Hadzidzi 34
Míanɔ Agbe Wòasɔ Kple Míaƒe Ŋkɔ La
Tatatɔ
1. Yehowa, ŋusẽkatãtɔ, mavɔtɔ,
Wò dzɔdzɔenyenye, lɔlɔ̃ de blibo.
Nyateƒe kple nunya katã tso gbɔwò.
Oo, Dziɖulagã nènye le dziƒo.
Míekpɔa dzidzɔ le wò subɔsubɔ me;
Míegblɔa Fiaɖuƒenya la kple dzidzɔ.
(HAXE)
Wò Ðasefowo míenye; yayra wònye!
Oo, míaƒe agbe nasɔ kple ŋkɔ la!
2. Míele dɔ la dzi le ɖekawɔwɔ me.
Lɔlɔ̃, ŋutifafa le mía dome.
Dzi dzɔa mí be míefiaa wò nyateƒe la,
’Ye míeɖea wò ŋutikɔkɔe fiana.
Bubu wònye na mí be míetsɔ wò ŋkɔ;
Fofo, míakafu wò atsyɔ̃ nyo la.
(HAXE)
Wò Ðasefowo míenye; yayra wònye!
Oo, míaƒe agbe nasɔ kple ŋkɔ la!
(Kpɔ 5 Mose 32:4; Ps. 43:3; Dan. 2:20, 21 hã.)