Nusɔsrɔ̃ 6
Kpɔ wò asibidɛwo ɖa. Ʋuʋu wò afɔbidɛwo.
Ka asi wò towo ŋu. Ka asi wò ŋɔti hã ŋu.
Kpɔ wò afɔwo ɖa. Woawoe nana nèƒua du, nètia kpo, eye nèfena kpɔa dzidzɔ!
Kpɔ ahuhɔ̃e me ɖa. Nu kae nèkpɔ?
Nu siwo katã Yehowa wɔ la nya kpɔ ŋutɔ!
NUMEDZODZRO
Xlẽ mawunyakpukpui sia na viwòa:
Na viwòa nafia asi eƒe:
Asibidɛwo Afɔbidɛwo Ŋɔti
Towo Nu
Na wòatɔ asi nu siwo medze nyuie o hã dzi.
Agalã Dadi
Bia viwòa be:
Ame kae wɔ nye kpli wò?
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
[Nɔnɔmetata si le axa 16]