Hadzidzi 117
Míana Yehowa Nafia Nu Mí
Tatatɔ
1. Miva srɔ̃ nu le Yehowa gbɔ kple dzidzɔ.
’Me si lɔ̃ neva xɔ agbetsi faa.
Nufiame nyuitɔ tso Yehowa gbɔ
Be wòanyi gbɔgbɔmedɔwuitɔwo.
2. Mele be míagblẽ míaƒe kpekpewo ɖi o.
’Fi mae Mawu fiaa nu dzɔdzɔe mí le.
Gbɔgbɔa fiaa mɔ mí, mía nɔviwo hã
Doa ŋusẽ mí míezɔa kekelia me.
3. Kafukafuhadzidzi dea dzi gbɔ na mí!
’Me si’o Ma’u fiaa nui ƒe nyawo dzea to.
Míaƒe kpekpeawo míayi ɣesiaɣi.
Mawu ƒe amewo dome míanɔ.
(Kpɔ Heb. 10:24, 25; Nyaɖ. 22:17 hã.)