INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • bh axa 199-axa 201 mm. 4
  • Yesu Kristo—Mesia si Ŋugbe Wodo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Kristo—Mesia si Ŋugbe Wodo
  • Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Mesia Ŋu Ðo Kpe Edzi Be Yesue Nye Mesia La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mesia La Ŋu Nya Gbɔgblɔ Ði
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Wonɔ Mɔ Kpɔm Na Mesia La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Yesu Kristo—Amesi Dzi Mi̇́ato Adze Si Mawu
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
Kpɔ Bubuwo
Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
bh axa 199-axa 201 mm. 4

MEGBENYAWO

Yesu Kristo​—Mesia si Ŋugbe Wodo

YEHOWA MAWU kpe ɖe mía ŋu be míanya amesi Mesia la nye esi wòna eƒe gbɔgbɔ ʋã Biblia me nyagblɔɖila geɖe wona numeɖeɖe tso Ðela sia si ŋugbe wodo la ƒe dzidzi, eƒe subɔsubɔdɔ, kple eƒe ku ŋu. Yesu Kristo dzie Biblia me nyagblɔɖi siawo katã va eme ɖo. Wova eme tututu abe alesi pɛpɛpɛ wogblɔ wo ɖi ene wòwɔ nuku. Be míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo la, na míadzro nyagblɔɖi ʋɛ aɖewo siwo ku ɖe Mesia la ƒe dzidzi kple ɖevimenɔɣi ŋu me akpɔ.

Nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi be Mesia la anye Fia Dawid ƒe dzidzimevi. (Yesaya 9:6) Dawid ƒe ƒomea mee wodzi Yesu ɖo hã vavã.—Mateo 1:1, 6-17.

Mawu ƒe nyagblɔɖila bubu si nye Mixa gblɔe ɖi be ɖevi sia ava zu dziɖula eye be woadzii le “Betlexem Efrata.” (Mixa 5:1) Du evee nɔ Israel si woyɔna be Betlexem esime wodzi Yesu. Ðeka gogo Nazaret, le dukɔa ƒe dziehe, eye evelia gogo Yerusalem le Yuda. Efrata ye woyɔna na Betlexem si gogo Yerusalem la tsã. Du ma mee wodzi Yesu ɖo, abe alesi tututu nyagblɔɖia gblɔe ene!—Mateo 2:1.

Biblia me nyagblɔɖi bubu gblɔ be woayɔ Mawu ƒe Vi la “tso Egipte vɛ.” Esi Yesu nye ɖevi la, wokɔe yi Egipte. Herodes ƒe ku megbee wokplɔe gbɔe, ale be nyagblɔɖia va eme.—Hosea 11:1; Mateo 2:15.

Le nya siwo woɖo ɖe axa 200 la, mawunyakpukpui siwo le tanya si nye “Nyagblɔɖi” te la na numeɖeɖe tsitotsito tso Mesia la ŋu. Taflatse, tsɔ mawunyakpukpui siawo sɔ kple esiwo dze le tanya si nye “Emevava” te. Esia wɔwɔ ana nàgaxɔ edzi ase geɖe wu be nyateƒee Mawu ƒe Nya la nye.

Esi nèle mawunyakpukpui siawo me dzrom la, nenɔ susu me na wò be woŋlɔ nyagblɔɖi me nya siawo ɖi ƒe alafa geɖe hafi wova dzi Yesu. Yesu gblɔ be: “Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.” (Luka 24:44) Abe alesi nàte ŋu ade dzesii le wò ŋutɔ wò Biblia me ene la, wova eme vavã—nya ɖesiaɖe va eme pɛpɛpɛ!

NYAGBLƆÐI SIWO KU ÐE MESIA LA ŊU

NUDZƆDZƆ

NYAGBLƆÐI

EMEVAVA

Wodzii le Yuda ƒe toa me

Mose I, 49:10

Luka 3:23-33

Ðetugbi nɔaƒe aɖee dzii

Yesaya 7:14

Mateo 1:18-25

Etso Fia Dawid ƒe ƒomea me

Yesaya 9:6

Mateo 1:1, 6-17

Yehowa gblɔ be ye Vie

Psalmo 2:7

Mateo 3:17

Womexɔ edzi se o

Yesaya 53:1

Yohanes 12:37, 38

Edo tedzi yi Yerusalem

Zaxarya 9:9

Mateo 21:1-9

Eƒe zɔhɛ kplikplikpli

Psalmo 41:10

Yohanes 13:18,21-30

Wofia eyome mɔ ɖe klosalo 30 ta

Zaxarya 11:12

Mateo 26:14-16

Meɖo nya ŋu na enutsolawo o

Yesaya 53:7

Mateo 27:11-14

Wodzidze nu ɖe eƒe awuwo dzi

Psalmo 22:19

Mateo 27:35

Woɖu fewu le eŋu le fuwɔameti ŋu

Psalmo 22:8, 9

Mateo 27:39-43

Womeŋe eƒe ƒu aɖeke o

Psalmo 34:21

Yohanes 19:33, 36

Woɖii ɖe kesinɔtɔwo dome

Yesaya 53:9

Mateo 27:57-60

Eƒe ŋutilã menyunyɔ hafi wofɔe o

Psalmo 16:10

Dɔwɔwɔwo 2:24, 27

Wodoe ɖe dzi le Mawu ƒe ɖusi me

Psalmo 110:1

Dɔwɔwɔwo 7:55b

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe