Hadzidzi 19
Mawu Do Paradiso Ŋugbe
1. Paradiso Mawu do ŋugbe;
To Kristo ƒe dziɖuɖua dzi,
Aɖe nu vɔ̃, vodadawo ɖa,
Ku, aɖatsi kple fukpekpe.
(HAXE)
Anyigba zu paradiso!
Míekpɔ ’sia kple xɔseŋkuwo.
Míeka ɖe mɔkpɔkpɔ sia dzi.
Mawu awɔe to Kristo dzi.
2. Ma’u ɖo tame be Via ava fɔ
’Me kuku’o kpuie l’anyigba dzi.
Kristo Yesu ye do ŋugbe be:
“Ànɔ Paradiso me kplim.”
(HAXE)
Anyigba zu paradiso!
Míekpɔ ’sia kple xɔseŋkuwo.
Míeka ɖe mɔkpɔkpɔ sia dzi.
Mawu awɔe to Kristo dzi.
3. Mía ’Ƒetɔa do Par’diso ŋugbe.
’Yae ny’anyigba ƒe Fia si dze.
’Ya ta míada ’kpe na Yehowa,
Dzidzɔha míadzi akafui.
(HAXE)
Anyigba zu paradiso!
Míekpɔ ’sia kple xɔseŋkuwo.
Míeka ɖe mɔkpɔkpɔ sia dzi.
Mawu awɔe to Kristo dzi.
(Kpɔ Mat. 5:5; 6:10; Yoh. 5:28, 29 hã.)