AKPA 2
Ame Kae Nye Mawu Vavã La?
Mawu vavã ɖeka hɔ̃ koe li, eye eƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:19) Mawu nye gbɔgbɔ; míate ŋu akpɔe kple ŋku o. Elɔ̃ mí eye wòdi be míawo hã míalɔ̃ ye. Edi be míalɔ̃ ame bubuwo hã. (Mateo 22:35-40) Ame aɖeke mesɔ kplii o, eyae nye nuwo katã Wɔla.
Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu aɖe, si va zu amegbetɔ nɔ anyigba dzi eye woyɔe be Yesu Kristo. Yehowa wɔ mawudɔlawo hã.
Yehowae wɔ nu sia nu si le dziƒo . . . kple anyigba dzi. Nyaɖeɖefia 4:11
Yehowa Mawue wɔ ɣletiviwo, anyigba la kple nu sia nu si le edzi.—1 Mose 1:1.
Etsɔ anyi me amegbetɔ gbãtɔ, Adam.—1 Mose 2:7.