AKPA 10
Yayra Kawoe Mawu Ana Ame Siwo Ðoa Toe?
Woafɔ ame kuku akpa gãtɔ ɖe tsitre woanɔ agbe le anyigba dzi. Dɔwɔwɔwo 24:15
Bu yayra siwo gbegbe nàva kpɔ le etsɔme ne èɖo to Yehowa la ŋu kpɔ! Ànɔ lãmesẽ deblibo me; ame aɖeke magadze dɔ azɔ o. Ame vɔ̃ɖi aɖeke maganɔ anyi o, eye àte ŋu aka ɖe ame sia ame dzi.
Vevesese, konyifafa, kple aɖatsiwo nu ayi. Ame aɖeke magaku amegãɖeɖi alo nyagãɖeɖi o, eye ame aɖeke hã magaku azɔ o.
Ame siwo katã nàkpɔ le afi sia afi la anye xɔ̃wòwo kple ƒometɔwo. Agbenɔnɔ le Paradiso me avivi loo!
Màgavɔ̃ na naneke o. Ame sia ame akpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ.