INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kp axa 12-15
  • ‘Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo’ La Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo’ La Ðo
  • Minɔ Ŋudzɔ!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alakpasubɔsubɔ—Wokpɔ Eƒe Nuwuwu Ðedzesi la Do Ŋgɔ
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
  • Wowɔ Dugã la Aƒedoe
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Nu Kae Nye Babilon Gã La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Yehowa Bɔbɔ Dadalawo ƒe Du aɖe Ðe Anyi
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
Kpɔ Bubuwo
Minɔ Ŋudzɔ!
kp axa 12-15

‘Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo’ La Ðo

NYAÐEÐEFIA, si nye Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ, na míenya be mawudɔla aɖe le dzodzom le dziƒo titina eye wòlé “nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia.” Egblɔ kple gbe sesẽ be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo.” (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) ‘Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo’ ma lɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasiwo gbɔgblɔ kple ʋɔnudɔdrɔ̃a hehe vɛ ɖe eme. “Gaƒoƒo” ɖeka nye ɣeyiɣi vi aɖe ko. Ʋɔnudɔdrɔ̃a ahe ‘ŋkeke mamlɛ’ siwo me míele fifia, ava nuwuwui.—Timoteo II, 3:1.

‘Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo’ la nye dzidzɔnya na dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo. Enye ɣeyiɣi si me Mawu ahe gbɔdzɔe vɛ na esubɔlawo, amesiwo kpe fu le nuɖoanyi sia si me ŋutasesẽ, kple amemalɔ̃malɔ̃ xɔ aƒe ɖo me.

Hafi ‘ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒoa’ nawu enu kple nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ la, wole nu xlɔ̃m mí fifia be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ.” Èle ema wɔma? Esia bia nu geɖe wu gbɔgblɔ be, “Mexɔ Mawu dzi se” ko. (Mateo 7:21-23; Yakobo 2:19, 20) Ele be mawuvɔvɔ̃ nyuitɔ naʋã mí míade bubu deto eŋu. Ele be wòana míadzudzɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ. (Lododowo 8:13) Ele be wòakpe ɖe mía ŋu míalɔ̃ nu nyui eye míalé fu nu vɔ̃ɖi. (Amos 5:14, 15) Ne míedaa Mawu ɖe ɖoƒe kɔkɔtɔ la, ekema míatsɔ bubu deto aɖo toe. Míagblɔ be nu bubuwo xaxa mí akpa ale gbegbe be míate ŋu axlẽ eƒe Nya, Biblia, edziedzi o. Míaɖo ŋu ɖe eŋu ɣeawokatãɣi kple míaƒe dzi blibo. (Psalmo 62:9; Lododowo 3:5, 6) Amesiwo dea bubu eŋu vavã la lɔ̃na ɖe edzi be esi wònye dziƒo kple anyigba Wɔla ta la, eyae nye Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã, eye wobɔbɔna lɔlɔ̃tɔe ɖe ete be eyae nye Amesi kpɔ ŋusẽ ɖe yewoƒe agbe dzi. Ne míede dzesii be ehiã be míalé ŋku ɖe nya siawo ŋu nyuie wu la, ekema mina míawɔ nu kpata.

Woyɔa ʋɔnudrɔ̃ɣi si ŋu mawudɔlaa ƒo nu tsoe hã be “Yehowa ƒe ŋkeke.” “Ŋkeke” ma va blema Yerusalem dzi le ƒe 607 D.M.Ŋ. me le esi dua me nɔlawo mewɔ ɖe Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame siwo wòna to eƒe nyagblɔɖilawo dzi la dzi o ta. Esi wonɔ esusum be Yehowa ƒe ŋkekea gale ŋgɔ ʋĩ ta la, ena woƒe agbe gaɖo afɔku me ɖe edzi wu. Yehowa do ŋgɔ xlɔ̃ nu wo be: “Etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ.” (Zefanya 1:14) “Yehowa ƒe ŋkeke” bubu va blema Babilon dzi le ƒe 539 D.M.Ŋ. me. (Yesaya 13:1, 6) Esi Babilontɔwo ka ɖe woƒe du sesẽwo kple woƒe mawuwo dzi ta la, wometsɔ ɖeke le nuxlɔ̃ame si Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo na la me o. Gake le zã ɖeka me la, Mediatɔwo kple Persiatɔwo ɖu Babilon fiaɖuƒe gã la dzi.

Nukae dze ŋgɔ mí egbea? “Yehowa ƒe ŋkeke” bubu si adzi ŋɔ wu kura ye. (Petro II, 3:11-14) Mawu drɔ̃ toheʋɔnu ‘Babilon Gã la.’ Nyaɖeɖefia 14:8 gblɔ be mawudɔla aɖe ɖe gbeƒã be: “Babilon gã la mu!” Nusia dzɔ va yi xoxo. Magate ŋu axe mɔ na Yehowa subɔlawo azɔ o. Woklo nu le eƒe nufitifitiwɔwɔ kple gomekpɔkpɔ le aʋawɔwɔ me ŋu wòdze ƒã. Fifia eƒe tsɔtsrɔ̃ ɖikaa tu aƒe. Le esia ta Biblia le nu xlɔ̃m amewo le afisiafi be: “Mido go tso [Babilon Gã la] me . . . bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o; elabena eƒe nuvɔ̃wo kɔ yi ɖatɔ dziƒo, eye Mawu ɖo ŋku eƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo dzi.”—Nyaɖeɖefia 18:4, 5.

Nukae nye Babilon Gã la? Eyae nye xexeame katã ƒe subɔsubɔnuɖoanyi si ƒe nɔnɔmewo sɔ kple blema Babilon tɔ. (Nyaɖeɖefia, ta 17, 18) Kpɔ nusiwo sɔ kple wo nɔewo le wo ŋu la dometɔ aɖewo ɖa:

• Blema Babilon nunɔlawo kpɔ gome vevie le dukɔwo ƒe dunyahenyawo me. Nenema kee wòle le subɔsubɔha geɖe gome egbea.

• Babilon nunɔlawo dea aʋawɔwɔ ƒe dzi ƒo zi geɖe. Subɔsubɔha siwo li egbea hã xɔa ŋgɔ yraa asrafowo esime dukɔwo kpe aʋa.

• Blema Babilon ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo kplɔ dukɔa de agbegbegblẽnɔnɔ nyɔŋu me. Esi subɔsubɔhakplɔla siwo li egbea ŋe aɖaba ƒu Biblia ƒe dzidzenu siwo ku ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu dzi ta la, agbegbegblẽnɔnɔ va bɔ le hakplɔlawo kple hameviwo siaa dome. Eɖe dzesi ŋutɔ hã be esi Babilon Gã la wɔ ahasi kple xexeame kple eƒe dunyahenuɖoanyiwo ta la, Nyaɖeɖefia yɔe be gbolo.

• Biblia gblɔ hã be Babilon Gã la ‘ɖu agbe ŋumakpemakpetɔe.’ Le blema Babilon la, amesiwo wɔa ɖoɖo ɖe gbedoxɔwo ŋu la xɔa anyigba gã aɖewo na wo ɖokui, eye nunɔlawo va zu asitsala xɔŋkɔwo. Menye tadeaguƒewo koe le Babilon Gã la si egbea o, ke asitsatsa kple nunɔamesi geɖewo hãe. Eƒe nufiafiawo kple ŋkekenyuiwo na eya ŋutɔ kple asitsala bubuwo kpɔ kesinɔnu geɖe.

• Nɔnɔmewɔwɔwo zazã, akunyawɔwɔ, kple dzosasa bɔ le blema Babilon, abe alesi ko wòle le teƒe geɖe egbea ene. Wobua ku be enye tɔtrɔ tso agbe ƒomevi aɖe me yi bubu me. Gbedoxɔ gãwo kple suewo nɔ Babilon fũ, siwo me wodea ta agu na eƒe mawuwo le, evɔ Babilontɔwo tsi tre ɖe Yehowa subɔlawo ya ŋu. Dzixɔse kple nuwɔna siawo kee ɖe dzesi le Babilon Gã la hã ŋu.

Le blema la, Yehowa zã dunyaheŋusẽwo kple dukɔ siwo si asrafo sẽŋuwo le tsɔ he to na amesiwo yi edzi gbe bubudede eya kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu. Esiae na Asiriatɔwo tsrɔ̃ Samaria le ƒe 740 D.M.Ŋ. me. Babilontɔwo wɔ Yerusalem aƒedoe le ƒe 607 D.M.Ŋ. me eye Romatɔwo hã va tsrɔ̃e le ƒe 70 M.Ŋ. me. Mlɔeba, le ƒe 539 D.M.Ŋ. me la, Mediatɔwo kple Persiatɔwo ɖu Babilon dzi. Biblia gblɔ tso míaƒe ŋkekea ŋu be dunyahedziɖuɖuwo, siwo le abe lã wɔadã aɖe ene la, adze “gbolo la” dzi ahaɖe amae, ale be amesiame nakpɔ nusi wònye ŋutɔŋutɔ. Woatsrɔ̃e ɖikaa.—Nyaɖeɖefia 17:16.

Ðe xexeame ƒe dziɖuɖuwo awɔ nusia ŋutɔŋutɔa? Biblia gblɔ be ‘Mawu adee woƒe dzime.’ (Nyaɖeɖefia 17:17) Adzɔ zi ɖeka kpoyi, awɔ nuku na ame, ana dzidzi naƒo ame, womakpɔe adze sii do ŋgɔ o eye madzɔ vivivi o.

Nukae wòhiã be nàwɔ? Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe megakpɔtɔ le subɔsubɔha aɖe si ƒe nufiafia kple nuwɔna na wònye Babilon Gã la ƒe akpa aɖe heto esia dzi ƒo ɖi eɖokui la me kokokoa?’ Ne mènye emetɔ o hã, àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Ðe meɖe mɔ eƒe gbɔgbɔ kpɔa ŋusẽ ɖe dzinyea?’ Gbɔgbɔ ka ƒomevie? Mɔɖeɖe ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu, ŋutilãmenunɔamesiwo kple vivisesewo lɔlɔ̃ wu Mawu lɔlɔ̃, alo eɖoɖo koŋ agbe ɖetsɔtsɔ (le nusiwo dze nu suewo gɔ̃ hã me) le Yehowa ƒe Nya la me. Bu tame nyuie le alesi nàɖo nya siawo ŋui ŋu.

Be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele vevie be míaƒe nuwɔnawo kple dzimedidiwo siaa naɖee afia be míenye Babilon Gã la ƒe akpa ɖeke o vavã. Menye ɣeyiɣi sia mee míaganɔ hehem ɖe megbe o. Esime Biblia nɔ nu xlɔ̃m mí be nuwuwua ava kpata la, egblɔ be: “Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe [zi ɖeka kpoyi] enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o.”—Nyaɖeɖefia 18:21.

Ke hã mese ɖe afima o. Nu vevi bubu si Yehowa Mawu awɔ le ‘ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo’ ma mee nye be adrɔ̃ ʋɔnu xexeame katã ƒe dunyahenuɖoanyia, eƒe kplɔlawo, kple amesiwo katã melɔ̃ ɖe eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe, si ŋudɔ wɔm wòle to eƒe Dziƒofiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me, dzi o la. (Nyaɖeɖefia 13:1, 2; 19:19-21) Nyagblɔɖiŋutega si le Daniel 2:20-45 la ƒo nu tso dunyahedziɖuɖu si dze egɔme tso blema Babilon dzi va ɖo esiwo li fifia dzi be enye legba kɔkɔ aɖe si wotsɔ sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, kple tsu wɔe. Nyagblɔɖia gblɔ tso míaƒe ŋkekea ŋu be: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o.” Azɔ Biblia gblɔ nu bubu si Fiaɖuƒe ma ava wɔ le Yehowa ƒe ‘ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo’ la dzi: “Agbã fiaɖuƒe mawo [siwo amegbetɔwo ɖo la] katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

Biblia xlɔ̃ nu tadeagula vavãwo be woagalɔ̃ ‘nusiwo le xexeame’ o—si nye agbenɔnɔ si xexe sia si ɖe eɖokui ɖa tso Mawu vavã la ŋu kafuna. (Yohanes I, 2:15-17) Ðe wò nyametsotsowo kple nuwɔnawo ɖenɛ fiana be èdea Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi bliboea? Ðe nètsɔnɛ ɖoa nɔƒe gbãtɔ ŋutɔŋutɔ le wò agbe mea?—Mateo 6:33; Yohanes 17:16, 17.

[Aɖaka si le axa 14]

Ɣekaɣie Nuwuwua Ava?

“Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.”​—Mateo 24:44.

“Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.”​—Mateo 25:13.

“Mahe ɖe megbe o.”​—Xabakuk 2:3.

[Aɖaka si le axa 14]

Ðe Wò Agbenɔnɔ Atrɔ ne Ènyaa?

Ne ɖe nèka ɖe edzi be ƒe agbɔsɔsɔme aɖe ava yi hafi Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si tu aƒe nava la, ɖe esia ana nàtrɔ alesi nènɔa agbeea? Ne nuɖoanyi xoxo sia ƒe nuwuwu mele vavam kabakaba abe alesi nèsusui ene o la, ɖe nèɖe mɔ esia wɔe be mègatsia dzi ɖe Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa ŋu oa?—Hebritɔwo 10:36-38.

Ɣeyiɣia tututu si míenya o la naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia be susu nyuiwoe le mía si míetsɔ le Mawu subɔmee. Amesiwo dze si Yehowa la nyae be Mawu, amesi nyaa nusi le ame ƒe dzime, makpɔ ŋudzedze aɖeke ɖe dzonɔameme si woaɖe afia le esi wonya be nuwuwua tu aƒe azɔ ta la ŋu o.—Yeremya 17:10; Hebritɔwo 4:13.

Amesiwo lɔ̃ Yehowa vavã la tsɔnɛ ɖoa nɔƒe gbãtɔ ɣeawokatãɣi. Kristotɔ vavãwo wɔa ŋutilãmedɔ abe ame bubuwo ke ene. Gake menye woƒe taɖodzinue nye be yewoazu kesinɔtɔwo o, ke boŋ be ŋutilãmenu siwo hiã kple esi yewoate ŋu atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu nasu yewo si. (Efesotɔwo 4:28; Timoteo I, 6:7-12) Woɖea modzaka nyuiwo heɖina ɖe eme ɣeaɖewoɣi, gake woƒe didi enye be yewoƒe dzi nadze eme, ke menye be yewoawɔ nane le esi amesiame le ewɔm ta ko o. (Marko 6:31; Romatɔwo 12:2) Wokpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu abe Yesu Kristo ene.—Psalmo 37:4; 40:9.

Kristotɔ vavãwo di be yewoanɔ agbe asubɔ Yehowa yi ɖe mavɔmavɔ me. Asixɔxɔ si le mɔkpɔkpɔ ma ŋu meɖiɖi le esi wòle be míalala wòadidi wu alesi míesusui hafi axɔ yayra aɖewo ta o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dziɖulanyenye ƒe Nya La

Be míase nusitae Mawu ɖe mɔ fukpekpe gbogbo sia gbegbe li ɖo gɔme la, ehiã be míase dziɖulanyenye ƒe nya la gɔme. Nukae nye dziɖulanyenye? Efia amesi nye nuwokatãtaƒola ƒe ŋusẽ.

Esi Yehowae nye Wɔla ta la, gome le esi be wòaɖu anyigba la kple amesiwo katã le edzi la dzi. Gake Biblia ɖe eme be le ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, wotsɔ nya ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu. Satana Abosam gblɔ be Yehowa tea nu nyui amewo madzemadzee, be Mawu da alakpa na mía dzila gbãtɔawo le nusi adzɔ ɖe wo dzi ne wogbe Eƒe se dzi wɔwɔ hewɔ nusi woawo ŋutɔ wodi ŋu, eye be eme anyo na wo wu ne wokplɔ wo ɖokui Mawu manɔmee.—Mose II, ta 2, 3.

Ne ɖe Mawu tsrɔ̃ aglãdzelaawo enumake la, ema aɖee afia be ŋusẽ le esi, gake makpɔ nya siwo wofɔ ɖe te la gbɔ o. Le esi Yehowa natsrɔ̃ aglãdzelaawo enumake teƒe la, eɖe mɔ na nuwɔwɔ siwo katã si nunya le la be woakpɔ nusi ado tso aglãdzedzea me. Togbɔ be esia na míele fu kpem hã la, ena mɔnukpɔkpɔ hã be wodzi mí.

Gawu la, Yehowa wɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe togbɔ be esia bia nu gã aɖe tso eyama si hã, ale be woate ŋu aɖe amegbetɔ siwo aɖo toe eye woaxɔ eƒe Vi la ƒe tafevɔsaa dzi ase la tso nuvɔ̃ kple nusiwo wòhe vɛ me, eye be woanɔ agbe le Paradiso me. Esia abia be woafɔ amesiwo ku la gɔ̃ hã ɖe tsitre be woakpɔ eteƒe.

Mɔɖeɖe be woatsɔ akpɔ nyaa gbɔe la hã na mɔnukpɔkpɔ Mawu subɔlawo be woaɖo kpe edzi be yewoate ŋu alɔ̃ Mawu eye be yewoawɔ nuteƒe na Yehowa le nɔnɔme ɖesiaɖe me. Mawu ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la, kple nya siwo fɔ ɖe te ku ɖe amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu, gbɔ kpɔkpɔ le vevie be woalɔ̃ ɖe se kple ɖoɖo siwo wotsɔ le xexe bliboa kplɔmee dzi ahade bubu eŋu. Ema manɔmee la, ŋutifafa vavãtɔ mate ŋu ava o.a

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Wodzro nya siawo siwo wofɔ ɖe te kple nusiwo wòlɔ ɖe eme wo me kɔ nyuie le agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu, si Yehowa Ðasefowo ta, me.

[Nɔnɔmetata]

Xexeame katã ƒe dunyahedziɖuɖua ava eƒe nuwuwu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe