AKPA 8
Aleke Yesu Ƒe Ku Aɖe Vi Na Wòe?
Yesu ku ale be míanɔ agbe. Yohanes 3:16
Ŋkeke etɔ̃ le Yesu ƒe ku megbe la, nyɔnu aɖewo yi eƒe yɔdo to, eye wokpɔ be etsi ƒuƒlu. Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.
Emegbe Yesu ɖe eɖokui fia eƒe apostoloawo.
Nyateƒee, Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu aɖe si magate ŋu aku gbeɖegbeɖe o. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpɔe esime wònɔ dziƒo yim.
Mawu fɔ Yesu ɖe tsitre eye wòna wòzu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. Daniel 7:13, 14
Yesu tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ale be wòaxe fe ɖe ameƒomea ta. (Mateo 20:28) Mawu to tafe ma dzi wɔe be míate ŋu ava nɔ agbe tegbee.
Yehowa tia Yesu be wòanye Fia aɖu anyigba katã dzi. Woafɔ nuteƒewɔla 144,000 ɖe tsitre tso anyigba dzi be woaɖu fia le dziƒo akpe ɖe Yesu ŋu. Yesu kple ame 144,000 lae nye dziƒo dziɖuɖu dzɔdzɔe si wogayɔna be Mawu Fiaɖuƒe la.—Nyaɖeɖefia 14:1-3.
Mawu Fiaɖuƒea atrɔ anyigba wòazu paradiso. Aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, ahedada, kple dɔwuame nu ayi keŋkeŋ. Ame sia ame akpɔ dzidzɔ ale gbegbe.—Psalmo 145:16.