INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lv axa 215-axa 218 mm. 1
  • Ʋumenu Suesuewo Kple Amekomɔnuwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ʋumenu Suesuewo Kple Amekomɔnuwo
  • “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Kae Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Na Mawu Gbagbe La Nafia Mɔ Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
“Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
lv axa 215-axa 218 mm. 1

MEGBENYAWO

Ʋumenu Suesuewo Kple Amekomɔnuwo

Ʋumenu Suesuewo. Woɖea ʋumenu suesuewo tso ʋumenu vevi ene siwo gbɔna me: ʋumenugbagbevi dzĩwo (red cells [globules rouges]), ʋumenugbagbevi ɣiwo (white cells [globules blancs]), ʋumenugbagbevi gbabɛwo (platelets [plaquettes]), kple ʋutsi (plasma). Le kpɔɖeŋu me, amenyinu tɔxɛ aɖe (hemoglobin) le ʋumenugbagbevi dzĩwo me. Wozãa atike siwo wotsɔ amenyinu sia, si woɖena tso amegbetɔ ƒe ʋu loo alo lãwo ƒe ʋu me, wɔ la daa dɔ na ame siwo ƒe ʋu ɖiɖi ŋutɔ alo ame siwo ŋu ʋu ɖuɖu le sɔ gbɔ.

Nu siwo wokpɔna le ʋutsi—si ƒe akpa 90 le alafa me nye tsi ɖeɖe sɔŋ—me la dometɔ aɖewoe nye lãmetsiŋusẽ, dze ƒomeviwo, nu siwo doa tsɔtsɔe lãmetsiwo ƒe dɔwɔwɔ, kple amenyinuwo abe ŋutilãtuɖonuwo kple sukli ene. Azɔ hã, nu siwo nana ʋu blana, ʋumenu siwo wua dɔlékuiwo, kple ʋumenunyiamewo abe albumin ene, hã le ʋutsi me. Ne ɖɔktawo di be yewoakpɔ ame aɖe ta be wòagaxɔ dɔléle aɖe o la, wote ŋu doa atike si wua dɔlékuiwo ƒe abui nɛ. Abui sia ate ŋu anye ʋumenu si woɖe tso ame siwo ƒe ŋutilã wɔ avu kple dɔlékui ma xoxo la ƒe ʋutsi me. Woate ŋu aɖe interferon kple interleukin, siwo wotsɔ daa kansa kple dɔxɔleameŋu aɖewo la tso ʋumenugbagbevi ɣiwo me.

Ðe wòle be Kristotɔwo naxɔ atike siwo me ʋumenu suesue siawo lea? Biblia meƒo nu tso nu siawo ŋu tsitotsito o, eya ta esi wònye be míabu akɔnta na Mawu ta la, ele be ame sia ame nanɔ te ɖe eya ŋutɔ ƒe dzitsinya dzi atso nya me. Ame aɖewo agbe ʋumenu suesuewo katã xɔxɔ, elabena wose le wo ɖokui me be Mawu ƒe Se si wòde na Israel bia be ne woɖe nu gbagbe aɖe ƒe ʋu la, ele be ‘woakɔe ɖe anyigba.’ (5 Mose 12:22-24) Ame bubuwo hã malɔ̃ axɔ ʋu alo ʋumenu vevi eneawo o, gake woalɔ̃ axɔ atike siwo me ʋumenu suesue bubuawo le. Woase le wo ɖokui me be ʋumenu suesue bubu siwo woɖe tso ʋumenu veviawo me la megale tsitre ɖi na nu gbagbe si ƒe ʋu me woɖe nunyiame mawo tsoe la ƒe agbe o.

Ne èle nyametsotso wɔm le ʋumenu suesuewo ŋu la, bu biabia siwo gbɔna ŋu: Ðe menya be ne metiae be megbe ʋumenu suesuewo katã la, efia be megbe be woagazã atike aɖewo nam o, abe esiwo wodona na ame be wòawɔ avu kple dɔlékui aɖewo, alo esiwo nana ʋua blana bene ʋu si le ɖuɖum le ame ŋu nu natso ene la hãa? Ðe mate ŋu aɖe nu si tae melɔ̃ alo nyemelɔ̃ be woazã ʋumenu suesue aɖewo nam o la me na atikewɔlaa?

Amekomɔnuwo. Mɔnu siawo dometɔ aɖewoe nye hemodilution kple cell salvage. Esi woyɔna be hemodilution bia be woana ame ŋutɔ ƒe ʋu ƒe ɖe nasi ayi mɔ̃ aɖe me, woado atike bubu na amea be wòatsaka kple ʋu si susɔ ɖe lãme nɛ bene wòasɔ gbɔ ɖe edzi, eye emegbe woana ʋu si le mɔ̃a me nagasi ayi lãme na dɔnɔa. Cell salvage bia be woana ʋu si anye ne aɖuɖu le amekoɣi hafi la nato mɔ̃ aɖe me, woaɖe ɖinuwo le eme, eye woana wòagatrɔ ayi amea ƒe lãme. Esi ale si tututu ɖɔkta ɖe sia ɖe wɔa mɔnu siawo ŋu dɔe te ŋu toa vovo ta la, ele be Kristotɔ nabia eƒe ɖɔkta anya nu si tututu wòɖo be yeawɔ.

Ne èle nyametsotso wɔm le amekomɔnu siawo ŋu la, bia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò: ‘Ne woana be nye ʋu nasi ato mɔ̃ aɖe me, eye woana wòatɔ te sisi ɣeyiɣi kpui aɖe kura gɔ̃ hã, hafi atrɔ va nye lãme la, ɖe nye dzitsinya aɖe mɔ nam be mabu ʋu sia be egakpɔtɔ nye nye ŋutilã ƒe akpa aɖe, si fia be mahiã be woatsɔe ‘akɔ ɖe anyigba’ oa? (5 Mose 12:23, 24) Ne woazã atikewɔmɔnu si abia be woana nye ŋutɔ nye ʋu nato mɔ̃ aɖe me, woatsɔ nanewo atsakae, eye wòagbugbɔ ava nye lãme la, ɖe nye dzitsinya si metsɔ Biblia mlae la aɖe fu nama? Ðe menya be ne metiae be megbe atikewɔwɔmɔnu siwo me woazã nye ŋutɔ nye ʋu le la katã la, efia be megbe be woagaɖe nye ʋu ado kpɔ o, woagazã mɔnu si nye ɖinuwo ɖeɖe le ʋu me na ame siwo ƒe lãmenuwo mele dɔ wɔm nyuie o (hemodialysis), alo ame ƒe dzi alo dzitodzito koko, si me wotrɔa mɔ na ʋua le amekoɣi la hã nam oa?’

Nyaɖoɖo si le axa 216

Ale si woawɔ ame ƒe ʋu ŋu dɔ le amekomɔnuwo me la nye nu si ŋu Kristotɔ ŋutɔ atso nya me le. Nenema kee wòle le ʋudodokpɔ kple dɔdamɔnu yeye siwo me woɖea ame ŋutɔ ƒe ʋu sue aɖe, ɖewohĩ atsɔ nanewo atsakae, agadoe na amea ŋu.

NYA SIWO NÀTE ŊU ABIA ÐƆKTA

Ne woako wò, alo anɔ eme be woazã atike siwo me ʋumenu suesuewo le atsɔ ada dɔ na wò la, kpɔ egbɔ be Ameteƒenɔla Ƒe Ŋusẽ Si Nɔa Anyi Ðaa (DPA) gbalẽvia, alo segbalẽ bubu ɖe sia ɖe si akpɔ tawò be woagado ʋu na wò o, si nèkpe ɖo nyuie la le ŋuwò. Hekpe ɖe eŋu la, àte ŋu abia nya siwo gbɔna la wò ɖɔkta:

  • Ðe kɔdzidɔwɔla siwo akpɔ gbɔnye la katã nya be esi menye Yehowa Ðasefo ta la, nyemedi be woado ʋu (ʋu ŋutɔŋutɔ, ʋumenugbagbevi dzĩwo, ʋumenugbagbevi ɣiwo, ʋumenugbagbevi gbabɛwo, alo ʋutsi) aɖeke nam o, eɖanye nɔnɔme ka ke mee mele oa?

  • Ne woazã atike si me ʋumenu suesuewo le la, nu kawo tututue wotsɔ wɔ atikea? Atike sia ƒe agbɔsɔsɔme kae woanam, eye to mɔ ka nu?

    Ne woazã atike si me ʋumenu suesuewo le la, nu kawo tututue wotsɔ wɔ atikea? Atike sia ƒe agbɔsɔsɔme kae woanam, eye to mɔ ka nu?

  • Ne nye dzitsinya ɖe mɔ nam be woawɔ atike si me ʋumenu suesue aɖewo le nam la, nu kawoe atikea ate ŋu agblẽ le ŋunye emegbe? Dɔdamɔnu bubu kawoe li woagate ŋu azã nam?

Hafi nàtso nya me le nya siawo ŋu la, anyo be nàtsɔe ade gbedodoɖa me na Yehowa. Edo ŋugbe be yeana nunya si hiã la ame siwo katã ‘yia edzi bianɛ’ le xɔse me.—Yakobo 1:5, 6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe