Hadzidzi 131
Yehowa, Xɔnametɔ
1. Mía Fofo Yehowa, wòe nye Mawu gbagbe.
Wò dɔ klitsuwo yɔ ’nyigba kpl’atsiaƒu me.
Mawu’aɖeke mesɔ kpli wò o—ɖeke meli o.
Míaƒe futɔ’o atsrɔ̃.
(HAXE)
Yehowa naa xɔname sedziwɔla’o.
Eƒ’ame’o akpɔe be agakpe gã wònye.
Dzideƒo me míaɖe xɔse fia, akpɔ dzidzɔ,
Akafu Yehowa, Xɔnametɔ la ƒe ŋkɔ.
2. Togbɔ be tsiẽƒe ƒe kawo ƒo xlãm hã la,
Yehowa, do ŋusẽm; na dzi naɖo ƒonye.
Se nye kukuɖeɖe tso wò gbedoxɔ ƒe nɔƒe.
Oo nye Mawu, xɔ nam.
(HAXE)
Yehowa naa xɔname sedziwɔla’o.
Eƒ’ame’o akpɔe be agakpe gã wònye.
Dzideƒo me míaɖe xɔse fia, akpɔ dzidzɔ,
Akafu Yehowa, Xɔnametɔ la ƒe ŋkɔ.
3. Àɖe gbe tso dziƒo wò futɔwo avɔ̃,
Ke wò subɔlawo ya agli kple dzidzɔ.
Àɖe ɖokuiwò afia, ame’o katã akpɔe be
Wòe nye Xɔnametɔ.
(HAXE)
Yehowa naa xɔname sedziwɔla’o.
Eƒ’ame’o akpɔe be agakpe gã wònye.
Dzideƒo me míaɖe xɔse fia, akpɔ dzidzɔ,
Akafu Yehowa, Xɔnametɔ la ƒe ŋkɔ.
(Kpɔ Ps. 18:1, 2; 144:1, 2 hã.)