖuɖu tɔxɛ sia zi ɖeka ƒe sia ƒe atsɔ aɖo ŋku Yesu kple eƒe kua dzi. Woyɔa nuɖuɖu sia be Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la. Egbea míelɔ̃a eyɔyɔ be Ŋkuɖodzi. Nukatae?— Elabena ena míeɖoa ŋku nusi Yesu kple Fofoa, Yehowa Mawu, wɔ na mí dzi.
Ele be aboloa nana míabu tame le Yesu ƒe ŋutilã ŋu. Elɔ̃ faa be yeatsɔ ŋutilã ma ana ale be míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Ke wein dzĩa ya ɖe?— Ele be ema naɖo ŋku Yesu ƒe ʋu ƒe asixɔxɔ dzi na mí. Exɔ asi sasasã wu Ŋutitotolẽvi si wowu le Egipte ƒe ʋu. Ènya nusitaea?— Biblia gblɔ be Yesu ƒe ʋu ate ŋu ana míakpɔ nuvɔ̃tsɔtsɔke. Eye ne woɖe míaƒe nuvɔ̃wo katã ɖa la, míagadze dɔ, atsi aku amegã alo nyagã, ahaku akpɔ gbeɖe o. Ele be míanɔ nusiawo ŋu bum ne míede Ŋkuɖodzia.
Amesiamee wòle be wòaɖu aboloa ahano wein la le Ŋkuɖodzia ɖuɖu mea?— Ao, Yesu gblɔ na amesiwo ɖunɛ eye wononɛ be: ‘Mianɔ fiaɖuƒea me kplim eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi kplim le dziƒo.’ (Luka 22:19, 20, 30) Esia fia be woayi dziƒo ava zu fiawo akpe ɖe Yesu ŋu. Eyata amesiwo si mɔkpɔkpɔ le be woaɖu fia kple Yesu le dziƒo la koe dze be woaɖu aboloa ahano wein la.
Gake ele be amesiwo meɖua aboloa alo noa wein la o hã nade Ŋkuɖodzia ɖuƒe. Ènya nusitaea?— Elabena Yesu tsɔ eƒe agbe na ɖe míawo hã ta. Ne míedea Ŋkuɖodzia la, míeɖenɛ fiana be míeŋlɔe be o. Míeɖoa ŋku Mawu ƒe nunana nyui wɔnuku sia dzi.
Ŋɔŋlɔ siwo ɖe Yesu ƒe tafea ƒe vevienyenye fia dometɔ aɖewoe nye Korintotɔwo I, 5:7; Efesotɔwo 1:7; Timoteo I, 2:5, 6; kple Petro I, 1:18, 19.