Hadzidzi 10
“Nyee Nye Esi, Dɔm!”
1. Amewo do vlo Yehowa,
Woƒo ɖi eƒe ŋkɔ nyui la.
Wobe ŋutasẽla wònye.
Wobe ame vɔ̃ɖi wònye.
’Me kae aɖe gbeƒã na wo?
’Me kae akɔ Ma’u ƒe ŋkɔa ŋu?
“Nyee nye ’si, dɔm, Oo Yehowa!
Magblɔ wò kafukafunya.
(HAXE)
Bubu gã sia tɔgbi meli o.
Nyee nye ’si, dɔm, Yehowa!”
2. Amewo ɖua fewu bena
Yehowa gbɔa dzi ɖi akpa.
Womedze si Yehowa o,
Wosubɔna nu kpakpɛwo.
’Me kae axlɔ̃ nu amewo
Be Ma’u ƒe ŋkeke gã gogo?
“Nyee nye ’si, dɔm, Oo Yehowa!
Maɖe gbeƒã nuxlɔ̃amenya.
(HAXE)
Bubu gã sia tɔgbi meli o.
Nyee nye ’si, dɔm, Yehowa!”
3. Ame fafa’o le konyi fam
Nu vɔ̃ ƒe dzidziɖedzi ta.
Gbɔɖeme vavã dim wole,
Nyateƒemɔ la dim wole.
’Me kae afa akɔ na wo?
’Me kae ana woanya Mawu?
“Nyee nye ’si, dɔm, Oo Yehowa!
Mana woanya wò nyateƒea.
(HAXE)
Bubu gã sia tɔgbi meli o.
Nyee nye ’si, dɔm, Yehowa!”