INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 14 axa 40-axa 41 mm. 1
  • Kluvi Aɖe Si Ðo To Mawu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kluvi Aɖe Si Ðo To Mawu
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Aleke Gɔ̃ Mawɔ Vɔ̃ Gã Sia?”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Yosef Nɔviŋutsuwo Lé Fui
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Yehowa Le Kpekpem Ðe Ŋuwò Be Nàkpɔ Dzidzedze
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Wode Yosef Gaxɔ Me
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 14 axa 40-axa 41 mm. 1
JYosef si le Potifar srɔ̃ nu

NUSƆSRƆ̃ 14

Kluvi Aɖe Si Ðo To Mawu

Yosef nye Yakob ƒe vi ɖevitɔwo dometɔ ɖeka. Foawo kpɔe be Yosef nye yewo fofo ƒe vi lɔlɔ̃a. Aleke nèsusu be woawɔ nui? Woʋã ŋu Yosef eye wolé fui. Esi Yosef ku drɔ̃e tɔxɛ aɖewo la egblɔ wo na foawo. Wosusu be drɔ̃eawo fia be gbe ɖeka la, yewoava bɔbɔ na Yosef. Esia na wogalé fui ɖe edzi!

Yosef nɔviwo tsɔe yina do me de ge

Gbe ɖeka Yosef nɔviwo nɔ woƒe alẽwo kplɔm le teƒe si te ɖe Sekem du la ŋu. Yakob dɔ Yosef ɖe wo gbɔ be wòava kpɔ wo ɖa. Esi wokpɔe le adzɔge ʋĩi wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be: “Drɔ̃ekulae nye ema gbɔna. Mina míawui!” Eya ta wolée hetsɔe ƒu gbe ɖe do globo aɖe me. Gake nɔviawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Yuda gblɔ be: ‘Mígawui o, mídzrae wòazu kluvi boŋ.’ Eya ta wodzra Yosef klosalo 20 na Midiantɔ asitsala siwo yina Egipte.

Emegbe Yosef nɔviwo tsɔ eƒe awu ʋlaya nyrɔ ɖe gbɔ̃vi ƒe ʋu me eye wotsɔe ɖo ɖe wo fofo hegblɔ be: ‘Menye viwòa ƒe awue nye esia oa’? Eya ta Yakob susu be lã wɔadã aɖe wu Yosef. Esia na eƒe dzi gbã. Ame aɖeke mete ŋu fa akɔ nɛ o.

Yosef le gaxɔ me

Le Egipte la, dziɖuɖumegã vevi aɖe si ŋkɔe nye Potifar ƒle Yosef abe kluvi ene. Gake Yehowa nɔ kple Yosef. Potifar kpɔe be Yosef doa vevi dɔ eye woate ŋu aka ɖe edzi. Eya ta eteƒe medidi hafi Potifar tsɔ Yosef ɖo eƒe nuwo katã nu o.

Potifar srɔ̃ kpɔe be Yosef dze ɖeka eye ŋusẽ le eŋu. Enɔ gbɔgblɔm nɛ tso ŋkeke yi ŋkeke be wòadɔ kpli ye. Nu kae Yosef awɔ? Egbe, eye wògblɔ be: ‘Esia mesɔ o, nye aƒetɔ ka ɖe dzinye eye srɔ̃ae nènye. Ne medɔ kpli wò la, mawɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu!’

Gbe ɖeka Potifar srɔ̃ dze agbagba be yeazi Yosef dzi wòadɔ kpli ye. Nyɔnua lé eƒe awu, gake Yosef si le egbɔ. Esi Potifar gbɔ va aƒe me la, srɔ̃a gblɔ nɛ be Yosef va dze ye dzi. Nyɔnua meto nyateƒe na srɔ̃a o. Potifar do dziku vevie, eye wòlé Yosef de gaxɔ me. Gake Yehowa meŋlɔ Yosef be o.

“Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, ne wòado mi ɖe dzi le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.”—1 Petro 5:6

Nyabiasewo: Aleke Yosef nɔviwo wɔ nu ɖe eŋui? Nu ka tae Yosef va le gaxɔ me?

1 Mose 37:1-36; 39:1-23; Dɔwɔwɔwo 7:9

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe