Hadzidzi 113
Akpedada Ðe Mawu Ƒe Nya La Ta
Tatatɔ
1. Mía Fofo Yehowa míeda ’kpe na wò
Be nèna wò Nya Biblia va ka mía si.
Nètsɔ gbɔgbɔ ʋã ’mewo woŋlɔ wò susu’o ɖi.
Míesrɔ̃a wò lɔlɔ̃nu le Ŋɔŋlɔawo me.
2. Ŋɔŋlɔawo me nyawo dea dzi gbɔ na mí.
Eŋlɔlawo le abe míawo ke ’ne.
Woƒe xɔse si woɖe fia la doa ŋusẽ mí,
Nana ŋusẽ ɖoa mía ŋu le gbɔgbɔ me.
3. Ŋusẽ le wò Nyaa ŋu be wòafia mɔ mí.
Ete ŋu maa luʋɔ kple gbɔgbɔ me ke.
Edzroa míaƒe dziwo kple míaƒe didiwo me,
Eye wònaa nunya kple ɖɔɖɔɖo mí.
(Kpɔ Ps. 119:16, 162; 2 Tim. 3:16; Yak. 5:17; 2 Pet. 1:21 hã.)