INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lv ta 4 axa 36-49
  • Nu Ka Ta Wòle Be Míade Bubu Ame Siwo Le Ŋusẽnɔƒewo Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Ta Wòle Be Míade Bubu Ame Siwo Le Ŋusẽnɔƒewo Ŋu?
  • “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI TA WÒSESẼNA
  • NU KA TA WÒLE BE MÍADE BUBU AME SIWO LE ŊUSẼNƆƑEWO ŊU?
  • BUBUDEDE ŊUSẼ ŊU LE ƑOMEA ME
  • BUBUDEDE ŊUSẼ ŊU LE HAMEA ME
  • BUBUDEDE ŊUSẼ ŊU LE DUKƆA ME
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míade Bubu Ame Siwo Le Ŋusẽnɔƒewo Ŋu?
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Mide Bubu Amesiwo Woɖo Mia Nu ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Lɔ̃ Ðe Yehowa Ƒe Dziɖuŋusẽ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Bubudede Tatɔwo Ŋu—Nukatae Wòle Vevie?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
“Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
lv ta 4 axa 36-49
Vifofo aɖe le nu fiam eƒe ƒomea

TA 4

Nu Ka Ta Wòle Be Míade Bubu Ame Siwo Le Ŋusẽnɔƒewo Ŋu?

“Mibu amewo katã ƒomevi.”—1 PETRO 2:17.

1, 2. (a) Kuxi kae dzea ŋgɔ mí ku ɖe ame siwo ƒe ŋusẽ te míele ŋu? (b) Biabia kawo mee míadzro?

ÈKPƆ ale si ɖeviwo wɔa nui ne woɖo dɔ aɖe na wo si womedi be yewoawɔ o la teƒe kpɔa? Zi geɖe la, ɖevia yɔa mo hafi nɔa dɔa wɔm. Vi ɖotoe wònye hafi, eye enya hã be ele be yeade bubu ye dzilawo ŋu. Gake le go sia ya me la, ɖeko medi be yeawɔ nu si wobia tso ye si o. Nɔnɔme sia si dzena le ɖeviwo ŋu la ɖe kuxi aɖe si dzea ŋgɔ mí katã ɣeaɖewoɣi la fia.

2 Bubudede ame siwo ƒe ŋusẽ te míele ŋu menɔa bɔbɔe na mí ɣesiaɣi o. Ðe wòsesẽna na wò ɣeaɖewoɣi be nàde bubu ame siwo te nèle ŋua? Ke nyae be menye ye ɖekae o. Bubudede ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu yi to kura egbea. Gake Biblia gblɔ be ele be míade bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu. (Lododowo 24:21) Esia wɔwɔ le vevie hafi míate ŋu ayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me. Eya ta esɔ be míade ŋugble tso biabia siwo gbɔna ŋu. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na mí be míade bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu? Nu ka tae Yehowa bia tso mía si be míade bubu wo ŋu, eye nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia? Azɔ hã, mɔ kawo nue míate ŋu ade bubu ŋusẽ ŋu le?

NU SI TA WÒSESẼNA

3, 4. Aleke nu vɔ̃ kple blibomademade dze egɔmee, eye aleke nu vɔ̃ si dome míenyi la wɔnɛ be wòsesẽna na mí be míade bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu?

3 Mina míadzro susu eve siwo tae wòate ŋu asesẽ na mí be míade bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu la me kpuie. Gbãtɔae nye be míede blibo o; eveliae nye be ame siwo ƒe ŋusẽ te míele hã mede blibo o. Tso esime Adam kple Xawa dze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuŋusẽ ŋu le Eden bɔa me kee nu vɔ̃ kple blibomademade te ŋusẽkpɔkpɔ ɖe amegbetɔwo dzi. Eya ta aglãdzedzee he nu vɔ̃ vɛ. Va se ɖe egbegbe la, aglãdzedze ƒe gbɔgbɔ aɖe le mí katã me.—1 Mose 2:15-17; 3:1-7; Psalmo 51:5; Romatɔwo 5:12.

4 Esi míenyi nu vɔ̃ dome ta la, dada kple ɖokuitɔdidi nyɔna ɖe mía dometɔ akpa gãtɔ me bɔbɔe, evɔ ɖokuibɔbɔ ya ɖeɖe fia sesẽna, eye ebia agbagbadzedze blibo hafi míatui ɖo ahana wòatsi mía si. Ne míesubɔ Mawu ƒe geɖe hã la, ate ŋu ava dzɔ be míazu tosẽlawo kple dadalawo. Le kpɔɖeŋu me, Kora nɔ Yehowa ƒe amewo dome nuteƒewɔwɔtɔe esime woto fukpekpe geɖe me. Gake eva di be ɖoƒe geɖe wu nasu ye si, eye esia na wòtsɔ dzimesesẽ dze aglã ɖe Mose, ame si fa wu ame siwo katã nɔ anyigba dzi ɣemaɣi la ŋu. (4 Mose 12:3; 16:1-3) Bu Fia Uziya si hã wɔ nu dadatɔe esi wòyi Yehowa ƒe gbedoxɔa me be yeawɔ dɔ kɔkɔe si wòle be nunɔlawo ko nawɔ la ŋu kpɔ. (2 Kronika 26:16-21) Wohe to na ame siawo vevie. Woŋlɔ woƒe kpɔɖeŋu gbegblẽawo ɖi be wòanye nuxlɔ̃ame na mí katã. Ele be míadze agbagba aɖu dadagbɔgbɔ si wɔnɛ be wòsesẽna na mí be míade bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu la dzi.

5. Aleke amegbetɔ madeblibowo zãa ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nui?

5 Amegbetɔ madeblibo siwo le ŋusẽnɔƒewo ƒe nuwɔnawo hã wɔnɛ be amewo megadea bubu ŋusẽ ŋu o. Wo dometɔ geɖe nye tamesẽlawo, ŋlɔmiwɔlawo, kple amedzizilawo. Ameƒomea ƒe ŋutinya yɔ fũu kple ame geɖe siwo mezã woƒe ŋusẽ nyuie o. (Xlẽ Nyagblɔla 8:9.) Le kpɔɖeŋu me, ame nyui kple ɖokuibɔbɔlae Saul nye esime Yehowa tiae be wòaɖu fia. Gake dada kple ŋuʋaʋã va gblẽ nu le eŋu, eye esia na wòti nuteƒewɔla David yome kutɔkutɔe. (1 Samuel 9:20, 21; 10:20-22; 18:7-11) Emegbe David va zu Israel fia nyui aɖe, gake eya hã va zã eƒe ŋusẽa le mɔ gbegblẽ nu esi wòxɔ Hititɔ Uriya srɔ̃, eye wòna woda ŋutsu sia si nɔ aʋagbedzi la ɖe afi si aʋaa nu sẽ le ale be wowui. (2 Samuel 11:1-17) Nyateƒee, blibomademade na wòsesẽna na amewo be woazã ŋusẽ le mɔ nyuitɔ nu. Eye nyaa gagblẽna ɖe edzi ne ame siwo le ŋusẽnɔƒewo mevɔ̃a Yehowa o. Esi Britaintɔwo ƒe dziɖuɖumegã aɖe nɔ nu ƒom tso ale si Katoliko papawo na woti amewo yome le teƒe geɖe ŋu la, egblɔ be: “Ŋusẽ te ŋu nana wowɔa nu gbegblẽ; ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe nu sia nu dzi nana wowɔa nu gbegblẽ megbemakpɔmakpɔe.” Esi nya siawo le susu me na mí la, mina míadzro biabia vevi sia me be: Nu ka tae wòle be míade bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu?

NU KA TA WÒLE BE MÍADE BUBU AME SIWO LE ŊUSẼNƆƑEWO ŊU?

6, 7. (a) Nu kae lɔlɔ̃ na Yehowa aʋã mí míawɔ, eye nu ka tae? (b) Nu kae ɖokuibɔbɔ abia tso mía si, eye aleke míaɖe nɔnɔme sia afiae?

6 Lɔlɔ̃ na Yehowa, lɔlɔ̃ na mía havi, kple lɔlɔ̃ na mía ɖokui—esiawoe nye susu vevi siwo ta wòle be míade bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu ɖo. Esi míelɔ̃ Yehowa wu nu sia nu ta la, míadi godoo be míawɔ nu wòado dzidzɔ na eƒe dzi. (Xlẽ Lododowo 27:11; Marko 12:29, 30.) Míenya be wotsɔ nya ɖe eƒe dziɖulanyenye, si nye gome si le esi be wòaɖu xexea dzi, la ŋu le anyigba dzi tso esime aglãdzedze dze egɔme le Eden-bɔa me. Míenya hã be ame akpa gãtɔ gbe Yehowa ƒe dziɖuɖu heva le Satana ƒe akpa dzi. Eya ta edzɔa dzi na mí be míawo ya míele Yehowa ƒe akpa dzi. Nya wɔdɔɖeamedzi siwo le Nyaɖeɖefia 4:11 dea dzi gbɔ na mí ŋutɔ. Aleke gbegbe wòdze na mí kɔtɛ be Yehowae dze aɖu xexe bliboa dzii enye esi! Míeɖenɛ fiana le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me be Yehowa ƒe akpa dzie míele, eye be eyae nye míaƒe dziɖulagã.

7 Bubudede Yehowa ŋu bia be míaɖo toe, eye egabia nu bubu aɖe hã. Míeɖoa to Yehowa faa le esi míelɔ̃e ta. Ke hã, nɔnɔme aɖewo doa mo ɖa siwo me toɖoɖo menɔa bɔbɔe na mí le kura o. Le nɔnɔme mawo me la, ele be míasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ, abe ale si wòhiã le ɖevi si ŋu nya míegblɔ le ŋgɔdonyaa me gome ene. Nenɔ susu me na mí be Yesu bɔbɔ eɖokui hewɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu le nɔnɔme siwo me ewɔwɔ menɔ bɔbɔe nɛ o gɔ̃ hã me. Egblɔ na Fofoa be: “Menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò nava eme.”—Luka 22:42.

8. (a) Aleke míaɖee afia be míebɔbɔ ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ te egbea, eye nudzɔdzɔ kae ɖe ale si Yehowa sena le eɖokui me le nya sia ŋu fia? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaxɔ aɖaŋuɖoɖo kple ɖɔɖɔɖo? (Kpɔ aɖaka si nye “Se Aɖaŋuɖoɖo, Eye Nàxɔ Amehehe.”)

8 Míenya be Yehowa megaƒoa nu na mí ame ɖekaɖekawo tẽe egbea o; eƒe Nya la kple eteƒenɔla siwo le anyigba dzi dzie wòtona ƒoa nu na mí. Eya ta ehiã vevie ŋutɔ be míaɖo to ame siwo Yehowa ɖo ŋusẽnɔƒewo, alo wòɖe mɔ wole ɖoƒe mawo, atsɔ aɖee afia be míebɔbɔ ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ te. Ne míedze aglã ɖe ame mawo ŋu—le kpɔɖeŋu me, ne míegbe aɖaŋuɖoɖo alo ɖɔɖɔɖo siwo wonɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi na mí xɔxɔ la—anye agɔdzedze le Mawu dzi. Esi Israel-viwo lĩ liʋiliʋĩ hedze aglã ɖe Mose ŋu la, Yehowa gblɔ be ye ŋutɔ ŋue wowɔ nu mawo ɖo.—4 Mose 14:26, 27.

9. Nu ka tae lɔlɔ̃ na mía haviwo ana míade bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Lɔlɔ̃ na mía haviwo hã wɔnɛ be míedea bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu. Le mɔ ka nu? Tsɔe be ènye asrafo le asrafoha aɖe me. Asrafoha bliboa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ, alo woƒe agbetsitsi le aʋagbedzi nɔ te ɖe asrafoawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe toɖoɖo woƒe aʋafiawo, bubudede wo ŋu, kple nuwɔwɔ aduadu kpli wo dzi. Ne èdze aglã hegbe bubudede ɖoɖo siwo ŋgɔxɔla mawo wɔ ŋu la, ema ate ŋu ade asrafo bubuawo katã ƒe agbe afɔku me. Ele eme baa be amegbetɔwo ƒe aʋakɔwo gblẽa nu geɖe egbea ya. Gake aʋakɔ aɖe le Yehowa si, si wɔa nu nyui sɔŋ. Biblia yɔ Mawu zi gbɔ zi geɖe be “aʋakɔwo ƒe Yehowa.” (1 Samuel 1:3) Eyae nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu akpe geɖeawo ƒe Aʋafiagã. Ɣeaɖewoɣi la, Yehowa tsɔa esubɔla siwo de ha kpaŋ le anyigba dzi la sɔna kple aʋakɔ. (Psalmo 68:11; Ezekiel 37:1-10) Ne míedze aglã ɖe ame siwo Yehowa ɖo ŋusẽnɔƒewo ŋu la, ɖe esia makplɔ mía nɔviwo ƒe aʋakɔ si le Yehowa subɔm la me tɔwo ade afɔku me oa? Ne Kristotɔ aɖe dze aglã ɖe hamemetsitsiwo ŋu la, esia te ŋu gblẽa nu le hamea me tɔ bubuwo ŋu. (1 Korintotɔwo 12:14, 25, 26) Ne ɖevi aɖe dze aglã la, ete ŋu gblẽa nu le ƒome bliboa ŋu. Eya ta ne míedea bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu hebɔbɔa mía ɖokui ɖe wo te la, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía haviwo.

10, 11. Aleke didi be míagagblẽ nu le mía ɖokuiwo ŋu o aʋã mí be míaɖo to ame siwo te míele?

10 Eɖea vi na mía ŋutɔwo hã ne míede bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu. Ɣesiaɣi si Yehowa bia tso mía si be míade bubu ame siwo te míele ŋu la, egblɔa viɖe siwo ado tso eme hã na mí. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ na ɖeviwo be woaɖo to wo dzilawo ne woanɔ agbe didi eye eme nanyo na wo. (5 Mose 5:16; Efesotɔwo 6:2, 3) Egblɔ na mí be míade bubu hamemetsitsiwo ŋu, elabena esia mawɔmawɔ agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me. (Hebritɔwo 13:7, 17) Egblɔ na mí hã be míaɖo to dziɖuŋusẽwo le mía ŋutɔwo ƒe dedienɔnɔ ta.—Romatɔwo 13:4.

11 Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be susu siwo tae Yehowa bia tso mía si be míade bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu nyanya nana esia wɔwɔ nɔa bɔbɔe na mí oa? Ekema mina míadzro go etɔ̃ siwo me wòle be míade bubu ame siwo te míele ŋu la me kpɔ.

BUBUDEDE ŊUSẼ ŊU LE ƑOMEA ME

12. Ðoƒe kae Yehowa na srɔ̃ŋutsu le ƒomea me, eye aleke wòle be wòawɔ ɖoƒe ma ŋu dɔe?

12 Yehowa ŋutɔe ɖo ƒome anyi. Esi Mawu wɔa nu ɖe ɖoɖo nu ɣesiaɣi ta la, egblɔ ale si nuwo ayi le ɖoɖo nyui nu le ƒomea me na mí. (1 Korintotɔwo 14:33) Ena ŋusẽ srɔ̃ŋutsu be wòanye ƒomea ƒe ta. Ne srɔ̃ŋutsu srɔ̃ Kristo Yesu ƒe kpɔɖeŋu le tanyenye ŋu dɔ wɔwɔ me la, esia afia be edea bubu eyama, si nye eya ŋutɔ kple hamea siaa ƒe Ta la ŋu. (Efesotɔwo 5:23) Eya ta mele be srɔ̃ŋutsu naɖe ta le eƒe agbanɔamedzia te o, ke boŋ wòatsɔe ale si dze; eye mele be wòanye akpasesẽnuwɔla alo ameŋumabula hã o, ke boŋ wòaɖe lɔlɔ̃, ameŋububu, kple dɔmenyonyo afia. Eɖoa ŋku edzi be seɖoƒe li na yeƒe ŋusẽa—be mede ŋgɔ wu Yehowa tɔ o.

Vifofo Kristotɔ srɔ̃a ale si Kristo wɔa eƒe tanyenye ŋu dɔe

13. Aleke srɔ̃nyɔnu awɔ eƒe ɖoƒe ŋu dɔe wòadze Yehowa ŋu?

13 Srɔ̃nyɔnu nye srɔ̃a ƒe kpeɖeŋutɔ. Nya si Biblia gblɔ be “mègagbe dawò ƒe nufiame o” la fia be wona ŋusẽ aɖe srɔ̃nyɔnu hã le ƒomea me. (Lododowo 1:8) Gake srɔ̃nyɔnu ƒe ŋusẽa mede srɔ̃a tɔ nu o. Kristotɔ srɔ̃nyɔnu ɖenɛ fiana be yedea bubu ye srɔ̃ ƒe ŋusẽ ŋu ne ekpena ɖe eŋu wòwɔa eƒe ɖoƒe ŋu dɔ abe ƒomea ƒe ta ene. Meɖia gbɔ srɔ̃a, toa mɔ aɖe nu ɖua edzi, alo dina be yeaxɔ ɖoƒe le esi o. Ke boŋ ekpea asi ɖe eŋu hewɔa nu kplii aduadu. Ne ŋutsua ƒe nyametsotso aɖewo medzɔ dzi nɛ o la, ate ŋu agblɔ eƒe susu bubutɔe, gake ayi edzi abɔbɔ eɖokui ɖe ete. Nɔnɔmeawo ate ŋu asesẽ na srɔ̃nyɔnu ne srɔ̃a menye hati tadeagula o, gake eƒe ɖokuibɔbɔ ate ŋu aʋã ŋutsua wòava wɔ ɖeka kplii le Yehowa subɔsubɔ me.—Xlẽ 1 Petro 3:1.

Vifofo lɔãme aɖe le via si tsɔ ba ƒoɖi aƒea me la ɖɔm ɖo

14. Nu kae ɖeviwo awɔ ado dzidzɔ na wo dzilawo kple Yehowa?

14 Ðeviwo doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi ne woɖo to wo dzilawo. Ema nyea bubu kple dzidzɔ na wo dzilaawo hã. (Lododowo 10:1) Le dzilaɖekɛƒomewo gɔ̃ hã me la, ɖeviwo ɖea toɖoɖo ma ke fiana, eye wonyae be ele vevie be yewoakpe asi ɖe yewo dzila ɖekɛ la ŋu ahawɔ nu kplii aduadu. Ne ƒomea me tɔwo katã wɔ ɖoƒe si Mawu na wo ŋu dɔ nyuie la, dzidzɔ kple ŋutifafa nɔa ƒomea me. Esia hea kafukafu vanɛ na Yehowa Mawu, ame si ɖo ƒome sia ƒome anyi.—Efesotɔwo 3:14, 15.

BUBUDEDE ŊUSẼ ŊU LE HAMEA ME

15. (a) Aleke míaɖee afia le hamea me be míedea bubu Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu? (b) Gɔmeɖose kawoe akpe ɖe mía ŋu míaɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mía dome? (Kpɔ aɖaka si nye “Miɖo To Ame Siwo Le Ŋgɔ Xɔm.”)

15 Yehowa ɖo Via wònye Kristo hamea ƒe Fia. (Kolosetɔwo 1:13) Yesu hã de dɔ asi na eƒe “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la be woakpɔ Mawu ƒe ame siwo le anyigba dzi ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na wo. (Mateo 24:45-47) Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha lae nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la. Abe ale si ko wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me hameawo me ene la, hamemetsitsi siwo li egbea xɔa mɔfiame kple aɖaŋuɖoɖo tso Dɔdzikpɔha la gbɔ tẽe loo alo to wo teƒenɔlawo, abe nutome sue dzikpɔlawo ene, dzi. Bubudede Kristotɔ hamemetsitsiwo ŋu nye toɖoɖo Yehowa.—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:12; Hebritɔwo 13:17.

16. Gɔmesese ka nue gbɔgbɔ kɔkɔea ɖoa hamemetsitsiwo le?

16 Ame madeblibowoe hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo nye. Gbɔdzɔgbɔdzɔwo le wo ŋu abe míawo ke ene. Ke hã, hamemetsitsiwo nye “nunana siwo nye amewo,” siwo wotsɔ na be woakpe ɖe hamea me tɔwo ŋu woayi edzi asẽ ŋu le gbɔgbɔ me. (Efesotɔwo 4:8) Gbɔgbɔ kɔkɔea ye ɖoa hamemetsitsiwo. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Le mɔ ka nu? Eyae nye be ele be ŋutsu siawo naɖo nudidi siwo Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ ɖe eƒe Nyaa me la gbɔ. (1 Timoteo 3:1-7, 12; Tito 1:5-9) Hekpe ɖe eŋu la, ne hamemetsitsiwo le eme dzrom kpɔ be nɔviŋutsu aɖe ɖo nudidiawo gbɔ hã la, wodoa gbe ɖa vevie dia Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiame.

17. Nu ka tae wòle be Kristotɔ nyɔnuwo nabla ta ne wole dɔ aɖewo wɔm le hamea me?

17 Ɣeaɖewoɣi la, ete ŋu dzɔna be hamemetsitsiwo alo subɔsubɔdɔwɔlawo meli awɔ dɔ si wòle be ame siwo le ɖoƒe mawo nawɔ o, abe kpekpe hena gbeadziyiyi dzi kpɔkpɔ ene. Le nɔnɔme siawo me la, nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ bubuwo ate ŋu akpɔ dɔ mawo gbɔ. Ne nɔviŋutsu aɖeke meli o la, ke Kristotɔ nyɔnu siwo dze la ate ŋu akpɔ wo gbɔ. Ke hã, ne nɔvinyɔnu le dɔ si wòle be nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ nawɔ hafi wɔm la, ele be wòabla ta.a (1 Korintotɔwo 11:3-10) Nudidi sia mefia be woda nyɔnuwo ɖe anyi o. Ke boŋ enye mɔnukpɔkpɔ na wo be woade bubu tanyenye ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ le ƒomea kple hamea me la ŋu.

BUBUDEDE ŊUSẼ ŊU LE DUKƆA ME

18, 19. (a) Aleke nàɖe gɔmeɖose si le Romatɔwo 13:1-7 mee? (b) Aleke míedea bubu dziɖuŋusẽwo ŋui?

18 Kristotɔ vavãwo dzea agbagba vevie wɔna ɖe gɔmeɖose si le Romatɔwo 13:1-7 dzi (Xlẽe.) Dziɖuɖuwoe woyɔ le afi ma be “ŋusẽtɔwo.” Zi ale si Yehowa ɖe mɔ amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo kpɔtɔ li la, wowɔa akpa vevi aɖe, elabena wonana ɖoɖo aɖe sinu nɔa anyi, eye wokpɔa dukɔmeviwo ƒe nuhiahiã vevi aɖewo gbɔ. Míedea bubu ŋusẽtɔ siawo ŋu ne míewɔna ɖe dukɔa ƒe sewo dzi. Míekpɔa egbɔ be míexea adzɔwo, míekpea agbalẽ ɖe sia ɖe si dziɖuɖua bia tso mía si la ɖo nyuie, eye míewɔa se sia se si ku ɖe mía ŋutɔwo, míaƒe ƒomea, míaƒe dɔwɔɖui, alo míaƒe nunɔamesiwo ŋu la dzi. Ke hã, ne ŋusẽtɔwo bia be míawɔ nane si tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu la, míeɖoa to wo o. Ke boŋ míewɔa nu abe apostoloawo ene, esi wogblɔ be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:28, 29; kpɔ aɖaka si nye “Ame Ka Ƒe Ŋusẽ Tee Wòle Be Mabɔbɔ Ðo?

AME KA ƑE ŊUSẼ TEE WÒLE BE MABƆBƆ ÐO?

Gɔmeɖose: “Yehowae nye míaƒe Ʋɔnudrɔ̃la, Yehowae nye míaƒe Senala, Yehowae nye míaƒe Fia.”—Yesaya 33:22.

Nya siwo nàte ŋu abia ɖokuiwò

  • Nu kae mawɔ ne wobia tso asinye be mawɔ nane si anye Yehowa ƒe dzidzenuwo dzi dada?—Mateo 22:37-39; 26:52; Yohanes 18:36.

  • Nu kae mawɔ ne wobia tso asinye be magbe Yehowa ƒe sedede aɖe dzi wɔwɔ?—Dɔwɔwɔwo 5:27-29; Hebritɔwo 10:24, 25.

  • Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋunye be maɖo to ame siwo le ŋusẽnɔƒewo?—Romatɔwo 13:1-4; 1 Korintotɔwo 11:3; Efesotɔwo 6:1-3.

19 Mɔ bubu si hã dzi míetona dea bubu ŋusẽ ŋu le dukɔa mee nye ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋui. Ɣeaɖewoɣi la, eva hiãna be míado go kple dziɖuɖumegãwo ŋkume kple ŋkume. Apostolo Paulo do go kple dziɖulawo, abe Fia Herodes Agripa kple Mɔmefia Festo ene. Togbɔ be ame siawo nɔ agbe siwo mesɔ kura o hã la, Paulo ƒo nu na wo bubutɔe. (Dɔwɔwɔwo 26:2, 25) Míesrɔ̃a Paulo ƒe kpɔɖeŋua, eɖanye dukplɔla aɖe loo alo kpovitɔ aɖe ŋkumee míele o. Sɔhɛ Kristotɔ siwo le suku dem hã dzea agbagba dea bubu nufialawo, sukudzikpɔlawo, kple ame siwo wɔa dɔ le sukukpowo dzi la ŋu. Menye ame siwo metsia tsitre ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu o la ŋu koe míedea bubui o; míedea bubu ame siwo léa fu Yehowa Ðasefowo gɔ̃ hã ŋu. Le nyateƒe me la, ele be ame siwo katã menye míaƒe haxɔsetɔwo o nate ŋu ade dzesii be míedea bubu ame ŋu.—Xlẽ Romatɔwo 12:17, 18; 1 Petro 3:15.

20, 21. Viɖe siwo dona tso eme ne míede bubu si sɔ ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?

20 Mele be bubudede ame ŋu nanye nu sesẽ na mí o. Apostolo Petro gblɔ be: “Mibu amewo katã ƒomevi.” (1 Petro 2:17) Ne amewo kpɔe dze sii be míedea bubu yewo ŋu vavã la, ewɔa dɔ ɖe wo dzi vevie. Ðo ŋku edzi be amebubu megale mo na egbeviwo o. Eya ta bubudede amewo ŋu anye mɔ aɖe si dzi míato aɖee afia be míewɔna ɖe Yesu ƒe sedede sia dzi be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume, ale be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo.”—Mateo 5:16.

21 Le xexe doblukɔ sia me la, dzinyuitɔ geɖewo le tetem va gbɔgbɔmekekelia gbɔ. Eya ta ne míedea bubu ŋusẽ ŋu le ƒomea me, le hamea me, kple dukɔa me la, awɔ dɔ ɖe ame aɖewo dzi ahaʋã wo woava wɔ ɖeka kpli mí míazɔ le kekelia me. Aleke wòahanyoe nye esi! Gake ne meva eme alea o hã la, kakaɖedzi le nu ɖeka ya ŋu. Eyae nye be ne míedea bubu amewo ŋu la, edzea Yehowa Mawu ŋu, eye wònana míeyia edzi nɔa eƒe lɔlɔ̃ la me. Ðe teƒeɖoɖo aɖe gali si nyo wu esia?

a Wodzro mɔ siwo nu nyɔnuwo awɔ ɖe gɔmeɖose sia dzi le la dometɔ aɖewo me le Megbenya si nye ”Ɣekaɣie Nyɔnu Atsyɔ Nu Ta, Eye Nu Ka Tae?”

“SE AÐAŊUÐOÐO, EYE NÀXƆ AMEHEHE”

Satana ƒe gbɔgbɔ—eƒe aglãdzedze kple dzrehehe ƒe nɔnɔme—xɔ aƒe ɖe egbexexea me. Ðeko wòsɔ ta be Biblia yɔ Satana be “yameŋusẽ ƒe fia,” eye wògblɔ be esia me tsonue nye “gbɔgbɔ si le dɔ wɔm le vi sẽtowo me fifia.” (Efesotɔwo 2:2) Ame geɖe megadina be yewoanɔ ame aɖeke te egbea o. Nublanuitɔe la, ɖokuisinɔnɔ ƒe gbɔgbɔ sia va ge ɖe Kristo hamea me tɔ aɖewo gɔ̃ hã me. Le kpɔɖeŋu me, hamemetsitsi aɖe ate ŋu aɖo aɖaŋu tso afɔku siwo le modzakaɖeɖe siwo me agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔ le la ŋu dɔmenyotɔe, gake ame aɖewo agbe eƒe aɖaŋuɖoɖoa, alo ado dziku ɖe eta kura gɔ̃ hã. Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ ɖe nya siwo le Lododowo 19:20 la dzi, si gblɔ be: “Se aɖaŋuɖoɖo, eye nàxɔ amehehe, Ne nàdze nunya le etsɔ si gbɔna me.”

Nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia? Bu susu etɔ̃ aɖewo siwo tae amewo gbea aɖaŋuɖoɖo kple ɖɔɖɔɖo xɔxɔ zi geɖe la ŋu kpɔ, eye nàde dzesi nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso esia ŋu.

  • “Nyemekpɔe be aɖaŋu si wòɖo nam la sɔ o.” Míate ŋu ase le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi be aɖaŋu aɖe si woɖo na mí la mesɔ o, alo be ame si le aɖaŋua ɖom lae mese nyawo gɔme nyuie o. Ate ŋu awɔ na mí enumake gɔ̃ hã be aɖaŋuɖoɖoa mele vevie o. (Hebritɔwo 12:5) Esi mí katã míede blibo o ta la, ɖe mate ŋu anɔ eme be mía ŋutɔwoe wòle be míawɔ tɔtrɔ le míaƒe nuŋububu ŋu oa? (Lododowo 19:3) Ðe susu nyui aɖe ya teti meli si ta wòsɔ be woaɖo aɖaŋua na mí oa? Ke ema dzie wòle be míaƒe susu nanɔ. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Và amehehe goŋgoŋ; mègana wòado le asiwò me o. Lé eme ɖe asi, elabena eyae nye wò agbe.”—Lododowo 4:13.

  • “Ale si wòɖo aɖaŋua medzɔ dzi nam o.” Enye nyateƒe be Mawu ƒe Nya la fia mɔ nyuitɔ si nu wòle be woaɖo aɖaŋu le ya. (Galatiatɔwo 6:1) Gake egblɔ hã be: “Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye womete ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.” (Romatɔwo 3:23) Ne míedi aɖaŋuɖoɖo si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, ke ame deblibo gbɔ ko míakpɔe le, evɔ ame aɖeke mede blibo o. (Yakobo 3:2) Esi wònye ame madeblibowo dzie Yehowa tona ɖoa aɖaŋu na mí ta la, nunya anɔ eme be míaƒo asa na vodadadidi le ale si woɖo aɖaŋua na míi ŋu. Wò susu nenɔ aɖaŋuɖoɖoa ŋutɔ boŋ dzi, eye nàdo gbe ɖa ade ŋugble le ale si nàtsɔe awɔ dɔe ŋu.

  • “Menye eyae aɖo aɖaŋu nam o!” Ne gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo le aɖaŋuɖolaa ŋutɔ ŋu na wòwɔ na mí be viɖe mele eƒe aɖaŋuɖoɖoa ŋu o la, ke ele be míaɖo ŋku nya siwo míegblɔ do ŋgɔ la dzi. Nenema kee ne míesusui be míaƒe ƒexɔxɔ, nuteƒekpɔkpɔ, alo hamea me agbanɔamedziwo wɔe be míegbɔ aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ ŋu la, ke ele be míawɔ tɔtrɔ le míaƒe nuŋububu ŋu. Agbanɔamedzi gã aɖewoe nɔ fiawo si le blema Israel, gake ele na wo be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo tso nyagblɔɖilawo, nunɔlawo, kple ame bubu siwo nye wo teviwo gbɔ. (2 Samuel 12:1-13; 2 Kronika 26:16-20) Egbea la, Yehowa ƒe habɔbɔa ɖoa ame madeblibowo be woaɖo aɖaŋu na wo nɔviwo, eye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me la lɔ̃na faa xɔa aɖaŋuɖoɖo siawo. Ne agbanɔamedzi geɖe le mía si le hamea me, alo nuteƒekpɔkpɔ su mía si wu ame bubuwo la, ke egahiã vevie wu be míalɔ̃ faa axɔ aɖaŋuɖoɖo atsɔ aɖee afia be míeɖoa kpɔɖeŋu nyui le dadasɔ kple ɖokuibɔbɔ gome.—1 Timoteo 3:2, 3; Tito 3:2.

Eme kɔ ƒãa be mía dometɔ aɖeke megbɔ aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ ŋu o. Eya ta mina míaɖoe kplikpaa be míalɔ̃ faa woaɖo aɖaŋu na mí, míawɔ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe, eye míada akpe na Yehowa tso dzi me ɖe nunana nyui sia si kpɔa míaƒe agbe ta la ta. Nyateƒee, aɖaŋu siwo woɖona na mí la nye kpeɖodzi be Yehowa lɔ̃ mí, eye míedi be míawɔ wo dzi ne míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa.—Hebritɔwo 12:6-11.

“MIÐO TO AME SIWO LE ŊGƆ XƆM”

Hakplɔɖoɖowo wɔwɔ va hiã kpata le blema Israel. Mose ɖeka magate ŋu akpɔ ame miliɔn geɖe siwo nɔ mɔ zɔm le gbedadaƒo, afi si afɔku geɖe le, la dzi o. Nu kae wòwɔ? “Mose tia ŋutsu zazɛ̃wo le Israel-viwo katã dome, eye wòɖo wo dukɔ la ƒe tatɔwoe, ame aɖewo ɖe ame akpe nu, ame aɖewo ɖe ame alafa nu, bubuwo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye ame aɖewo hã ɖe ame ewo nu.”—2 Mose 18:25.

Hakplɔɖoɖo sia wɔwɔ gahiã le Kristo hamea hã me egbea. Susu sia tae woɖo dzikpɔla na gbeadziƒuƒoƒo ɖe sia ɖe, hamemetsitsiwo na hame ɖe sia ɖe, nutome sue dzikpɔla na nutome sue ɖe sia ɖe, kple Dukɔ Dzikpɔkɔmiti alo Alɔdzekɔmiti na dukɔ ɖe sia ɖe. Hakplɔɖoɖo sia wɔnɛ be alẽkplɔla ɖe sia ɖe te ŋu léa ŋku ɖe Yehowa ƒe alẽ siwo le eƒe kpɔkplɔ te la ŋu nyuie. Alẽkplɔla siawo abu akɔnta na Yehowa kple Kristo.—Dɔwɔwɔwo 20:28.

Hakplɔɖoɖo sia na wòhiã be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabɔbɔ eɖokui ahaɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm. Míadi gbeɖe be míaɖe nɔnɔme si nɔ Diotrefo si la afia o, elabena mede bubu ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm le eƒe ɣeyiɣia me ŋu o. (3 Yohanes 9, 10) Míadi boŋ be míawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui na wo, elabena wole mia ŋu dzɔm, abe ame siwo ana akɔnta ene, ne woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple hũɖeɖe o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu.” (Hebritɔwo 13:17) Ame aɖewo ɖoa to ne mɔfiame si tso ŋgɔxɔlawo gbɔ la dzɔ dzi na wo, gake wogbea toɖoɖo ne mɔfiamea medzɔ dzi na wo o alo womese susu si ta wona mɔfiamea ɖo la gɔme o. Ðo ŋku edzi be ɖokuibɔbɔ bia be míaɖo to ne nu si wobia tso mía si la medzɔ dzi na mí o gɔ̃ hã. Eya ta anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Ðe meɖoa to ame siwo le ŋgɔ xɔm hebɔbɔa ɖokuinye ɖe wo tea?’

Ele eme baa be Mawu ƒe Nya la megblɔ ɖoɖo siwo katã hiã bene nuwo nazɔ le hamea me nyuie la tsitotsito o. Gake egblɔ be: “Mina nuwo katã nayi edzi nyuie ɖe ɖoɖo nu.” (1 Korintotɔwo 14:40) Dɔdzikpɔha la wɔna ɖe mɔfiame sia dzi hewɔa ɖoɖo vovovo siwo hiã bene nuwo nazɔ nyuie le hamea me ale si dze. Kristotɔ siwo woɖo agbanɔamedzinɔƒewo zɔna ɖe ɖoɖo siawo dzi hetoa esia dzi ɖoa kpɔɖeŋu nyui le toɖoɖo gome. Wotoa esia dzi ɖenɛ fiana hã be ‘yewosea nu gɔme helɔ̃na faa ɖoa to’ ame siwo te yewole. (Yakobo 3:17) Esiae wɔe be haxɔsetɔ siwo wɔ ɖeka hewɔa nu le ɖoɖo nyui nu ye le gbeadziƒuƒoƒo ɖe sia ɖe, hame ɖe sia ɖe, nutome sue ɖe sia ɖe, kple dukɔ ɖe sia ɖe me, eye esia ƒoa nu nyui tso Mawu dzidzɔtɔ si subɔm míele la ŋu.—1 Korintotɔwo 14:33; 1 Timoteo 1:11.

Azɔ hã, Paulo ƒe nya siwo le Hebritɔwo 13:17 la ɖe nu si tae tomaɖomaɖo menyo o me. Ate ŋu ana ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo nawɔ woƒe dɔa “kple hũɖeɖe.” Dɔ sia si nye subɔsubɔ kɔkɔe ƒe mɔnukpɔkpɔ la ate ŋu ava zu agba na nɔvi aɖe ne alẽawo dometɔ aɖe gbe toɖoɖo hedze aglã. Ne edzɔ alea la, agblẽ nu “le mia ŋu,” si fia be agblẽ nu le hame bliboa ŋu. Afɔku bubu aɖe hã dona tso eme ne ame aɖe gbe eɖokui bɔbɔ ɖe teokrasi ɖoɖowo te. Ne dada na ame aɖe gbe be yemabɔbɔ ye ɖokui o la, esia gblẽa woa kple Fofoa si le dziƒo la dome ƒomedodoa me. (Psalmo 138:6) Eya ta mina mí katã míaɖoe kplikpaa be míayi edzi anye toɖolawo kple ɖokuibɔbɔlawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe