Hadzidzi 127
Xɔ Si Ŋu Woyɔ Wò Ŋkɔ Ðo
Tatatɔ
1. Yehowa bubu wònye na mí
Be míetu xɔ sia na wò ŋkɔ!
Míetsɔ dzidzɔ le etsɔm na wò
Bene wòado kɔkɔ wò ŋkɔ.
Nu sia nu si míatsɔ na wò la,
Gbɔwòe míexɔ wo katã tso.
Ŋutete kple nunɔamesiwo
Míetsɔ na wò tso dzi me faa.
(HAXE)
Míekɔ teƒe sia ŋu na wò,
Be woayɔ wò ŋkɔ ɖe ’ŋu.
Míele teƒe sia tsɔm na wò,
Xɔe ne wòanye tɔwò ɖaa.
2. Míade bubu ŋuwò, Yehowa,
Míakafu wò le afi sia.
Wò kafukafu ade dzi ɖaa
Le mawuvɔ̃lawo dome.
Míatsɔ beléle ana xɔ sia,
Si me míade ta agu le.
Xɔ sia nanye ɖaseɖiɖi na
Amewo tso Fiaɖuƒea ŋu.
(HAXE)
Míekɔ teƒe sia ŋu na wò,
Be woayɔ wò ŋkɔ ɖe ’ŋu.
Míele teƒe sia tsɔm na wò,
Xɔe ne wòanye tɔwò ɖaa.
(Kpɔ 1 Fia. 8:18, 27; 1 Kron. 29:11-14; Dɔw. 20:24 hã.)