INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 23 axa 60-axa 61 mm. 4
  • Wodo Ŋugbe Na Yehowa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wodo Ŋugbe Na Yehowa
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Na Eƒe Sewo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Na Yehowa Nafia Eƒe Mɔwo Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Womewɔ Ðe Ŋugbe Si Wodo La Dzi O
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Ave Si Le Bibim
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 23 axa 60-axa 61 mm. 4
Israel-viwo tɔ ɖe Sinai Toa gbɔ

NUSƆSRƆ̃ 23

Wodo Ŋugbe Na Yehowa

Esi Israel-viwo dzo le Egipte ɣleti eve megbe la, wova ɖo Sinai Toa gbɔ eye wonɔ afi ma sẽ. Yehowa yɔ Mose wòyi to la dzi eye wògblɔ nɛ be: ‘Nyee xɔ na Israel-viwo. Ne woɖo tom eye wowɔ nye sewo dzi la, ekema woazu ame tɔxɛwo nam.’ Mose ɖi tso toa dzi va gblɔ nya si Yehowa gblɔ la na Israel-viwo. Aleke Israel-viwo ɖo nyaa ŋui? Wogblɔ be: ‘Míawɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ na mí la dzi.’

Mose gayi toa dzi ake. Eye Yehowa gblɔ nɛ le afi ma be: ‘Mele nu ƒo ge kpli wò le ŋkeke etɔ̃a gbe. Eya ta xlɔ̃ nu dukɔ la be woagava Sinai To la dzi o.’ Mose ɖi va gblɔ na Israel-viwo be woadzra ɖo ava se nya si Yehowa agblɔ na wo.

Israel-viwo kpɔ dzikedzo kple alilikpo si do yibɔɔ la le Sinai Toa tame

Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Israel-viwo kpɔ be dzi nɔ dzo kem le toa dzi eye alilikpo do yibɔɔ ɖe toa tame. Wose dziɖegbe sesẽ aɖe kple kpẽ ƒe ɖiɖi hã. Eye Yehowa ɖi va to la dzi le dzobibi me. Vɔvɔ̃ ɖo Israel-viwo ale gbegbe be wodzo nyanyanya. Toa ʋuʋu kpekpekpe eye dzudzɔ xɔ to blibo la katã dzi. Kpẽa ƒe ɖiɖi nu nɔ sesẽm ɖe edzi. Eye Mawu gblɔ be: ‘Nyee nye Yehowa. Migasubɔ mawu bubu aɖeke o.’

Emegbe Mose trɔ yi toa dzi, eye Yehowa tsɔ se siwo dzi dukɔa awɔ ɖo la nɛ. Se siawo ku ɖe ale si wòle be woasubɔe kple ale si woanɔ agbee ŋu. Mose ŋlɔ seawo ɖi eye wòva xlẽ wo na Israel-viwo. Wodo ŋugbe be: ‘Míawɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ na mí la dzi.’ Ɛ̃, ŋugbee nye ema wodo na Mawu. Gake ɖe woawɔ ɖe edzia?

“Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.”—Mateo 22:37

Nyabiasewo: Nu kae dzɔ le Sinai Toa gbɔ? Nu kae Israel-viwo do ŋugbe be yewoawɔ?

2 Mose 19:1–20:21; 24:1-8; 5 Mose 7:6-9; Nehemiya 9:13, 14

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe