INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 50 axa 124-axa 125 mm. 5
  • Wosu Te Aɖe Gbeƒã Le Yometitiwo Gɔ̃ Hã Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wosu Te Aɖe Gbeƒã Le Yometitiwo Gɔ̃ Hã Me
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wo Dzadzra Ðo ɖe Yometiti Ŋu
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Apostoloawo Dzadzra Ðo ɖe Eƒe Dzodzo Ŋu
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Gbeƒãɖeɖe Le Galilea Kple Hehenana Apostoloawo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Ame Alafawo Kpɔe Do Ŋgɔ Na Pentekoste Ŋkekea
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 50 axa 124-axa 125 mm. 5
Alẽwo le amegãxiwo dome

TA 50

Wosu Te Aɖe Gbeƒã Le Yometitiwo Gɔ̃ Hã Me

MATEO 10:16–11:1 MARKO 6:12, 13 LUKA 9:6

  • YESU NA HEHE APOSTOLOAWO HEDƆ WO

Esime Yesu dɔ eƒe apostoloawo eveveve la, ena mɔfiame nyuiwo ku ɖe ale si woaɖe gbeƒãe ŋu. Gake mesee ɖe afi ma o. Exlɔ̃ nu wo le tsitretsiɖeŋulawo ŋu be: “Kpɔ ɖa! Mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; . . . Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋu, elabena woakplɔ mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo. Woakplɔ mi ayi nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume le tanye.”—Mateo 10:16-18.

Ɛ̃, Yesu yomedzelawo adze ŋgɔ yometiti sesẽwo, ke hã edo ŋugbe na wo kple kakaɖedzi be: “Ne wode mi asi la, migatsi dzimaɖi le ale si miaƒo nui alo nya si miagblɔ ŋuti o, elabena woatsɔ nya si miagblɔ la ana mi le gaƒoƒo ma me, elabena menye miawo ɖeɖee aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo ƒe gbɔgbɔ la aƒo nu to mia dzi.” Yesu yi edzi be: “Nɔvi ade nɔvi asi be woawu, eye fofo ade via asi, viwo atsi tsitre ɖe wo dzilawo ŋu ahana woawu wo. Eye amewo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta, ke ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.”—Mateo 10:19-22.

Esi gbeƒãɖeɖedɔa le vevie ta la, Yesu te gbe ɖe ale si wòhiã be eyomedzelawo nadze aɖaŋu ale be woate ŋu akpɔtɔ anɔ ablɔɖe me ayi dɔa dzi la dzi. Egblɔ be: “Ne woti mia yome le du aɖe me la, misi yi du bubu me; elabena vavã mele egblɔm na mi be: Miele Israel duawo katã kpe ge ɖo hafi Amegbetɔvi la nava ɖo o.”—Mateo 10:23.

Mɔfiame, nuxlɔ̃ame kple dzideƒonamenya nyui kawo gbegbee nye esi Yesu na eƒe apostolo 12-awo! Gake àkpɔe be nya siawo aɖe vi na ame siwo ava wɔ gbeƒãɖeɖedɔa le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la hã. Esia dze le ale si wògblɔ be “amewo katã alé fu” yeƒe nusrɔ̃lawo, ke menye ame siwo gbɔ yedɔ apostoloawo ɖo be woaɖe gbeƒã na la ɖeɖe ko o la me. Gakpe ɖe eŋu la, nuŋlɔɖi aɖeke meli be wokplɔ apostoloawo yi nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume le gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔ le Galilea hena ɣeyiɣi kpui aɖe la me loo alo be ƒometɔwo de wo asi be woawu o.

Edze ƒãa be esi Yesu nɔ nya siawo gblɔm na apostoloawo la, nu siwo ava dzɔ le etsɔme la hã nɔ susu me nɛ. De ŋugble le nya si wògblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo makpe duawo katã ɖo “hafi Amegbetɔvi la nava ɖo o” la ŋu kpɔ. Nya si gblɔm Yesu le ye nye be yeƒe nusrɔ̃lawo mawu gbeƒãɖeɖe tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la nu hafi Fia Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na la nava abe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃la ene o.

Ne apostoloawo le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm la, mele be wòawɔ nuku na wo be amewo atsi tsitre ɖe yewo ŋu o. Elabena Yesu gblɔ be: “Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o.” Yesu ƒe nyawo me kɔ. Amewo mewɔ nu ɖe eŋu nyuie o, eye woti eyome le esi wòɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ta, eye nenemae woati woawo hã yomee. Gake Yesu de dzi ƒo na wo be: “Migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã, gake womate ŋu awu luʋɔ o la o; ke boŋ mivɔ̃ ame si ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le Gehena.”—Mateo 10:24, 28.

Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi le nya sia me. Edo dzi va se ɖe ku me vɔvɔ̃manɔmee, eye mena ta le nuteƒewɔwɔ na Yehowa, ame si tɔ ŋusẽwo katã nye la me o. Mawu Ŋusẽkatãtɔ la koe ate ŋu atsrɔ̃ ame ƒe “luʋɔ” (si fia mɔkpɔkpɔ si le ame si be wòaganɔ agbe le etsɔme) alo afɔe ɖe tsitre be wòava nɔ agbe tegbee. Nya siawo ade dzi ƒo na apostoloawo loo!

Yesu wɔ ale si Mawu léa be na eyomedzelawo lɔlɔ̃tɔe ƒe kpɔɖeŋu ale: “Ðe womedzraa atsutsrɔe eve xɔa gaku ɖeka, si ƒe home le sue ŋutɔ oa? Gake wo dometɔ ɖeka pɛ hã mage adze anyigba le mia Fofo ƒe manyamanya me o. . . . Eya ta migavɔ̃ o; miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.”—Mateo 10:29, 31.

Gbaƒãɖeɖedɔ si nusrɔ̃lawo wɔ le ƒe alafa gbãtɔ me la de mama ƒometɔwo dome

Gbedeasi si Yesu ƒe nusrɔ̃lawo aɖe gbeƒãe la ama ƒomewo me, elabena ƒomea me tɔ aɖewo axɔ gbedeasia, ke bubuwo agbee. Yesu ɖe eme be: “Migabu xaa bena ɖe meva ŋutifafa na ge le anyigba dzi o.” Ɛ̃, ebia dzinɔameƒo hafi ƒomea me tɔ aɖe nate ŋu axɔ Biblia me nyateƒea. Yesu gblɔ be: “Ame si lɔ̃a fofoa alo dadaa wum la, eya medzem o; eye ame si lɔ̃a viaŋutsu alo vianyɔnu wum la, eya medzem o.”—Mateo 10:34, 37.

Gake ame aɖewo axɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nyuie. Egblɔ be: “Ame sia ame si ana tsi fafɛ kplu ɖeka pɛ ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka wòano le esi wònye nye nusrɔ̃la ta la, vavã mele egblɔm na mi be, eƒe fetu la matsi eŋu akpɔ o.”—Mateo 10:42.

Esi Yesu dzra eƒe apostoloawo ɖo nyuie kple mɔfiamewo, nuxlɔ̃amewo kple dzideƒonamenya siawo vɔ la, wodze mɔ “yi ɖatsa le nutoawo katã me tso kɔƒe me yi kɔƒe me, eye wole gbeƒã ɖem nya nyui la hele dɔlélewo dam le afi sia afi.”—Luka 9:6.

  • Nuxlɔ̃ame kawoe Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo?

  • Dzideƒonamenya kple akɔfanya kawoe wògblɔ na wo?

  • Aleke Yesu ƒe mɔfiameawo ka míawo hã egbeae?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe