TA 48
Mawu Ƒe Ŋutifafa Xexeme Yeyea—Àte Ŋu Anɔ Eme
MAWU da Adam kple Xawa ɖe Eden-bɔ me. Togbɔ be wogbe toɖoɖo eye woku hã la, Mawu ʋu mɔ ɖi be viawo, siwo dome míawo hã míele egbea, nanɔ agbe tegbee le Paradiso me. Biblia do ŋugbe be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.
Biblia ƒo nu tso “dziƒo yeye” kple “anyigba yeye” ŋu. (Yesaya 65:17; Petro II, 3:13) “Dziƒo” si li fifiae nye amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo li egbea, eye Yesu Kristo kple amesiwo akpe ɖe eŋu aɖu dzi le dziƒo lae nye “dziƒo yeye” la. Aleke gbegbe wòanyoe nye si ne dziƒo yeye sia, si nye Mawu ƒe ŋutifafa dziɖuɖu dzɔdzɔea, le anyigba bliboa dzi ɖum!
Ekema nukae nye “anyigba yeye” la?— Anyigba yeye lae nye ame nyui siwo lɔ̃ Yehowa. De dzesii be ne Biblia ƒo nu tso “anyigba” ŋu la, ɣeaɖewoɣi efiaa amesiwo le agbe le anyigba dzi, ke menye anyigba la ŋutɔŋutɔ o. (Mose I, 11:1; Psalmo 66:4; 96:1) Eyata amesiwo ƒe ƒuƒoƒoe nye anyigba yeye lae nye amesiwo anɔ agbe le anyigba dzi afisia.
Ɣemaɣi ame vɔ̃ɖiwo ƒe xexeme si li fifia nu ayi. Ðo ŋku edzi be Tsiɖɔɖɔa ɖe amewo ƒe xexeme vɔ̃ɖi si nɔ anyi le Noa ƒe ŋkekea me ɖa. Eye abe alesi míesrɔ̃e va yi ene la, woatsrɔ̃ fifi xexeme vɔ̃ɖi sia hã le Harmagedon me. Azɔ na míakpɔ alesi agbenɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me le Harmagedon megbe anɔ ɖa.
Àdi be yeanɔ agbe tegbee le Paradiso me le Mawu ƒe ŋutifafa xexe yeyea mea?— Ðɔkta aɖeke meli si ate ŋu ana míanɔ agbe tegbee o. Atike aɖeke meli si míano si ana míagaku o. Mɔ ɖeka kolia si dzi míate ŋu ato anɔ agbe tegbee enye be mía kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli. Eye Nufiala Gã la gblɔ alesi míawɔ mía kplii dome nanɔ kplikplikpli na mí.
Na míatsɔ míaƒe Biblia aʋu Yohanes ta 17, kpukpui 3. Míekpɔ Nufiala Gã la ƒe nya siawo le afima be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”
Eyata nukae Yesu gblɔ be ehiã be míawɔ hafi míate ŋu anɔ agbe tegbee?— Gbã la, ele be míasrɔ̃ nu tso Yehowa, mía Fofo si le dziƒo, kpakple Via, si tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta ŋu. Esia fia be ehiã be míasrɔ̃ Biblia la. Agbalẽ sia, si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ, le kpekpem ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me.
Gake aleke nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu akpe ɖe mía ŋui be míanɔ agbe tegbee?— Enyo, abe alesi ko míehiã nuɖuɖu gbesiagbe ene la, nenema ke wòhiã be míasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋui gbesiagbe. Biblia gblɔ be: ‘Menye abolo ɖeɖeko ŋuti ame anɔ agbe ɖo o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.’—Mateo 4:4.
Ehiã be míasrɔ̃ nu tso Yesu Kristo hã ŋu elabena eyae nye Mawu ƒe Vi si wòdɔ be wòava ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ɖa. Biblia gblɔ be: “Menye ame bubu aɖeke me xɔxɔ la le o.” Eye Biblia gana míenya hã be: “Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi.” (Dɔwɔwɔwo 4:12; Yohanes 3:36) Ke nukae wòfia be ‘woaxɔ’ Yesu ‘dzi ase’?— Efia be míaxɔ Yesu dzi ase ŋutɔŋutɔ eye míanyae be eya manɔmee la, míate ŋu anɔ agbe mavɔ o. Ðe míexɔ edzi se nenema?— Ne míexɔe se la, ke míayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Nufiala Gã la ŋu gbesiagbe, eye míawɔ ɖe nusiwo wògblɔ hã dzi.
Mɔ nyui siwo dzi nàto asrɔ̃ nu tso Nufiala Gã la gbɔ dometɔ ɖekae nye be nàyi agbalẽ sia xexlẽ dzi ato eme zi gbɔ zi geɖe eye nànɔ nɔnɔmetatawo katã kpɔm ahanɔ wo ŋu bum. Kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo kpe ɖe nɔnɔmetataawo ŋu ŋuti hã. Gakpe ɖe eŋu la, mia kple dada alo papa mixlẽ agbalẽ sia ɖekae. Ne mèle dziwòlawo gbɔ o la, ke mia kple ame tsitsi bubuwo kple ɖevi bubuwo mixlẽe ɖekae. Ðe manyo ŋutɔ ne àte ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã woasrɔ̃ nu tso Nufiala Gã la gbɔ be woanya nusi wòle be woawɔ akpɔ agbe mavɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me oa?—
Biblia gblɔ na mí be: “Xexeame va yina.” Gake eyome Biblia la yi edzi ɖe alesi míawɔ anɔ agbe mavɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me la me na mí. Egblɔ be: “Amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:17) Eyata aleke míawɔ anɔ agbe tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me?— Ẽ, eyae nye be míadze si Yehowa kple Via lɔlɔ̃a Yesu. Gake ele be míawɔ ɖe nusiwo srɔ̃m míele hã dzi. Neva eme be agbalẽ sia sɔsrɔ̃ nakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖe nusiawo dzi.