INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 22 axa 56-axa 57 mm. 3
  • Nukunu Si Dzɔ Le Ƒudzĩa To

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukunu Si Dzɔ Le Ƒudzĩa To
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒudzĩ La Tsotso
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • ‘Yehowa Gbɔ Ðeɖe Tso Va Nam’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • ‘Minɔ Tsitre Sesĩe Eye Miakpɔ Ale Si Yehowa Le Mia Ðe Gee’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Èle “Ame Si Womekpɔna O” La Kpɔma?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 22 axa 56-axa 57 mm. 3
Farao kple eƒe aʋakɔa

NUSƆSRƆ̃ 22

Nukunu Si Dzɔ Le Ƒudzĩa To

Esi Farao nya se be Israel-viwo ʋu dzo le Egipte ko la, evee be yeɖe asi le wo ŋu wodzo. Eɖe gbe na eƒe aʋawɔlawo be: ‘Midzra nye aʋawɔtasiaɖamwo ɖo ne míati wo yome! Mele be míaɖe asi le wo ŋu woadzo hafi o.’ Farao kple eƒe amewo ti Israel-viawo yome.

Yehowa zã alilikpo tsɔ kplɔ eƒe amewo le ŋkeke me eye wòzã dzobibi tsɔ kplɔ wo le zã me. Ekplɔ wo ɖo ta Ƒudzĩa gbɔ, eye wògblɔ na wo be woaƒu asaɖa anyi ɖe afi ma.

Emegbe Israel-viwo kpɔe be Farao kple eƒe aʋakɔwo kplɔ yewo ɖo gbɔna. Israel-viwo va xaxa ɖe ƒua kple Egipte-ʋakɔa dome. Wodo ɣli na Mose be: ‘Wole míawu ge! Ðe wòle be nàɖe asi le mía ŋu míanɔ Egipte hafi.’ Gake Mose gblɔ na wo be: ‘Migavɔ̃ o. Milala ne miakpɔ ale si Yehowa le xɔxɔ ge na míi ɖa.’ Mèkpɔe be Mose ka ɖe Yehowa dzi ŋutɔŋutɔ oa?

Yehowa gblɔ na Israel-viwo be woaho. Le zã ma me la, Yehowa na alilikpo va xe Egiptetɔwo kple Israel-viwo dome. Viviti do ɖe afi si Egiptetɔwo nɔ. Gake kekeli nɔ afi si Israel-viwo ya nɔ.

Yehowa gblɔ na Mose be wòado eƒe asi ɖe ƒua dzi. Eye Yehowa na ya sesẽ aɖe ƒo zã bliboa katã. Atsiaƒu la ma ɖe eve ale be mɔ va nɔ domedome. Israel-vi gbogboawo zɔ ƒuƒuiƒe yi ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi.

Israel-viwo le zɔzɔm le ƒuƒuiƒe le atsiaƒua me

Farao ƒe aʋakɔa dze Israel-viawo yome to ƒuƒuiƒea le atsiaƒua me. Eye Yehowa na aʋawɔlawo tɔtɔ. Woƒe tasiaɖamfɔtiawo nɔ ɖeɖem. Aʋawɔlaawo do ɣli be: ‘Mina míatrɔ adzo! Yehowa le aʋa wɔm na wo.’

Yehowa gblɔ na Mose be: ‘Do wò asi ɖe ƒua dzi.’ Enumake, tsia va tsyɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔa dzi. Farao kple eƒe ameawo katã ku. Wo dometɔ aɖeke metsi agbe o.

Israel-vi siwo tso ƒua yi go kemɛ dzi la dzi ha tsɔ kafu Mawu be: “Madzi ha na Yehowa, elabena eƒe ŋutikɔkɔe de dzi bobobo. Etsɔ sɔ kple edola ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me.” Esi Israel-viwo nɔ haa dzim la, nyɔnuawo nɔ axatsɛ ƒom henɔ ɣe ɖum. Ame sia ame kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be fifia ablɔɖe su yewo si.

“Ale be dzi naɖo mía ƒo bliboe míagblɔ be: ‘Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o. Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?’”—Hebritɔwo 13:6

Nyabiasewo: Nu kae dzɔ le Ƒudzĩa to? Aleke Yehowa ɖe Israel-viwoe?

2 Mose 13:21–15:21; Nehemiya 9:9-11; Psalmo 106:9-12; 136:11-15; Hebritɔwo 11:29

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe