Hadzidzi 46
Yehowae Nye Míaƒe Fia!
1. Mitsɔ ŋ’tikɔkɔe na Yehowa
’Labe dziƒo ɖea ’ƒe dzɔdzɔenyenye fia.
Dzidzɔha viviwo míadzi na mía Mawu,
Akafu eƒe nukudɔwo.
(HAXE)
Dziƒo nekpɔ dzidzɔ, ’Nyigba netso’aseye,
’Labena Yehowa Ma’u zu Fia!
Dziƒo nekpɔ dzidzɔ, ’Nyigba netso’aseye,
’Labena Yehowa Ma’u zu Fia!
2. Ðe gbeƒã eƒe ŋutikɔkɔe.
Migblɔ eƒe xɔname fia gbe sia gbe.
Yehowa ye nye Fia; edze be míakafui.
Mina míadze klo ɖe eŋkume.
(HAXE)
Dziƒo nekpɔ dzidzɔ, ’Nyigba netso’aseye,
’Labena Yehowa Ma’u zu Fia!
Dziƒo nekpɔ dzidzɔ, ’Nyigba netso’aseye,
’Labena Yehowa Ma’u zu Fia!
3. Eɖo eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea.
Esi ami na Via, ɖoe fiazikpui dzi.
Ŋu nekpe xexe sia me mawuwo katã.
Yehowa koe dze be woakafu!
(HAXE)
Dziƒo nekpɔ dzidzɔ, ’Nyigba netso’aseye,
’Labena Yehowa Ma’u zu Fia!
Dziƒo nekpɔ dzidzɔ, ’Nyigba netso’aseye,
’Labena Yehowa Ma’u zu Fia!
(Kpɔ 1 Kron. 16:9; Ps. 68:20; 97:6, 7 hã.)