INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 4 axa 16-axa 17 mm. 2
  • Edo Dziku Eye Wowu Nɔvia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Edo Dziku Eye Wowu Nɔvia
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dadavi Siwo Tu Nɔnɔme Vovovowo Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ŋutsuvi Nyui Kple Vɔ̃ɖitɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Vɔ Nyoameŋuwo Sasa Na Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 4 axa 16-axa 17 mm. 2
Kain do dziku esi Abel nɔ vɔ sam na Yehowa

NUSƆSRƆ̃ 4

Edo Dziku Eye Wòwu Nɔvia

Esi Adam kple Xawa dzo le Eden-bɔa me la, wova dzi vi geɖe. Woƒe vi gbãtɔ Kain zu agbledela eye woƒe vi evelia Abel zu lãnyila.

Gbe ɖeka Kain kple Abel sa vɔ na Yehowa. Ènya nu si vɔsa nyea? Enye nunana tɔxɛ aɖe. Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Abel ƒe vɔsaa ŋu ke mekpɔ dzidzɔ ɖe Kain ya tɔ ŋu o. Esia na Kain do dziku vevie. Yehowa gblɔ na Kain be eƒe dzikua ate ŋu ana wòawɔ nu gbegblẽ. Gake Kain meɖo to Mawu o.

Ke boŋ Kain gblɔ na Abel be: ‘Va míayi gbe me.’ Esi woawo ɖeɖe wonɔ gbea me la, Kain dze nɔvia dzi hewui. Nu kae Yehowa awɔ? Yehowa nya Kain yi didiƒe tso eƒe ƒomea gbɔ tsɔ he to nɛ. Mawu maɖe mɔ na Kain be wòagatrɔ agbɔ o.

Kain zɔ yina Abel gbɔ le gbe me

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu sia me? Míate ŋu ado dziku ne nuwo meyi abe ale si míedi ene o. Ne míekpɔ be míedo dziku, alo ne ame bubuwo gblɔ na mí be yewode dzesii be míedo dziku la, ele be míawɔ kaba adzudzɔ dzikudodo hafi wòava gblẽ nu le mía ŋu.

Esi Abel lɔ̃ Yehowa eye wòwɔ nu si nyo ta la, Yehowa aɖo ŋku edzi ɣesiaɣi. Ne Mawu wɔ anyigba wòzu paradiso la, agbɔ agbe Abel.

“Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.”—Mateo 5:24

Nyabiasewo: Ame kawoe nye Adam kple Xawa ƒe vi gbãtɔ eveawo? Nu ka tae Kain wu nɔvia Abel?

1 Mose 4:1-12; Hebritɔwo 11:4; 1 Yohanes 3:11, 12

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe