INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 11 axa 32-axa 33 mm. 2
  • Xɔse Ƒe Dodokpɔ Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xɔse Ƒe Dodokpɔ Aɖe
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Do Abraham Ƒe Xɔse Kpɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Ƒe Kpeɖodzi Gãtɔ Kekeake
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yehowa Yɔ Abraham Be “Xɔ̃nye”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Ame Kae Nye Abraham?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 11 axa 32-axa 33 mm. 2
Abraham kple Isak yina Moriya

NUSƆSRƆ̃ 11

Xɔse Ƒe Dodokpɔ Aɖe

Abraham fia via Isak be wòalɔ̃ Yehowa ahaka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo katã dzi. Gake esi Isak xɔ abe ƒe 25 ene la, Yehowa bia tso Abraham si be wòawɔ nane si wɔwɔ manɔ bɔbɔe kura o. Nu kae?

Mawu gblɔ na Abraham be: ‘Meɖe kuku, kplɔ viwò ɖeka kolia la, eye nàtsɔe asa vɔ le to aɖe dzi le Moriya-nyigba dzi.’ Abraham mese susu si ta Yehowa bia tso esi be wòawɔ nu ma gɔme o. Gake eɖo to Yehowa.

Le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ŋdi kanya la, Abraham kplɔ Isak kple eƒe subɔvi eve eye woɖo ta Moriya. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, wonɔ toawo kpɔm ɖaa. Abraham gblɔ na eƒe subɔviawo be woalala ne ye kple Isak yewoayi aɖasa vɔ la. Abraham gblɔ na Isak be wòatsɔ nakea eye Abraham ŋutɔ tsɔ hɛ ɖe asi. Isak bia fofoa be: ‘Afi kae lã si míatsɔ asa vɔa le?’ Abraham ɖo eŋu be: ‘Vinye, Yehowa ŋutɔ ana lã si míatsɔ asa vɔe la mí.’

Esi wova ɖo toa dzi mlɔeba la, woɖi vɔsamlekpui. Emegbe Abraham bla Isak ƒe asiwo kple afɔwo eye wòtsɔe ɖo vɔsamlekpui la dzi.

Wobla Isak da ɖe vɔsamlekpuia dzi eye Abraham lé hɛ ɖe asi

Abraham tsɔ hɛ la. Le ɣeyiɣi ma tututu dzi la, Yehowa ƒe dɔla yɔe tso dziƒo be: ‘Abraham! Mègawɔ nu vevi aɖeke ɖevi la o! Azɔ menyae be èxɔ Mawu dzi se, elabena èlɔ̃ faa be yeatsɔ viwòa asa vɔe.’ Eye Abraham kpɔ agbo aɖe si ƒe dzowo ku avekawo. Enumake etu ka Isak eye wòtsɔ agboa boŋ sa vɔe.

Tso gbe ma gbe la, Yehowa yɔa Abraham be ye xɔlɔ̃. Ènya nu si taea? Abraham wɔ nu sia nu si Yehowa bia tso esi be wòawɔ, ne mese susu si tae Yehowa bia be wòawɔ nua gɔme o gɔ̃ hã.

Abraham le ka la tum na Isak

Yehowa gado ŋugbe na Abraham be: ‘Mayra wò, eye mana viwòwo alo wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ.’ Esia fia be Yehowa ato Abraham ƒe ƒomea dzi ayra ame nyuiwo katã.

“Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16

Nyabiasewo: Aleke Abraham ɖee fia be yeka ɖe Yehowa dzi? Ŋugbe kae Yehowa do na Abraham?

1 Mose 22:1-18; Hebritɔwo 11:17-19; Yakobo 2:21-23

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe