Hadzidzi 69
Na Manya Wò Mɔwo
Tatatɔ
1. Mawu, míezɔ ɖe wò ameyɔyɔ dzi
Va ƒo ƒu ɖe ŋkuwòme ɖekae.
Míeva gbɔwò be nàfia wò mɔwo mí.
Wò Nya nye kekeli fiaa mɔ mí.
(HAXE)
Oo Yehowa, na manya wò mɔwo.
Na mase wò sededewo gɔme.
Na mazɔ le wò nyateƒe la me.
Makpɔ dzidzɔ ɖe wò sea ŋu tegbee.
2. Yehowa Mawu, wò nunya goglo loo!
Wò afiatsotsowo le ’teƒe.
Wò nyawo magbe nukuwɔwɔ nam o.
Maɖo dzi ɖe wò Nya ŋu tegbee.
(HAXE)
Oo Yehowa, na manya wò mɔwo.
Na mase wò sededewo gɔme.
Na mazɔ le wò nyateƒe la me.
Makpɔ dzidzɔ ɖe wò sea ŋu tegbee.