INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • yp2 ta 37
  • Ðe wòle be maxɔ nyɔnyrɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe wòle be maxɔ nyɔnyrɔa?
  • Nya Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖo Vavãwo, Babla 2
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Enye Afɔɖeɖe Si Ahe Tɔtrɔ Nyuiwo Ava Wò Agbe Me
  • Nyɔnyrɔxɔxɔ Ana Nàkpɔ Yayra Geɖe!
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Kristotɔzuzu Bia Be Ame Naxɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Sodom Kple Gomora Ƒe Tsɔtsrɔ̃ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Akpa si Nyɔnyrɔxɔxɔ Wɔna le Mia Kple Mawu Dome Ƒomedodo Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Nya Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖo Vavãwo, Babla 2
yp2 ta 37

TA 37

Ðe Wòle Be Maxɔ Nyɔnyrɔa?

De dzesi nya siawo ne nyateƒee alo aʋatsoe:

Wodi tso Kristotɔwo si be woaxɔ nyɔnyrɔ.

□ Nyateƒee

□ Aʋatsoe

Susu si koŋ ta wòle be nàxɔ nyɔnyrɔe nye be, akpɔ tawò be nàgawɔ nu vɔ̃ o.

□ Nyateƒee

□ Aʋatsoe

Nyɔnyrɔxɔxɔ aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wò be nàkpɔ ɖeɖe.

□ Nyateƒee

□ Aʋatsoe

Ne mèxɔ nyɔnyrɔ o la, ekema Mawu mabia wò nuwɔnawo ŋuti kɔnta tso asiwò o.

□ Nyateƒee

□ Aʋatsoe

Ne xɔ̃wòwo le nyɔnyrɔ xɔm ko la, efia be wò hã èle klalo axɔ nyɔnyrɔ.

□ Nyateƒee

□ Aʋatsoe

NE ÈLE agbe nɔm ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu, mia kplii dome va le kplikplikpli, eye nèƒoa nu tso wò xɔse ŋu na amewo la, ke esɔ be nèle nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu bum. Gake aleke nàwɔ anya ne èle klalo aɖe afɔ sia? Be nàte ŋu aɖo biabia ma ŋua, na míadzro nya siwo ŋu nèɖo be nyateƒee alo aʋatsoe va yi la me.

● Wodi tso Kristotɔwo si be woaxɔ nyɔnyrɔ.

Nyateƒee. Yesu de se be yeƒe nusrɔ̃lawo naxɔ nyɔnyrɔ. (Mateo 28:19, 20) Nya lae nye be Yesu ŋutɔ hã lɔ̃ faa wonyrɔe. Eya ta ne èdi be yeadze Kristo yomea, ele be nàxɔ nyɔnyrɔ ne ènya tsi ate ŋu atso nya me, eye didi vevie le mewò be yeaxɔ nyɔnyrɔ ko.

● Susu si koŋ ta wòle be nàxɔ nyɔnyrɔe nye be, akpɔ tawò be nàgawɔ nu vɔ̃ o.

Aʋatsoe. Nyɔnyrɔxɔxɔ nye ale si nàɖee afia le dutoƒo be yetsɔ ye ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa. Nyɔnyrɔxɔxɔ mele abe nubabla si me woaxe mɔ ɖe nanewo nu na wò, gake nànɔ wo wɔm le adzame ya ene o. Ke boŋ esi wò ŋutɔ nèdi be yeanɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu tae wòle be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe nɛ ɖo.

● Nyɔnyrɔxɔxɔ aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wò be nàkpɔ ɖeɖe.

Nyateƒee. Biblia gblɔ be nyɔnyrɔxɔxɔ le vevie ŋutɔ hafi ame nakpɔ ɖeɖe. (1 Petro 3:21) Gake esia mefia be nyɔnyrɔxɔxɔ le abe nugblẽfexeɖoɖo aɖe si nàwɔ ahanɔ mɔ kpɔm be ne afɔku aɖe va dzɔ ɖe ye dzi la, woaɖo eteƒe na ye ene o. Ke boŋ esi nèlɔ̃ Yehowa, eye nèdi be yeasubɔe tso dzi blibo me yi mavɔmavɔ me tae nàdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ ɖo.—Marko 12:29, 30.

● Ne mèxɔ nyɔnyrɔ o la, ekema Mawu mabia wò nuwɔnawo ŋuti kɔnta tso asiwò o.

Aʋatsoe. Yakobo 4:17 gblɔ be: “Ame si nya nu nyui gake mewɔe o la, enye nu vɔ̃ nɛ”—eɖaxɔ nyɔnyrɔ alo meɖaxɔ nyɔnyrɔ o. Eya ta ne ènya nu si nyo, eye ètsi ate ŋu atso nya me le nu si nàtsɔ wò agbe awɔ ŋua, ekema ɖewohĩ ɣeyiɣia de be nàdzro nya sia me kple dziwòlawo alo Kristotɔ tsitsi aɖe. Esia akpe ɖe ŋuwò nànya nu siwo nàwɔ ale be nàdze axɔ nyɔnyrɔ.

Ne xɔ̃wòwo le nyɔnyrɔ xɔm ko la, efia be wò hã èle klalo axɔ nyɔnyrɔ.

Aʋatsoe. Ame ŋutɔe ɖonɛ tso eƒe dzi me faa be yeaxɔ nyɔnyrɔ. (Psalmo 110:3) Ne èse nu si wòfia be ame nazu Yehowa Ðasefo gɔme nyuie, eye nèka ɖe edzi be yele klalo be yeawɔ nu si ema bia tso ye si ko hafi wòle be nàxɔ nyɔnyrɔ.—Nyagblɔla 5:4, 5.

Enye Afɔɖeɖe Si Ahe Tɔtrɔ Nyuiwo Ava Wò Agbe Me

Nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔɖeɖe si ana nàkpɔ yayra geɖe le agbe me. Ke hã, edaa agba vevi aɖe hã ɖe ame dzi: eyae nye be nànɔ agbe abe ale si tututu nèɖe adzɔgbe na Yehowa ene.

Ðe nèsu te na nu sia wɔwɔa? Ne nenemaea, ke dzi nedzɔ wò, elabena mɔnukpɔkpɔ gãtɔe nye ema gbɔna asiwò su ge, be nàsubɔ Yehowa tso dzi blibo me ahanɔ agbe wòaɖee afia be ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na eya amea nyateƒe.—Mateo 22:36, 37.

LE TA SI KPLƆE ÐO ME

Srɔ̃ ale si nàwɔ aɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò, ale be nàzã wò agbe le mɔ nyuitɔ nu.

MAWUNYAKPUKPUI VEVI

“Miatsɔ miaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, wòanye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubuŋutete le.”—Romatɔwo 12:1.

KPEKPEÐEŊU

Na dziwòlawo nana kpekpeɖeŋu ŋu wò nàdi nɔvi aɖe le hamea me si ate ŋu akpe ɖe ŋu wò nàwɔ ŋgɔyiyi axɔ nyɔnyrɔ.—Dɔwɔwɔwo 16:1-3.

ÈNYAA . . .

Nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔɖeɖe vevi aɖe si ade “dzesi” wò na ɖeɖekpɔkpɔ.—Ezekiel 9:4-6.

NU SIWO MAWƆ!

Hafi mawɔ ŋgɔyiyi axɔ nyɔnyrɔ la, ele be madze agbagba ase Biblia ƒe nufifia siwo gbɔna gɔme ɖe edzi nyui wu: ․․․․․

Nya siwo madi be mabia dzinyela(wo) tso nyati sia ŋu ye nye ․․․․․

NU KAE NÈSUSU?

● Nu ka tae nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔɖeɖe vevi aɖe?

● Nu kae ate ŋu awɔe be sɔhɛvi aɖe nadi be yeaxɔ nyɔnyrɔ kaba?

● Susu kawo tae sɔhɛ aɖe anɔ adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe madzemadzee?

[Nya si ɖe dzesi]

Esi menya be mexɔ nyɔnyrɔ taa, esia kpe ɖe ŋunye mebua nuwo ŋu nyuie, ale be nyemaɖe afɔ aɖeke, si ava gblẽ nu le ŋunye o.’’​—Holly

[Aɖaka/Nɔnɔmetata

Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Nyɔnyrɔxɔxɔ Ŋu

Nu kae nyɔnyrɔxɔxɔ fia? Ne wonyrɔ wò nèbu ɖe tsia me la, efia be èku le wò agbenɔnɔ tsãtɔ gome alo nèɖe asi le eŋu. Ne wofɔ wò tso tsia me la, efia be èdze Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ƒe agbenɔnɔ yeye aɖe gɔme.

Nu kae wòfia be nàtsɔ wò agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa? Efia be nàdo ŋugbe na Mawu be yemaganɔ agbe na ye ɖokui azɔ̃ o, ke boŋ yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me. (Mateo 16:24) Esɔ be nàdo gbe ɖa na Yehowa aɖe adzɔgbe nɛ ɣeyiɣi aɖe megbe hafi axɔ nyɔnyrɔ.

Nu kae wòle be nàtsɔ wò agbe anɔ wɔwɔm do ŋgɔ na wò nyɔnyrɔxɔxɔ? Ele be nànɔ agbe nɔm ɖe Mawu ƒe Nya la nu eye nànɔ nu ƒom tso wò dzixɔsewo ŋu na ame bubuwo. Yi edzi nànɔ Biblia srɔ̃m eye nànɔ gbe dom ɖa edziedzi be xɔlɔ̃wɔwɔ si le wò kple Mawu dome la nànɔ sesẽm ɖe edzi. Subɔ Yehowa le esi wò ŋutɔ netiae ta, ke menye esi ame bubuwo le ezim ɖe dziwò ta o.

Ðe wòle be ame natsi axɔ ƒe aɖe hafi axɔ nyɔnyrɔa? Nyɔnyrɔxɔxɔ meka ƒe si ame xɔ o. Ke hã, ele be ame natsi ase nu si tututu adzɔgbeɖeɖe fia la gɔme.

Ke ne èdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ gake dziwòlawo gblɔ nà wò be nàlala ya ɖe? Ðewohĩ wodi be nàgase ale si wòle be Kristotɔ nanɔ agbee gɔme ɖe edzi nyuie. Ðo to woƒe aɖaŋuɖoɖoa, eye nàza ɣeyiɣi si netsɔ le lalam la atsɔ ana wò kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔa nanɔ sesẽm ɖe edzi.—1 Samuel 2:26.

[Aɖaka]

Dɔwɔgbalẽvi

Ðe Nèle Nyɔnyrɔxɔxɔ Ŋu Buma?

Zã nyabiase kple nya siwo gbɔna la nàtsɔ akpɔe ɖa be èle afɔɖeɖe siwo ana nàdze na nyɔnyrɔxɔxɔ la gbɔ ɖom hã. Dze agbagba nàxle mawunyakpukpui siwo woyɔ hafi nàɖo biabiawo ŋu.

Aleke nèle eɖem fia fifia be yeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu?​—Psalmo 71:5. ․․․․․

Aleke nèɖee fia be yena hehe yeƒe nugɔmeseseŋutetewo be woade vovo nyui kple vɔ̃ dome​—Hebritɔwo 5:14. ․․․․․

Ðe nèdoa gbe ɖa edziedzia? ․․․․․

Alekee wò gbedodoɖa ƒe nyonyome le, eye aleke esia ɖo kpe lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa dzi?​—Psalmo 17:6

Ŋlɔ taɖodzinu siwo gbɔ nèdi be yeaɖo ku ɖe wò gbedodoɖawo ŋu la ɖi.

Ðe nèsrɔ̃a Biblia le ɖokuiwò si edziedzia?​—Yosua 1:8.

Nu kawo mee nèdzrona ne èle nu srɔ̃m le ɖokuiwò si? ․․․․․

Ŋlɔ taɖodzinu siwo gbɔ nèdi be yeaɖo le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ me la ɖi. ․․․․․

Ðe wò subɔsubɔdɔa le nyonyom ɖe edzia? (Le kpɔɖeŋu me: Ðe nàte ŋu aɖe Biblia me nufiafia veviwo me na amewoa? Ðe nètrɔna yia ame siwo tsɔ ɖe le gbedeasia me gbɔa? Ðe nèle agbagba dzem be yeadze Biblia nusɔsrɔ̃ aɖe gɔmea?)

□ Ɛ̃ □ Ao

Ðe nèyia gbeadzi ne dziwòlawo mayi o gɔ̃ hã?​—Dɔwɔwɔwo 5:42.

□ Ɛ̃ □ Ao

Ŋlɔ taɖodzinu siwo gbɔ nèdi be yeaɖo le wò gbeadzisubɔsubɔdɔa me la ɖi.​—2 Timoteo 2:15. ․․․․․

Ðe nèdea kpekpeawo edziedzia alo nèdanɛ ƒuna ɣeaɖewoɣi?​Hebritɔwo 10:25. ․․․․․

Aleke wò nyaŋuɖoɖowo le le kpekpeawo me? ․․․․․

Ðe nèdea kpekpeawo ne dziwòlawo mate ŋu ayi o evɔ woɖe mɔ na wò be nàyia?

□ Ɛ̃ □ Ao

Ðe nàte ŋu agblɔ be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nye yeƒe dzidzɔa?​—Psalmo 40:8.

□ Ɛ̃ □ Ao

Ŋlɔ nɔnɔme aɖe siwo me nète ŋu nɔ te ɖe hawòtiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nua ɖi?​—Romatɔwo 12:2. ․․․․․

Nu kae nèdi be yeawɔ atsɔ ana lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa la nu nanɔ sesẽm ɖe edzi?​—Yuda 20, 21. ․․․․․

Ðe nàyi edzi asubɔ Yehowa ne dziwòlawo kple xɔ̃wòwo dzudzɔ esubɔsubɔ gɔ̃ hã?​—Mateo 10:36, 37.

□ Ɛ̃ □ Ao

[Nɔnɔmetata]

Nyɔnyrɔxɔxɔ le abe srɔ̃ɖeɖe ene, ehea tɔtrɔwo vaa ame ƒe agbe me; eya ta mele be woabui fefenui o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe