INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ypq biabia 5 axa 15-17
  • Nu Kae Mawɔ Ne Nye Sukuhatiwo Ðia Nunye?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Mawɔ Ne Nye Sukuhatiwo Ðia Nunye?
  • Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu kae mawɔ ne wowɔa anyra le ŋunye?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Alesi Woawɔ Adzudzɔ Anyrawɔwɔ
    Nyɔ!—2003
  • Anyrawɔwɔ—Nusita Wowɔnɛ Kple Emetsonu Aɖewo
    Nyɔ!—2003
  • Anyrawɔwɔ—Xexeame Katã ƒe Kuxie
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo
ypq biabia 5 axa 15-17
Ŋutsuvi aɖe le ŋku klẽm de ŋutsuvi bubu le eƒe sukuhatiwo ŋkume

NYABIASE 5

Nu Kae Mawɔ Ne Nye Sukuhatiwo Ðia Nunye?

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ale si nàwɔ nu ate ŋu ana be nɔnɔmea naɖɔ ɖo alo nanyra ɖe edzi kura.

NU KAE NÀWƆ?

Kpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Thomas medi be yeayi suku egbea o. Medi be yeayii etsɔ hã o. Eye megadi be yeayii kura o. Nya la katã dze egɔme ɣleti etɔ̃ aɖewoe nye esia esime eƒe sukuhatiwo te eŋuti gbegblẽ. Eyome wotsɔ megbeŋkɔwo nɛ. Ɣeaɖewoɣi la, sukuvi aɖewo ƒoa eƒe sukugbalẽ le esi hewɔna abe ɖe womenya hafi wɔe o ene. Ɣeaɖewoɣi hã la, ame aɖewo tutunɛ le megbe, gake ne etrɔ kpɔ sukuviawo la, menyaa wo dometɔ si tutu ye o. Etsɔ si va yi la, amenuɖianuwo wɔwɔ ɖe Thomas ŋu va do gã ɖe edzi esi woƒe sukuvi aɖewo ŋlɔ nu le internet dzi tsɔ do vɔvɔ̃ nɛ be . . .

Ne wòe nye Thomas ɖe, nu kae nàwɔ?

TƆ NÀBU EŊU KPƆ!

Àte ŋu awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu! Le nyateƒe me la, àte ŋu anɔ te ɖe anyrawɔlaa nu kɔmadamadae. Aleke nàwɔ esiae?

  • LÉ ÐOKUIWÒ KPOO. Biblia gblɔ be: “Bometsila dudua eƒe seselelãme katã kɔna ɖi, ke nunyala léa enu tufafatɔe.” (Lododowo 29:11) Ne èlé ɖokuiwò kpoo, vevietɔ le gota gome la, ame siwo le nuwò ɖiam la ava dzudzɔ.

  • MÈGAWƆ WƆÐENUI O. Biblia gblɔ be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.” (Romatɔwo 12:17) Ðeko wɔɖenuiwɔwɔ ana nya la nanyra ɖe edzi.

  • MÈGADE ÐOKUIWÒ NYA ME O. Biblia gblɔ be: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Ne anya wɔ la, ƒo asa na ame siwo ate ŋu awɔ amenuɖianuwo ɖe ŋuwò kple nɔnɔme siwo me esia ate ŋu adzɔ le la keŋkeŋ.

  • ÐO NYA ŊU NƐ LE MƆ SI MAKPƆ MƆ NA O NU. Biblia gblɔ be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.” (Lododowo 15:1) Àte ŋu atsɔ amea ƒe nyaa awɔ nukonyae gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, ne woko wò be èlolo akpa la, àte ŋu akɔ abɔta dzi agblɔ be, “Mekpɔe be ele be maɖi ku vie!”

  • DZO LE AMEA GBƆ. Nora si xɔ ƒe 19 gblɔ be: “Ne èzi ɖoɖoe hedzo le amenuɖialaa gbɔ kpoo la, àɖee fia be yetsi le susu me eye yesesẽ wui. Àɖee fia be yeɖua ye ɖokui dzi; nɔnɔme sia mele amenuɖialaa si o.”—2 Timoteo 2:24.

  • KA ÐE ÐOKUIWO DZI. Zi geɖe la, ame siwo dia ge le ame ŋu kpɔa ame siwo meka ɖe wo ɖokuiwo dzi o eye womate ŋu aʋli wo ɖokuiwo ta o la dzea sii. Gake wo dometɔ geɖe adzudzɔ gedidi le ŋuwò ne wokpɔe be mèle mo nam yewo o.

  • GBLƆE NA AME AÐE. Ame aɖe si nye sukunufiala tsã gblɔ be: “Made dzi ƒo na ame sia ame si nu ɖiam wole la be wòakɔ nu le edzi. Esiae nye nu nyuitɔ, eye ate ŋu awɔe hã be amea magawɔ nu sia ɖe ame bubuwo hã ŋu o.”

Sɔhɛ aɖe nɔ te ɖe amenuɖiala aɖe nu kakaɖedzitɔe

Ne èka ɖe ɖokuiwò dzi la, ana ŋusẽ aɖe si mele amenuɖialaa si o la nasu asiwò

ÈNYAA?

Amenuɖiaɖia ate ŋu alɔ nu siwo gbɔna hã ɖe eme:

  • Nyawo le dodom le amenuɖiala aɖe nu abe dzo ene

    Amekoko. “Nyemaŋlɔ fewuɖuŋkɔ siwo woyɔ nam kple fewuɖunya siwo wogblɔ ɖe ŋunye la be gbeɖe o. Wona mese le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me o, womelɔ̃ nye nya o, eye be nyemele bo aɖeke nu o. Ne ɖe woƒo nye ŋku dzi wòdo ʋusrã la anyo nam wu.”—Celine, exɔ ƒe 20.

  • Sɔhɛ aɖe ɖeɖe nɔ anyi ɖe teƒe aɖe elabena etɔwo ɖee ɖe aga

    Ameɖeɖe ɖe aga. “Nye sukuhatiwo medina be mate ɖe yewo ŋu o. Wowɔna abe ɖe mɔ vɔ le míaƒe ŋdɔnuɖuxɔ me ene ale be nyemagava nɔ anyi ɖe wo gbɔ o. Ƒe ɖeka sɔŋ, mefaa avi eye nye ɖeka koe ɖua nu.”—Haley, exɔ ƒe 18.

  • Ðetugbui aɖe he ɖa le kɔmpiuta ŋu esi wodo vɔvɔ̃ nɛ le internet dzi

    Ameŋugbegblẽ le internet dzi. “Àte ŋu aŋlɔ nya ʋɛ aɖewo le kɔmpiuta dzi atsɔ agblẽ ame aɖe ƒe ŋkɔ alo eƒe agbe dome gɔ̃ hã to internet dzi. Adze amiɖeɖe ɖe nya ya, gake ate ŋu adzɔ!”—Daniel, exɔ ƒe 14.

AMENUÐIAÐIA ŊUTI DODOKPƆ

NYATEƑEE ALO AƲATSOE

ŊUÐOÐOAWO

1 Ŋutasẽnuwo wɔwɔ li tso keke blema ke.

1 Nyateƒee. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso Nefilimwo ŋu—ame siawo ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Ameƒuanyilawo.”—1 Mose 6:4.

2 Amekoko dzro koe amenu- ɖianuwo wɔwɔ ɖe ame ŋu nye. Menye nya gã aɖekee o.

2 Aʋatsoe. Le sɔhɛ siwo wua wo ɖokui dometɔ geɖe gome la, amenuɖianuwo alo ŋlɔmi wɔwɔ ɖe wo ŋu gbɔe wòtsona.

3 Mɔ nyuitɔ si dzi nàto ana amenuɖialaa nadzudzɔe nye be wò hã nàtsɔe akpee nɛ.

3 Aʋatsoe. Zi geɖe la, ŋusẽ nɔa amenuɖiala ŋu wu ame si nu ɖiam wòle, ale wɔ ne eke atse la, ɖeko wòagatu nu kplii.

4 Ne èkpɔ wole ŋuta sẽm le ame aɖe ŋu la, nyuitɔae nye be nàɖe kɔ ɖa le eŋu.

4 Aʋatsoe. Ame aɖeke mate ŋu akpɔ woanɔ ŋuta sẽm le ame ŋu wòagblɔ be meka ye o. Ne èkpɔ wole ŋuta sẽm le ame aɖe ŋu gake mègblɔ nya aɖeke o la, ekema ède nuwɔna sia dzi na amea le esi teƒe be nàwɔ tɔwò si nua be wòadzudzɔ.

5 Zi geɖe la, amenuɖialawo vɔ̃na togbɔ be wonɔa adegbe ƒom hã.

5 Nyateƒee. Togbɔ be dzi nɔa amenuɖiala aɖewo ƒo ŋutɔ hã la, wo dometɔ geɖe vɔ̃na eye wodina be yewoado vevesese na amewo ale be yewoƒe dzi nadze eme.

6 Amenuɖiala ate ŋu atrɔ.

6 Nyateƒee. Ne wokpe ɖe amenuɖialawo ŋu la, woate ŋu atrɔ woƒe tamebubu kple nɔnɔme siaa.

NU SIWO MAWƆ

  • Ne mekpɔe be ame aɖe di be yeawɔ ŋlɔmi le ŋunye la, nu kae mawɔ alo nya kae magblɔ?

KPƆ ESIA!

Nɔ Te Ðe Anyrawɔlawo Nu Kɔmadamadae

Kpɔ nutata ƒe video si nye Nɔ Te Ðe Anyrawɔlawo Nu Kɔmadamadae le www.jw.org/ee. (Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > SƆHƐWO)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe