INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 9 axa 26-axa 27 mm. 1
  • Yesu Ƒe Agbenɔnɔ Le Nazaret

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Ƒe Agbenɔnɔ Le Nazaret
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu ƒe Ƒomegbenɔnɔ le Eƒe Ðevime
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Ekpɔ Eƒe Ƒomea Ta, Elé Be Na Wo, Edo Vevie Nu
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Ekpɔ Eƒe Ƒomea Ta, Elé Be Na Wo, Edo Vevie Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Exɔ Mawu ƒe Mɔfiafia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 9 axa 26-axa 27 mm. 1
Yosef le atikpakpadɔ fiam Yesu

TA 9

Yesu Ƒe Agbenɔnɔ Le Nazaret

MATEO 13:55, 56 MARKO 6:3

  • YOSEF KPLE MARIA ƑE ƑOMEA VA LOLO

  • YESU SRƆ̃ DƆ

Yesu le tsitsim le Nazaret, si nye du sue aɖe si mexɔ ŋkɔ o me. Du sia le dziehe le tonuto aɖe si woyɔna be Galilea la me, eye wòle ta gã aɖe si woyɔna be Galilea-ƒu la ƒe ɣetoɖoƒe.

Esi Yesu xɔ abe ƒe eve ene la, Yosef kple Maria kplɔe tso Egipte va afi sia. Edze abe eya koe nye vi si le wo si ɣemaɣi ene. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wodzi Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda, siwo nye dadaviawo. Yosef kple Maria dzi nyɔnuviwo hã siwo nye Yesu dadaviwo. Ɛ̃, ne mede ɖeke o la, wodzi ŋutsuvi kple nyɔnuvi ade ya teti ɖe Yesu yome.

Ƒometɔ bubuwo hã nɔ Yesu si. Míenya nu tso Elizabet kple via Yohanes ŋu xoxo. Wole Yudea, si didi tso wo gbɔ agbadroƒe geɖe. Salome le Galilea, si te ɖe wo ŋu, eye anye be Maria nɔvinyɔnue, si afia be enye Yesu nɔɖi alo nɔgã. Salome srɔ̃e nye Zebedeo. Ekema efia be wo viŋutsu eve siwo nye Yakobo kple Yohanes la kple Yesu wonye nɔgãnɔɖiviwo. Míenya ne esime Yesu nɔ tsitsim la, eya kple ŋutsuvi siawo dea ha kple wo nɔewo zi geɖe o, gake emegbe wova zu zɔhɛ kplikplikpliwo, eye wova nye Yesu ƒe apostolowo.

Ele be Yosef nawɔ dɔ sesĩe atsɔ akpɔ eƒe ƒome si le lolom la dzi. Atikpalae wònye. Yosef nyi Yesu abe eya ŋutɔ via ene, eya ta woyɔa Yesu be ‘atikpala ƒe vi.’ (Mateo 13:55) Yosef fia atikpakpadɔ Yesu, eye esrɔ̃e nyuie hã. Le nyateƒe me la, amewo va gblɔ tso Yesu ŋu emegbe be: “Atikpala lae nye esia.”—Marko 6:3.

Yosef kple Maria le nu fiam wo viwo tso Mawu ŋu

Nu si xɔ teƒe vevitɔ le Yosef kple eƒe ƒomea ƒe agbenɔnɔ mee nye tadedeagu na Yehowa. Le wɔwɔ ɖe Mawu ƒe Sea dzi me la, Yosef kple Maria naa gbɔgbɔmenufiame wo viwo ne ‘wobɔbɔ nɔ wo ƒe me, ne wole mɔ dzi, ne womlɔ anyi, alo ne wofɔ.’ (5 Mose 6:6-9) Ƒuƒoƒe aɖe le Nazaret. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yosef kplɔa eƒe ƒomea yia ƒuƒoƒea be woaɖade ta agu le afi ma. Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso Yesu ŋu emegbe be eyi ƒuƒoƒea “abe ale si wòlɔ̃a wɔwɔ le Sabat ŋkeke dzi ene.” (Luka 4:16) Azɔ hã, dzidzɔ gãe wònyena na ƒomea be woanɔ mɔ zɔm edziedzi ayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem.

  • Ne mede ɖeke o la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nenie nɔ Yesu si siwo wòtsi wu?

  • Dɔ kae Yesu srɔ̃, eye nu ka tae?

  • Nufiame vevi kae Yosef nana eƒe ƒomea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe