INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 5 axa 18-axa 19 mm. 6
  • Yesu Dzidzi—Afi Kae Eye Ɣekaɣie?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Dzidzi—Afi Kae Eye Ɣekaɣie?
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Dzidzi—Afikae eye Ɣekaɣie?
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Mawudɔlawo Ðe Gbeƒã Yesu Dzidzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Wodzi Yesu Ðe Lãkpɔ Me
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Yesu Kristo​—Aleke Wòle Be Míabui Egbea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 5 axa 18-axa 19 mm. 6
Maria bɔbɔ nɔ tedzi dzi eye Yosef kplɔ wo yina Betlehem

TA 5

Yesu Dzidzi—Afi Kae Eye Ɣekaɣie?

LUKA 2:1-20

  • WODZI YESU LE BETLEHEM

  • ALẼKPLƆLAWO VA KPƆ YESU ÐA

Roma Fiaɖuƒea ƒe fiagã Kaisaro Augusto de se be ame sia ame naŋlɔ ŋkɔ. Eya ta ele be Yosef kple Maria nayi Betlehem, si le Yerusalem ƒe anyiehe, afi si wodzi Yosef le.

Ame geɖe va ŋkɔ ŋlɔ ge le Betlehem. Lãkpo, si nye tedziwo kple lã bubuwo nɔƒe, koe Yosef kple Maria te ŋu kpɔ dze. Afi mae wodzi Yesu le. Maria xatsa avɔ ɖe eŋu eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me.

Anye Mawue na Kaisaro Augusto de se be amewo naŋlɔ ŋkɔ. Nu ka tae? Elabena esia na wote ŋu dzi Yesu le Betlehem, si nye tɔgbuia Fia David wo de. Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi xoxoxo be afi mae woadzi Dziɖula si ŋugbe wodo la le.—Mika 5:2.

Zã vevi kae nye esi! Kekeli aɖe klẽ ƒo xlã alẽkplɔlawo ƒe ha aɖe le gbedzi. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ye! Mawudɔla aɖe gblɔ na alẽkplɔlaawo be: “Migavɔ̃ o, elabena kpɔ ɖa, meva nya nyui si ahe dzidzɔ gã avɛ na amewo katã la gblɔ ge na mi. Elabena wodzi ɖela, si nye Kristo Aƒetɔ la, na mi egbea le David ƒe du la me. Eye esia anye dzesi na mi: Miakpɔ vidzĩ si ŋu woxatsa avɔ ɖo, eye wotsɔe mlɔ lãnuɖunu me.” Kasia, mawudɔla bubu geɖewo do eye wodzi ha be: “Ŋutikɔkɔe na Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa nanɔ anyi kple ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo le anyigba dzi.”—Luka 2:10-14.

Maria, Yosef, kple alẽkplɔlawo le Yesu vidzĩ si wotsɔ mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me kpɔm

Esi mawudɔlaawo dzo la, alẽkplɔlaawo gblɔ na wo nɔewo be: “Mina míayi Betlehem, ne míakpɔ nu si dzɔ, si Yehowa ɖe fia mí la ɖa.” (Luka 2:15) Woɖe abla yi eye wokpɔ Yesu le afi si tututu mawudɔlaa gblɔ be woakpɔe le. Esi alẽkplɔlaawo gblɔ nu si mawudɔlaa gblɔ na wo la, ewɔ moyaa na ame siwo katã see. Maria dzra nya siawo katã ɖo ɖe eƒe tame, eye wòbu wo ŋu le eƒe dzi me.

Egbea, ame geɖe xɔe se be wodzi Yesu le December 25 lia dzi. Gake December nyea tsidzaɣi kple vuvɔŋɔli le Betlehem nutoa me. Ɣeaɖewoɣi la, sno dzana gɔ̃ hã. Alẽkplɔlawo manɔ gbedzi kple woƒe alẽwo le zã me le ƒea ƒe ɣeyiɣi ma me o. Azɔ hã, Roma fiagã la mabia tso dukɔ si le didim be yeadze aglã ɖe eŋu xoxo la si be woazɔ mɔ ŋkeke geɖe aɖaŋlɔ ŋkɔ le vuvɔŋɔli ƒe ɣeyiɣi si me vuvɔa nu le sesẽm wu la o. Edze ƒãa be ɣeaɖeɣi le October mee wodzi Yesu.

  • Nu ka tae wòle be Yosef kple Maria nazɔ mɔ ayi Betlehem?

  • Nu wɔmoyaa kae dzɔ le zã si me wodzi Yesu?

  • Nu ka tae masɔ be woagblɔ be December 25 lia dzie wodzi Yesu o?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe