INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 9 axa 28-axa 29 mm. 1
  • Edzi Vi Azɔ!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Edzi Vi Azɔ!
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Yɔe Be “Fiavinyɔnu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Abraham Kple Sara Àte Ŋu Asrɔ̃ Woƒe Xɔse!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • “Nyɔnu Dzetugbee Nènye”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Ame Kae Nye Abraham?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 9 axa 28-axa 29 mm. 1
Sara le agbadɔ me le to ɖom esi mawudɔlawo nɔ nu ƒom kple Abraham

NUSƆSRƆ̃ 9

Edzi Vi Azɔ!

Abraham kple Sara ɖe srɔ̃ ƒe geɖe. Woʋu le aƒe nyui si me wonɔ le Ur la me va nɔ agbadɔ me. Gake Sara medo dziku o, elabena eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.

Sara di vevie be yeadzi vi eya ta egblɔ na Abraham be: ‘Ne nye dɔlanyɔnu Hagar dzi vi la, ke ɖevi la anye vinye.’ Emegbe Hagar dzi ŋutsuvi. Eye wona ŋkɔe be Ismael.

Sara fɔ fu

Le ƒe geɖe megbe, esi Abraham xɔ ƒe 99 eye Sara xɔ ƒe 89 la, amedzro etɔ̃ aɖewo va wo gbɔ. Abraham gblɔ na wo be woava ɖi ɖe eme le ati aɖe te eye wòna nuɖuɖu wo. Ènya ame si amedzroawo nyea? Mawudɔlawoe wonye! Wogblɔ na Abraham be: ‘Le ƒe si gbɔna ƒe ɣealewoɣi la, wò kple srɔ̃wò Sara miadzi ŋutsuvi.’ Sara nɔ agbadɔa me nɔ to ɖom. Eko nu eye wògblɔ na eɖokui be: ‘Nyateƒee wònye be madzi vi esi metsi alea?’

Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Sara dzi ŋutsuvi, abe ale si Yehowa ƒe dɔla la gblɔe ene. Abraham tsɔ ŋkɔ nɛ be Isak, si gɔmee nye “Nukokoe.”

Esi Isak xɔ abe ƒe atɔ̃ ene la, Sara kpɔe be Ismael nɔa fewu ɖum le eŋu. Edi be yeakpɔ ye via ta, eya ta eyi Abraham gbɔ eye wògblɔ nɛ be wòanya Hagar kple Ismael. Gbã la, Abraham medi be yeanya wo o. Gake Yehowa hã di be yeakpɔ Isak ta, eya ta egblɔ na Abraham be: ‘Ðo to Sara. Malé be na Ismael. Gake ŋugbe si medo na wò la ava eme to Isak dzi.’

Sara tɔ ɖe Isak megbe eye wòda asi ɖe edzi esime Hagar kple Ismael zɔ dzo yina

“Le xɔse me wona ŋusẽ Sara hã wòfɔ fu dzi vi, . . . elabena ebu Ame si do ŋugbea la nuteƒewɔlae.”—Hebritɔwo 11:11

Nyabiasewo: Nya kae Sara se mawudɔlaa gblɔ na Abraham? Aleke Yehowa kpɔ Isak tae?

1 Mose 16:1-4, 15, 16; 17:25-27; 18:1-15; 21:1-14; Hebritɔwo 11:11

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe