Hadzidzi 99
Mikafu Anyigba Ƒe Fia Yeye La
1. Kristo kple eƒe
amesiaminawo ƒe hame la
Le ameha gã ’ɖe nu ƒom ƒu
l’anyigba dzi fifia.
Be Ma’u ƒe lɔlɔ̃nu woawɔ
Le Fiaɖuƒe dziɖuɖua te.
Mɔkpɔkpɔ nyui sia nana míekpɔa
Dzidzɔ kple dzidzeme geɖe.
(HAXE)
Mikafu Yehowa
Kple Via Yesu Kristo
Si lɔ̃ faa va xe fe ɖe mía ta,
Be míakpɔ agbe l’anyigba sia dzi,
Asubɔ Mawu tegbee.
2. Míatso aseye akafu
míaƒe Fia si le dzi ɖum.
’Yae nye Ŋutifafafia si awɔ
Ma’u ƒe lɔlɔ̃nu;
Be wòana xɔxɔ mavɔ mí,
Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi wòaɖe ɖa,
Kukuawo akpɔ tsitretsitsi.
Dzidzɔ kae ’si le mía lalam!
(HAXE)
Mikafu Yehowa
Kple Via Yesu Kristo
Si lɔ̃ faa va xe fe ɖe mía ta,
Be míakpɔ agbe l’anyigba sia dzi,
Asubɔ Mawu tegbee.
(Kpɔ Ps. 2:6; 45:1; Yes. 9:6; Yoh. 6:40 hã.)