INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • bt ta 19 axa 148-155
  • “Yi Edzi Nànɔ Nya La Gblɔm, Eye Ðoɖoe Megazi Le Nuwò O”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Yi Edzi Nànɔ Nya La Gblɔm, Eye Ðoɖoe Megazi Le Nuwò O”
  • ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Avɔgbadɔwɔlawoe Wonye” (Dɔw. 18:1-4)
  • “Korintotɔ Geɖe . . . Xɔ Edzi Se” (Dɔw. 18:5-8)
  • “Ame Geɖewo Le Du Sia Me Siwo Nye Tɔnyewo” (Dɔw. 18:9-17)
  • “Ne Yehowa Lɔ̃” (Dɔw. 18:18-22)
  • Akwila Kple Priskila—Srɔ̃tɔ Siwo Ðo Kpɔɖeŋu Nyui Wonye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • “Ŋutinye Kɔ Tso Amewo Katã Ƒe Ʋu Me”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Nya Vevi Siwo Tso Dɔwɔwɔwo Ƒe Agbalẽa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Korinto—“Dugã Si Ðo Kpo Ðe Melidzeƒe Eve Dzi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
bt ta 19 axa 148-155

TA 19

“Yi Edzi Nànɔ Nya La Gblɔm, Eye Ðoɖoe Megazi Le Nuwò O”

Togbɔ be Paulo nɔ dɔ wɔm tsɔ nɔ eɖokui dzi kpɔm hã, subɔsubɔdɔa nɔ vevie nɛ wu

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 18:1-22 dzi

1-3. Nu ka tae apostolo Paulo va Korinto, eye kuxi kawoe wòanya do goe?

ƑE 50 K.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒoe apostolo Paulo va Korinto. Du sia nye asitsadu gã aɖe eye Helatɔwo, Romatɔwo kple Yudatɔwo bɔ ɖe eme.a Paulo meva afi sia be yeava tsa asi alo adi dɔwɔɖui o. Susu vevi si ta wòva Korintoe nye be yeaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea. Ele be Paulo nakpɔ teƒe aɖe adze, gake medi be yeanye agba na nɔviawo o. Medi be wòadze hã be ele be woakpɔ yeƒe nuhiahiãwo gbɔ le esi yele nya nyuia gblɔm ta o. Nu kae wòawɔ fifia?

2 Paulo nya avɔgbadɔwɔwɔ. Dɔ sia mele bɔbɔe o, gake edi be yeazã ye ŋutɔ yeƒe asiwo atsɔ awɔ dɔ akpɔ yeƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ðe wòakpɔ asisiwo le asitsadu sia mea? Ðe wòakpɔ teƒe aɖe anɔ awɔ dɔ sia? Togbɔ be Paulo anya nɔ esiawo ŋu bum hãa, meŋlɔ dɔ vevitɔ si ta wòva afi ma be o. Eyae nye gbeƒãɖeɖedɔa.

3 Paulo te ŋu nɔ Korinto na ɣeyiɣi aɖe eye eƒe subɔsubɔdɔa ɖe vi geɖe. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nu siwo Paulo wɔ esime wònɔ Korinto la me be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖi ɖase tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu tsitotsito?

KORINTO—DU SI NƆ ƑUDOME

Blema Korinto nɔ ƒudomenyigba lɛ aɖe dzi. Ele Hela kple Pelopones ƒukpo afã si le anyiehe gomea dome. Korinto-nyigba lɛ sia ƒe akpa si mekeke kura oa nye kilometa 6, eya ta tɔdziʋudzeƒe evee nɔ Korinto. Korinto ƒua nue Lekeium tɔdziʋudzeƒea le, eye afi mae tɔdziʋuwo tsona yia Italia, Sicily kple Spain le ɣetoɖoƒe gome. Tɔdziʋuwo tsoa Kenkrea tɔdziʋudzeƒe si le Saronik Ƒukɔmea hã yia Aegea nutowo me, Asia Sue, Siria kple Egipte gagbɔna.

Esi ya sesẽwo ƒona le Pelopones ƒe anyiehe taa, zi geɖea tɔdziʋukulawo tɔa woƒe tɔdziʋuwo ɖe Korinto ƒe tɔdziʋudzeƒeawo dometɔ ɖeka eye wofɔa agbawo toa ƒudomenyigbaa dzi yia tɔdziʋudzeƒe kemɛa. Wotea ŋu hea tɔdziʋu suewo tso ƒudomenyigba lɛa ƒe go ɖeka dzi yia go kemɛ gɔ̃ hã. Teƒe si dua le wɔe be asitsala geɖewo vaa dua me va ƒlea nu alo dzraa nu; ɖewo toa ƒu dzi eye ɖewo hã toa anyigba ƒuƒui dzi. Asitsala siawo he ga geɖe va Korinto dua me ya, gake wona nu gbegblẽ kple nu fitifiti wɔwɔ hã va xɔ aƒe ɖi.

Le apostolo Paulo ƒe ŋkekea mea, Korinto ye nye Akaya nuto si dzi Roma kpɔ ŋusẽ ɖoa ƒe fiadu eye afi mae nutoa ƒe dɔdzikpɔƒe gã le. Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe, fiagãa ƒe gbedoxɔ, trɔ̃xɔwo kple xɔ siwo wotu na Helatɔwo kple Egiptetɔwo ƒe mawu vovovowo le dua me; esia fia be wosubɔa nu vovovowo le afi ma.—Dɔw. 18:4.

To vovo na Olimpik hoʋiʋlia la, kamedefefe siwo wowɔna ƒe eve sia ƒe eve le teƒe si gogo Korintoe gaxɔ ŋkɔ wu. Ðewohĩ apostolo Paulo nɔ Korinto esime kamedefefe siawo nɔ edzi yim le ƒe 51 K.Ŋ. me. Esia tae Biblia ƒe nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be, “menye dzodzroe Paulo he susu yi hoʋiʋli si yia edzi le kamedefefewo me dzi zi gbãtɔ esi woŋlɔ agbalẽ na Korintotɔwo o.”—1 Kor. 9:24-27.

“Avɔgbadɔwɔlawoe Wonye” (Dɔw. 18:1-4)

4, 5. (a) Afi kae Paulo nɔ le Korinto, eye asinudɔ kae wòwɔ? (b) Aleke wòte ŋu dzɔe be Paulo va nye avɔgbadɔwɔla?

4 Esime Paulo nɔ Korintoa, edo go Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Akwila kple srɔ̃a Priskila, siwo wɔa amedzro ŋutɔ. Se si Roma Fiagã Klaudio de be “Yudatɔwo katã nadzo le Roma” ye na atsu kple asi sia ʋu va tsi Korinto. (Dɔw. 18:1, 2) Menye ɖeko Akwila kple Priskila xɔ Paulo ɖe woƒe aƒe me ko evɔ o, wolɔ̃ faa wòwɔ asinudɔ kple wo hã. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi eya [Paulo] kple ame siawo nye dɔ ɖeka ƒomevi wɔlawo ta la, edze woƒe aƒe me, eye wowɔ dɔ ɖekae, elabena avɔgbadɔwɔlawoe wonye.” (Dɔw. 18:3) Atsu kple asi dɔmenyola siawo ƒe aƒe mee Paulo nɔ wɔ subɔsubɔdɔa le Korinto. Anɔ eme be wo gbɔe Paulo nɔ esime wòŋlɔ eƒe lɛta aɖewo, siwo hã va zu Biblia ƒe akpa aɖe.b

5 Aleke wòdzɔe be Paulo si srɔ̃ nu “le Gamaliel ƒe afɔnu” ganye avɔgbadɔwɔla? (Dɔw. 22:3) Togbɔ be Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ƒe viwo dea suku kɔkɔ hãa, menye ŋukpe na wo be yewoafia asinudɔ aɖewo ɖeviawo o. Paulo tso Tarso le Kilikia, afi si avɔ xɔŋkɔ si nye kilikium bɔ ɖo. Esia taa, anɔ eme be esrɔ̃ avɔgbadɔwɔwɔ esime wònye sɔhɛ. Nu kae avɔgbadɔwɔwɔ bia? Ebia be woalɔ̃ agbadɔvɔ titriwo loo, alo atso avɔ titri mawo, atɔ wo akpe hafi atsɔ awɔ agbadɔvɔa. Edze ƒãa be dɔ sia mele bɔbɔe kura o.

6, 7. (a) Aleke Paulo bu eƒe avɔgbadɔwɔwɔae, eye nu kae ɖo kpe edzi be Akwila kple Priskila hã bui nenema? (b) Aleke Kristotɔ siwo li egbea srɔ̃a Paulo, Akwila kple Priskila?

6 Paulo metsɔ avɔgbadɔwɔwɔa wɔ eƒe agbemedɔ vevitɔ o. Ewɔ dɔ sia be yeatsɔ akpɔ yeƒe nuhiahiãwo gbɔ ale be yeate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa faa ‘naneke maxɔmaxɔe.’ (2 Kor. 11:7) Aleke Akwila kple Priskila hã bu woƒe dɔwɔɖuia? Esi wonye Kristotɔwo taa, woawo hã bu dɔwɔɖui sia abe ale si Paulo bui ene. Esime Paulo dzo le Korinto le ƒe 52 K.Ŋ. me yi Efesoa, Akwila kple Priskila hã yi kplii eye woɖe mɔ wowɔ hamea ƒe kpekpewo le woƒe aƒe me le afi ma. (1 Kor. 16:19) Emegbe wotrɔ va Roma, eye wogatrɔ yi Efeso. Srɔ̃tɔ dovevienu siawo tsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ, eye wotsɔ wo ɖokuiwo sa vɔ ɖe ame bubuwo ta. Esia wɔe be “hame siwo katã le dukɔwo me” la kpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu.—Rom. 16:3-5; 2 Tim. 4:19.

7 Kristotɔ siwo li egbea srɔ̃a Paulo, Akwila kple Priskila. Woawo hã wɔa dɔ ale be ‘woagazu agba gã aɖeke’ na nɔviwo o. (1 Tes. 2:9) Ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wɔa dɔ aɖe tsɔ kpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ ale be woate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa, si nye woƒe agbemedɔ vevitɔ. Nɔvi siawo dze na kafukafu. Abe Akwila kple Priskila enea, Yehowa subɔla geɖewo hã xɔa nutome sue dzikpɔlawo be woava dze yewo gbɔ faa. Nɔvi siwo ‘nɔa amedzrowɔwɔ dzi’ alea kpɔa ale si esia dea dzi ƒo eye wòtua ame ɖoe.—Rom. 12:13.

AGBALẼ DEDZIƑONAME SIWO GBƆGBƆ ƲÃ PAULO WÒŊLƆ

Apostolo Paulo nɔ Korinto ɣleti 18, le ƒe 50-52 K.Ŋ. dome lɔƒo. Ɣeyiɣi sia mee wòŋlɔ agbalẽ eve na Tesalonikatɔwo eye agbalẽ siawo va zu Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe. Eŋlɔ agbalẽ na Galatiatɔwo hã le ɣeyiɣi ma ke me alo emegbe kpuie.

Tesalonikatɔwo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ye gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ gbã. Paulo yi Tesalonika le ƒe 50 K.Ŋ. lɔƒo le eƒe gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔ evelia me. Eteƒe medidi o, wote hame yeye si woɖoa yome titi, si wɔe be Paulo kple Sila dzo le dua me. (Dɔw. 17:1-10, 13) Paulo tsi dzi ɖe hame yeyea ŋu ale gbegbe be etee kpɔ zi eve sɔŋ be yeatrɔ ayi wo gbɔ gake “Satana tu afɔ eme.” Eya ta Paulo dɔ Timoteo ɖa be wòafa akɔ na nɔviawo eye wòado ŋusẽ wo. Anɔ eme be Timoteo trɔ va Paulo gbɔ le Korinto le ƒe 50 K.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo eye wògblɔ nya nyui tso Tesalonika hamea ŋu na Paulo. Emegbee wòŋlɔ agbalẽa na wo.—1 Tes. 2:17–3:7.

Ðewohĩ eŋlɔ Tesalonikatɔwo Ƒe Agbalẽ Evelia le ƒe 51 K.Ŋ. lɔƒo esi wòŋlɔ agbalẽ gbãtɔ vɔ megbe kpuie. Le agbalẽ evea siaa mea, Timoteo kple Silvano (si woyɔ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me be Sila) kpakple Paulo siaa do gbe na nɔviawo, gake nuŋlɔɖia megblɔe ne ame eve siawo ganɔ Paulo ŋu esi wòdzo le Korinto o. (Dɔw. 18:5, 18; 1 Tes. 1:1; 2 Tes. 1:1) Nu ka tae Paulo ŋlɔ agbalẽ evelia sia? Anɔ eme be ame si tsɔ lɛta gbãtɔ yi na hamea va gblɔ nya geɖe tso nɔviawo ŋu nɛ. Menye ɖeko nyatakaka sia ʋã Paulo wòkafu nɔviawo ɖe woƒe lɔlɔ̃ kple dzidodo ta ko o, ke boŋ egaʋãe wòɖɔ Tesalonika nɔvi siwo susui vodadatɔe be Aƒetɔ la ƒe anyinɔɣia gogoa ɖo.—2 Tes. 1:3-12; 2:1, 2.

Nya siwo Paulo gblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ na Galatiatɔwo me ɖee fia be eyi wo gbɔ zi eve ya teti hafi va ŋlɔ agbalẽa na wo. Le ƒe 47-48 K.Ŋ. mea, Paulo kple Barnaba yi Antiokia si nɔ Pisidia, Ikonio, Listra kple Derbe, siwo katã le Roma ƒe nuto si nye Galatia me. Le ƒe 49 K.Ŋ. mea, Paulo kple Sila gatrɔ yi nuto siawo me. (Dɔw. 13:1–14:23; 16:1-6) Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na Galatiatɔwo elabe le eƒe dzodzo vɔ megbe tetia, ame siwo lé Yuda subɔsubɔ ƒe nufiafiawo me ɖe asia va nɔ nu fiam be ele vevie be Kristotɔ ɖe sia ɖe natso aʋa eye woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi. Esi Paulo se nya siaa, mehe ɖe megbe kura o. Eŋlɔ agbalẽ na Galatia hamea enumake tso alakpanufiafia sia ŋu. Paulo anya ŋlɔ agbalẽ sia esime wònɔ Korinto, gake ate ŋu anɔ eme hã be eŋlɔe esime wòva tɔ ɖe Efeso vie esi wòtrɔ yina Antiokia si nɔ Siria loo, alo esi wòva ɖo Antiokia dua ŋutɔ me.—Dɔw. 18:18-23.

“Korintotɔ Geɖe . . . Xɔ Edzi Se” (Dɔw. 18:5-8)

8, 9. Aleke Paulo wɔ nui esime Yudatɔwo tsi tre ɖe eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu vevie, eye afi kae wòyi dɔa dzi le?

8 Ale si Paulo bu dɔwɔɖui sia gava dze ƒãa esime Sila kple Timoteo xɔ nunana aɖewo tso Makedonia vɛ. (2 Kor. 11:9) Enumake “Paulo tsɔ nya la gbɔgblɔ ɖo dɔ koŋ.” (Dɔw. 18:5) Togbɔ be Paulo ƒe ŋku va biã ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu vevie alea hãa, Yudatɔwo mexɔe nyuie kura o. Paulo medi be Yudatɔ siwo gbe agbenya si ku ɖe Kristo ŋu sesea ƒe fɔɖiɖi nava ye dzi o. Eya ta eʋuʋu eƒe awuwo eye wògblɔ na Yudatɔ siwo tsi tre ɖe eŋu be: “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔwo miaƒe ta dzi. Nye ya ŋutinye kɔ. Tso esia dzi la, mayi dukɔwo me tɔwo gbɔ.”—Dɔw. 18:6; Eze. 3:18, 19.

9 Afi kae Paulo aɖe gbeƒã le azɔ? Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Titio Yusto, si ƒe aƒe te ɖe ƒuƒoƒea ŋu, ɖe mɔ be Paulo nava wɔ gbeƒãɖeɖedɔa le yeƒe aƒe me. Ðewohĩ Yusto nye ame si trɔ dzi me va zu Yudatɔ, eya ta Paulo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe le ƒuƒoƒea eye wòva yi edzi le Yusto ƒe me. (Dɔw. 18:7) Akwila kple Priskila ƒe aƒe me koŋue Paulo nɔ esime wònɔ Korinto, gake ewɔa eƒe subɔsubɔdɔa le Yusto ƒe aƒe me.

10. Nu kae ɖee fia be Paulo meɖoe be dukɔwo me tɔwo koe yeaɖe gbeƒã na o?

10 Ðe nya si Paulo gblɔ be tso fifia yetrɔ ɖe dukɔwo me tɔwo ŋu fia be magade nu eme na Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me va zu Yudatɔwo o, ne wo dometɔ aɖewo tsɔ ɖe le nyaa me gɔ̃ hã? Kura o. Le kpɔɖeŋu me, “Krispo, si nye ƒuƒoƒea dzi kpɔla kple eƒe aƒe blibo la xɔ Aƒetɔ la dzi se.” Anɔ eme be ƒuƒoƒoa me tɔ akpa gãtɔ wɔ ɖeka kple Krispo, elabe Biblia gblɔ be: “Korintotɔ geɖe siwo see la hã xɔ edzi se, eye wonyrɔ wo.” (Dɔw. 18:8) Titio Yusto ƒe aƒe mee Kristo hame yeye si woɖo le Korinto kpena le. Ne ɖoɖo si nu nuawo dzɔ le nue Luka ŋlɔ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ɖo abe ale si wòlɔ̃a ewɔwɔ zi geɖe enea, ke efia be Paulo ʋuʋu eƒe awuwo vɔ megbe hafi Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo va xɔ Aƒetɔ la dzi se. Ne aleae nyaa lea, ke efia be apostoloa lɔ̃ faa trɔ ɖe gbeƒã na wo dometɔ siwo di be yewoaɖo to.

11. Aleke Yehowa Ðasefo siwo li egbea srɔ̃a Paulo ne wole kpekpem ɖe ame siwo le sɔlemehawo me ŋu?

11 Sɔlemehawo bɔ ɖe dukɔ geɖewo me egbea eye woƒe nufiafiawo kpɔ ŋusẽ ɖe hameviawo dzi ŋutɔ. Le xexea ƒe akpa aɖewoa, sɔlemehawo ƒe mawunyadɔgbedelawo kpe ɖe ame geɖe ŋu wotrɔ dzi me va zu woƒe hameviwo. Gake hamevi siawo galéa wo gbɔ kɔnyinyiwo me ɖe asi abe ale si wònɔ le Yudatɔ siwo nɔ Korinto le ƒe alafa gbãtɔ me gome ene. Togbɔ be ele alea hãa, mí Yehowa Ðasefowo míesrɔ̃a Paulo, eye míedoa vevie nu yia ame siawo gbɔ be míakpe ɖe wo ŋu woava se Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie. Ne ame siawo tsi tsitre ɖe mía ŋu alo woƒe hakplɔlawo ti mía yome hãa, mɔkpɔkpɔ mebuna ɖe mí o. “Dzo le wo me ɖe Mawu ŋu, ke menye le sidzedze vavãtɔ nu o.” Eya ta ne míedo vevie nua, míake ɖe wo dometɔ geɖe siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ŋu akpe ɖe wo ŋu.—Rom. 10:2.

“Ame Geɖewo Le Du Sia Me Siwo Nye Tɔnyewo” (Dɔw. 18:9-17)

12. Kakaɖedzinya kae Yesu gblɔ na Paulo le ŋutega me?

12 Paulo ka ɖe edzi be yeate ŋu ayi edzi aɖe gbeƒã le Korinto, elabe Aƒetɔ Yesu ɖe eɖokui fiae le ŋutega me eye wògblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o, ke boŋ yi edzi nànɔ nya la gblɔm, eye ɖoɖoe megazi le nuwò o, elabena meli kpli wò, eye ame aɖeke matso ɖe ŋuwò awɔ nu vevi wò o; elabena ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo.” (Dɔw. 18:9, 10) Ŋutega sia de dzi ƒo na Paulo ŋutɔ! Aƒetɔ la ŋutɔ ka ɖe edzi na Paulo be ame aɖeke mawɔ nu vevii o eye be ame geɖewo le dua me, siwo si dzi nyui le. Aleke ŋutega sia na Paulo wɔ nui? Biblia gblɔ be: ‘Enɔ afi ma ƒe ɖeka kple ɣleti ade nɔ Mawu ƒe nya la fiam wo.’—Dɔw. 18:11.

13. Nudzɔdzɔ kae anya va susu me na Paulo esi wònɔ ʋɔnudrɔ̃zikpuia gogom, gake nu kae na wòka ɖe edzi be nuwo mava yi na ye nenema o?

13 Esi Paulo nɔ Korinto abe ƒe ɖeka enea, egakpɔ kpeɖodzi bubu si fia be Aƒetɔ la anɔ kplii. “Yudatɔwo wɔ ɖeka tso ɖe Paulo ŋu, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.” Woyɔa teƒe sia be beʹma. (Dɔw. 18:12) Ame aɖewo gblɔ be wotsɔ kpe xɔasi ɣi kple blɔ wɔ teƒe si ʋɔnudrɔ̃zikpuia le wòkɔ dzi vie le Korinto ƒe asia ƒe domedome lɔƒo, eye nutata nyakpɔ geɖewo ɖo atsyɔ̃ nɛ keŋ. Teƒe si le ʋɔnudrɔ̃zikpuia ŋgɔ lolo ale gbegbe be ame gbogbo aɖewo ate ŋu aƒo ƒu ɖe afi ma. Tomenukulawo va de dzesii be afi si ʋɔnudrɔ̃zikpuia nɔ medidi tso ƒuƒoƒea gbɔ o, si fia be ete ɖe Yusto ƒe aƒea ŋu. Esi Paulo nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpuia gogomaa, anya ɖo ŋku Stefano si woƒu kpee, ame si ŋu wogblɔna le be enye Kristotɔ gbãtɔ si ku ɖe eƒe xɔse taa dzi. Paulo, si woyɔna ɣemaɣi be Saul, “da asi ɖe edzi be woawui.” (Dɔw. 8:1) Ðe nu ma tɔgbi adzɔ ɖe Paulo ŋutɔ hã dzia? Ao, elabe Aƒetɔ la ka ɖe edzi nɛ be: ‘Ame aɖeke mawɔ nu vevi wò o.’—Dɔw. 18:10.

Galio te fli ɖe nya si wotsɔ ɖe Paulo ŋu me, si na enutsolawo do dziku. Roma-srafowo le agbagba dzem be yeawolé ameha si me tɔwo do dziku nu.

“Ale wònya wo ɖa le ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.”—Dɔwɔwɔwo 18:16

14, 15. (a) Aleke Yudatɔwo tso Paulo nui, eye nu ka tae Galio te fli ɖe nutsotsoa me? (b) Nu kae dzɔ ɖe Sostene dzi, eye nu nyui kae anya do tso nudzɔdzɔ sia me?

14 Nu kae dzɔ esi Paulo va ɖo ʋɔnudrɔ̃zikpuia ŋgɔ? Ame si bɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpuia dzie nye Akayatɔwo ƒe nutogãdziɖula Galio, si nye Roma xexemenunyala Seneka nɔviŋutsu tsitsitɔ. Yudatɔawo tso Paulo nu be: “Ame sia le susu trɔm na amewo be woasubɔ Mawu le mɔ si tsi tre ɖe sea ŋu la nu.” (Dɔw. 18:13) Yudatɔwo ƒe nyaa fia be Paulo na amewo le dzi me trɔm le mɔ madzemadze nu. Gake Galio kpɔe be Paulo mewɔ “nu gbegblẽ” alo “nu vɔ̃ gã” aɖeke o. (Dɔw. 18:14) Galio medi be yeade nu Yudatɔwo ƒe nyahehe sia me o. Eya ta Paulo meke nu gɔ̃ hã hafi Galio te fli ɖe nya si wotsɔ ɖe Paulo ŋu me o! Nutsolaawo do dziku vevie! Woɖe woƒe dzikua ɖe Sostene ŋu. Eyae va xɔ ɖe Krispo, si nye ƒuƒoƒedzikpɔlaa teƒe. Wolé Sostene “eye woƒoe le ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.”—Dɔw. 18:17.

15 Nu ka tae Galio mexɔ na Sostene esime amehaawo nɔ eƒom o? Ðewohĩ Galio susui be Sostene ye anya xɔ ŋgɔ na amehaawo wotso ɖe Paulo ŋu, eya ta ele tohehe si wòdze na xɔm. Aleke kee wòɖale o, ewɔ abe nu nyui aɖe do tso nudzɔdzɔ sia me. Le agbalẽ gbãtɔ si Paulo va ŋlɔ na Korinto hamea ƒe aɖewo megbe mea, eyɔ Sostene aɖe ŋkɔ be enye nɔvi. (1 Kor. 1:1, 2) Ðe wòanye Sostene si woƒo le Korinto yea? Ne eyaea, ke esrɔ̃ nu vevi aɖe tso nudzɔdzɔ ma me si na wòva zu Kristotɔ.

16. Ŋusẽ kae nya si Aƒetɔa gblɔ be: “Yi edzi nànɔ nya la gblɔm, eye ɖoɖoe megazi le nuwò o, elabena meli kpli wò,” kpɔna ɖe ale si míewɔa subɔsubɔdɔa dzi?

16 Ðo ŋku edzi be esi Yudatɔwo gbe Paulo ƒe nyawo megbee Yesu ka ɖe edzi nɛ be: “Mègavɔ̃ o, ke boŋ yi edzi nànɔ nya la gblɔm, eye ɖoɖoe megazi le nuwò o, elabena meli kpli wò.” (Dɔw. 18:9, 10) Ele be míawo hã míaɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi, vevietɔ ne amewo gbe míaƒe nyaa. Ðo ŋku edzi hã be Yehowae nya nu si le amewo ƒe dzi me eye wòhea ame siwo si dzi nyui le vaa eɖokui gbɔ. (1 Sam. 16:7; Yoh. 6:44) Esia dea dzi ƒo na mí be míatsɔ dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. Ƒe sia ƒea, ame akpe alafa geɖe xɔa nyɔnyrɔ, si fia be le mama dedie nua, ame alafawoe xɔa nyɔnyrɔ gbe sia gbe. Yesu ka ɖe edzi na ame siwo katã wɔna ɖe se si wòde be ‘woawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo’ dzi be: “Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.”—Mat. 28:19, 20.

“Ne Yehowa Lɔ̃” (Dɔw. 18:18-22)

17, 18. Nu kawo ŋue Paulo anya nɔ ŋugble dem le esime wòɖo tɔdziʋu yina Efeso?

17 Mímenya ne ale si Galio te fli ɖe nya si Paulo nu tsolawo tsɔ ɖe eŋu mee na Kristo hame yeye si nɔ Korinto kpɔ ŋutifafa ɣeyiɣi aɖe ya o. Gake Paulo “ganɔ afi ma ŋkeke aɖewo” hafi dzo le nɔviawo gbɔ. Le ƒe 52 K.Ŋ. ƒe ada mea, eɖoe be yeaɖo tɔdziʋu tso Kenkrea melidzeƒe ayi Siria, si didi kilometa 11 tso Korinto ƒe ɣedzeƒe. Gake hafi Paulo nadzo le Kenkrea, ena “wokpa ɖa nɛ . . . , le adzɔgbe aɖe si wòɖe ta.”c (Dɔw. 18:18) Emegbe ekplɔ Akwila kple Priskila ɖe asi, eye wotso Aegea Ƒua yi Efeso le Asia Sue.

18 Esi Paulo ɖo tɔdziʋu tso Kenkrea, anɔ eme be enɔ nu siwo wòte ŋu wɔ le Korinto ŋu bum. Anya ɖo ŋku nu geɖe dzi siwo na eƒe dzi dze eme. Nu nyui geɖe do tso subɔsubɔdɔ si wòwɔ le afi ma ɣleti 18 me. Ekpe asi ɖe eŋu woɖo Kristo hame gbãtɔ ɖe Korinto, si kpena le Yusto ƒe me. Ame siwo va zu xɔsetɔwo dometɔ aɖewoe nye Yusto, Krispo kple eƒe aƒemetɔwo kple ame bubu geɖewo. Paulo lɔ̃ xɔsetɔ yeye mawo vevie, elabe eyae kpe ɖe wo ŋu wova zu Kristotɔwo. Aŋlɔ lɛta na wo emegbe eye wòagblɔ tso wo ŋu be wonye kafukafugbalẽ si woŋlɔ ɖe yeƒe dzi me. Míawo hã míelɔ̃ ame siwo ŋu míekpe ɖo wova nya nyateƒea vevie. Míaƒe dzi dzea eme ŋutɔ ne míekpɔ nɔvi siawo siwo le abe míaƒe “kafukafugbalẽwo” ene!—2 Kor. 3:1-3.

19, 20. Nu kae Paulo wɔ esi wòva ɖo Efeso, eye nu kawoe míesrɔ̃ tso egbɔ ne míeɖo taɖodzinu aɖewo na mía ɖokui le Yehowa subɔsubɔ me?

19 Esi Paulo ɖo Efesoa, eyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi enumake. “Ege ɖe ƒuƒoƒe la, eye wòdzro nu me kple Yudatɔwo.” (Dɔw. 18:19) Gake fifia ya, Paulo menɔ Efeso wòdidi o. Togbɔ be nɔviawo bia tso esi be wòanɔ yewo gbɔ vie hãa, “melɔ̃ o.” Esi wònɔ Efeso nɔviawo klãmaa, egblɔ na wo be: “Ne Yehowa lɔ̃ la, magatrɔ ava mia gbɔ.” (Dɔw. 18:20, 21) Paulo anya de dzesii be gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe gale Efeso yeawɔ. Apostoloa ɖoe be yeatrɔ ava wo gbɔ, gake etiae be yeagblẽ yeƒe ɖoɖowo ɖe Yehowa si me. Esia nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí. Ne míeɖo taɖodzinu nyui aɖe na mía ɖokui le Yehowa subɔsubɔ mea, ele be míawɔ mía tɔ sinua gbã. Gake ele be míawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ɣesiaɣi eye míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu.—Yak. 4:15.

20 Paulo gblẽ Akwila kple Priskila ɖe Efeso eye wòɖo tɔdziʋu yi Kaisarea. Edze ƒãa be ‘eyi’ va do gbe na hamea; ɖewohĩ Yerusalem hameae. (Dɔw. 18:22) Emegbe eyi wo de, le Antiokia si le Siria. Eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia wu enu nyuie. Aleke nuwo anɔ nɛ le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ mamlɛa me?

ADZƆGBE SI PAULO ÐE

Dɔwɔwɔwo 18:18 gblɔ be esi Paulo nɔ Kenkrea, “ena wokpa ɖa nɛ . . . le adzɔgbe aɖe si wòɖe ta.” Adzɔgbe kae wòɖe?

Zi geɖea, adzɔgbeɖeɖe fia ŋugbe si ame do be yeawɔ nane, yeana nane, alo yeadze dɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ gɔme na Mawu. Ame aɖewo susui be Paulo na wokpa ɖa nɛ ale be yeawɔ ɖe Naziritɔwo ƒe adzɔgbe aɖe si yeɖea dzi. Gake ele be míade dzesii be ne Naziritɔ aɖe wu subɔsubɔdɔ tɔxɛ aɖe si wòwɔ na Yehowa nua, ele be wòana woalũ ta nɛ “le takpegbadɔa nu.” Eya ta ne Naziritɔ ƒe adzɔgbee Paulo ɖea, ke Yerusalem koe wòle be wòana woalũ ta nɛ le, menye le Kenkrea o.—4 Mose 6:5, 18.

Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa megblɔ nya aɖeke tso ɣeyiɣi si me Paulo ɖe adzɔgbea ŋu o. Ðewohĩ eɖe adzɔgbe sia hafi va zu Kristotɔ. Eye nuŋlɔɖia megblɔe ne Paulo bia nu tɔxɛ aɖe koŋ hã Yehowa o. Agbalẽ aɖe gblɔ be Paulo anya na wokpa ɖa nɛ be yeatsɔ “ada akpe na Mawu ɖe ale si wòkpɔ ye ta yete ŋu wu yeƒe subɔsubɔdɔa nu le Korintoa ta.”

a Kpɔ aɖaka si nye “Korinto—Du Si Nɔ Ƒudome.”

b Kpɔ aɖaka si nye “Agbalẽ Dedziƒoname Siwo Gbɔgbɔ Ʋã Paulo Wòŋlɔ.”

c Kpɔ aɖaka si nye “Adzɔgbe Si Paulo Ðe.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe